Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔwo ƒe Xɔseha Vavã Ðeka La—Eli Ŋutɔŋutɔ

Kristotɔwo ƒe Xɔseha Vavã Ðeka La—Eli Ŋutɔŋutɔ

Kristotɔwo ƒe Xɔseha Vavã Ðeka La​—Eli Ŋutɔŋutɔ

SUBƆSUBƆHA, alo hame ɖeka koe Yesu Kristo ɖo anyi. Hame ma nye gbɔgbɔmeha, si nye gbɔgbɔmeƒome aɖe. Nusi míedi be míagblɔ le afisiae nye be enye amesiwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tia ƒe ƒuƒoƒo—eye Mawu bua amesiwo katã le eme be wonye ye ‘viwo.’​—Romatɔwo 8:16, 17; Galatiatɔwo 3:26.

Yesu fia nu be mɔ ɖeka koe Mawu zã tsɔ kplɔ amewo yi nyateƒea kple agbe mee. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe si me wòtsɔ agbe mavɔ mɔ la sɔ kple mɔ aɖe tsɔ fia nyateƒe vevi sia. Egblɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.”​—Mateo 7:13, 14; Yohanes 14:6; Dɔwɔwɔwo 4:11, 12.

Hame Wɔɖeka Aɖe

The New Dictionary of Theology gblɔ be mele be míabu ƒe alafa gbãtɔ me hame ma abe “xexeame katã ƒe habɔbɔ si le afisiafi hele ɖoɖo nu abe katoliko-ha si ŋu míeƒoa nu tsoe le egbeŋkekeawo me” ene la o. Nukata? Egblɔ be: “Elabena xexeame katã ƒe habɔbɔ si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo nenema aɖeke menɔ anyi o.”

Ame aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe nyateƒe si wònye be Kristotɔ gbãtɔwo ƒe hame la meɖi sɔlemeha si me nuɖoanyiwo le abe esiwo míekpɔna egbea ene ŋu wòasɔ o. Gake enɔ ɖoɖo nu. Hame vovovoawo mewɔ nu le wo ɖokui si bubuawo manɔmee o. Wo katã wokpɔa dziɖuha si le Yerusalem sinu. Ha ma—si me apostolowo kple ame tsitsi siwo le Yerusalem hamea me nɔ la—wɔa akpa vevi aɖe le hamea ƒe ɖekanɔnɔ abe Kristo ƒe “ŋutilã” ɖeka ene takpɔkpɔ me.​—Efesotɔwo 4:4, 11-16; Dɔwɔwɔwo 15:22-31; 16:4, 5.

Nukae dzɔ ɖe hame vavã ɖeka ma dzi? Ðe wòva zu Katoliko-ha gã la? Ðe wòva trɔ zu Protestant-ha vovovo siwo ma kakɛkakɛ siwo míekpɔna egbea la? Alo ɖe nu bubu aɖe dzɔa?

“Luwo” Kple “Gbe Wuwluiwo”

Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, mina míadzro nusi Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ be ava dzɔ me nyuie. Awɔ nuku na wò be nàse be Yesu kpɔ mɔ be yeƒe hamea maganɔ dzedzem o eye be yeaɖe mɔ nɔnɔme sia anɔ anyi ƒe alafa geɖe.

Etsɔ eƒe hamea sɔ kple “dziƒofiaɖuƒe la,” hegblɔ be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amesi le nuku nyui wum ɖe eƒe abɔ me; eye esi amewo dɔ alɔ̃ la, eƒe futɔ va wu gbe wuwlui ɖe luawo domee, eye wòdzo. Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo ha do. Eye aƒeatɔ ƒe dɔlawo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò abɔ me oa? Afika gbe wuwlui la tso? Eya gblɔ na wo bena: Futɔ lae wɔ esia. Dɔlawo gblɔ nɛ bena: Ekema èlɔ̃ be, míayi aɖagae mahã? Ke eya gblɔ bena: O, ne miele gbe wuwluiawo gam la, miava aho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ! Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.”​—Mateo 13:24-30.

Yesu ɖe eme be yee nye ‘nukuwula la.’ “Nuku nyui la” nye kpɔɖeŋu na eƒe nusrɔ̃la vavãwo. Eƒe “futɔ” enye Satana Abosam. “Gbe wuwluiawo” nye aʋatso Kristotɔ siwo wɔ dzadzadza va ge ɖe Kristo-hame gbãtɔ me. Egblɔ be yeana “luawo” kple “gbe wuwluiawo” natsi vaseɖe “nuŋeɣi la” si ava eme le ‘nuɖoanyia ƒe nuwuwu.’ (Mateo 13:37-43) Nukae esiawo katã fia?

Wogblẽ Kristo Hamea

Le apostoloawo ƒe ku megbe kpuie la, nufiala xɔsegbela siwo nɔ hamea me la te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe edzi. Wogblɔ ‘nya dadawo be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokui yome.’ (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Esia wɔe be Kristotɔ geɖewo ‘de megbe tso xɔse la me.’ Wotrɔ ‘yi ɖe gliwo gbɔ.’​—Timoteo I, 4:1-3; Timoteo II, 4:3, 4.

The New Dictionary of Theology gblɔ be kaka ƒe alafa enelia naɖo la, “Katoliko Kristotɔnyenye va zu . . . Roma Fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔ le se nu.” ‘Wotsaka subɔsubɔnyawo kple dunyawo’—si nye Sɔlemeha la kple Dukɔ la wɔwɔ ɖekae si tsi tre ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu le goawo katã me. (Yohanes 17:16; Yakobo 4:4) Agbalẽ sia gagblɔ be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotrɔ sɔlemeha bliboa kple eƒe nɔnɔme, kpakple eƒe dzixɔse vevi aɖewo kuraa “to Nubabla Xoxoa tsɔtsɔ tsaka kple Plato ƒe nufiafia la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi si wɔ mo yaa kple esi me afɔku le me.” Abe alesi Yesu Kristo gblɔe ɖi ene la, eƒe nusrɔ̃la vavãwo megava nɔ dzedzem o esi aʋatso Kristotɔwo va dzi ɖe edzi.

Yesu ƒe nyaselawo nya alesi wònye nu sesẽe be woade vovototo lu kple gbe wuwluiwo, siwo nye gbe vɔ̃ɖi siwo ɖia lu pɛpɛpɛ ne wole tsitsim ene la dome. Eyata Yesu nɔ fiafiam be vaseɖe ɣeyiɣi aɖe la, asesẽ be woade vovototo Kristotɔ vavãwo kple aʋatsotɔwo dome. Esia mefia be Kristo-hamea meganɔ anyi o, elabena Yesu do ŋugbe be yeayi edzi akplɔ yeƒe gbɔgbɔmenɔviwo “ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20) Yesu gblɔe be luawo ayi edzi atsi. Togbɔ be ele alea hã la, eme kɔ ƒã be le ƒe gbogbo siwo va yi me la, Kristotɔ vavãwo—ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒowo—wɔ wo tɔ sinu nɔ agbe ɖe Kristo ƒe nufiafia nu. Gake womeganye ha alo habɔbɔ si wokpɔna dzea si nyuie o. Le nyateƒe me la, womele abe xɔsegbelawo ƒe subɔsubɔnuɖoanyi si wokpɔna, si he ŋukpe kple vlododo va Yesu Kristo ƒe ŋkɔ dzi le ŋutinyawo katã me la ene o.​—Petro II, 2:1, 2.

‘Woɖe Nuvɔ̃me la Ðe Go’

Apostolo Paulo gblɔ nya bubu ɖi si ade dzesi aʋatso subɔsubɔnuɖoanyi sia. Eŋlɔ bena: “Migana ame aɖeke nable mi le mɔ aɖeke dzi o; elabena [Yehowa ƒe ŋkeke] la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, . . . la, ɖe go.” (Tesalonikatɔwo II, 2:2-4) “Nuvɔ̃me” sia menye ame bubu aɖeke tsɔ wu nunɔlawo ƒe ha si do eɖokui ɖe dzi zu dziɖula ɖe “Kristo” hamea dzi o. *

Xɔsegbegbea dze egɔme tso apostolo Paulo ƒe ŋkekea me. Edzi ɖe edzi kabakaba esime apostoloawo ku eye woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia megava nɔ anyi o. Paulo gblɔ be nusi ade dzesii enye ‘Satana ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ le aʋatsokaka ƒe ŋusẽ kple dzesiwo kple nukunuwo katã kple madzɔmadzɔnyenye ƒe amebeble katã me.’ (Tesalonikatɔwo II, 2:6-12) Aleke gbegbee nya siawo ɖɔ subɔsubɔhakplɔla geɖewo ƒe nuwɔna le ŋutinya katã me wòsɔ nyuie enye si!

Le Katoliko hakplɔlawo ƒe agbagbadzedze be woaɖo kpe edzi be Roma Katolikotɔnyenyee nye sɔlemeha vavã la, wogblɔna be yewoƒe bisiɔpwo xɔ “woƒe apostolonyenyea tso apostolo gbãtɔwo gbɔ to ameɖoɖo si tso keke gɔmedzedzea me ke la dzi.” Le nyateƒe me la, ŋutinya me alo Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi aɖeke mele xɔxɔ ɖe apostolo teƒe ƒe asiƒuakɔnya sia ŋu o. Ðaseɖiɖi vavã aɖeke meli si fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ sɔlemeha si do le Yesu Kristo ƒe apostolowo ƒe ku megbe la o.—Romatɔwo 8:9; Galatiatɔwo 5:19-21.

Ke sɔlemeha bubu siwo do bibibi kplɔ nusiwo woyɔna be subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖo ɖo ya ɖe? Ðe wotrɔ ɖe Kristo-hame gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋua ŋua? Ðe wogbugbɔ ɖo Kristo-hame gbãtɔ ƒe nɔnɔme dzadzɛ la anyia? Enye nyateƒe be le Ðɔɖɔɖoa megbe la, Biblia va su ame tsɛ geɖewo si le woa ŋutɔwo degbe me ya. Ke hã ŋutinya fia be sɔlemeha siawo yi dzi fia nu dadawo. *​—Mateo 15:7-9.

Gake de dzesi nusia. Yesu Kristo gblɔe ɖi eme kɔ ƒã be woagbugbɔ yeƒe hame vavã ɖeka la aɖo anyi le ɣeyiɣi si wòyɔ be nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu me. (Mateo 13:30, 39) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖo kpe edzi be míele ɣeyiɣi ma me. (Mateo 24:3-35) Esi nyaa le alea la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe nabia be, ‘Afikae subɔsubɔha vavã ɖeka la le?’ Ele be wòanɔ dzedzem gaglã.

Ðewohĩ èse le ɖokuiwò me be yeke ɖe subɔsubɔha alo hame sia ŋu xoxo. Ele vevie be nàkpɔ kakaɖedzi. Nukata? Elabena abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, subɔsubɔha vavã ɖeka koe ate ŋu anɔ anyi. Ðe nèdi ɣeyiɣi dzro eme be nàka ɖe dzi be wò sɔlemeha to ƒe alafa gbãtɔ Kristo-hamea ƒe afɔtoƒe hewɔa Yesu Kristo ƒe nufiafiawo dzi nuteƒewɔwɔtɔea? Manyo be nàku esia me fifia oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.​—Dɔwɔwɔwo 17:11.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 17 Àte ŋu akpɔ “nuvɔ̃me” la ŋuti nyatakaka bubuwo le Gbetakpɔxɔ, February 1, 1990, axa 10-14 me.

^ mm. 20 Kpɔ Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta si nye “Ðɔɖɔɖo la​—Nudidi la Trɔ Bubui,” axa 306-28, Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Nukae Yesu ƒe lu kple gbe wuwluiawo ƒe lododo fia mí ku ɖe hame vavã la ŋu?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ðe wò sɔlemeha wɔna ɖe kpɔɖeŋu si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ɖo le gbeƒãɖeɖe kple nusɔsrɔ̃ me la dzia?