Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Le Xaxaɣiwo

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Le Xaxaɣiwo

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe Le Xaxaɣiwo

“Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.”​—PSALMO 46:2.

1, 2. (a) Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be egbɔgblɔ be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ko mesɔ gbɔ o? (b) Nukatae wòle be míawɔ nusi yi ŋgɔ wu gbɔgblɔ ko be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ko?

GBƆGBLƆ be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu le bɔbɔe. Gake eɖeɖefia le míaƒe nuwɔnawo me ya mele bɔbɔe nenema o. Le kpɔɖeŋu me, nyagbe si nye “Mawu Ŋue Míeɖoa Ŋu Ðo” dze le United States ƒe gagbalẽwo kple gakuwo dzi ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. * Le ƒe 1956 me la, United States ƒe Sewɔtakpekpea de se be nyagbea nazu United States dukɔa ƒe mɔfiamenya. Gake to vovo na ema la, ame geɖewo va ɖoa ŋu ɖe ga kple ŋutilãmenuwo ŋu vevie tsɔ wu Mawu—menye le dukɔ ma ɖeɖeko me o ke boŋ le xexeame katã hã.​—Luka 12:16-21.

2 Esi míenye Kristotɔwo ta la, ele be míawɔ nusi yi ŋgɔ wu gbɔgblɔ be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ko. Abe alesi ‘xɔse dɔwɔwɔ manɔŋui nye nu kuku’ la, nenema kee viɖe aɖeke manɔ míaƒe gbɔgblɔ be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu ŋuti o, negbe ɖe míetsɔ míaƒe nuwɔnawo ɖo kpe edzii. (Yakobo 2:26) Le míaƒe nyati si do ŋgɔ me la, míesrɔ̃e be míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu dzena ne míetrɔ ɖe eŋu le gbedodoɖa me, ne míedi mɔfiafia tso eƒe Nya me, kple ne míekpɔ eƒe habɔbɔa sinu hena mɔfiafia. Mina míadzro alesi míate ŋu aɖe afɔ etɔ̃ siawo le xaxaɣiwo me.

Ne Dɔ Ge le Ame Si alo Fetu Medea Afi Aɖeke O

3. Ganyawo ƒe amemiamia kawo mee Yehowa subɔlawo tona le “ɣeyiɣi vɔ̃” siawo me, eye aleke míewɔ nya be Mawu le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu?

3 Le “ɣeyiɣi vɔ̃” siawo me la, mí Kristotɔwo hã míesea ganyawo ƒe amemiamia abe ame bubuwo ke ene. (Timoteo II, 3:1) Eyata ate ŋu adzɔ be dɔ nage le mía si kpata. Alo dɔ bubu aɖeke manɔe míagakpɔ awɔ o tsɔ wu dɔwɔwɔ ɣeyiɣi didi hena fetu sue aɖe ko xɔxɔ o. Asesẽ na mí le nɔnɔme siawo me be ‘míalé be na mía ŋutɔ tɔwo.’ (Timoteo I, 5:8) Ðe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi mawo mea? Ẽ, ele klalo! Nyateƒee, Yehowa mekpɔa mía ta tso agbemekuxiwo katã me le nuɖoanyi sia me o. Gake ne míeɖoa ŋu ɖe eŋu la, nya siwo le Psalmo 46:2 ava eme na mí be: “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.” Gake aleke míate ŋu aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe le ganyawo ƒe sesẽɣiwo me?

4. Ne gakuxiwo le fu ɖem na mí la, nukae míate ŋu ado gbe ɖa abia, eye aleke Yehowa wɔa nu ɖe biabia sia ŋui?

4 Mɔ ɖeka si dzi míato aɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu afiae nye be míatrɔ ɖe eŋu le gbedodoɖa me. Gake nukae míate ŋu ado gbe ɖa abia? Esi gakuxiwo le fu ɖem na mí ta la, míahiã nuwɔwɔ le nunya me fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe. Ekema ele kokoko be nàdo gbe ɖa abiae! Yehowa ƒe Nya ka ɖe edzi na mí be: “Ne mia dometɔ aɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.” (Yakobo 1:5) Ẽ, bia Yehowa be wòana nunya wò—si nye alesi woawɔ sidzedze, nugɔmesese, kple gɔmesese deto ŋudɔe nyuie—ale be nàte ŋu awɔ nyametsotso nyuiwo kple tiatia nyuiwo. Míaƒe Dziƒofofo lɔ̃ame la ka ɖe edzi na mí be yeaɖo to gbedodoɖa siawo. Ele klalo ɣesiaɣi be yeata mɔ na amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu tso dzi me.—Psalmo 65:3; Lododowo 3:5, 6.

5, 6. (a) Nukatae míate ŋu adi gakuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋuti mɔfiafiawo tso Mawu ƒe Nya me? (b) Nukae míate ŋu awɔ be míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ ne dɔ ge le mía si?

5 Mɔfiame didi le Mawu ƒe Nya la me nye mɔ bubu si dzi míato aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. ‘Kakaɖedzi le’ eƒe ŋkuɖodzinya siwo dze le Biblia me ‘ŋu ale gbegbe.’ (Psalmo 93:5) Togbɔ be ƒe 1,900 enye si va yi esi wowu agbalẽ ma si tso gbɔgbɔ me ŋɔŋlɔ nu hã la, aɖaŋuɖoɖo akuakua kple nugɔmesese deto le eme si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe ganyawo ƒe sesẽ nu nyuie wu. Mina míade ŋugble le Biblia me nunya aɖewo ŋu.

6 Fia nyanu Salomo gblɔ ɣeyiɣi didi aɖe va yi be: “Dɔwɔla ɖaɖu nu ʋɛ o, eɖaɖu nu geɖe o, alɔ̃ vivina nɛ; ke kesinɔtɔ ƒe nu gbogboawo menana wòdɔa alɔ̃ o.” (Nyagblɔla 5:12) Exɔa ɣeyiɣi kple ga be míadzra míaƒe ŋutilãmenunɔamesiwo ɖo, ana woanɔ dzadzɛ, ahalé be na wo. Eyata ne dɔ ge le mía si la, míate ŋu azã mɔnukpɔkpɔa agbugbɔ adzro alesi míenɔa agbee me, ahadze agbagba be míade vovototo nuhiahiãwo kple nudzodzrowo dome. Be míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ la, anyo be míawɔ tɔtrɔ aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòanɔ bɔbɔe be míanɔ agbe tsɛ, ɖewohĩ be míaʋu ayi xɔ si le sue wu me alo aɖe nunɔamesi siwo mehiã o ɖaa?—Mateo 6:22.

7, 8. (a) Aleke Yesu ɖee fiae be dzitsitsi akpa ɖe ŋutilãmenuwo ŋu nye amegbetɔ madeblibo ƒe nɔnɔme? (Kpɔ ete nuŋɔŋlɔa.) (b) Aɖaŋuɖoɖo nyui kae Yesu na ku ɖe alesi woaƒo asa na dzimaɖitsitsi yakatsyɔ ŋu?

7 Yesu xlɔ̃ nu le Todzimawunyaa me be: “Migatsi dzimaɖi le miaƒe agbe ŋuti, nusi miaɖu kple nusi miano o, alo le miaƒe ame blibo la ŋuti, nusi miata o.” * (Mateo 6:25) Yesu nyae be amegbetɔ madeblibowo tsia dzi ɖe woƒe agbemenuhiahiãwo ŋu le dzɔdzɔme nu. Gake aleke míawɔ ate ŋu ‘adzudzɔ dzimaɖitsitsi’ ɖe nu mawo ŋu? Yesu gblɔ be: “Midi mawufiaɖuƒe la . . . gbãgbiagbã.” Kuxi ka kee míeɖado goe o, ele be míayi edzi atsɔ Yehowa ƒe tadeagu aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me. Ne míewɔe alea la, ekema mía Fofo si le dziƒo atsɔ míaƒe gbesiagbenuhiahiãwo katã “akpe ɖe eŋu na mí.” Le mɔ aɖe nu la, awɔe wòanɔ bɔbɔe be míate ŋu anɔ te ɖe enu.—Mateo 6:33.

8 Yesu gaɖo aɖaŋu sia kpee be: “Migatsi dzimaɖi le etsɔ si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etsɔ si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋutɔ ƒe nuwo ŋuti.” (Mateo 6:34) Mesɔ be míatsi dzi fũ akpa ɖe nusi adzɔ le etsɔme ŋu o. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, etsɔme megblẽna nenema gbegbe abe alesi míevɔ̃na nɛ ene o.” Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe be míaƒe susu nanɔ nu vevitɔwo ŋu ahanɔ agbe ɖe nusi ŋkeke ɖesiaɖe bia ko nu la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na dzimaɖitsitsi yakatsyɔ.—Petro I, 5:6, 7.

9. Ne gakuxiwo le fu ɖem na mí la, kpekpeɖeŋu kae míate ŋu akpɔ le agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta me?

9 Ne gakuxiwo le fu ɖem na mí la, míagate ŋu aɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu afia to agbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta me dzodzro hena kpekpeɖeŋu me. (Mateo 24:45) Enuenu la, Nyɔ! magazine la hea susu yia nyati siwo me nyatakaka vevi aɖewo kple aɖaŋuɖoɖowo le ku ɖe alesi woakpɔ gakuxiwo gbɔe dzi. Nyati si nye “Dɔ ƒe Gege le Ame Si—Nukawoe Nye Egbɔkpɔnu?” si dze le August 8, 1991, ƒe Eŋlisigbe me tɔ me la, na mɔfiame enyi siwo kpe ɖe ame geɖewo ŋu be woda sɔ le ganyawo kple seselelãme gome esime dɔmakpɔwɔe ƒe kuxia do mo ɖa. * Le nyateƒe me la, ele be woatsɔ vevienyenye ŋutɔŋutɔ si le ga ŋu ƒe nukpɔsusu si da sɔ akpɔ mɔfiame siawoe. Wodzro nya sia me le nyati si nye “Nane si Le Vevie Wu Ga” me, si dze le tata ma ke me.—Nyagblɔla 7:12.

Ne Lãmegbegblẽ Le Fu Ðem na Mí

10. Aleke Fia Dawid ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be nunya le eme be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne míele dɔ lém vevie?

10 Ðe nunya le eme be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne wole dɔ sesẽ aɖe léma? Ẽ! Yehowa sea veve ɖe amesiwo le dɔ lém le eƒe amewo dome la nu. Gawu la, ele klalo be yeakpe ɖe wo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu Fia Dawid ŋu kpɔ. Anye be eya ŋutɔ nɔ dɔ lém vevie esime wòŋlɔ nu tso alesi Mawu wɔa nu ɖe ame dzɔdzɔe si le dɔ lém la ŋu. Egblɔ be “Yehowa akpe ɖe eŋu le dɔ ba dzi; ne ele dɔ lém la, atrɔ eƒe aba dzi nɔnɔ bubui.” (Psalmo 41:2, 4, 8, 9) Dawid lé ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu me ɖe asi sesĩe, eye mlɔeba la, fia la va haya tso eƒe dɔlélea me. Gake aleke míate ŋu aɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ne lãmegbegblẽ le fu ɖem na mí?

11. Ne míedze dɔ la, nukae míate ŋu abia mía Fofo si le dziƒo la?

11 Ne míedze dɔ la, mɔ ɖeka si dzi míaɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu afia le enye kukuɖeɖe nɛ le gbedodoɖa me be wòakpe ɖe mía ŋu be míado dzi. Míate ŋu abiae be wòakpe ɖe mía ŋu ‘míawɔ nu le nunya me’ be míate ŋu akpɔ hayahaya si nu míaƒe nɔnɔmea ate ŋu aɖe mɔ ɖo wòanyo. (Lododowo 3:21) Míate ŋu abiae hã be wòana mí dzigbɔɖi kple dzidodo be míate ŋu anɔ te ɖe dɔlélea nu. Ƒo wo katã ta la, míadi be míabia Yehowa be wòalé mí ɖe te, ahado ŋusẽ mí be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ eye be míada asɔ nuka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi o. (Filipitɔwo 4:13) Nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Mawu le vevie wu agbe si míele egbea ta kpɔkpɔ gɔ̃ hã. Ne míelé míaƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la, Teƒeɖola Gã la ana agbe kple lãmesẽ deblibo mí tegbee.​—Hebritɔwo 11:6.

12. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso nyuiwo ne míele dɔdamɔnuwo tiam?

12 Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ʋãa mí hã be míadzro eƒe Nya, Biblia la me, hena mɔfiame nyuitɔ. Gɔmeɖose siwo le Ŋɔŋlɔawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ atike si míawɔ la ŋuti nyametsotso nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me, esi míenya be Biblia tsi tre ɖe “afakaka” ŋu ta la, míadi be míaƒo asa na dɔléle si le fu ɖem na mí ŋu nyatakaka didi alo eƒe atikewɔwɔ to gbɔgbɔyɔyɔmɔnuwo dzi. (Galatiatɔwo 5:19-21; Mose V, 18:10-12) Biblia me nunya si dzi woate ŋu aka ɖo ƒe kpɔɖeŋu bubue nye esi: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” (Lododowo 14:15) Eyata ne míele dɔdamɔnu aɖe ŋu bum la, anyo be míadi nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le tsɔ wu be ‘míaxɔ nya sia nya dzi ase.’ ‘Ŋuɖɔɖɔɖo’ alea akpe ɖe mía ŋu be míada esi míetia la akpɔ nyuie ahawɔ nyametsotso si nɔ te ɖe sidzedze si su mía si la dzi.—Tito 3:12.

13, 14. (a) Nyati siwo me nufiame geɖe le ku ɖe lãmesẽnyawo ŋu kae wota ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me? (Kpɔ aɖaka si le axa 17.) (b) Aɖaŋuɖoɖo kae wona ku ɖe dɔmavɔleameŋu ŋu le February 8, 2001 ƒe Nyɔ! me?

13 Míate ŋu aɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu afia hã to numekuku wɔwɔ le agbalẽ siwo dɔla nuteƒewɔla la ta me. Enuenu la, Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo taa nyati siwo me mɔfiamewo le ku ɖe lãmegbegblẽ vovovo kple dɔléle gbogbo aɖewo ŋu. * Ɣeaɖewoɣi la, wotaa ame ɖekaɖeka aɖewo siwo te ŋu nɔ te ɖe lãmegbegblẽ, dɔléle, kple nuwɔamewo nu dzidzedzetɔe ŋuti nyawo ɖe magazine siawo me. Gakpe ɖe eŋu la, nyati aɖewo ƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃amewo kple aɖaŋuɖoɖo nyui siwo fiaa alesi woanɔ te ɖe dɔmavɔleameŋuwo nu ŋu.

14 Le kpɔɖeŋu me, Nyɔ! ƒe tata si nye February 8, 2001, ƒo nu tso nyati si le eƒe akpa dzi be “Akɔfafa na Dɔnɔwo” ŋu. Nyatiawo dzro Biblia me gɔmeɖose siwo kpena ɖe ame ŋu kpakple nyatakaka siwo woxɔ tẽ to numedzodzro kple amesiwo ŋu dɔléle gblẽ nu le ƒe geɖe la me eye wonya nu tso woƒe dɔlélea ŋu nyuie me. Nyati si nye “Tenɔnɔ Ðe Wò Dɔlélea Nu Dzidzedzetɔe—Le Mɔ Ka Nu?” ɖo aɖaŋu sia be: Srɔ̃ nu tso wò dɔlélea ŋu alesi nàte ŋui. (Lododowo 24:5) Ðo taɖodzinu nyuiwo, si me kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu hã le, gake nyae be ɖewohĩ màte ŋu aɖo taɖodzinu siwo gbɔ ame bubuwo te ŋu ɖo la gbɔ o. (Dɔwɔwɔwo 20:35; Galatiatɔwo 6:4) Megaɖe ɖokuiwò ɖe aga o. (Lododowo 18:1) Na dzi nadzɔ amesiwo va srã wò kpɔ. (Lododowo 17:22) Ƒo wo katã ta la, na wò kple Yehowa dome ƒomedodo kpakple hadede kple hamea nanɔ kplikplikpli. (Naxum 1:7; Romatɔwo 1:11, 12) Ðe mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le, si Yehowa nana toa eƒe habɔbɔ dzi la, medzɔa dzi na mí oa?

Ne Ŋutilã me Gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe Gakpɔtɔ Li

15. Aleke apostolo Paulo wɔ te ŋu ɖu avuwɔwɔ kple eƒe ŋutilã madeblibo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, eye kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ mía si?

15 Paulo ŋlɔ bena: ‘Le nye ŋutilã me la, nu nyui aɖeke menɔa anyi o.’ (Romatɔwo 7:18) Paulo to eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ me nya alesi ŋutilã madeblibo ƒe nudzodzrowo kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ɖuɖu sesẽ. Ke hã kakaɖedzi nɔ Paulo si hã be yeate ŋu aɖu edzi. (Korintotɔwo I, 9:26, 27) Le mɔ ka nu? To ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me me. Ema tae Paulo te ŋu gblɔ be: “O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã? Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Romatɔwo 7:24, 25) Ke míawo ya ɖe? Míawo hã míele avu wɔm kple ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Esi míele ʋiʋlim be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo dzi la, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo bɔbɔe, eye wòawɔ na mí be míate ŋu akpɔ dzidzedze gbeɖe o. Gake Yehowa akpe ɖe mía ŋu, ne míawo hã míeɖo ŋu ɖe Eŋu vavã abe Paulo ene eye míeɖo ŋu ɖe míaƒe ŋutete ɖeɖe ko ŋu o.

16. Ne míete ŋu le asi ɖem le ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe ŋu o la, nukae wòle be míado gbe ɖa abia, eye nukae wole be míawɔ ne míegate nu gbegblẽa wɔwɔ ake?

16 Ne míete ŋu le asi ɖem le ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe ŋu o la, míate ŋu aɖe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu afia to kokoƒoƒo nɛ le gbedodoɖa me dzi. Ele be míabia ahaɖe kuku gɔ̃ hã na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ mí. (Luka 11:9-13) Míate ŋu abia ɖokuidziɖuɖu, si nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe la tẽ. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Nukae míawɔ ne míegate nu gbegblẽa wɔwɔ ake? Kokoko la, mele be míana ta o. Ðeɖi negate mía ŋu gbeɖe le gbedodoɖa ɖokuibɔbɔtɔe na mía Mawu nublanuikpɔla la be wòatsɔe ake mí ahakpe ɖe mía ŋu me o. Yehowa mado vlo dzi “gbagbã, si tugu” le fɔɖiɖi ƒe seselelãme ta la gbeɖe o. (Psalmo 51:19) Ne míeɖe kuku na Yehowa tso dzi blibo me la, akpe ɖe mía ŋu be míakpe akɔ kple tetekpɔwo.—Filipitɔwo 4:6, 7.

17. (a) Nukatae viɖe le eŋu be míade ŋugble le alesi Yehowa bua gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si koŋ ƒe avu wɔm míele ŋu? (b) Mawunyakpukpui kawo me nyawoe míate ŋu alé ɖe tame ne míele avu wɔm kple dzikudodo kabakaba? ne míedi be míakpɔ míaƒe aɖe dzi? ne míedi be míaɖu gomekpɔkpɔ le modzakaɖeɖe madzemadze aɖe me dzi?

17 Míate ŋu aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu hã to eƒe Nya la me kuku hena kpekpeɖeŋu. Míate ŋu adi biabia si nye ‘Aleke Yehowa bua gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe si koŋ ƒe avu wɔm mele lae?’ ƒe ŋuɖoɖo to Biblia ƒe nyadigbalẽ alo Watch Tower Publications Index zazã me. Ŋugbledede le alesi Yehowa bua nya lae ŋu ate ŋu ado ŋusẽ míaƒe didi be míadze eŋu. Esia ana míakpɔ nuwo abe alesi wòkpɔa woe ene, eye míalé fu nusiwo wòlé fui. (Psalmo 97:10) Ame aɖewo kpɔe be ne yewolé mawunyakpukpui si ku ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ si ƒe avu wɔm yewole la ŋu ɖe tame la, ekpena ɖe yewo ŋu. Ðe míele ʋiʋlim be míaɖu dzikudodo kabakaba dzia? Ekema míate ŋu alé mawunyakpukpuiwo abe Lododowo 14:17 kple Efesotɔwo 4:31 ene me nyawo ɖe tame. Ðe wòsesẽna na mí be míakpɔ míaƒe aɖe dzia? Míate ŋu asrɔ̃ mawunyakpukpuiwo abe Lododowo 12:18 kple Efesotɔwo 4:29 ene me nyawo ɖe tame. Ðe míelɔ̃a modzaka madzemadzewo ɖeɖea? Míate ŋu ate kpɔ be míaɖo ŋku mawunyakpukpuiwo abe Efesotɔwo 5:3; Kolosetɔwo 3:5 ene me nyawo dzi.

18. Nukatae mele be míana ŋukpe naxe mɔ ɖe míaƒe kpekpeɖeŋu biabia tso hamemegãwo gbɔ hena míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi ɖuɖu nu o?

18 Kpekpeɖeŋu didi tso hamemegã siwo gbɔgbɔa ɖo le hamea me gbɔ la nye mɔ bubu si nu míate ŋu aɖee afia le be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Le nyateƒe me la, ‘nunana siwo nye amewo’ nye ɖoɖo si Yehowa wɔ to Kristo dzi be woakpɔ yeƒe alẽwo ta ahalé be na wo. (Efesotɔwo 4:7, 8, 11-14) Ele eme baa be kpekpeɖeŋu biabia hena gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi ɖuɖu menɔa bɔbɔe ya o. Akpe ŋu na mí, eye míanɔ vɔvɔ̃m be hamemegãwo makpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu tututu o. Gake ɖikeke mele eme o be gbɔgbɔmemetsitsi siawo ade bubu mía ŋu be míete ŋu tsɔ dzinɔameƒo te ɖe yewo ŋu hena kpekpeɖeŋu. Gawu la, hamemegã siawo dzea agbagba be yewoaɖe Yehowa ŋutɔ ƒe nɔnɔme afia le nuwɔwɔ ɖe alẽha ŋu me. Woƒe nuxlɔ̃me kple mɔfiame fadziname nyui siwo tso Mawu ƒe Nya me la ate ŋu anye nusiwo ko míehiã be woado ŋusẽ tame si míeɖo nyuie be míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi.—Yakobo 5:14-16.

19. (a) Mɔ ka nue Satana dina be yeazã xexe sia me ƒe agbe si meɖi naneke o la le? (b) Nukae ŋuɖoɖeŋu lɔ ɖe eme eye nukae le be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

19 Megaŋlɔ be gbeɖe o be Satana nyae be ɣeyiɣi kpui aɖee le ye si. (Nyaɖeɖefia 12:12) Edina be yeazã xexe sia me ƒe agbe si meɖi naneke o la atsɔ aɖe dzi le mía ƒo ale be míana ta. Mina kakaɖedzi blibo nasu mía si ɖe nya si wogblɔ le Romatɔwo 8:35-39 me ŋu be: “Amekae amã mí atso Kristo ƒe lɔlɔ̃ me mahã? Fukpekpe loo alo xaxa alo yometiti alo dɔwuame alo amamanɔnɔ alo ŋɔdzidodo alo yi mahã? . . . Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti. Elabena menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe nya wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye si! Ke hã ŋuɖoɖeŋu sia lɔ nu geɖe ɖe eme wu seselelãme ko. Ke boŋ enye ŋuɖoɖeŋu si lɔ nusiwo ŋu míebu nyuie le míaƒe gbesiagbe nyametsotso wɔwɔ me ɖe eme. Ekema mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me le xaxaɣiwo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Le lɛta aɖe si Dɔwɔƒe si Kpɔa Ganyawo Dzi ƒe Agbalẽŋlɔla, Salmon P. Chase ŋlɔ le November 20, 1861 dzi, na United States ƒe Gatsoƒea me la, egblɔ be: “Ŋusẽ mate ŋu aɖo dukɔ aɖeke ŋu Mawu manɔmee, alo wòanɔ dedie Eƒe ametakpɔkpɔ manɔmee o. Ele be míaŋlɔ míaƒe dukɔa ƒe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu ɖe dukɔa ƒe gakuwo dzi.” Esia na be mɔfiamenya si nye “Mawu Ŋue Míeɖoa Ŋu Ðo” va dze le United States ƒe gawo dzi zi gbãtɔ le ƒe 1864 me.

^ mm. 7 Dzimaɖitsitsi si ŋu woƒo nu tsoe le afisia la nye esi wogblɔ be enye “ŋɔdziléame ƒe dzitsitsi, si nana dzi megadzɔa ame kuraa le agbe me o.” Gɔmeɖeɖe siwo nye “migatsi dzimaɖi o” alo “migatsi dzi o” fia be mígadze dzi tsitsi gɔme o. Ke hã numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Alesi wozã Helagbe me dɔwɔnya la nye biabia be woawɔ nane, si nye gbeɖeɖe be woadzudzɔ nane si gɔme wodze xoxo la wɔwɔ.”

^ mm. 9 Nya vevi enyiawo yi ale: (1) Ŋɔdzi megalé wò o; (2) mɔkpɔkpɔ nyui nenɔ asiwò; (3) wò susu natrɔ ɖe dɔ ƒomevi yeyewo ŋu; (4) nɔ agbe ɖe nusi le asiwò nu—menye abe ame bubuwo ene o; (5) kpɔ nyuie le nugbana ƒeƒle ŋu; (6) kpɔ egbɔ be ƒomea wɔ ɖeka ɣesiaɣi; (7) wɔ nu be bubu nakpɔtɔ anɔ ŋuwò; eye (8) wɔ ɖoɖo ɖe alesi nàzã gae ŋu.

^ mm. 13 Magazine siawo si wotu ɖe Biblia dzi la metiaa alo kafua atikewɔwɔmɔnu aɖe koŋ na ame o, le susua nu be esia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si wòawɔ. Ke boŋ la, wotaa nyati siwo ƒoa nu tso dɔléle alo lãmegbegblẽ tɔxɛ aɖewo koŋ ŋu be exlẽlawo nanya nu tso alesi wole fifia ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Ne gakuxiwo le fu ɖem na mí la, mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be míeɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu?

• Aleke míate ŋu aɖee afia be míeɖoa dzi ɖe Mawu ŋu ne lãmegbegblẽ do nuxaxa na mí?

• Ne míete ŋu le asi ɖem le ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe ŋu o la, aleke míate ŋu aɖee afiae be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu vavã?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 17]

Èɖo Ŋku Nyati Siawo Dzia?

Ne lãmesẽkuxiwo le fu ɖem na mí la, ade mía dzi be míaxlẽ nu tso amesiwo te ŋu nɔ te ɖe lãmegbegblẽ, dɔléle, alo nuwɔame nu dzidzedzetɔe ŋu. Nya siwo gbɔna nye nyati siwo wota ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me dometɔ aɖewo.

“Meda Akpe ɖe Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu si Medoa Kpo Nu o la Ta” si ku ɖe alesi woaɖu dziɖeleameƒonuwo ŋu bubu kple blanuiléle dzi ɖuɖu ŋu.—Gbetakpɔxɔ, June 1, 1993.

“Ne Megbɔdzɔ la, Ekema Mesẽa Ŋu.”—Nyɔ!, February 8, 1997.

“Mele Dzidzɔ Kpɔm Fifia be Mele Agbe” si ku ɖe alesi woanɔ te ɖe nuwɔametɔnyenye nu ŋu.—Nyɔ!, May 8, 1997.

“Mènya Alesi Wò Agbe Ava Nɔ Etsɔ O” dzro alesi woanɔ te ɖe blanuiléle si tsoa tagbɔdɔ gbɔ nu.—Gbetakpɔxɔ, December 1, 2000.

“Alesi Loida Va Te Nuƒoƒo” (Ele Eŋlisigbe me) si ku ɖe alesi woanɔ te ɖe nu ƒe gbegblẽ le ɖevi ƒe ahɔhɔ̃ ŋu le edziɣi nu.—Nyɔ!, May 8, 2000.

“Wona Agbenɔnɔ Dzroe.”—Nyɔ!, March 8, 2000.

“Medze Kpodɔ—Gake Mekpɔ Dzidzɔ Kple Gbɔgbɔmeyayrawo.”—Gbetakpɔxɔ, April 1, 1998.

“Meɖu Vidzidzi Megbe Blanuiléle Dzi.”—Nyɔ!, August 8, 2002.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ne dɔ ge le mía si la, anyo be míagbugbɔ adzro alesi míenɔa agbee me

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Loida ƒe ŋutinya fia alesi dziɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be woado dzii. (Kpɔ aɖaka si le axa 17)

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mele be wòakpe ŋu na mí be míadi kpekpeɖeŋu hena míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ɖuɖu o