Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle Yehowa Dim Veviea?

Èle Yehowa Dim Veviea?

Èle Yehowa Dim Veviea?

ŊUTSU Kristotɔ aɖe di vevie be yeagblɔ Biblia me nyanyuia na mɔzɔlawo le keteke me. (Marko 13:10) Ke hã, vɔvɔ̃ ɖoe. Ðe wòna ta? Ao, etsɔe de gbedodoɖa me vevie eye wòdze agbagba srɔ̃ alesi wòawɔ adze dzeɖoɖo kple amewo gɔme. Yehowa Mawu ɖo ŋutsu sia ƒe biabia ŋu hedo ŋusẽe be wòte ŋu ɖi ɖase.

Veviedodonu sia ƒomevi le vevie ne míele Yehowa kple eƒe yayrawo dim. Apostolo Paulo gblɔ be: “Ele be, amesi ke tena va Mawu gbɔ la, naxɔ ase be, Mawu li, eye wònye teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Yehowa didi ɖeɖeko mesɔ gbɔ o. Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘woadi vevie’ la nye esi fia moveviɖoɖo kple agbagbadzedze vevie. Esia bia ame ƒe dzi, susu, luʋɔ, kple ŋusẽ blibo zazã. Ne míele Yehowa dim vevie la, míewɔa nu ɖekematsɔlemetɔe, alɔgblɔdɔwɔwɔtɔe, alo kuviatɔe o. Ke boŋ míeɖea veviedodo akuakua fiana le edidi me.—Dɔwɔwɔwo 15:17.

Amesiwo Di Yehowa Vevie

Amesiwo dze agbagba vevie le Yehowa didi me la ƒe kpɔɖeŋuwo sɔ gbɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Yakob, amesi te kame kple Mawu ƒe dɔla si do amegbetɔwo ƒe nɔnɔme la vaseɖe fɔŋli. Le esia ta, wotsɔ ŋkɔ na Yakob be Israel (Amesi te kame kple Mawu) elabena ‘ete kame,’ alo ku kutri, ʋli [eɖokui] sesĩe, do dzi kple Mawu. Mawudɔla la yrae ɖe eƒe agbagbadzedze vevie la ta.—Mose I, 32:24-30.

Emegbe Galilea-nyɔnu aɖe si ŋkɔ womeyɔ o si nɔ ʋusisidɔ, si nɔ “fu geɖe” ɖem nɛ, lém ƒe 12 sɔŋ la hã li. Le nɔnɔme sia ta, mele be wòaka asi ame bubuwo ŋu o. Ke hã, esẽ ŋkume yi ɖakpe Yesu. Enɔ gbɔgblɔm be: “Ne mede asi eƒe awu ŋu ko la, nye lãme asẽ.” Bu alesi wòwɔ to ‘ameha si dze [Yesu] yome eye wo mimii ɖo la’ dome ŋu kpɔ. Esi wònya de asi Yesu ŋu ko la, ese le eɖokui me be ‘yeƒe ʋu la nu tso’—dɔ si nɔ eŋu la vɔ! Esi Yesu bia be “Amekae de asi nye awu ŋu mahã?” la, vɔvɔ̃ ɖo nyɔnua. Gake Yesu gblɔ nɛ vividoɖeameŋutɔe be: “Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!” Woɖo eƒe agbagbadzedzeawo teƒe nɛ.—Marko 5:24-34; Mose III, 15:25-27.

Le ɣebubuɣi hã la, Foinike-nyɔnu aɖe ƒo koko na Yesu vevie be wòada dɔ na ye vinyɔnuvi. Yesu ɖo eŋu be mesɔ be woatsɔ ɖeviwo ƒe nuɖuɖu na avuviwo o. Enɔ gbɔgblɔm be yemate ŋu akpɔ amesiwo menye Israel-viwo o gbɔ esime Yudatɔ siwo dze la natsi anyi o. Ke hã, esi nyɔnua se nusi kpɔɖeŋua fia gɔme ta la, eɖe kuku be: “Yoo, Aƒetɔ! Gake avũviwo hã ɖua abolo wuwlui, siwo duduna tsoa woƒe aƒetɔ ƒe kplɔ̃ dzi.” Eƒe xɔse sẽŋu la kple dzimekɔkɔ ʋã Yesu wògblɔ be: “O, nyɔnu, wò xɔse la lolo! Neva me na wò, abe alesi nèdi ene.”—Mateo 15:22-28.

Nukae adzɔ ɖe amesiawo dzi nenye be ɖee womeku kutri le woƒe agbagbadzedzeawo me o? Ðe yayra mawo asu wò si ne ɖee wona kplamatsedonu alo kpekpeɖeŋu manamana siwo dze ŋgɔ wo le gɔmedzedzea me la ɖu wo dzia? Ao! Kpɔɖeŋu siawo ɖe nusi fiam Yesu nɔ la fia nyuie be ‘kutrikuku dzinɔameƒotɔe’ nye nusi sɔ eye wòhiã le Yehowa didi gɔ̃ hã me.—Luka 11:5-13.

Le Eƒe Lɔlɔ̃nu

Le amesiwo woda dɔ na nukutɔe si ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ gome la, kutrikuku koe na wokpɔ dɔyɔyɔa? Ao, ehiã be woƒe biabia nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Wona nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽ Yesu be wòana kpeɖodzi ɖedzesiwo be yenye Mawu ƒe Vi, Mesia si ƒe ŋugbe wodo la. (Yohanes 6:14; 9:33; Dɔwɔwɔwo 2:22) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nukunu siwo Yesu wɔ la nye yayra gã siwo Yehowa adudu ɖe ameƒomea dzi le anyigba dzi le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la ƒe kpɔɖeŋu.—Nyaɖeɖefia 21:4; 22:2.

Menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wòganye be nukunuwɔwɔ ƒe ŋusẽ, abe ŋusẽ si woatsɔ ada dɔ alo agblɔ aɖe yeyewoe ene, nanɔ subɔsubɔha vavãtɔ me tɔwo si o. (Korintotɔwo I, 13:8, 13) Eƒe lɔlɔ̃nu na míaƒe ŋkekea enye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia le anyigba bliboa dzi ale be ‘ame ƒomeviwo katã nava nyateƒe sidzedze vavã me.’ (Timoteo I, 2:4; Mateo 24:14; 28:19, 20) Mawu subɔlawo ate ŋu akpɔ mɔ be aɖo to yewoƒe gbedodoɖawo ne wodze agbagba vevie le nuwɔwɔ be wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu me.

Ame aɖewo abia be, ‘Nukata wòle be míaku kutri le esime Mawu ƒe tameɖoɖowo ava va eme godoo mlɔeba?’ Togbɔ be enye nyateƒe be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ava eme metsɔ le amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo me o hã la, edzɔa dzi nɛ be amewo le gome kpɔm le eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Woate ŋu atsɔ Yehowa asɔ kple ame aɖe si le aƒe tsom. Xɔ bliboa ƒe nɔnɔmetata le xɔa tɔ si, gake etia xɔtunuwo tsoa esiwo le nutoa me la me. Nenema kee dɔ aɖe le Yehowa si wòawɔ egbea eye enye dzidzɔ nɛ be yeazã esubɔla, siwo tsɔ wo ɖokuiwo nɛ faa la.—Psalmo 110:3; Korintotɔwo I, 9:16, 17.

De ŋugble le ɖekakpui Toshio ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Esi wòdee sekɛndrisuku la, edi be yeaɖi ɖase le anyigbamama tɔxɛ sia me alesi ko wòanya wɔ. Eƒe Biblia nɔa alɔdzi nɛ ɣesiaɣi eye wòdze agbagba ŋuɖɔɖotɔe be yeanye Kristotɔ kpɔɖeŋunyuiɖola. Le eƒe sukuƒe gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu nɛ be wòaƒo nu na klass la. Toshio do gbe ɖa bia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu eye dzi dzɔe be klass bliboa ɖo to eƒe nuƒo si ƒe tanyae nye “Nye Taɖodzinu be Mawɔ Mɔɖeɖedɔa Nye Agbemedɔe.” Eɖe eme be yedi be yeanye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla. Sukuviawo dometɔ ɖeka lɔ̃ be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye eye wòwɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ. Woɖo agbagba siwo Toshio dze le ɖekawɔwɔ me kple eƒe gbedodoɖaa teƒe nɛ.

Aleke Nèle Vevie Dom Nui?

Àte ŋu aɖee fia le mɔ vovovowo nu be yele Yehowa kple eƒe yayrawo dim vevie. Gbã la, nu vevi aɖewo, abe dzadzraɖo nyuie ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu ene, li siwo nàte ŋu awɔ. Àte ŋu ato ŋuɖoɖo siwo ŋu nèbu nyuie la nana, nuƒo ʋãmewo ƒoƒo, kple wɔwɔfia nyuiwo wɔwɔ me aɖe alesi nèle Yehowa dim vevie la afia. Àte ŋu aɖe wò veviedodonu afia to wò subɔsubɔdɔa ƒe nyonyome tutuɖo me. Ke alesi nèdzea agbagba be yeaɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia le tete ɖe amewo ŋu le ʋɔtruwo nu me kple ŋgɔdonya nyui siwo sɔ na wò anyigbamamaa zazã ya ɖe? (Kolosetɔwo 3:23) Ne ŋutsu Kristotɔ aɖe ƒo eɖokui ɖe esia me bliboe la, ate ŋu axɔ dɔdasiwo le hamea me, abe subɔsubɔdɔwɔla alo hamemegã ene. (Timoteo I, 3:1, 2, 12, 13) Ne ètsɔ ɖokuiwò na la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ si nunana hena vɛ la. Àte ŋu ade asi agbalẽ te be yeasubɔ le alɔdze aɖe tutudɔ me alo le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe aɖe. Ne ènye ŋutsu si dze eye meɖe srɔ̃ haɖe o la, àdi be yeade Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku, si dzraa ŋutsu siwo nye gbɔgbɔmemewo ɖo be woanye alẽkplɔla nyuiwo. Ne èɖe srɔ̃ la, subɔsubɔ le duta ate ŋu anye mɔ si nu nàɖe wò didi be yeadzi yeƒe Yehowa subɔsubɔ ɖe edzi afia toe. Àte ŋu atiae be yeaʋu ayi afisi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu.—Korintotɔwo I, 16:9.

Nusi le vevie wu enye dzonɔameme si nètsɔ le wò dɔdasia wɔmee. Mɔnukpɔkpɔ kae ɖa su asiwò o, tsɔ veviedodonu, kutrikuku, kple “dzimekɔkɔ” wɔe. (Dɔwɔwɔwo 2:46; Romatɔwo 12:8) Anyo be nàbu dɔdasiwo dometɔ ɖesiaɖe abe mɔnukpɔkpɔ si nàtsɔ aɖe wò didi vevie be yeahe kafukafu vɛ na Yehowa afia ene. Do gbe ɖa nabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu edziedzi, eye nàwɔ tɔwò sinua. Ekema àkpɔ teƒeɖoɖo nyui aɖe.

Woɖo Agbagbadzedze Veviwo Teƒe

Èɖo ŋku ŋutsu Kristotɔ ma si do gbe ɖa be yeaɖu yeƒe vɔvɔ̃ dzi ne yeate ŋu aɖe gbeƒã na amesiwo nɔ ketekea me la dzia? Yehowa yra ɖe eƒe didi veviea dzi nɛ. Nɔviŋutsua trɔ asi le alesi wòatsɔ dzidzɔ ate ɖe amewo ŋu kple nya siwo wòatsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee ŋu. Ete ŋu zã Biblia tsɔ ɖi ɖasee na ŋutsu aɖe si tsi dzi ɖe amewo dome ƒomedodo siwo me megale vivim o ŋu. Gododo kple ŋutsu sia zi geɖe le ketekea me na wodze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme. Yehowa yrae le eƒe agbagbadzedze vevie la ta nyateƒe!

Ne èyi edzi di Yehowa vevie la, nusiawo tɔgbe ate ŋu ado tso eme na wò. Ne èku kutri ɖokuibɔbɔtɔe eye nètsɔ dzi blibo wɔ teokrasi dɔdasi ɖesiaɖe si sua asiwò la, Yehowa azã wò wòawɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖowo eye wòadudu yayra gbogbo aɖewo ɖe dziwò.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nukae adzɔ ɖe nyɔnu sia dzi nenye be ɖee meku kutri o?

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðe nèkua kutri le kukuɖeɖe na Yehowa be wòayra ye mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Aleke nàte ŋu aɖee afia be yele Yehowa dim vevie?