Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Mɔ siwo nu Rut ɖo kpɔɖeŋu nyui le la dometɔ aɖewo ɖe?

Eɖo kpɔɖeŋu nyui le eƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si nɔ esi na Naomi, kple le dɔsesẽwɔwɔ kpakple ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔmewo ɖeɖe fia me. Le susu geɖewo ta la, amewo bu eyama be enye “nyɔnu zãzɛ.” (Rut 3:11)—4/15, axa 23-6.

Aleke míewɔ nya be Yehowa tsɔa ɖe le ame tsɛwo me?

Egblɔ na Israel-viwo, amesiwo ŋu wowɔ ŋlɔmi le le Egipte, be womagasẽ ŋuta le ame tsɛwo ŋu o. (Mose II, 22:21-24) Yesu, amesi srɔ̃ Fofoa, tsɔ ɖe le ame tsɛwo me vevie, eye wòtia “ame masrɔ̃nuwo kple ame manyanuwo” wonye eƒe apostolowo. (Dɔwɔwɔwo 4:13; Mateo 9:36) Míate ŋu asrɔ̃ Mawu to ɖetsɔtsɔ le amewo, abe ɖeviwo ene me.—4/15, axa 28-31.

• Susu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa léa ŋku ɖe nusi míewɔna ŋu?

Biblia me nuŋlɔɖiwo fia be Yehowa léa ŋku ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Ekpɔ vɔ si Habel sã nɛ, eye wòkpɔa míaƒe ‘kafukafuvɔsa, si nye nuyi’ si míetsɔna nɛ. (Hebritɔwo 13:15) Yehowa nyae be Henox dze agbagba vevie be yeadze eŋu to agbe dzadzɛ nɔnɔ me. Eye Mawu kpɔ alesi Zarpat-hosi aɖe si menye Israel-vi o la ma nu sue si nɔ esi la kple nyagblɔɖila Eliya. Yehowa kpɔa xɔsedɔ siwo míewɔna la hã.—5/1, axa 28-31.

Nukatae woate ŋu agblɔ be le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste megbe la, ele be Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo ŋutɔ naɖe adzɔgbe na Mawu?

Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, blema Israel-viwo va nɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo aɖe me kple Yehowa. (Mose II, 19:3-8) Le ema megbe la, wodzia Yudatɔwo ɖe dukɔ ɖeadzɔgbe ma si nɔ Sea te la me. Gake Yehowa ɖe Se ƒe nubablaa ɖa to Kristo ƒe ku le ƒe 33 M.Ŋ. me dzi. (Kolosetɔwo 2:14) Le esia megbe la, ehiã be Yudatɔ siwo di be yewoasubɔ Mawu le mɔ si dzea eŋu nu naɖe adzɔgbe nɛ ahaxɔ nyɔnyrɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.—5/15, axa 30-1.

Ðe wogadoa dzudzɔ ʋeʋẽe le tadedeagu vavãtɔ me egbea?

Dzudzɔ ʋeʋẽe dodo nye blema Israel ƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. (Mose II, 30:37, 38; Mose III, 16:12, 13) Gake Se ƒe nubablaa, si me dzudzɔ ʋeʋẽe dodo le la, wu enu esime Kristo ku. Kristotɔ ate ŋu atia be yewoado dzudzɔ ʋeʋẽe menye ɖe subɔsubɔ ƒe susuwo ta o, ke hã, meganye tadedeagu vavã ƒe akpa aɖe egbea o. Ele be woabu amewo ƒe seselelãmewo hã ŋu ale be woagazu nukikli na wo o.—6/1, axa 28-30.

Nyitsɔ laa ƒe nudzɔdzɔ kae ʋã ame geɖe be woabu nyateƒe si wònye be Yesu nɔ anyigba dzi kpɔ ŋu nyuie?

Woƒo nu geɖe tso aɖaka aɖe, amekukuƒuɖaka aɖe, si wofɔ le Israel la ŋu. Edze abe ƒe alafa gbãtɔ mee wowɔe ene, eye nuŋɔŋlɔ aɖe le edzi si xlẽ be: “Yakobo, Yosef vi, Yesu nɔviŋutsu.” Ame aɖewo bu be ‘le Biblia megbe’ la, esiae nye ‘tomenukuku siwo ɖo kpe’ Yesu ƒe anyinɔnɔ kpɔ ‘dzi la ƒe xoxotɔ kekeake.’—6/15, axa 3-4.

Aleke amegbetɔwo wɔna srɔ̃a amelɔlɔ̃?

Amegbetɔwo srɔ̃a amelɔlɔ̃ gbã tso wo dzilawo ƒe kpɔɖeŋu kple hehe si wonaa wo me. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu lɔ̃ wo nɔewo hede bubu wo nɔewo ŋu la, ɖeviawo ate ŋu asrɔ̃ amelɔlɔ̃. (Efesotɔwo 5:28; Tito 2:4) Ne ame aɖe metso ƒome si me woɖea lɔlɔ̃ fiana le o me hã la, ate ŋu asrɔ̃ amelɔlɔ̃ to fofo ƒe mɔfiame si Yehowa nana xɔxɔ, gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu xɔxɔ, kple viɖe kpɔkpɔ tso Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ƒe kpekpeɖeŋu dodzidzɔname me.—7/1, axa 4-7.

Amekae Eusebius nye, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eƒe agbenɔnɔ me?

Eusebius nye blemaŋutinyaŋlɔla si wu agbalẽ si ƒe tanyae nye History of the Christian Church, si le babla ewo me, nu le ƒe 324 M.Ŋ. me. Togbɔ be Eusebius xɔe se be Fofo la nɔ anyi do ŋgɔ na Vi la hã la, elɔ̃ ɖe nukpɔsusu bubu dzi le Nicaea takpekpea me. Anɔ eme be eŋe aɖaba ƒu Yesu ƒe nudidi si be Ye yomedzelawo naganye ‘xexeame ƒe akpa aɖeke o’ la dzi. (Yohanes 17:16)—7/15, axa 29-31.

Ðe Yehowa trɔ alesi wòbua srɔ̃geɖeɖeɖeea?

Ao, Yehowa metrɔ alesi wòbua srɔ̃geɖeɖeɖee o. (Maleaxi 3:6) Ðoɖo si Mawu wɔ na ame gbãtɔ enye be ‘wòaku ɖe srɔ̃a ŋu’ eye be wòazu ŋutilã ɖeka kplii. (Mose I, 2:24) Yesu gblɔ be srɔ̃gbegbe, ne menye le ahasiwɔwɔ ta o, ahaɖe ame bubu naa ame zua ahasiwɔla. (Mateo 19:4-6, 9) Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe srɔ̃geɖeɖeɖe ŋu la wu enu esime woɖo Kristo-hamea anyi.—8/1, axa 28.