Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuka Dim Yehowa Le Tso Mía si?

Nuka Dim Yehowa Le Tso Mía si?

Nuka Dim Yehowa Le Tso Mía si?

“Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”​—MIXA 6:8.

1, 2. Nukatae dzi aɖe le Yehowa subɔla aɖewo ƒo, gake nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

VERA nye Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si axɔ ƒe 75 lɔƒo si ƒe lãme mesẽna o. Egblɔ be, “Ɣeaɖewoɣi la, medoa mo ɖe fesrea nu eye mekpɔa tɔnyetɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo wonɔa gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme. Enaa aɖatsi lolona ɖe ŋku dzi nam elabena medi be manɔ wo dome, gake dɔléle ɖe nye Yehowa subɔsubɔ dzi kpɔtɔ.”

2 Ðe nèse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Le nyateƒe me la, amesiwo katã lɔ̃ Yehowa di be yewoazɔ le eƒe ŋkɔ me ahaɖo eƒe nudidiwo gbɔ. Gake ne eva dzɔ be míaƒe lãme va le gbegblẽm ɖe edzi, míeku amegã alo nyagã, alo ƒomegbanɔamedziwo va le mía dzi ya ɖe? Dzi aɖe le mía ƒo vie elabena nɔnɔme siawo ate ŋu ana be míate ŋu awɔ nusiwo katã míedi vevie tso dzi me be míawɔ le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me o. Ne nɔnɔme sia mee míele la, ekema míakpɔe be Mixa ƒe agbalẽa ƒe ta 6 kple 7 lia me dzodzro ade dzi ƒo na mí ŋutɔ. Ta siawo ɖee fia be Yehowa ƒe nudidiwo mesesẽ akpa o eye míate ŋu awɔ wo dzi.

Alesi Mawu Wɔa Nu Ðe Eƒe Amewoe Ŋui

3. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Israel-vi dzeaglãwo ŋui?

3 Mina míakpɔ Mixa 6:3-5 ɖa gbã, ne míalé ŋku ɖe alesi Yehowa wɔ nu ɖe eƒe amewo ŋui ŋu. Ðo ŋku edzi be le Mixa ŋɔli la, Israel-viawo dze aglã. Ke hã, Yehowa yɔ wo nublanuikpɔkpɔtɔe be ‘Nye dukɔ.’ Eƒo koko na wo be: ‘Taflatse, nye dukɔ, ɖo ŋkui.’ Le esi teƒe be wòabu fɔ wo vevie la, edze agbagba be yeaɖo woƒe dzi gbɔ eye wòbia be, “Nukae mewɔ wò?” Ede dzi ƒo na wo gɔ̃ hã be ‘woaɖo eŋu’ na ye.

4. Ŋusẽ kae wòle be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔa nakpɔ ɖe mía dzi?

4 Kpɔɖeŋu kae nye si Mawu ɖo na mí katã! Eyɔ Mixa ŋɔli me Israel kple Yudatɔ dzeaglãwo nublanuikpɔkpɔtɔe gɔ̃ hã be ‘nye dukɔ’ hezã nya ‘taflatse’ le nuƒoƒo na wo me. Ekema ele be míaɖe nublanuikpɔkpɔ kple tufafa afia le míaƒe nuwɔwɔ ɖe amesiwo nye hamea me tɔwo ŋu me. Ele eme baa be wo dometɔ aɖewo ƒe nya me asẽ alo woagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ya. Gake ne wolɔ̃ Yehowa la, ele be míakpe ɖe wo ŋu awɔ nu ɖe wo ŋu le nublanuikpɔkpɔ me.

5. Nya vevi kae wogblɔ le Mixa 6:6, 7?

5 Fifia, mina míaʋu Mixa 6:6, 7. Mixa bia nya vovovowo be: “Nukae matsɔ ɖe asi ado ɖe Yehowa ŋku me, eye made ta agu ɖe Mawu dziƒoʋĩtɔ la ŋku me? Ðe matsɔ numevɔsa kple nyivi, siwo xɔ ƒe ɖeka la, ɖe asi ado ɖe eŋku mea? Ðe agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo adze Yehowa ŋua? Ðe matsɔ vinye ŋgɔgbea ana ɖe nye dzidadawo ta kple nye dɔmevi ana ɖe nye luʋɔ ƒe nuvɔ̃wo taa?” Kpao, manya wɔ be woatsɔ “agbo akpewo kple amitɔʋu akpe nanewo” ana Yehowa be wòakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu o. Gake nane li si adze eŋu. Eyae nye nuka?

Ele Be Míawɔ Nusi Le Eteƒe

6. Mawu ƒe nudidi etɔ̃ kawoe woyɔ le Mixa 6:8 me?

6 Míakpɔ nusi dim Yehowa le tso mía si le Mixa 6:8. Mixa gblɔ be: “Nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” Nudidi etɔ̃ siawo ku ɖe alesi míesena le mía ɖokui me, alesi míebua nu ŋui, kple alesi míewɔa nui ŋu. Ele be míase le mía ɖokui me be míaɖe nɔnɔme siawo afia, abu alesi míaɖe wo afiae ŋu, ahawɔ nu siwo me woadze le la. Mina míadzro nudidi etɔ̃ siawo me ɖekaɖekae.

7, 8. (a) Nukae wòfia be ‘woawɔ nusi le eteƒe’? (b) Numadzɔmadzɔ kawoe bɔ le Mixa ƒe ŋkekea me?

7 ‘Nusi le eteƒe wɔwɔ’ bia be woawɔ nusi dzɔ. Nuwɔwɔ le Mawu ƒe mɔ nu enye dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenu la. Gake menye nu dzɔdzɔe ye Mixa ŋɔlimetɔwo wɔna o, ke nu madzɔmadzɔ boŋ ye wowɔna. Le nukawo me? Kpɔ Mixa 6:10 ɖa. Le kpukpui ma ƒe nuwuwu la, wogblɔ le asitsalawo ŋu be wozãa “nudotree nyaŋui,” si fia esi le sue akpa. Kpukpui 11 lia gblɔ kpee be “nudakpe amebatɔ” ye wozãna. Eye kpukpui 12 lia gblɔ be “alakpaɖe” ye le wo nu. Eyata nudzidzenu alakpatɔ, nudakpe amebatɔ, kple alakpadada bɔ fũ le Mixa ŋɔli me asitsaxexea me.

8 Menye asitsanyawo me koe wowɔa nu madzɔmadzɔ le o. Ebɔ ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒewo hã. Mixa 7:3 ɖee fia be “amegã dia nu, ʋɔnudrɔ̃la drɔ̃a ʋɔnu le fetu ta.” Wonaa zãnu ʋɔnudrɔ̃lawo be woahe to madzemadze na fɔmaɖilawo. “Dumegãwo,” alo dukɔmevi ame ŋkutawo hã kpɔa gome le nuvlowɔwɔawo me. Le nyateƒe me la, Mixa gblɔ be amegãwo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple dumegãwo ‘blua afɔ na nya,’ alo dea aɖaŋu ɖe woƒe nuvɔ̃ɖiwɔwɔawo ŋu.

9. Aleke ame vɔ̃ɖiwo ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ kpɔ ŋusẽ ɖe Yuda kple Israel dzi?

9 Kplɔla vɔ̃ɖiawo ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔawo kpe Yuda kple Israel ƒe akpa sia akpa ɖo. Mixa 7:5 gblɔ be dzɔdzɔenyenye ƒe anyimanɔmanɔ wɔe be kaka ɖe ame nɔvi dzi meganɔa zɔhɛwo, xɔlɔ̃ veviwo, kple srɔ̃tɔwo gɔ̃ hã dome o. Kpukpui 6 lia ɖee fia be esia na be vlodoame le ƒometɔ kplikplikpliwo abe viŋutsuwo kple wo fofowo, vinyɔnuwo kple wo dadawo ene dome.

10. Aleke Kristotɔwo wɔa nui le numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒe nɔnɔme si li egbea me?

10 Ke egbea hã ɖe? Ðe míekpɔa nu mawo ke tɔgbe oa? Abe alesi wòdzɔ ɖe Mixa dzi ene la, madzɔmadzɔnyenye, makamaka ɖe ame nɔewo dzi, kple hadome kple ƒomegbenɔnɔwo ƒe gbegblẽ ƒo xlã míawo hã. Gake esi míenye Mawu subɔla siwo le xexe madzɔmadzɔ me hã la, míeɖea mɔ be xexe sia ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ nage ɖe Kristo-hamea me o. Ke boŋ la, míedzea agbagba léa anukwareɖiɖi kple nuteƒewɔwɔ ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asi heɖea wo fiana le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Le nyateƒe me la, ‘míenɔa agbe nyuie le nusianu me.’ (Hebritɔwo 13:18) Ðe mielɔ̃ ɖe edzi be esi míeɖea dzɔdzɔenyenye fiana ta la, míekpɔa yayra tso nɔviwo ƒe habɔbɔ si me tɔwo kana ɖe wo nɔewo dzi la me oa?

Aleke Amewo Sea ‘Yehowa ƒe Gbee’?

11. Aleke Mixa 7:12 le eme vamee?

11 Mixa gblɔe ɖi be togbɔ be numadzɔmadzɔwɔwɔ li hã la, dzɔdzɔenyenye aɖo ameƒomeviwo katã gbɔ. Nyagblɔɖilaa gblɔ ɖi be woaƒo amewo nu ƒu “tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, eye tso to gbɔ yi to gbɔ” bene woava zu Yehowa subɔlawo. (Mixa 7:12) Le nyagblɔɖi sia me vava mamlɛa me egbea la, menye dukɔ ɖeka aɖe koe Mawu ƒe nudzɔdzɔewɔwɔ ameŋkumemakpɔmakpɔe le vi ɖem na o, ke boŋ ele vi ɖem na ame vovovo siwo tso dukɔwo katã me. (Yesaya 42:1) Aleke esia le eme vamee?

12. Aleke wole ‘Yehowa ƒe gbe’ sem egbeae?

12 Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, bu nya siwo Mixa gblɔ do ŋgɔ ŋu. Mixa 6:9, (NW) gblɔ be: “Yehowa le du la yɔm; nunyala avɔ̃ wò ŋkɔ la.” Aleke dukɔwo katã me tɔwo sea ‘Yehowa ƒe gbee,’ eye aleke esia do ƒome kple míaƒe nudzɔdzɔewɔwɔe? Le nyateƒe me la, amewo mesea Mawu ƒe gbe ŋutɔŋutɔ egbea ya o. Gake to míaƒe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me la ameƒomevi ɖesiaɖe si le ɖoƒe ɖesiaɖe la le Yehowa ƒe gbe sem. Esia na amesiwo le esem la ‘vɔ̃a Mawu ƒe ŋkɔ la’ eye wova dea bubu deto eŋu. Nyateƒee wònye be míele nu wɔm le dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ me esi míele Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔm veviedodotɔe. Esi míenana amesiame nyaa Mawu ƒe ŋkɔa ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe ta la, míewɔa “nusi le eteƒe.”

Ele Be Míalɔ̃ Dɔmenyowɔwɔ

13. Vovototo kae le amenuveve kple lɔlɔ̃ dome?

13 Azɔ mina míadzro nudidi evelia si woyɔ le Mixa 6:8 me. Yehowa di tso mía si be ‘míalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ.’ Wogaɖea Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “dɔmenyonyo” la gɔme be “amenuveve,” alo “nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃.” Amenuveve nye dzo tsɔtsɔ ɖe amewo ŋu kple nublanuikpɔkpɔ na wo. Amenuveve to vovo tso lɔlɔ̃ gbɔ. Nukae nye vovototoa? Lɔlɔ̃ nye nya si le gbadzaa wu, si woate ŋu aɖe afia ɖe nuwo kple nukpɔsusuwo gɔ̃ hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso amesi “lɔ̃a wein kple ami ʋeʋẽe” kpakple amesi ‘lɔ̃a nunya’ ŋu. (Lododowo 21:17; 29:3) Gake amewoe woɖea amenuveve fiana ɣesiaɣi, vevietɔ amesi le Mawu subɔm. Eyata Mixa 7:20 ƒo nu tso alesi ‘wove Abraham’—amesi subɔ Yehowa Mawu—‘nui’ ŋu.

14, 15. Aleke wòɖea amenuveve fianae, eye eƒe kpeɖodzi kawoe wogblɔ?

14 Le Mixa 7:18 ƒe nya nu la, nyagblɔɖilaa gblɔ be “amenuveve ƒe nu dzea” Mawu ŋu. Menye ɖeko wogblɔ na mí le Mixa 6:8 be míaɖe amenuveve afia ko evɔ o, ke boŋ be míalɔ̃ nɔnɔme ma. Nukae míesrɔ̃ tso ŋɔŋlɔ siawo me? Lɔlɔ̃nu faa mee míetsona ɖea amenuveve fiana eye míeɖenɛ fiana faa le esi míedi be míaɖee afia ta. Abe Yehowa ene la, edzea mía ŋu, alo edzɔa dzi na mí, vevie be míave amesiwo hiã tu nu.

15 Egbea, amenuveve sia nye nusi ɖe dzesi le Mawu ƒe amewo ŋu. Bu eƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋu kpɔ. Le June 2001 me la, ahom si tuna le anyigba xɔdzowo dzi na tsi gã aɖe ɖɔ ɖe Texas, U.S.A., hegblẽ aƒe akpe geɖe siwo me Yehowa Ðasefowo ƒe aƒe alafa nanewo hã nɔ. Ðasefo siwo ade 10,000 lɔ̃ faa zã woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ naneke maxɔmaxɔe be yewoakpe ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo dzi nyaa dzɔ ɖo ŋu. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ dɔ ɖeɖimateameŋutɔe ɣeyiɣi didi si wu ƒe ƒe afã hetsɔ woƒe ŋkekewo, zãwo, kple kwasiɖanuwuwuwo gbugbɔ tu Fiaɖuƒe Akpata 8 kple aƒe 700 na wo nɔvi Kristotɔwo. Amesiwo mete ŋu wɔ dɔ sia o dzɔ nuɖuɖu, xɔtunuwo, kple ga ɖo ɖa. Nukatae Ðasefo akpe gbogbo siawo katã va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu? Esi ‘wolɔ̃ dɔmenyowɔwɔ’ tae. Eye dzidzɔ gã kae nye si wònye be míanya be mía nɔvi siwo le xexeame katãe ɖea amenuveve sia fiana! Ẽ, nudidi si nye be ‘míalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ’ la dzi wɔwɔ menye agba kpekpe o, ke dzidzɔ boŋue wònye!

Bɔbɔ Ðokuiwò le Zɔzɔ Kple Mawu Me

16. Kpɔɖeŋu kae ɖe alesi wòhiã vevie be ame nabɔbɔ eɖokui le zɔzɔ kple Mawu me fia?

16 Nudidi etɔ̃lia si míakpɔ le Mixa 6:8 ye nye be “nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.” Esia fia be míanya míaƒe ŋutete ƒe seɖoƒe eye míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu. Le kpɔɖeŋu me: Bu nyɔnuvi sue aɖe si lé fofoa ƒe asi ɖe asi sesĩe esime wole ahomya sesẽ aɖe me tom ŋu le susu me kpɔ. Nyɔnuvia nyae nyuie be ŋusẽ boo aɖeke mele ye ŋu o, gake eka ɖe fofoa dzi. Ele be míawo hã míanya míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒe gake míaka ɖe mía Fofo si le dziƒo dzi. Aleke míawɔ alé kakaɖedzi sia me ɖe asi? Mɔnu ɖekae nye be míalé nusita nunya le eme be míanɔ Mawu ŋu kplikplikpli ɖe susu me. Mixa ɖo ŋku susu vevi etɔ̃ dzi na mí be: Yehowae nye mía Ðela, míaƒe Mɔfiala, kple mía Takpɔla.

17. Aleke Yehowa ɖe eƒe amewo, hefia mɔ wo, eye wòkpɔ wo tae le blemaɣeyiɣiwo me?

17 Le Mixa 6:4, 5, ƒe nya nu la, Mawu gblɔ be: “Nyee kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.” Ẽ, Yehowae nye Israel ƒe Ðela. Yehowa yi edzi gblɔ be: “Medɔ Mose, Aron kple Miryam wodze ŋgɔwò.” Ezã Mose kple Aron tsɔ kplɔ dukɔa, eye Miryam kplɔ Israel nyɔnuwo le aʋadziɖuɖu ɣeɖuɖu me. (Mose II, 7:1, 2; 15:1, 19-21; Mose V, 34:10) Eyata Yehowa na mɔfiame to esubɔlawo dzi. Le kpukpui 5 lia me la, Yehowa ɖo ŋku edzi na Israel-dukɔa be yekpɔ wo ta le Balak kple Bileam si me eye be yekpɔ Israel-viwo ta le woƒe mɔzɔzɔa ƒe akpa mamlɛa me tso Sitim le Moab-nyigba dzi va ɖo Gilgal le Ŋugbedodonyigbaa dzi.

18. Aleke Mawu wɔa nu abe Ðela, Mɔfiala, kple Takpɔla ene egbea?

18 Le míaƒe zɔzɔ kple Mawu me la, eɖea mí tsoa Satana ƒe xexeame, efiaa mɔ mí to eƒe Nya kple eƒe habɔbɔa dzi, eye wòkpɔa mía ta abe ƒuƒoƒo ene ne tsitretsiɖeŋulawo dze mía dzi. Eyata susu nyui geɖe le mía si si ta míaku ɖe míaƒe Dziƒofofoa ƒe asi ŋu goŋgoŋ esime míele míaƒe mɔzɔzɔ to ahomya me ƒe akpa mamlɛa zɔm kplii yina ɖe afisi de ŋgɔ sasasã wu blema Ŋugbedodonyigbaa la dzi—si nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me.

19. Mɔ ka nue ɖokuibɔbɔ do ƒome kple míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo le?

19 Ðokuibɔbɔ le zɔzɔ kple Mawu me kpena ɖe mía ŋu be míekpɔa míaƒe nɔnɔmewo abe alesi tututu wole ene. Esia le alea elabena ɖokuibɔbɔ bia be míanya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Tsitsi alo lãmegbegblẽ ate ŋu aɖe nusi míate ŋu awɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔ me dzi akpɔtɔ. Gake le esi teƒe be míana esia naɖe dzi le mía ƒo la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbagbadzedzewo kple vɔsawo ŋu le ‘nusi le mía si nu, menye le nusi mele mía si o nu o.’ (Korintotɔwo II, 8:12) Ele eme baa be Yehowa di be míasubɔ ye kple luʋɔ blibo, awɔ nusianu si ŋu míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔ ɖo. (Kolosetɔwo 3: 23) Ne míetsɔ didi vevie kple dzonɔameme wɔ nusianu si míate ŋui le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me la, eyraa mí geɖe.—Lododowo 10:22.

Lala Hea Yayrawo Vɛ

20. Nuka nyanyae le be woakpe ɖe mía ŋu míalala abe Mixa ene?

20 Yehowa ƒe yayrawo xɔxɔ ʋãa mí míesrɔ̃a Mixa ƒe nɔnɔme. Egblɔ be: “Makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.” (Mixa 7:7) Aleke nya siawo do ƒome kple míaƒe zɔzɔ le ɖokuibɔbɔɖeanyi me kple Mawui? Mawu ƒe asinukpɔkpɔ, alo dzigbɔgbɔɖi, kpena ɖe mía ŋu be míaƒo asa na dzi si aɖe le mía ƒo le esi Yehowa ƒe ŋkekea meva haɖe o ta. (Lododowo 13:12) Nyateƒee wònye be mí katã míele mɔ kpɔm na nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ƒe vava vevie. Gake kwasiɖa sia kwasiɖa nyea ɣeyiɣi siwo me ame akpe geɖe aɖewo dzea woƒe zɔzɔ kple Mawu gɔme teti. Ema nyanya nana míekpɔ susu nyui aɖe si ta wòle be míakpɔ Mawu sinu ɖo. Ðasefo aɖe si subɔ ɣeyiɣi didi aɖe gblɔ le esia ŋu be: “Ne metrɔ kpɔ megbe kpɔ ƒe siwo wu 55 si metsɔ wɔ gbeƒãɖeɖedɔae la, meka ɖe edzi be naneke meto ŋunye le Yehowa sinu kpɔkpɔ me o. Ðe wòkpɔ tanye tso dzigbagbã geɖe me boŋ.” Ðe nuteƒekpɔkpɔ sia tɔgbe su asiwòa?

21, 22. Aleke Mixa 7:14 le eme vam le míaƒe ŋkekea me?

21 Ðikeke mele eme o be zɔzɔ kple Yehowa ɖea vi na mí. Abe alesi míexlẽe le Mixa 7:14 ene la, Mixa tsɔ Mawu ƒe amewo sɔ kple alẽ siwo li bɔkɔɔ le wo kplɔla gbɔ. Le nyagblɔɖi sia me vava gãtɔ me egbea la, gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo kple ‘alẽ bubuawo’ le dedie vavã le wo Kplɔla Yehowa, amesi dzi woka ɖo la, si me. ‘Woɖe ɖe aga le ave me, le atikutsetsebɔ me’ si fia be le gbɔgbɔ me gome la, woɖe wo ɖe aga tso xexe sia si me kuxiwo kple afɔkuwo le dzidzim ɖe edzi ɣesiaɣi la me.—Yohanes 10:16; Mose V, 33:28; Yeremya 49:31; Galatiatɔwo 6:16.

22 Nu dze edzi na Yehowa ƒe amewo, abe alesi Mixa 7:14 hã gblɔe ɖi ene. Esi Mixa nɔ nu ƒom tso Mawu ƒe alẽwo, alo amewo ŋu la, egblɔ be: “Woaɖu gbe le Basan kple Gilead.” Abe alesi alẽ siwo nɔ Basan kple Gilead ɖu gbe dama eye wode ami ene la, nenema ke nu dze edzi na Mawu ƒe amewoe le gbɔgbɔ me egbea—si ganye amesiwo zɔna le ɖokuibɔbɔɖeanyi me kple Mawu la ƒe yayra bubu.—Mose IV, 32:1; Mose V, 32:14.

23. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Mixa 7:18, 19 me dzodzro me?

23 Le Mixa 7:18, 19 la, nyagblɔɖilaa he susu yi Yehowa ƒe didi be yeatsɔ ake amesiwo trɔ dzime dzi. Kpukpui 18 lia gblɔ be Yehowa “tsɔa vodada kena” eye ‘meléa ŋku ɖe dzidada ŋu o.’ Le kpukpui 19 lia ƒe nya nu la, ‘atsɔ woƒe nuvɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe.’ Nusiwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme dometɔ ɖeka ɖe? Míate ŋu abia mía ɖokui ase be ɖe míesrɔ̃a Yehowa le go sia me hã? Ðe míetsɔa agɔ siwo amewo dzena le mía dzi kenaa? Ne amesiwo dze agɔ le mía dzi trɔ dzime eye wodi be míadzra mía nɔewo dome ɖo la, anyo be míaɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ faa be yeatsɔ nusianu ake tegbee la afia le míaƒe nuwɔna me.

24. Viɖe kae nèkpɔ tso Mixa ƒe nyagblɔɖia me?

24 Vi kae Mixa ƒe nyagblɔɖia me dzodzro ɖe na mí? Eɖo ŋku edzi na mí be Yehowa naa mɔkpɔkpɔ vavãtɔ amesiwo te ɖe eyama ŋu. (Mixa 2:1-13) Ede dzi ƒo na mí be míawɔ nusianu si míate ŋui atsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔ ale be míazɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me tegbee. (Mixa 4:1-4) Eye woka ɖe edzi na mí katã be agbe me nɔnɔme ka ke mee míele o, míate ŋu aɖo Yehowa ƒe nudidiwo gbɔ. Ẽ, Mixa ƒe nyagblɔɖia do ŋusẽ mí vavã be míazɔ le Yehowa ƒe ŋkɔa me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Le Mixa 6:8 ƒe nya nu la, nukae Yehowa di tso mía si?

• Nukae wobia tso mía si ne míanye ‘nu dzɔdzɔe wɔlawo’?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be ‘míelɔ̃ dɔmenyowɔwɔ’?

• Nukae ‘ɖokuibɔbɔ le zɔzɔ kple Mawu me’ lɔ ɖe eme?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Togbɔ be nɔnɔme vɔ̃ɖiwo nɔ Mixa ƒe ŋkekea me hã la, enɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu. Eyata wò hã àte ŋui

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Wɔ nu dzɔdzɔe to ɖaseɖiɖi na ameƒomevi ɖesiaɖe me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Ðee fia be yelɔ̃ dɔmenyowɔwɔ to amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Wɔ nusi nàte ŋui esime le ɖokuibɔbɔ me nèna wò ŋku le wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã ŋu