Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔwɔ le Ŋuɖɔɖɔɖo me Sɔsrɔ̃

Nuwɔwɔ le Ŋuɖɔɖɔɖo me Sɔsrɔ̃

Nuwɔwɔ le Ŋuɖɔɖɔɖo me Sɔsrɔ̃

PEGGY kpɔ alesi viaŋutsu le gbe dam ɖe tsɛa gbɔe. Ebiae be: “Èsusu be emae nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto aƒo nu na nɔviwòa? Kpɔ alesi wòdo dzikui ɖa!” Nukatae dadaa gblɔ nenema ɖo? Ðe wònɔ didim be yeafia ye via alesi woaɖɔ ŋu ɖo le nuwɔwɔ ɖe ame ŋu me ahabu amewo ƒe seselelãme ŋu.

Apostolo Paulo de dzi ƒo na eƒe zɔhɛ Timoteo si wòtsi wu la be ‘woaɖɔ ŋu ɖo le nuwɔwɔ ɖe amesiame ŋu me.’ Ne Timoteo wɔ nu alea la, mawɔ nu wòave ame o. (Timoteo II, 2:24) Nukae nye ŋuɖɔɖɔɖo le nuwɔwɔ ɖe ame ŋu me? Aleke nàte ŋu awɔ ŋgɔyiyi le nusia mee? Eye aleke nàte ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋui be woawɔ ŋgɔyiyi le esɔsrɔ̃ me?

Nukae Nye Ŋuɖɔɖɔɖo?

Woɖe ŋuɖɔɖɔɖo le nuwɔwɔ ɖe ame ŋu gɔme be enye “alesi woate ŋu ade dzesi nusi ne womenya wɔwɔ o wòagblẽ nu le ame ŋu eye woagblɔ nya nyuitɔ alo awɔ nusi dze.” Amesi ɖɔa ŋu ɖo te ŋu dea dzesi amewo ƒe seselelãme eye wòte ŋu kpɔa alesi eƒe nya alo nuwɔna ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo dzii la dzea sii. Gake esia wɔwɔ menye aɖaŋudzedze dzro ko o; ebia didi anukwaretɔe be woaƒo asa na nusiwo ave ame bubuwo wɔwɔ.

Amesi meɖɔa ŋu ɖo o ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Biblia ƒe ŋutinya si ku ɖe Elisa ƒe subɔvi Gexazi ŋu me. Sunem-nyɔnu si viŋutsu ku ɖe eƒe asi me eteƒe medidi o la va Elisa gbɔ nɔ akɔfafa dim. Esi wobiae be amesiame dɔ hã la, eɖo eŋu be: “Wodɔ.” Gake esi wòɖo nyagblɔɖila la gbɔ la, “Gexazi va be yeafee ɖa.” Gake Elisa gblɔ be: “Ðe asi le eŋu elabena eƒe dzi le nu xam.”—Fiawo II, 4:17-20, 25-27.

Nukatae Gexazi wɔ nu dzimagbɔɖitɔe nenema kple le ŋumaɖɔmaɖɔɖo me? Enye nyateƒe be nyɔnua megblɔ eƒe seselelãme esi wobia gbee ya o. Gake ame akpa gãtɔ meɖea woƒe seselelãme gblɔna na amesiame si wokpɔ ko o. Ke hã ɖikeke mele eme o be eƒe seselelãme anɔ dzedzem le mɔ aɖe nu. Eme kɔ ƒã be Elisa kpɔe dze sii, gake Gexazi ya mekpɔe o alo eɖoe koŋ ŋe aɖaba ƒu edzi. Esia na míekpɔ nusiwo gbɔ nuwɔwɔ ŋumaɖɔmaɖɔɖotɔe aɖewo tsona zi geɖe la dometɔ ɖeka. Ne ame aɖe tsi dzi akpa ɖe eƒe dɔ ƒe vevienyenye ŋu la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be eƒe susu manɔ amesiwo wòle nu wɔm kpli ƒe nuhiahiãwo ŋu alo akpɔ egbɔ na wo o. Amesia ƒe nɔnɔme ɖi bɔskula aɖe si tsi dzi ɖe gamedzinɔnɔ ŋu ale gbegbe be metɔ tsɔ amewo le mɔ dzi o.

Be míaƒo asa na ŋumaɖɔmaɖɔɖo abe Gexazi ene la, ele be míadze agbagba be míafa tu na amewo, elabena míenya alesi tututu wole sesem le wo ɖokui me o. Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe dzesi siwo ɖea amewo ƒe seselelãme fiana ŋu ɣesiaɣi eye míagblɔ nya fadzinamewo alo awɔ nu ɖe wo ŋu tufafatɔe. Aleke nàwɔ adzi wò ŋutete ɖe edzi le go sia me?

Ame Bubu ƒe Seselelãme Gɔmesese

Yesu ɖe dzesi le dzesidede ame bubuwo ƒe seselelãme me eye wònya mɔ nyuitɔ si woawɔ nu ɖe wo ŋu tufafatɔe. Enɔ nu ɖum le Simon, Farisitɔ aɖe ƒe aƒeme ɣeaɖeɣi, eye ‘nyɔnu aɖe si wonya le dua me be enye nuvɔ̃wɔla’ la te ɖe eŋu. Le go sia hã me la, womeƒo nu o gake nyɔnua ƒe nuwɔna gblɔ nya geɖe le alesi wònɔ sesem le eɖokui me ŋu. “Etsɔ alabastrogoe, si me ami le la vɛ, eye wòtsi tre ɖe megbe le [Yesu ƒe] afɔ nu hele avi fam, eye wòde asi aɖatsifafa me ɖe eƒe afɔwo dzi, eye wòtutu wo kple taɖa, eye wòɖuɖɔ eƒe afɔwo ŋuti, eye wòtsɔ ami la hesi na wo.” Yesu se nusi nusiawo katã fia la gɔme. Eye togbɔ be Simon megblɔ nya aɖeke o hã la, Yesu te ŋu nya nusi gblɔm wònɔ le eɖokui me, si nye: “Ðe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.”—Luka 7:37-39.

Èkpɔ nusi wòagblẽ ɖa le susu me ne ɖe Yesu tutu nyɔnua ɖa, alo wògblɔ na Simon be: “Kpɔ ɖa, wò numanyamanyatɔ! Mèkpɔe be etrɔ dzime oa?” Ðe nya mawo gbɔgblɔ teƒe la, Yesu tsɔ aɖaŋudzedze wɔ kpɔɖeŋui na Simon le ŋutsu aɖe si tsɔ ame ɖeka ƒe fe gbogbo aɖe kee eye wòtsɔ ame bubu hã tɔ si le sue wu la kee ŋu. Yesu biae be, “Wo dometɔ kae alɔ̃e awu mahã?” Eyata le esi wòadze abe ɖe Yesu abu fɔ Simon teƒe la, ete ŋu kafu Simon ɖe eƒe nyaŋuɖoɖo nyui la ta boŋ. Emegbe etsɔ tufafa kpe ɖe Simon ŋu be wòakpɔ nyɔnua ƒe seselelãme ŋutɔŋutɔ ƒe dzesi geɖeawo kple eƒe nuwɔna siwo ɖe dzimetɔtrɔ fia la. Yesu trɔ ɖe nyɔnua ŋu tufafatɔe hena wònya be yese eƒe seselelãmewo gɔme. Egblɔ nɛ be wotsɔ eƒe nuvɔ̃wo kee eye emegbe wògblɔ nɛ bena: “Wò xɔse la ɖe wò; yi [le] ŋutifafa me.” Aleke gbegbe nya mawo ado ŋusẽ eƒe tame si wòɖo be yeawɔ nusi le dzɔdzɔe enye esi! (Luka 7:40-50) Yesu kpɔ dzidzedze le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu le ŋuɖɔɖɔɖo me la me elabena eléa ŋku ɖe alesi amewo sena le wo ɖokui me eye wòwɔa nu ɖe wo ŋu le nublanuikpɔkpɔ me.

Abe alesi Yesu kpe ɖe Simon ŋui ene la, míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nɔnɔme sia eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woase seselelãme si dzi womekɔ nu le o la gɔme. Subɔla bibiwo ate ŋu afia aɖaŋudzedze sia ame yeyewo ɣeaɖewoɣi le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Ne wotso le ame aɖe gbɔ le nyanyuia kaka me vɔ megbe la, woate ŋu adzro dzesi siwo ɖe amesiwo wodo goe ƒe seselelãme fia la me. Ðe ŋu kpenɛa, ɖikela yea, edo dzikua, alo ɖe wòxaxaa? Mɔ kae anye nyuitɔ kekeake si nu woakpe ɖe eŋu le le tufafa me? Hamemegãwo hã ate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo adze agɔ le ŋumaɖɔmaɖɔɖo le nuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu me la ŋu. Kpe ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu be wòase nɔvia ƒe seselelãme gɔme. Ðe wòwɔ nɛ be wodzu ye, wometsɔ ɖeke le eme na ye o, alo womese nya gɔme na ye oa? Aleke dɔmenyo ɖeɖe fia ana eƒe dzi nadze emee?

Anyo be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu be woasrɔ̃ nublanuikpɔkpɔ, elabena esiae aʋã wo be woawɔ nu le aɖaŋudzedze me. Peggy viŋutsu si ƒe nya míegblɔ va yi la de dzesi tsɛa ƒe moyɔyɔ, eƒe nu si wòyɔ, kple alesi avi le ŋku dzi nɛ, na wòkpɔ vevesese si me tom nɔvia nɔ. Abe alesi dada nɔ mɔ kpɔm ene la, ese veve ɖe enu eye wòɖoe be yemagawɔ nu nenema azɔ o. Peggy vi eveawo siaa zã aɖaŋu siawo siwo wosrɔ̃ le ɖevime la nyuie, eye le ƒe aɖewo megbe la, wova zu nusrɔ̃lawɔla kple alẽkplɔla tsekuwo le Kristo-hamea me.

Ðee Fia be Yese Egɔme

Nuwɔwɔ le ŋuɖɔɖɔɖo me hiãna vevietɔ ne nya aɖe le asiwò ɖe ame aɖe ŋu. Àte ŋu ana wòavee bɔbɔe be mèbua ye o. Esɔna ɣesiaɣi be nàkafu amea le nane siwo wòwɔ nyuie me. Le esi teƒe be nàbu fɔe la, na wò susu nanɔ kuxia ŋu boŋ. Gblɔ alesi eƒe nuwɔna ɖe fu na wòe kple nusi ŋu tututu nèdi be wòatrɔ asi le nɛ. Emegbe nànɔ klalo be yeaɖo toe. Ðewohĩ ɖe mèse eƒe nyawo gɔme o.

Adzɔ dzi na amewo zi geɖe be èse yewoƒe nukpɔsusu gɔme ne mèlɔ̃ ɖe woƒe susu dzi o gɔ̃ hã. Yesu dze aɖaŋu le nuƒoƒo me tsɔ fia be yese nane si ŋu Marta tsi dzi ɖo gɔme. Egblɔ be: “Marta, Marta, èle agbagba dzem, eye nèle fu ɖem na ɖokuiwò le nu geɖewo ŋuti.” (Luka 10:41) Nenema ke ne ame aɖe ɖe kuxi aɖe gblɔ la, le esi teƒe be nàgblɔ egbɔkpɔnu hafi wòaɖe nyaa me na wò la, mɔ aɖe si nu nàɖe aɖaŋudzedze afia le ye nye be nàgbugbɔ kuxia alo nyaa agblɔ le wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ me. Esia nye ameŋububumɔ aɖe si nu nàɖee afia le be yese egɔme.

Nya Nya Siwo Mele Be Nàgblɔ O

Esi Fianyɔnu Ester di be yeabia ye srɔ̃ ne wòatrɔ nugbe si Haman ɖo be woatsrɔ̃ Yudatɔwo la, ewɔ ɖoɖo aɖaŋutɔe ale be srɔ̃aŋutsua ƒe susu nadze akɔ anyi hafi. Ɣemaɣi ko hafi wòɖe nya vevi sia ɖe go. Gake míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu le nusi megblɔ o me. Eɖɔ ŋu ɖo be meƒo nu tso srɔ̃a ƒe gomekpɔkpɔ le nugbeɖoɖo vɔ̃ɖia me ŋu o.—Ester 5:1-8; 7:1, 2; 8:5.

Nenema ke ne èle nɔvinyɔnu Kristotɔ srɔ̃ dzimaxɔsetɔ srãm kpɔ la, le esi teƒe be nàxlẽ Biblia nɛ enumake la, manyo wu be nàdze egɔme atsɔ ŋuɖɔɖɔɖo abia nusiwo dzɔa dzi nɛ oa? Ne amedzro aɖe si va Fiaɖuƒe Akpataa me medzra ɖo nyuie o alo amesi megava kpɔ o la gava la, le esi teƒe be nàƒo nu le amea ƒe awudodo ŋu alo eƒe mavamavaa ŋu la, do dzaa nɛ vividoɖeameŋutɔe boŋ. Eye ne èkpɔ be nukpɔsusu gbegblẽ aɖe le ɖetsɔlemetɔ yeye aɖe si la, manye nu nyuitɔ be nàɖɔe ɖo enumake o. (Yohanes 16:12) Aɖaŋudzedze bia hã be woatsɔ tufafa ade dzesi nya si mele be woagblɔ o.

Nuƒoƒo si Daa Gbe le Ame Ŋu

Aɖaŋudzedze le nuƒoƒo me sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò be mia kple ame bubuwo mianɔ kadodo si me dzidzɔ le me ne edzɔ be ame aɖe mese wò nyawo me o eye dzi le ekum vevie gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, esi Efrayim-ŋutsuwo ‘di vevie be yewoawɔ dzre’ kple Gideon la, egblɔ numeɖeɖe si ku ɖe nusi dzɔ tututu kple nusiwo me Efrayim-ŋutsuwo kpɔ dzidzedze le me dzodzro anukwareɖiɖitɔe de eƒe nyaŋuɖoɖoa me. Esia nye aɖaŋudzedze elabena ede dzesi nusita dzi ku wo ɖo, eye eƒe ɖokuibɔbɔ na woƒe dzi dze eme.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-3; Lododowo 16:24.

Dze agbagba nàbu alesi wò nyagbɔgblɔwo awɔ dɔ ɖe amewo dzii ŋu ɣesiaɣi. Agbagbadzedze be nàdze aɖaŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 15:23, be: “Ame ƒe nu ƒe nya ŋuɖoɖo doa dzidzɔ nɛ: eye aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, mehevivinae oa?”

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Dzilawo ate ŋu afia wo viwo be woase veve ɖe ame nu

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Kristotɔ subɔla kpɔnuteƒewo ate ŋu afia ame yeyewo be woadze aɖaŋu le nuwɔwɔ ɖe amewo ŋu me