Alesi Woɖoa Ŋku Ame Aɖewo Dzii
Alesi Woɖoa Ŋku Ame Aɖewo Dzii
ANƆ abe ƒe akpe etɔ̃ ene enye si va yi la, Dawid nɔ sisim le Israel-fia Saul nu. Dawid dɔ amewo ɖo ɖe Nabal, si nye kesinɔtɔ aɖe si si alẽwo kple gbɔ̃wo le, be wòana nuɖuɖu kple tsi yewo. Le nyateƒe me la, Nabal nyi dɔmenyowɔwɔ ƒe fe le Dawid kple eŋumewo si le takpɔkpɔ si wona Nabal ƒe lãhawo ta. Gake Nabal gbe be yemawɔ dɔmenyo aɖeke nɛ o. Edo nu ɖe Dawid ƒe ameawo gbɔ gɔ̃ hã. Nabal nɔ nya dim na eɖokui, elabena Dawid menye amesi woaƒo asii o.—Samuel I, 25:5, 8, 10, 11, 14.
Nabal ƒe nɔnɔmea mewɔ ɖeka kple amedzrowɔwɔ si Titina Ɣedzeƒetɔwo ɖena fiana amedzrowo le woƒe kɔnu nu o. Eyata ŋkɔ ka ƒomevie Nabal wɔ na eɖokui? Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be enye “ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi,” kple ‘yakame.’ Eŋkɔ gɔmee nye “movitɔ,” eye wòɖi eŋu hã. (Samuel I, 25:3, 17, 25) Ðe nàdi be woaɖo ŋku ye dzi alea? Ðe nèwɔa ŋlɔmi eye wò nya me sẽna ne èle nu wɔm kple amewo, vevietɔ ne wodze abe amesiwo dzi nu mede o enea? Alo enyoa dɔme, wɔa amedzro, hebua ame ŋu?
Abigail—Nyɔnu Dzeaɖaŋu Aɖe
Nabal ƒe ŋlɔmiwɔwɔ na wòɖo kuxi gã aɖe me. Dawid kple eŋumewo dometɔ 400 ta woƒe yiwo hedze mɔ be yewoaɖa tu nu kple Nabal. Nabal srɔ̃, Abigail, se nusi dzɔ. Enyae be nya aɖe le dzɔdzɔge. Nukae wòate ŋu awɔ? Ewɔ kaba di nuɖuɖu gbogbo aɖe kple nububuwo heyi ɖado go Dawid kple eƒe amewo. Esi wòkpe wo la, eɖe kuku na Dawid be wòagakɔ ʋu ɖi madzemadzee o. Dawid ƒe dzi dze eme. Eɖo to eƒe kokoƒoƒoa eye wògbugbɔ. Le nudzɔdzɔ siawo megbe kpuie la, Nabal ku. Emegbe esi Dawid kpɔ Abigail ƒe nɔnɔme nyuiwo la, eɖee wòzu srɔ̃a.—Samuel I, 25:14-42.
Ŋkɔ ka ƒomevie Abigail wɔ na eɖokui? Eƒe “tagbɔ kɔ,” alo abe alesi Hebrigbe gbãtɔ gblɔe ene la, “enya nu.” Edze ƒã be nunya nɔ esi eye wònya nusi tututu wòawɔ henya alesi wòaɖe afɔe kple ɣeyiɣi si me wòaɖee. Ewɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe tsɔ ɖe srɔ̃aŋutsu tsibome la kple eƒe aƒemetɔwo tso afɔku me. Mlɔeba la, eku, gake egble ŋkɔ nyui aɖe ɖi be enye nyɔnu nyanu.—Samuel I, 25:3.
Ŋkɔ Kae Petro Gble Ði?
Mina míate va ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ƒe ɣeyiɣiawo me ahabu Yesu ƒe apostolo 12-awo ŋu. Ðikeke mele eme o be wo dometɔ si ƒoa nu hewɔa nu kpatakpata enye Petro, alo Kefa, amesi nye lãɖela tsã le Galilea. Edze ƒã be enye ame aɖe si me dzo nɔ si mevɔ̃na be
yeaɖe yeƒe seselelãmewo agblɔ o. Le kpɔɖeŋu me, Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣeaɖeɣi. Aleke Petro wɔ nui esime wòɖo eyama dzi be woaklɔ afɔ nɛ?Petro gblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, wòe aklɔ afɔ ŋuti nam mahã?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nusi ke wɔm mele la, mènyae fifia o; ke emegbe la, àse egɔme.” Petro ɖo eŋu be: “Wò la maklɔ nye afɔ ŋuti akpɔ o.” Kpɔ alesi Petro te tɔ ɖe eƒe gbegbea dzi ɖa. Aleke Yesu wɔ nu ɖe eŋui?
Yesu ɖo eŋu be: “Ne nyemeklɔe na wò o la, ekema mèle gome aɖeke kpɔ ge le gbɔnye o.” Simon Petro gblɔ nɛ bena: “Ekema menye nye afɔwo ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ nye asiwo kple ta hã.” Petro ƒe nuwɔna gbɔ eme azɔ! Ke hã, ènya amesi ƒomevi Petro nye. Mewɔa ayemenu o.—Yohanes 13:6-9.
Woɖoa ŋku Petro dzi hã le amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo le eŋu ta. Le kpɔɖeŋu me, egbe nu le Kristo gbɔ zi etɔ̃ le amesiwo tsɔ nya ɖe eŋu be enye Yesu Nazaretetɔ la yomedzela ŋkume. Esi Petro kpɔ eƒe vodada dze sii la, efa avi vevie. Mevɔ̃ be yeaɖe yeƒe konyifafa kple dzimetɔtrɔ afia o. Enye nusi ɖe dzesi ŋutɔ be Nyanyuia ŋlɔlawo ŋlɔ Petro ƒe nugbegbeleamegbɔ sia—si anye Petro ŋutɔe gblɔe na wo godoo la—ɖi! Ebɔbɔ eɖokui ale gbegbe be wòte ŋu lɔ̃ ɖe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Ðe nɔnɔme nyui sia le asiwòa?—Mateo 26:69-75; Marko 14:66-72; Luka 22:54-62; Yohanes 18:15-18, 25-27.
Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo le nugbegbe le Kristo gbɔ megbe la, Petro, si gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ fũ, tsɔ dzinɔameƒo ɖe gbeƒã na Yudatɔ gbogbo aɖewo le Pentekoste-ŋkekea dzi. Esia nye dzesi si Dɔwɔwɔwo 2:14-21.
ŋu kakaɖedzi le be Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ka ɖe eyama dzi.—Ɣebubuɣi la, Petro dze mɔ̃ bubu aɖe me. Apostolo Paulo ɖe nu me be do ŋgɔ na nɔvi Yudatɔ aɖewo ƒe Antioxia vava la, Petro dea ha kple Trɔ̃subɔdukɔmetɔ xɔsetɔwo. Gake, eɖe eɖokui ɖe aga tso amesiawo gbɔ le esi ‘wòvɔ̃ amesiwo tso aʋatsotsoa me’ siwo tso Yerusalem va la ta. Paulo klo nu le Petro ƒe ameŋkumenuwɔnaa dzi.—Galatiatɔwo 2:11-14.
Ke hã, nusrɔ̃lawo dometɔ kae ƒo nu dzinɔameƒotɔe le ŋkubiã ƒe ɣeyiɣi aɖe me esime wòdze abe Yesu yomedzela geɖe di be yewoagblẽe ɖi ene? Esime Yesu ɖe nu yeye aɖe ɖe go, ku ɖe vevienyenye si le eƒe ŋutilã ɖuɖu kple eƒe ʋu nono ŋu, ye esia dzɔ. Egblɔ be: “Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye míeno eƒe ʋu o la, ekema agbe aɖeke manɔ mia me o.” Esia zu nukikli na Yesu yomedzela Yudatɔ akpa gãtɔ eye wògblɔ be: “Esia nye nya sesẽ; ameka ate ŋu asee mahã?” Nukae dzɔ emegbe? “Tso esia dzi la eƒe nusrɔ̃lawo dome ame geɖewo de megbe, eye womegazɔna kpakplii o.”—Yohanes 6:50-66.
Le ɣeyiɣi sesẽ sia me la, Yesu trɔ ɖe apostolo 12 la ŋu hebia nya wɔdɔɖeamedzi sia be: “Alo miawo hã ɖe miele didim be, miadzo mahã?” Petro ɖo eŋu be: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò. Eye míexɔe se, eye míedze sii bena, wòe nye Kristo, Mawu ƒe kɔkɔetɔ la.”—Yohanes 6:67-69.
Ŋkɔ ka ƒomevie Petro wɔ na eɖokui? Ðeko amesi xlẽa nu tso eyama ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe eƒe nyateƒetoto kple alesi woƒoa nu faae, eƒe nuteƒewɔwɔ, kple eƒe lɔlɔ̃ faa be yealɔ̃ ɖe yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ŋu. Ŋkɔ nyui kae nye si wòwɔ na eɖokui!
Nukae Amewo Tsɔ Ðoa Ŋku Yesu Dzi?
Ƒe etɔ̃ kple afã koe Yesu tsɔ wɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔae. Ke ha, nukae eyomedzelawo tsɔ ɖoa ŋku edzii? Ðe wònye amesi sa ɖe aga si womate ŋu agogo o le esi wònye ame deblibo, si ŋu nuvɔ̃ mele o ta? Ðe wòdo eɖokui ɖe dzi le esi wònyae be Mawu ƒe Vie yenye ta? Ðe wòdo vɔvɔ̃ na eyomedzelawo hezi wo dzi be woaɖo to yea? Ðe wòtsɔ ɖe le eɖokui me nenema gbegbe be medoa nukokoe na ame oa? Ðe nuwo sɔ gbɔ ɖe edzi ale gbegbe be vovo menɔ eŋu na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo kple dɔnɔwo alo na ɖeviwo oa? Ðe wòda ameƒomevi bubuwo kple nyɔnuwo ɖe anyi, abe alesi ŋutsuwo lɔ̃a wɔwɔ ɣemaɣia? Nukae nuŋlɔɖiawo gblɔ na mí?
Yesu tsɔ ɖe le amewo me. Nusɔsrɔ̃ tso eƒe subɔsubɔdɔa ŋu ɖee fia be eda dɔ na xɔdrɔ̃wo kple dɔnɔwo zi geɖe. Edina be yeakpe ɖe amesiwo hiã tu ŋu. Etsɔ ɖe le ɖeviwo me eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” Emegbe Yesu ‘kɔ ɖeviawo ɖe akɔ eye wòyra wo heda asi ɖe wo dzi.’ Ðe nèkpɔa vovo ɖe ɖeviwo ŋua, alo ɖe nuwo sɔ gbɔ ɖe dziwò ale gbegbe be meɖoa ŋku wo dzi gɔ̃ hã oa?—Marko 10:13-16; Mateo 19:13-15.
Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, subɔsubɔ se kple ɖoɖo siwo gbɔ Sea ƒe nudidiwo ŋu la kpe Yudatɔwo dzi. Woƒe subɔsubɔhakplɔlawo nɔ agba kpekpewo dom na amewo, evɔ woa ŋutɔwo ƒe asibidewo mekaa agbaa ŋu o. (Mateo 23:4; Luka 11:46) Eyata aleke Yesu to vovo enye si! Egblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28-30.
Amewo ƒe dzi dze eme esime wode ha kple Yesu. Medo vɔvɔ̃ na eƒe nusrɔ̃lawo, ale be woanɔ vɔvɔ̃m na wo ɖokui nuɖeɖe o. Le nyateƒe me la, ebia nyawo wo tsɔ kpɔ woƒe susu ɖa. (Marko 8:27-29) Anyo be Kristotɔ dzikpɔlawo nabia wo ɖokui be: ‘Ðe mekpɔa ŋusẽ sia ke ɖe haxɔsetɔwo dzia? Ðe hamemegã bubuwo gblɔa nusi wosusu nam, alo ɖe wohena ɖe megbe le esia wɔwɔ mea?’ Aleke wònaa dzidzeme ame enye si ne dzikpɔlawo nye amesiwo ŋu wotena ɖo, wosea amewo ƒe nyawo, eye woƒe nya me bɔbɔ! Ðeko susu ŋudɔ mawɔmawɔ nyuie xea mɔ na nuwo me dzodzro faa.
Togbɔ be Yesu nye Mawu ƒe Vi hã la, mezãa eƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu gbeɖegbeɖe o. Ke boŋ edzro nu me kple eƒe nyaselawo. Aleae wònɔ esime Farisitɔwo dze agbagba be yewoalée le ayeme le biabiawo me be: “Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na Kaisaro loo, alo womeɖe mɔ o mahã.” Yesu gblɔ na wo be woatsɔ gakua afia ye eye wòbia wo be: “Ameka ƒe nɔnɔme kple nuŋɔŋlɔ enye esia mahã?” Woɖo eŋu be: “Kaisaro tɔe.” Emegbe wògblɔ na wo bena: “Ekema mitsɔ nusi enye kaisaro tɔ la, na kaisaro eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Mateo 22:15-21) Numedzodzro bɔbɔe sia ɖeɖe sɔ gbɔ.
Ðe Yesu doa nukokoe na amea? Nuxlẽla aɖewo ako nu vie ne woke ɖe nya si Yesu gblɔ be anɔ bɔbɔe na kposɔ be wòato abi ƒe vò me wu alesi kesinɔtɔ nayi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me ŋu. (Mateo 19:23, 24) Be kposɔ nabe yeato abui si wotsɔna tɔa nui ƒe do me ɖeɖe dzaa nye nya si woɖe ami ɖo. Kpɔɖeŋu bubu si nye nuwo ɖɔɖɔ si woɖe ami ɖo enye ati fefee ɖeɖe le ame nɔvi ƒe ŋku dzi evɔ amea mele atikpo si le eya ŋutɔ ƒe ŋku dzi la kpɔm o. (Luka 6:41, 42) Le nyateƒe me la, Yesu menye amesi ƒe nya me sẽ o. Edoa vivi ɖe ame ŋu hewɔa xɔlɔ̃. Le egbe Kristotɔwo gome la, nukokoedoname ate ŋu aɖe nuteɖeamedziɣiwo dzi akpɔtɔ.
Yesu ƒe Nublanuikpɔkpɔ na Nyɔnuwo
Aleke nyɔnuwo se le wo ɖokui me ne wote ɖe Yesu ŋu? Le nyateƒe me la, nyɔnu nuteƒewɔla geɖe nye eyomedzelawo, tsɔ kpe ɖe eya ŋutɔ dada, Maria, ŋu. (Luka 8:1-3; 23:55, 56; 24:9, 10) Nyɔnuwo te ŋu tena ɖe Yesu ŋu faa ale gbegbe be ɣeaɖeɣi la, nyɔnu aɖe si ‘wodze sii be enye nuvɔ̃wɔla’ fa aɖatsi tsɔ klɔ eƒe afɔwo ŋu hesi ami ʋeʋĩ ɖewo. (Luka 7:37, 38) Nyɔnu bubu, si nɔ ʋusisi dɔ lém ƒe geɖe, to amewo dome be yeaɖa ka asi eƒe awu ŋu ne yeahaya. Yesu kafu eƒe xɔse. (Mateo 9:20-22) Ẽ, nyɔnuwo te ŋu te ɖe Yesu ŋu.
Ɣebubuɣi la, Yesu ƒo nu kple Samaria-nyɔnu aɖe le vudo aɖe to. Ewɔ nuku na nyɔnua ale gbegbe wògblɔ be: “Aleke wò, si nye Yudatɔ la, nèle tsi biam nye, si nye Samaria-nyɔnu, be yeano mahã?” Nusitae wòbia nya ma enye be Yudatɔwo kple Samariatɔwo menyina o. Yesu yi edzi fia nyateƒe wɔnuku aɖee ku ɖe ‘tsi dzidzi si naa agbe mavɔ ame’ la ŋu. Yohanes 4:7-15.
Eɖe dzi ɖi le nyɔnua gbɔ. Meɖe fu nɛ kura o.—Nublanuikpɔkpɔ ƒe nɔnɔme geɖe si Yesu ɖe fia, tsɔ kpe ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔgbɔgbɔ ŋu, ye wotsɔna ɖoa ŋku eyama dzii. Eyae nye mawumelɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme tututu. Yesu ɖo dzidzenua ɖi na amesiwo katã di be yewoanye eyomedzelawo. Aleke nèwɔna ɖe eƒe kpɔɖeŋua dzi tututui?—Korintotɔwo I, 13:4-8; Petro I, 2:21.
Nukae Wotsɔ Ðoa Ŋku Egbeŋkekea me Kristotɔwo Dzi?
Le egbeŋkekeawo me la, Kristotɔ wɔnuteƒe akpe geɖe ku, wo dometɔ geɖe le woƒe tsitsi me, bubu nye ɖeviwo. Gake wogble ŋkɔ nyui ɖi. Wotsɔa lɔlɔ̃ kple nuwɔwɔ aduadu kple ame bubuwo ƒe nɔnɔme si le wo dometɔ aɖewo, abe Crystal si ku le eƒe tsitsime ene, si la ɖoa ŋku wo dzii. Wotsɔa dzidzɔ kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe nɔnɔme si le wo dometɔ bubuwo, abe Dirk si ku le eƒe ƒe 40-awo me ene, si la ɖoa ŋku wo dzii.
Emegbe José si tso Spain la hã li. Srɔ̃ kple vinyɔnuvi sue etɔ̃ nɔ José si esime woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le dukɔ ma me le ƒe 1960-awo me. Dɔwɔɖui nɔ esi le Barcelona. Ɣemaɣi la, Kristotɔ hamemegã tsitsiwo hiã le Spain ƒe anyiehe. José ɖe asi le eƒe dɔwɔɖuia ŋu heʋu kple eƒe ƒomea yi Málaga. Ehiã be woanɔ te ɖe gakuxi sesẽwo nu eye zi geɖe la, womekpɔa dɔ wɔna o.
Ke hã, wonya José ɖe kpɔɖeŋu si wòɖo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe kple kakaɖedzi la ta kpakple alesi wòɖo kpɔɖeŋu le via nyɔnuviawo hehe le srɔ̃a, Carmela, ƒe kpekpeɖeŋu me la ta. Ne wohiã ame aɖe be wòawɔ ɖoɖo ɖe Kristotɔwo ƒe takpekpewo ŋu le nutoa me la, José tsɔa eɖokui nana ɣesiaɣi. Nublanuitɔe la, dɔléle sesẽ aɖe si dze edzi esime wònɔ eƒe ƒe 50-awo me la wui. Ke hã, egble ŋkɔ si nye hamemegã veviedola si dzi woate ŋu aka ɖo kple srɔ̃ŋutsu kple fofo lɔlɔ̃a la ɖi.
Eyata alekee woaɖo ŋku dziwòe? Ne ɖee nèku etsɔ si va yi la, nukae amewo anɔ gbɔgblɔm le ŋuwò egbea? Esia nye biabia aɖe si ate ŋu aʋã mí katã be míatrɔ asi le alesi míewɔa nui ŋu.
Nukae míate ŋu awɔ be ŋkɔ nyui nasu mía si? Míate ŋu ayi ŋgɔ le gbɔgbɔa ƒe kuawo—lɔlɔ̃, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu kpakple bubuawo—tsetse me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ẽ, nyateƒee wònye be, “ŋkɔ nyui nyo wu ami xɔasi, eye kugbe nyo wu dzigbe.”—Nyagblɔla 7:1; Mateo 7:12.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Woɖoa ŋku Abigail dzi le eƒe aɖaŋudzedze ta
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Woɖoa ŋku Petro dzi le nuwɔwɔ kpata kple anukwareɖiɖi ƒe nɔnɔme si le esi ta
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Yesu kpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu