Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèbua Haxɔsetɔ Tsitsiwo Ame Veviwoea?

Ðe Nèbua Haxɔsetɔ Tsitsiwo Ame Veviwoea?

Ðe Nèbua Haxɔsetɔ Tsitsiwo Ame Veviwoea?

ESI blema Israel dukɔa nɔ nubabla ƒe ƒomedodo me kple Mawu la, ede se na wo be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la.” (Mose III, 19:32) Eyata bubudede ame tsitsi ŋu nye dɔdasi kɔkɔe si do ƒome kple ɖokuibɔbɔ ɖe Mawu te. Togbɔ be Kristotɔwo megale Mose ƒe Sea te egbea o hã la, eɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa bua esubɔla siwo nye ame tsitsiwo be wole vevie hexɔ asi na ye. (Lododowo 16:31; Hebritɔwo 7:18) Ðe míeɖea Yehowa ƒe nukpɔsusua fiana? Ðe míebua nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ tsitsiwo ame veviwoea?

Ebu Exɔlɔ̃ Tsitsia Ame Vevii

Biblia ŋutinya aɖe si te gbe ɖe bubudede ame tsitsiwo ŋu dzi dze le Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia me. Eƒo nu tso alesi nyagblɔɖila ɖevitɔ Elisa va xɔ ɖe nyagblɔɖila tsitsi Eliya teƒe ŋu. Bu nusi dzɔ le Eliya ƒe ŋkeke mamlɛ si dzi wòsubɔ Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea ŋu kpɔ.

Gbemagbe la, Yehowa de se na nyagblɔɖila tsitsi la be wòazɔ mɔ atso Gilgal ayi Betel, tso Betel ayi Yerixo, eye tso Yerixo ayi Yordan-tɔsisi to. (Fiawo II, 2:1, 2, 4, 6) Le Eliya ƒe mɔzɔzɔ ma si ade kilometa 50 me la, eƒoe ɖe Elisa nu zi etɔ̃ be wòatrɔ le ye yome. Gake abe alesi ɖetugbi Rut gbe be yemagblẽ Naomi ɖi o ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ ene la, nenema ke Elisa gbe be yemagblẽ nyagblɔɖila tsitsi la ɖi o. (Rut 1:16, 17) Elisa gblɔ zi gbɔ zi etɔ̃ be: “Meta Yehowa ƒe agbe kple wò agbe: Ne magblẽ wò ɖi fĩ!” (Fiawo II, 2:2, 4, 6) Vaseɖe ɣemaɣi la, Elisa subɔ Eliya ƒe ade aɖewo va yi xoxo. Ke hã edi be yeasubɔ kple Eliya alesi yeate ŋui. Le nyateƒe me la, ŋutinyaa gblɔ kpe ɖe eŋu be: ‘Esime wogale nu ƒom le yiyim la, kpɔ ɖa, Eliya lia yi dziƒo.’ (Kpukpui 11) Eliya kple Elisa nɔ dze ɖom vaseɖe Eliya ƒe subɔsubɔ le Israel ƒe ɣeyiɣi mamlɛa me. Edze ƒã be nyagblɔɖila ɖevitɔ nɔ didim vevie be yeaxɔ nufiame kple dzideƒonya geɖe alesi yeate ŋui tso nyagblɔɖila tsitsitɔ, si si nuteƒekpɔkpɔ le wu la gbɔ. Eme kɔ ƒã be ebu exɔlɔ̃ tsitsia ame vevii.

‘Abe Fofowo Kple Dadawo Ene’

Mesesẽ be woakpɔ nusita Elisa lɔ̃ nyagblɔɖila tsitsitɔ abe xɔlɔ̃—abe gbɔgbɔmefofo gɔ̃ hã—ene o. (Fiawo II, 2:12) Hafi Eliya ƒe dɔdasi le Israel nawu enu teti la, egblɔ na Elisa be: “Bia nusi mawɔ na wo, hafi woatsɔm adzoe le gbɔwò.” (Kpukpui 9) Eyata Eliya tsɔ ɖe le amesi ava xɔ ɖe eteƒe ƒe gbɔgbɔ me dedienɔnɔ me kple le Mawu ƒe dɔa ƒe edziyiyi me vaseɖe nuwuwu.

Egbea la, enyea dzidzɔ be woakpɔ fofo kple dada ƒe ɖetsɔleme ma si mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ tsitsiwo ɖena fiana ne wole woƒe sidzedze kple nunya fiam sɔhɛawo. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le subɔsubɔm ɣeyiɣi didi le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea lɔ̃na faa kpena ɖe Betel-ƒomea me tɔ yeyewo ŋu be aɖaŋu si wohiã na dɔwɔwɔ la nasu wo si. Nenema ke dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo siwo tsɔ ƒe geɖe srã hameawo kpɔ la tsɔa dzidzɔ gblɔa woƒe nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo na amesiwo hem wole la be woazu subɔla mɔzɔlawo. Gawu la, le Yehowa Ðasefowo ƒe hameawo me le xexeame godoo la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsi siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe gbogbowo li siwo tsɔ dzidzɔ gblɔa woƒe nunya kple nuteƒekpɔkpɔ na hamea me tɔ yeyewo.—Lododowo 2:7; Filipitɔwo 3:17; Tito 2:3-5.

Dzotsɔtsɔɖeameŋu si Kristotɔ tsitsi vevi siawo ɖena fiana la na bubudede wo ŋu nyea dzidzɔ nyateƒe. Eyata míedi be míasrɔ̃ Elisa ƒe kpɔɖeŋua eye míakpɔ ŋudzedze ɖe haxɔsetɔ tsitsi siawo ŋu vevie. Abe alesi apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí ene la, mina míayi edzi abu “ame tsitsi . . . abe fofo ene, kple nyɔnu tsitsiwo abe dadawo ene.” (Timoteo I, 5:1, 2) Ne míewɔe alea la, míanɔ asi kpem ɖe Kristo-hamea ŋu le xexeame godoo be nuwo natsɔ afɔ ahayi edzi nyuie.

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Elisa di vevie be yeasubɔ kple Eliya alesi yeate ŋui

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ðeviwo kpɔa viɖe geɖe tsoa Kristotɔ tsitsiwo gbɔ