Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kafu Yehowa “le Amehawo Dome”

Kafu Yehowa “le Amehawo Dome”

Kafu Yehowa “le Amehawo Dome”

KRISTOTƆWO ƒe kpekpe nye ɖoɖo si Yehowa wɔ hena ŋusẽdodo eƒe amewo le gbɔgbɔ me. To kpekpewo dede ɣesiaɣi me la, míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe Yehowa ƒe nunanawo ŋu. Gawu la, wokpena ɖe mía ŋu be “míade dzi ƒo na [mía nɔviwo] le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me,” si nye mɔ vevi aɖe si dzi míetona ɖea lɔlɔ̃ fiaa mía nɔewo. (Hebritɔwo 10:24; Yohanes 13:35) Gake aleke míate ŋu ade dzi ƒo na mía nɔviwo le kpekpewo mee?

Ʋu Xɔse me le Kpekpewo Me

Fia Dawid ŋlɔ le eɖokui ŋu be: “Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒãe na nɔvinyewo, eye makafu wò le amehawo dome be: Gbɔwòe nye kafukafuha tso le ameha gãwo dome.” “Manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le ame geɖewo dome.” “Meɖe gbeƒã wò dzɔdzɔenyenye le ameha gãwo me; kpɔ ɖa, nyememia nu o.”—Psalmo 22:23, 26; 35:18; 40:10.

Le Paulo ƒe ŋkekea me la, Kristotɔwo ʋua Yehowa dzixɔse kple eƒe ŋutikɔkɔe me nenema ke ne wokpe ta hena tadedeagu. Woto esia dzi dea dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me. ‘Míekpɔe be Yehowa ƒe ŋkeke la le ɖoɖom’ nyateƒe le míaƒe ŋkekea me, si nye ƒe alafa geɖewo le Dawid kple Paulo megbe. (Hebritɔwo 10:24, 25) Satana ƒe nuɖoanyia le ya mum yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye kuxiwo yi edzi le dzidzim ɖe edzi. “Dzidodo hiã mi” fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. (Hebritɔwo 10:36) Ne mía nɔviwo mede dzi ƒo na mí o ɖe, amekawoe awɔe?

Abe alesi wònɔ le ɣeyiɣi gbãtɔwo me ene la, egbea hã wowɔ ɖoɖo na haxɔsetɔwo be woaʋu woƒe xɔse me “le amehawo dome.” Mɔnukpɔkpɔ ɖeka si le ʋuʋu ɖi na amesiame enye biabia siwo wobiaa nyaselawo ŋu ɖoɖo le hamea ƒe kpekpewo me. Megabu viɖe si ate ŋu atso eme la nu tsɛe gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, nyaŋuɖoɖo siwo fia alesi woate ŋu aɖu kuxiwo dzi doa ŋusẽ mía nɔviwo ƒe tameɖoɖo be woawɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi. Nyaŋuɖoɖo siwo ɖea mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ emenyawo o me alo esiwo ŋu ame ŋutɔ ƒe numekukuwo kpe ɖo la ate ŋu ade dzi ƒo na ame bubuwo be woamlã wo ɖokui ɖe nusɔsrɔ̃ nyuie ŋu.

Ele be enyanya be mía kple ame bubuwo míeɖea vi tsoa nyaŋuɖoɖo me le kpekpewo me naʋã Yehowa Ðasefowo katã be woaɖu vɔvɔ̃ dzi. Ele vevie be hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo koŋ naɖo nya ŋu le kpekpewo me, le esi wokpɔa mɔ na wo be woaxɔ ŋgɔ le nyaŋuɖoɖo me kple le kpekpewo dede me ta. Ekema aleke ame ate ŋu awɔ ŋgɔyiyi ne ede dzesii be Kristotɔwo ƒe wɔna sia koŋ nyea kuxi na ye?

Aɖaŋuɖoɖowo Hena Ŋgɔyiyi Wɔwɔ

Ðo ŋku edzi be elɔ Yehowa ɖe eme. Nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si le Germany ɖe alesi wòbua eƒe nyaŋuɖoɖo me. “Wonye nye ŋutɔ nye nyaŋuɖoɖo na Satana ƒe agbagbadzedzewo be yeatsɔ axe mɔ ɖe Mawu ƒe amewo ƒe xɔse me ʋuʋu nu.” Nɔvi aɖe si xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o le hame ma ke me gblɔ be: “Medoa gbe ɖa le nyaŋuɖoɖo ŋu ŋutɔ.”

Dzra ɖo nyuie. Ne mète ŋu srɔ̃ nua do ŋgɔ o la, asesẽ na wò be nàɖo nya ŋu eye wò nyaŋuɖoɖo maɖe vi boo o. Alesi woaɖo nya ŋu le hame ƒe kpekpewo me ƒe aɖaŋuɖoɖowo le agbalẽ si nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò, ƒe axa 70. *

Ðoe taɖodzinui be yeaɖo nya ɖeka teti ŋu le kpekpe ɖesiaɖe me. Esia fia be nàdzra ɖo ɖe nya geɖe ŋuɖoɖo ŋu, elabena zi geɖe alesi nu nèdoa asi ɖe dzii la, zi nenemae mɔkpɔkpɔ li be nɔvi si le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la ayɔ wòe. Àte ŋu agblɔ biabia siwo ŋu nèdzra ɖo be yeaɖo la nɛ do ŋgɔ. Esia kpena ɖe ame ŋu ŋutɔ vevietɔ ne ame yeyee nènye. Esi wònye dzi manɔ ƒowò be nàdo asi ɖe dzi le “ameha gãwo dome” o ta la, enyanya be esia nye memama si ŋu nèdi be yeaɖo kple alesi amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm anɔ mɔ kpɔm na asi dodo ɖe dzi la, ade dzi ƒo na wò be nàɖo nya ŋu.

Ðo nya ŋu le gɔmedzedzea. Dɔ sesẽ meva nɔa bɔbɔe ne míehe ewɔwɔ ɖe megbe o. Nyaŋuɖoɖo le kpekpewo ƒe gɔmedzedze me ate ŋu aɖe vi. Àva kpɔe nukutɔe be nyaŋuɖoɖo zi evelia alo zi etɔ̃lia va nɔa bɔbɔe wu ne èɖu kuxia dzi le nyaŋuɖoɖo gbãtɔa me.

Nɔ afisi sɔ. Ame aɖewo kpɔe be enɔa bɔbɔe na yewo be yewoaɖo nya ŋu ne yewonɔ anyi ɖe Fiaɖuƒe Akpata ƒe ŋgɔgbe lɔƒo. Susuhenuwo mesɔa gbɔ o, eye asesẽ be amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm ƒe ŋku nato wo ta. Ne èle esia tem kpɔ la, ɖo ŋku edzi nàƒo nu sesĩe be amesiame nasee, vevietɔ ne womezãa nuƒomɔ̃wo le hamea me o.

Ðo to Nyuie. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na nya si ame aɖe gblɔ eteƒe medidi o la gbugbɔgagblɔ. Gakpe ɖe eŋu la, nyaŋuɖoɖo si ame bubuwo gblɔ aɖo ŋku mawunyakpukpui aɖe alo nya vevi aɖe dzi na wò si nàte ŋu agblɔ aƒu nya si wogblɔ la dzi. Zi geɖe la, nuteƒekpɔkpɔ kpui aɖewo gbɔgblɔ te ŋu ɖea nya vevi siwo me dzrom wole la me. Nyaŋuɖoɖo siawo ɖea vi geɖe.

Srɔ̃ alesi nàɖo nya ŋu le wò ŋutɔ wò nyagbewo me. Ŋuɖoɖoa xexlẽ tso nyatia me afia be èkpɔ ŋuɖoɖo nyuitɔa, eye ate ŋu anye mɔ nyui aɖe si nàtsɔ adze nyaŋuɖoɖo gɔmee. Gake ŋgɔyiyi be nàva nɔ nya ŋu ɖom le wò ŋutɔ wò nyagbewo me fiana be èse nyaa gɔme. Mehiã be woaxlẽ nyawo tẽ tso agbalẽawo me o. Yehowa Ðasefowo megbugbɔna nya siwo le woƒe agbalẽwo me la gblɔna ko evɔ o.

Wò nyawo nesɔ kple nyatia. Nyaŋuɖoɖo siwo mesɔ kple nyatia o alo tra mɔ tso susu vevi siwo le nya si me dzrom wole gbɔ la mesɔ o. Esia fia be ele be wò nyaŋuɖoɖowo naku ɖe nyati si me dzrom wole la ŋu. Alea ko hafi nyatia ate ŋu anye gbɔgbɔ me numedzodzro tuameɖo si ku ɖe tanya si me dzrom wole la ŋu.

Wò tameɖoɖo nanye be yeade dzi ƒo. Esi wònye susu vevi si le nyaŋuɖoɖo me enye be woade dzi ƒo na amewo ta la, ele be míadze agbagba aƒo asa na nya siwo aɖe dzi le ame ƒo la gbɔgblɔ. Gakpe ɖe eŋu la, mègagblɔ nya sia nya le memama me keŋkeŋ ale gbegbe be nu vi aɖe koe akpɔtɔ alo naneke makpɔtɔ na ame bubuwo woagblɔ o. Ŋuɖoɖo legbewo alo ŋuɖoɖo siwo me nyawo sɔ gbɔ nana gɔmesesea buna. Nyaŋuɖoɖo kpuie ɖe nya ʋɛ aɖewo me ate ŋu aɖe vi ŋutɔ, eye ade dzi ƒo na ame yeyewo be woagblɔ woƒe ŋuɖoɖo kpuiwo.

Amesiwo Kpɔa Kpekpeawo Dzi ƒe Wɔƒe

Esi wòbia dzidedeƒoname ta la, agba gã aɖe le amesi le kpekpea dzi kpɔm la dzi. Eɖea ɖetsɔleme vavã fiana ɖe nyaŋuɖoɖo ɖesiaɖe ŋu to toɖoɖo nyuie me kple alesi eƒe ŋku nɔa nyaŋuɖola ŋu bubutɔe me le esi teƒe be wòanɔ nu bubu aɖe wɔm. Aleke masɔ kura o enye si nenye be mèɖo to nyuie o eye esia na be wògagbugbɔ gblɔ nya si wogblɔ la alo bia nya si ŋu woɖo eteƒe medidi o la!

Enyea dziɖeleameƒo hã ne amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm gbugbɔ gblɔna nya si ŋu woɖo eteƒe medidi le mɔ si to vovo vie nu enuenu, abe ɖe wòdi be yeafia be ŋuɖoɖoa mede tututu o ene. Gake aleke wodea dzi ƒoe nye si ne ŋuɖoɖoa kpe ɖe mía ŋu be míagadzro akpa vevi aɖe me ayi dzi. ‘Aleke míate ŋu awɔ esia ŋudɔ le míaƒe hamea mee?’ alo, ‘Memama me mawunyakpukpui kae ɖo kpe nya si wogblɔ eteƒe medidi o la dzi?’ nye biabia siwo dea dzi ƒo na ame be woana ŋuɖoɖo tuameɖowo, siwo nyea nyaŋuɖoɖo nyuiwo.

Nyateƒee, ele be woakafu ame yeyewo kple amesiwo kpea ŋu koŋ ne woɖo nya ŋu. Esia anye ame eve dome nya le kpekpea megbe kple susu be woaƒo asa na ŋukpe si wòate ŋu anye na amea eye wòana mɔnukpɔkpɔ nusɔsrɔ̃a dzikpɔla be wòaɖo aɖaŋu ne ehiã.

Le dzeɖoɖo gbadzaa me la, amesi xɔa nyawo katã gblɔna la ɖea dzi le ame ƒo. Amesiwo le to ɖomee megasena le wo ɖokui me be yewoaƒo nu o. Ne woaɖo to kura la womewɔnɛ kple dzi blibo o. Nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ne amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm ɖo tɔ ɖe numedzodzroa nu eye wòƒoa nu fũ. Ke hã ɣeaɖewoɣi la amesi le nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm awɔe be amesiwo le kpekpea me nadi be yewoaƒo nu to biabia bubuwo zazã atsɔ anyɔ woƒe tamesusu le nyatia ŋu me. Mele be woazã esiawo fũ o.

Amesi le nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm la mayɔ amesi do asi ɖe dzi gbã kokoko o. Ewɔwɔ alea ate ŋu aɖe dzi le ƒo na amesiwo hiã ɣeyiɣi vi aɖe hafi aƒo nu la. Ne elala vie la, ana mɔnukpɔkpɔ ame aɖe si mekpɔ ƒo nu haɖe o la be wòaƒo nu. Adze aɖaŋu hã be mayɔ ɖevi suewo be woaɖo nya siwo gɔmesese sesẽ wu wo la ŋu o.

Nukae woawɔ ne wona ŋuɖoɖo si mesɔ o? Amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm naƒo asa na ŋukpedodo amesi ɖo nyaa ŋu. Nyateƒe aɖe nɔa nyaŋuɖoɖo siwo mesɔ o gɔ̃ hã me zi geɖe. Ne wotsɔ aɖaŋudzedze tia nya aɖe si nye nyateƒe le nyaa me, alo wogbugbɔ asi trɔ le biabia ŋu, alo bia nya bubu kpe ɖe eŋu la, amesi le nusɔsrɔ̃ dzi kpɔm ate ŋu aɖɔ nyaa ɖo eye mahe ŋukpedoame aɖeke vɛ o.

Be woade dzi ƒo na amewo woaɖo nya ŋu la, anyo ne amesi le kpekpea dzi kpɔm la ƒo asa na nyabiabia gbadzaa abe, ‘Ðe nya aɖe le ame bubu aɖe si wòagblɔa?’ ene. Biabia si nye ‘Amekae mekpɔ ɖo nya ŋu o? Esiae nye mɔnukpɔkpɔ susɔea na wò!’ anye esiwo wogblɔ kple susu nyui, gake ƒã hafi wòade dzi ƒo na ame be wòaƒo nu faa. Mele be woana nɔviwo nase le wo ɖokui me be yewomewɔe nyuie o le esi yewomeɖo nya ŋu le gɔmedzedzea me o ta o. Ke boŋ ele be woade dzi ƒo na wo be woagblɔ nusi wonya la na ame bubuwo elabena nusi ame nya gbɔgblɔ na ame bubu nye lɔlɔ̃ɖeɖefia. Gakpe ɖe eŋu la ne amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm yɔ ame aɖe be wòaɖo nya ŋu la, manyo be woagblɔ be, “Le eya megbe la míase Nɔviŋutsu Asiamasi kple Nɔvinyɔnu Asiamasi ƒe nyaŋuɖoɖo” o. Ele be amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la naɖo to nyaŋuɖoɖoa gbã ahakpɔe ɖa be agahiã na ŋuɖoɖo bubu hã.

Nyaŋuɖoɖo Nye Mɔnukpɔkpɔ

Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye gbɔgbɔmenuhiahiã; eye nyaŋuɖoɖo le wo me nye mɔnukpɔkpɔ. Zi geɖe alesi nu míeƒo mía ɖokui ɖe Yehowa kafukafu ƒe mɔnu tɔxɛ sia me “le amehawo dome” la, zi nenemae míanɔ Dawid srɔ̃m eye míanɔ Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo tsɔm nu vevii. Gome si míanɔ kpɔkpɔm le kpekpewo me ɖoa kpe edzi be míelɔ̃a mía nɔviwo eye be míenye Yehowa ƒe hame gã la me tɔwo. Afi bubu kae nàdi be yeanɔ esi ‘nèkpɔ bena ŋkeke la le ɖoɖom’?—Hebritɔwo 10:25.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Toɖoɖo kple nyaŋuɖoɖo siaa le vevie le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Amesi le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm la ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ vavã fiana ɖe nyaŋuɖoɖo ɖesiaɖe ŋu