Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Yehowa ɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu le esubɔla Israel-viwo dome le blema, gake megaɖe mɔ ɖe eŋu fifia o. Ðe eƒe dzidzenu te ŋu trɔna?

Yehowa metrɔ eƒe nukpɔsusu le srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu o. (Psalmo 19:8; Maleaxi 3:6) Menye eƒe ɖoɖo ƒe akpa aɖee wònye na amegbetɔwo tso gɔmedzedzea me o, eye menye eƒe ɖoɖoe wònye fifia o. Esi Yehowa wɔ Xawa wònye Adam srɔ̃ la, egblɔ be yeƒe ɖoɖoe nye srɔ̃nyɔnu ɖeka srɔ̃ŋutsu ɖeka. “Eyaŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.”—Mose I, 2:24.

Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, egbugbɔ nya sia ke gblɔ tsɔ ɖo nya ŋui na amesiwo bia nyae ku ɖe srɔ̃gbegbe kple srɔ̃gbugbɔgaɖe ŋu. Egblɔ be: “Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ woe o mahã? Eye wòbe: Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti, eye wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka; nenem bena tso esia dzi yina la womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko.” Yesu gblɔ kpee be: “Amesi ke laɖe asi le srɔ̃a ŋuti, ne menye le ahasiwɔwɔ ŋuti o, eye wòaɖe bubu aɖe la, eyae wɔ ahasi.” (Mateo 19:4-6, 9) Esia na eme kɔ ƒã le afisia be srɔ̃ ɖeka alo geɖe ɖeɖe akpe ɖe ame srɔ̃ ŋu nye ahasiwɔwɔ.

Ekema nukatae woɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu le blema? Nenɔ susu me na wò be menye Yehowae toe vɛ o. Ame gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me be eɖe srɔ̃ geɖee nye Kain ƒe dzidzimevi Lamex. (Mose I, 4:19-24) Esime Yehowa he Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ vɛ la, srɔ̃ ɖekaɖeka koe nɔ Noa kple via etɔ̃awo si. Srɔ̃geɖeɖelawo katã tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me.

Ƒe alafa geɖewo megbe esime Yehowa tia Israel-viwo be woanye yeƒe amewo la, wo dometɔ aɖewo ɖe srɔ̃ geɖe xoxo, togbɔ be edze abe srɔ̃ ɖeka ɖeɖee bɔ wu ene hã. Mawu mebia tso ƒome siwo me srɔ̃nyɔnuwo wu ɖeka le la si be woaɖe asi le wo ŋu o. Ke boŋ ede se siwo dzi wole be woawɔ ɖo le go sia me.—Mose II, 21:10, 11; Mose V, 21:15-17.

Menye nya si Yesu gblɔ ku ɖe nusi nye Yehowa ƒe dzidzenu na srɔ̃ɖeɖe le gɔmedzedzea me ŋu me koe wòdze le be ɣeyiɣi kpui aɖe koe woɖe mɔ ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu o, ke edze le nusi Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ la hã me. Egblɔ be: “Nyɔnu nanɔ ŋutsu sia ŋutsu si, eye ŋutsu nanɔ nyɔnu sia nyɔnu si.” (Korintotɔwo I, 7:2) Gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ hã be ŋutsu sia ŋutsu si woɖo dzikpɔla alo subɔsubɔdɔwɔla le Kristo-hamea me la nanye “nyɔnu ɖeka srɔ̃.”—Timoteo I, 3:2, 12; Tito 1:6.

Eyata Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu wu enu esime woɖo Kristo-hamea ƒe 2,000 aɖewo enye esia va yi. Ɣemaɣi la, srɔ̃ɖeɖe ƒe dzidzenua gbugbɔ yi alesi wònɔ le esime Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu le gɔmedzedzea me: ŋutsu ɖeka, nyɔnu ɖeka. Enye dzidzenu si dzi Mawu ƒe amewo zɔna ɖo egbea le xexeame katã.—Marko 10:11, 12; Korintotɔwo I, 6:9, 10.