Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tadedeagu Vavã Na Ƒome aɖe Wɔ Ðeka

Tadedeagu Vavã Na Ƒome aɖe Wɔ Ðeka

Tadedeagu Vavã Na Ƒome aɖe Wɔ Ðeka

ƑE 13 ye Maria xɔ esime woa kple nɔvianyɔnu sue, Lucy, se nu tso Yehowa ŋu tso woƒe ƒometɔ aɖe gbɔ. Eƒe ƒometɔa ɖe Paradiso me nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa me na wo. Esi esia do dzidzɔ na wo ta la, wodze eyome yi Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Nufiame si me kɔ si wonana le afima la wɔ dɔ ɖe Maria dzi ale gbegbe. Eto vovo kura tso nusi wowɔna le sɔleme, afisi woyina ɖadzia ha ko le la gbɔ! Eteƒe medidi o Yehowa Ðasefo aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖeviawo.

Wo fo, Hugo, doa vivi ɖe xexemenunya kple nɔnɔmetɔtrɔ nufiafiawo ŋu. Ebua eɖokui mawudzimaxɔselae. Gake esi wònɔ asrafodɔ wɔm la, exlẽ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation?  * Ekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo subɔsubɔha aɖeke mete ŋu na o. Esi wòwu eƒe asrafodɔa wɔwɔ nu la, ete dzixɔse yeye si su esi ɖe Mawu me la tutuɖo to Biblia sɔsrɔ̃ kpakple kpekpewo dede kple nɔvianyɔnuawo me. Maria kple Lucy xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1992 me, si nye ƒe eve tso esime wose nyateƒea, eye wo foa hã xɔe le ƒe eve megbe.

Le ɣeyiɣi siawo katã me la, wo dzilawo, siwo lé Katoliko kɔnyinyiwo me ɖe asi vevie la, metsɔ ɖeke le nyateƒea me boo o. Togbɔ be sɔhɛ Ðasefo siwo wo viwo kplɔna va aƒeme ƒe nuwɔna nyuiwo kple dzadzraɖo nyuie nyoa wo ŋu hã la, wobua Yehowa Ðasefowo be woƒe nu kua dzi na ame. Gakpe ɖe eŋu hã, ne ɖeviawo le dze ɖom tso nusi wosrɔ̃ le kpekpeawo me ŋu le nuɖukplɔ̃ ŋu la, wo dzilawo dina be yewoagase nu geɖe.

Ke hã, dzilawo kple evea siaa tsɔ ɖe le adzewɔwɔ me. Fofo la nye ahanoxee si ƒoa wo dada. Ƒomea nɔ gbagbãm. Emegbe Fofoa yi ɖanɔ gaxɔ me kwasiɖa eve le ahamumu nuwɔnawo ta. Esime wònɔ gaxɔa me la, ete Biblia xexlẽ. Esi wònɔ exlẽm la, eva ke ɖe Yesu ƒe nya siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesiwo ŋu. Ewɔ nuku na wo fofo kple wo dada siaa ale gbegbe be woyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me helɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli yewo. Esi wònya srɔ̃ nyateƒea ko la, wogblẽ agbalẽ siwo katã nɔ wo si ku ɖe adzewɔwɔ ŋu la dome eye wovo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe amedzidzedze me to Yehowa ƒe ŋkɔa dzi yɔyɔ me. Wote tɔtrɔ ɖedzesiwo wɔwɔ le woƒe amenyenye ŋu.

Àte ŋu àkpɔ alesi wòawɔ dɔe ɖe Maria kple Lucy dzi be woakpɔ Hugo wòanɔ nyɔnyrɔ nam wo dzilawo le nutome gã takpekpeawo dometɔ ɖeka me le Bolivia le ƒe 1999 me le susu mea? Ƒe asieke enye ma va yi tso esime Maria kple Lucy se nu tso Yehowa kple eƒe ŋugbedodowo ŋu zi gbãtɔ. Woa kple Hugo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm fifia. Aleke dzi dzɔa woe nye si be tadedeagu vavãtɔ he ɖekawɔwɔ va woƒe ƒomea me!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Yehowa Ðasefowoe tae.