Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hiãkame Nusi Aɖee Ða Keŋkeŋ Didi

Hiãkame Nusi Aɖee Ða Keŋkeŋ Didi

Hiãkame Nusi Aɖee Ða Keŋkeŋ Didi

TOGBƆ be xexeame godoo ƒe hiakame ŋu nyatakakawo ɖea dzi le ame ƒo hã la, mɔkpɔkpɔ le ame aɖewo si be woate ŋu awɔ nane atso eŋu kokoko. Le kpɔɖeŋu me, Manila Bulletin ƒe tanya gblɔ be Asia ƒe Gadzraɖoƒe na Ŋgɔyiyidɔwo ka nya ta be “Asia ate ŋu aɖe hiãkame ɖa le ƒe 25 me.” Gadzraɖoƒea kafui be ga ŋuti ɖoɖo ƒe dzidziɖedzie nye mɔ si dzi woato aɖe amewo tso ahedada kolikoli me.

Habɔbɔ bubu aɖewo kple dziɖuɖu aɖewo do susu kple ɖoɖo gbogbo aɖewo ɖa be yewoato wo dzi adze agbagba akpɔ kuxia gbɔ. Wo dometɔ aɖewoe nye: hadome nugblẽfexexe ɖoɖowo, hehe siwo de ŋgɔ wu nana, flitete ɖe fe si dukɔ madeŋgɔwo nyi le dukɔ deŋgɔwo ŋu me, adzɔnuwo tsɔtsɔ tso duta ƒe mɔxenuwo ɖeɖe ɖa ale be dukɔ siwo me ame dahewo sɔ gbɔ ɖo nate ŋu adzra woƒe adzɔnuwo bɔbɔe wu, kple aƒe siwo mexɔ asi fũ o tsotso na ame dahewo.

Le ƒe 2000 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Sewɔtakpekpe ɖo taɖodzinu aɖewo siwo gbɔ woaɖo le ƒe 2015 me. Esiawo dometɔ aɖewoe nye ahedada kolikoli kple dɔwuame kpakple vovototo gã si le dukɔwo dome gakpɔmɔnuwo me la ɖeɖe ɖa. Aleke kee taɖodzinu mawo ɖanyoe o, ame geɖewo meka ɖe edzi be woate ŋu aɖo wo gbɔ le xexe mawɔɖeka sia me o.

Mɔ Nyui Siwo Nu Woakpɔ Ahedada Gbɔ Le

Esi mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli be nuwo ava ka ɖe eme le xexeame godoo o ɖe, afikae ame ate ŋu atrɔ ɖo hena kpekpeɖeŋu? Abe alesi míegblɔe va yi ene la, mɔ nyuitɔ tsoƒe aɖe li si ate ŋu akpe ɖe amewo ŋu fifi laa. Eyae nye ka? Eyae nye Mawu ƒe Nya Biblia.

Nukae na Biblia to vovo tso nyatakakatsoƒe bubuwo katã gbɔ? Etso ŋusẽtɔ gãtɔ kekeake, mía Wɔla la gbɔ. Etsɔ nunya xɔasiwo—gɔmeɖose siwo sɔ siwo amesiame ate ŋu azã le afisiafi ɣesiaɣi la—de eme na mí. Ne wowɔ gɔmeɖose siawo ŋudɔ la, ate ŋu ana hiãtɔwo nanɔ agbe si me dzidzeme le wu gɔ̃ hã fifia. Mina míalé ŋku ɖe wo dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.

Ga ŋuti nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò. Biblia gblɔ be: “Nunya doa vɔvɔli, eye ga hã doa vɔvɔli; eye sidzedze ƒe viɖe enye: Nunya léa amesi si wòle la ƒe agbe ɖe te.” (Nyagblɔla 7:12) Nuka fiam wòle? Ga mekpɔa nusianu gbɔ o. Ele eme baa be ekpɔa ame ta va ɖo afi aɖe ya. Ekpena ɖe mía ŋu be míaƒle nusiwo hiã mí ƒe ɖewo, gake seɖoƒe li nɛ. Nuwo li siwo xɔ asi ale gbegbe be ga mate ŋu aƒle wo o. Nyateƒe sia nyanya akpe ɖe mía ŋu be míada ŋutilãmenuwo ɖe afisi sɔ, si awɔe be míaƒo asa na dziɖeleameƒo siwo vaa amesiwo tu woƒe agbenɔnɔ ɖe ga nuƒoƒoƒu dzi la dzi. Ga mate ŋu aƒle agbe o, gake nuwɔwɔ le nunya me ate ŋu akpɔ ame ta fifia eye wòate ŋu aʋu agbe mavɔ gɔ̃ hã ƒe mɔnukpɔkpɔ na ame.

Nɔ agbe ɖe nusi le asiwò nu. Nusiwo dzroa mí la mele vevie abe nusiwo hiã mí ene o. Ele be míatsɔ míaƒe nuhiãhiãwo gbɔ kpɔkpɔ aɖo nɔƒe gbãtɔe. Míate ŋu aka ɖe edzi na mía ɖokui bɔbɔe be nane hiã mí, gake le nyateƒe me la, nudzroamee wònye ke menye nuhiahiãe o. Amesi ɖɔa ŋu ɖo azã ga si wòkpɔ la ɖe nusiwo hiãnɛ vevie—nuɖuɖu, nudodowo, teƒe si wòanɔ, kple bubuawo—ŋu gbã. Emegbe, hafi wòazã gaa ɖe nu bubu aɖe ŋu la, abu eŋu kpɔ ne eƒe ga si susɔ ate ŋu ade nu bubuwo nu. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋuawo dometɔ aɖe me la, eɖo aɖaŋu be amea ‘nabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta, ne nu sɔ gbɔ le esi.’—Luka 14:28.

Le Philippines la, Eufrosina, si nye dzilaɖekɛ si si vi etɔ̃ le la, dagbana le ga si wòakpɔ atsɔ kpɔ aƒe dzi kple eŋuti ɖoɖo nyui wɔwɔ me elabena srɔ̃a dzo le egbɔ ƒe aɖewo va yi. Le esia wɔwɔ me la, efia viawo be woanya nu vevi siwo gbɔ wole be woatsɔ gaa akpɔe gbã. Le kpɔɖeŋu me, ɖeviawo akpɔ nane si nyo wo ŋu. Le esi teƒe be wòagblɔ be ao ko la, ebua nyaa ŋu kpli wo be: “Àte ŋu atia ema ne èlɔ̃, gake wo ŋutɔ wɔ nyametsotsoa. Nu ɖeka koe ga si le mía si la ate ŋu aƒle. Míate ŋu aƒle nusia si dim nèle la, alo míate ŋu aƒle ʋulɛ̃ alo detsiƒonu sue aɖe atsɔ aɖu mɔli le kwasiɖa la me. Fifia eka dim nèle? Wɔ nyametsotsoa.” Zi geɖe la, ɖeviawo sea egɔme enumake helɔ̃na ɖe edzi be yewoakpɔ nu aɖu tsɔ wu nu bubu aɖe.

Nusi le asiwò nasɔ gbɔ na wò. Biblia ƒe gɔmeɖose bubu gblɔ be: “Ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Timoteo I, 6:8) Ga ŋutɔ mehea dzidzɔkpɔkpɔ vanɛ o. Kesinɔtɔ geɖewo mekpɔa dzidzɔ o, gake ame dahe geɖewo ya kpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Amesiawo srɔ̃ alesi woana nu vevi siwo hiã le agbe me la naɖi ƒo na wo. Yesu ƒo nu tso ‘ŋku si dzi dza’ si nɔa nusiwo le vevie wu ŋu la ƒe amesinɔnɔ ŋu. (Mateo 6:22) Esia nana be nusi le ame si dzea ame ŋu. Ame dahe geɖewo kpɔe be yewoƒe dzi dze eme elabena yewotu ƒomedodo nyui ɖo kple Mawu eye ƒome kpɔdzidzɔ le wo si—nusiwo womate ŋu atsɔ ga aƒlee o.

Esiawo nye Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko si ate ŋu akpe ɖe amesiwo dahe ŋu be woakpɔ woƒe nɔnɔmea gbɔ. Bubu geɖewo gali. Le kpɔɖeŋu me, tsri nɔnɔme gbegblẽwo, abe atamanono kple tsatsadada ene, siwo gblẽa ga; de dzesi nusiwo le vevie wu le agbe me, vevietɔ gbɔgbɔmetaɖodzinuwo; afisiwo womekpɔa dɔ wɔna le o la, dze agbagba nawɔ dɔ siwo me ame bubuwo ahiã wo kpekpeɖeŋu le. (Lododowo 22:29; 23:21; Filipitɔwo 1:9-11) Biblia kafui be ‘woalé nya vavã kple tamebubu me ɖe asi’ elabena ‘woanye agbe na wò luʋɔ.’—Lododowo 3:21, 22.

Togbɔ be Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo ana gbɔɖeme nyui aɖewo amesiwo le kutri kum le ahedada me hã la, biabia siwo ku ɖe etsɔme ŋu gakpɔtɔ li. Ðe woƒo fi de ame dahewo be woada ahe tegbeea? Ðe woava kpɔ vovototo si le kesinɔtɔ gãtɔ kekeakewo kple hiãtɔ kolikoliawo dome gbɔa? Mina míadzro egbɔkpɔnu si ame geɖewo menya o la me.

Biblia Gblɔ Nusita Wòle Be Mɔkpɔkpɔ Nanɔ Ame Si

Ame geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be Biblia nye agbalẽ nyui aɖe. Gake zi geɖe la, womenya be eƒo nu tso nyati tɔxɛ aɖewo ŋu siwo fia be eteƒe madidi o tɔtrɔ gã aɖewo ava o.

Mawu ɖoe be yeawɔ nane atsɔ akpɔ ameƒomea ƒe kuxi siwo ŋu hiãkame hã kpe ɖo la gbɔ. Esi wònye be amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo mete ŋu kpɔ egbɔ o loo alo womedi be yewoakpɔ egbɔ o ta la, Mawu ɖoe be yeaɖe wo ɖa. Aleke woawɔ esiae? Biblia gblɔ gbeteteɖedzitɔe le Daniel 2:44 be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”

Ne Mawu ŋutɔ ƒe Dziɖula si wòtia la ɖe “fiaɖuƒe,” alo dziɖuɖu, siawo ɖa vɔ la, atso ɖe dɔ ŋu. Dziɖula ma menye amegbetɔ o ke boŋ enye dziƒo nuwɔwɔ sẽŋu aɖe si le abe Mawu ŋutɔ ene, si si ŋusẽ le wòatsɔ ahe tɔtrɔ gã siwo hiã be woatsɔ aɖe nɔnɔme masɔmasɔ siwo li egbe ɖa. Mawu tia eya ŋutɔ Via be wòawɔ esia. (Dɔwɔwɔwo 17:31) Psalmo 72:12-14 ɖɔ nusi Dziɖula sia awɔ la be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.” Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye esi! Ðeɖekpɔkpɔ ava mlɔeba! Mawu ƒe Dziɖula si wòtia axɔ na ame dahewo kple ame tsɛwo.

Woakpɔ kuxi geɖe siwo hiãkame hena vɛ la gbɔ ɣemaɣi. Psalmo 72 ƒe kpukpui 16 gblɔ be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” Dɔ magato ɖe kuɖiɖi, ga manɔanyi, alo dukplɔɖoɖo gbegblẽ ta o.

Woakpɔ kuxi bubuwo hã gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, egbea la aƒe mele anyigbadzinɔlawo ƒe akpa gãtɔ ŋutɔ si o. Gake Mawu do ŋugbe be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.” (Yesaya 65:21, 22) Aƒe anɔ amesiame ŋutɔ si eye wòase vivi le eƒe dɔwɔna me. Eyata Mawu do ŋugbe be yeakpɔ hiãkame ƒe kuxia gbɔ zi ɖeka tegbetegbe. Vovototo gã aɖeke maganɔ kesinɔtɔwo kple ame dahe dome o, ame aɖeke maganɔ anyi si anɔ kutri kum be yeatsi agbe o.

Zi gbãtɔ si ame aɖe ase Biblia me ŋugbedodo siawo la, awɔ nɛ be menye nu ŋutɔŋutɔe wònye o. Ke hã Biblia me dzodzro nyuie wu ɖee fia be Mawu ƒe ŋugbe siwo katã wòdo le blema va eme. (Yesaya 55:11) Eyata menye nenye be ava eme ko ƒe nyae wònye o. Ke boŋ biabia la ŋutɔe nye be, Nukae wòle be nàwɔ be wòaɖe vi na wò ne eva?

Ànɔ Afima?

Esi dziɖuɖua nye Mawu tɔ ta la, ele be míanye amesiwo ƒomevi Mawu axɔ abe dumeviwo ene ɖe eƒe dziɖuɖua te. Megbe alesi míawɔ adze la gbɔgblɔ na mí o. Egblɔ mɔfiameawo ɖe Biblia me na mí.

Mawu ƒe Vi, Dziɖula si wotia la, nye ame dzɔdzɔe. (Yesaya 11:3-5) Eyata wokpɔa mɔ be amesiwo woaxɔ be woanɔ agbe le dziɖuɖu sia te la nanye ame dzɔdzɔewo. Lododowo 2:21, 22 gblɔ be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”

Ðe mɔ aɖe li si dzi woato anya alesi woawɔ aɖo nudidi siawo gbɔea? Ẽ, mɔ aɖe li. To Biblia sɔsrɔ̃ kple mɔfiafia siwo wòna dzi wɔwɔ me la, àte ŋu ava kpɔ gome le etsɔme wɔnuku sia me. (Yohanes 17:3) Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò le nusia sɔsrɔ̃ me. Míele kpewòm be nàwɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ be woaxɔ wò ɖe amesiwo makpɔ hiãkame kple madzɔmadzɔnyenye teƒe akpɔ o la dome.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Eufrosina: “Ga ŋuti ɖoɖo si dzi míezɔ ɖo pɛpɛpɛ kpe ɖe nye ƒomea ŋu be míekpɔ nusi míehiã”

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu kpakple ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le menye nusi woate ŋu atsɔ ga aƒle o