Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

ŊKƆ Ka Ƒomevi Wɔm Nèle na Ðokuiwò?

ŊKƆ Ka Ƒomevi Wɔm Nèle na Ðokuiwò?

ŊKƆ Ka Ƒomevi Wɔm Nèle na Ðokuiwò?

ÈXLẼ kugbeƒãɖeɖewo le miaƒe nyadzɔdzɔgbalẽ me alo kpɔ ame kuku aɖe ƒe agbemeŋutinya legbee aɖe kple nusiwo wòwɔ la kpɔa? Ðe nèbia ɖokuiwò be, ‘Nya kawoe amewo anɔ gbɔgblɔm tso ŋunyea?’ Ame nenie bua alesi woaɖo ŋku wo dzii le woƒe ku megbe ŋu? Ekema nya si míabia tẽ enye: Nya kae amewo anɔ gbɔgblɔm tso ŋuwò egbea ne ɖe nèku etsɔ si va yi? Ŋkɔ ka ƒomevi wɔm nèle na ɖokuiwò? Aleke nàdi be amesiwo nya wò kpakple Mawu naɖo ŋku ye dzii?

Biblia-gbalẽ si nye Nyagblɔla ŋlɔla, amesi nye nunyala gblɔ be: “Ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.” (Nyagblɔla 7:1) Nukatae ame ƒe kugbe anyo wu ame ƒe dzigbe? Elabena ŋkɔ aɖeke menɔa ame ŋu le edziɣi o. Nuŋlɔɖi aɖeke mele esi o. Alesi wòanɔ agbee ana ŋkɔ nyui alo ŋkɔ gbegblẽ nava su esi. Le amesiwo wɔ ŋkɔ nyui ɖi na wo ɖokui gome la, kugbe nyo na wo le go ma me wu dzigbe.

Eyata mía ŋutɔe atia esi míedi. Le nyateƒe me la, nyametsotso geɖe li míewɔna gbesiagbe siwo ava ɖe ŋkɔ si míewɔ, vevietɔ alesi Mawu aɖo ŋku mía dzii, afia le míaƒe kugbe. Le esia ta, Hebritɔ nunyala ma ke ŋlɔ bena: “Ŋkuɖoɖo ame dzɔdzɔe la dzi zua yayra, ke ame vɔ̃ɖi la ƒe ŋkɔ nyunyɔna.” (Lododowo 10:7) Mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye—be Mawu naɖo ŋku mía dzi ayra mí!

Ne míenye nunyalawo la, míaƒe taɖodzinu anye be míana míaƒe nu nadze Mawu ŋu to agbenɔnɔ ɖe eƒe dzidzenuwo nu me. Esia fia be míawɔ ɖe gɔmeɖose vevi siwo Kristo na dzi be: “‘Lɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò tamesusu blibo.’ Esia nye se gbãtɔ si le vevie. Eye evelia, si ɖii la, enye bena: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’ Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.”—Mateo 22:37-40.

Woɖoa ŋku ame aɖewo dzi be wonye dɔmenyowɔlawo, kpekpeɖeŋunalawo, dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesi taʋlilawo, alo le dzidzedze si wokpɔ le dɔwɔnyawo, dzɔdzɔmeŋutinunya, atikeŋutinunya, alo dɔwɔna bubuwo me ta. Gake aleke nàdi be woaɖo ŋku ye dzii?

Edzro Scotlandtɔ hakpanyaŋlɔla Robert Burns (ƒe 1759-96) be ne ɖe woana ŋutete aɖe mí be míakpɔ mía ɖokui abe alesi amewo kpɔa míi la, ne enyo. Ðe nàte ŋu alé ŋku ɖe ɖokuiwò ŋu tututu agblɔ be ŋkɔ nyui le ye ŋu le amewo kple Mawu siaa gbɔa? Mlɔeba la, míaƒe ƒomedodo kple amewo le vevie wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dzidzedze si míate ŋu akpɔ le xexeame ƒe kamedefefewo alo dɔwɔnyawo me. Eyata biabia lae nye: Alekee alesi míewɔa nu—míaƒe dzeɖoɖo, míaƒe agbenɔnɔ, míaƒe nuwɔna—ɖe amewo ŋui la kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzii? Ðe míenye amesiwo ŋu woate ŋu ate ɖo loo alo ɖe wotena ɖe aga tso mía ŋua? Míaƒe dɔme nyo loo alo míewɔa ŋlɔmi? Míaƒe nya me bɔbɔ loo alo eme sẽ? Míedoa vivi ɖe ame ŋu hewɔa ame loo alo míedoa vivi ɖe ame ŋu hewɔa ame o? Ðikela dzodzrowoe míenye loo alo aɖaŋu nyui ɖolawoe mienye? Mina míalé ŋku ɖe blema kple egbeŋkekea me kpɔɖeŋu aɖewo ŋu akpɔ nusi míate ŋu asrɔ̃ tso wo me ɖa.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Edzro Robert Burns be ne ɖe woana ŋutete aɖe mí be míakpɔ mía ɖokui abe alesi amewo kpɔa míi la, ne enyo

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

From the book A History of England