Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖo

Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖo

Na Yehowa Nanye Amesi Ŋu Nèɖoa Ŋu ɖo

“Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke!”​—PSALMO 71:5.

1. Gbetɔame kae dze ŋgɔ alẽkplɔvi Dawid?

ŊUTSU la kɔ de meta etɔ̃ kloe. Mewɔ nuku o be ema tae asrafo siwo katã le Israel-ʋakɔa me nɔ vɔvɔ̃m nɛ ɖo! Filistitɔwo ƒe ame dzɔtsu Goliat va ɖea alɔme ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ le Israel-ʋakɔ la ŋu kwasiɖa geɖe, henɔ gbe tɔm wo be woaɖo aʋakalẽtɔ aɖe ɖa wòava wɔ aʋa kpli ye. Mlɔeba la, menye asrafo aɖekee va lɔ̃ ɖe aʋawɔwɔ kplii dzi o, ke boŋ ɖekakpui aɖe koe. Alẽkplɔvi Dawid dze ame kpui ŋutɔ le eƒe futɔa ŋkume. Le nyateƒe me la, eƒe kpekpeme made Goliat ƒe aʋawɔwu kple lãnuwo tɔ nu o! Ke hã ɖekakpuia kpe akɔ kple ame dzɔtsu sia eye wòva zu dzinɔameƒo ƒe kpɔɖeŋu si li ɖaa.—Samuel I, 17:1-51.

2, 3. (a) Nukae na Dawid te ŋu kpe akɔ kple Goliat dzinɔameƒotɔe? (b) Mɔnu eve kawo mee míadzro si ana míana Yehowa nanye amesi ŋu míeɖoa ŋu ɖo?

2 Nukae na dzideƒo ma Dawid? De ŋugble tso nya aɖewo si dze ƒã be anye Dawid ye ŋlɔe le eƒe tsitsi me ŋu kpɔ: “Wòe nye nye mɔkpɔkpɔ, Aƒetɔ Yehowa, nye nusi ŋu meɖoa ŋu ɖo tso nye ɖevime ke!” (Psalmo 71:5) Ẽ, esi Dawid nye ɖekakpui la, eka ɖe Yehowa dzi kple dzi blibo. Ekpe akɔ kple Goliat hegblɔ be: “Wòa ètsɔ yi, tunuhlo kple akplɔ gbɔna gbɔnyee; ke nye la megbɔna gbɔwò le Yehowa Zebaot, Israel ƒe aʋalɔgo, siwo ŋu nèɖe alɔme le la ƒe Mawu ƒe ŋkɔ me.” (Samuel I, 17:45) Esime Goliat ɖo ŋu ɖe eƒe ŋusẽ triakɔa kple eƒe lãnuwo ŋu la, Dawid ya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Aleke kee wòɖabla aʋakpae o nukatae Dawid avɔ̃ amegbetɔ tsɛ esi xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la li kpli?

3 Esi nèle nu xlẽm tso Dawid ŋu la, ɖe wòdzro wò vevie be ame aɖe kpɔ be yeƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu mee sẽ nenema? Anɔ eme be mía dometɔ geɖewo se le wo ɖokui me nenema. Eyata mina míadzro mɔnu eve siwo dzi míate ŋu ato aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu me. Gbã la, ele be míaɖu nusi doa kplamatse ŋuɖoɖeŋu sia dzi ahalé eme ɖe asi. Evelia, ele be míanya nusi tututu ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu lɔ ɖe eme.

Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu ƒe Kplamatsedonu Nyanyɛ aɖe Dzi Ðuɖu

4, 5. Nukatae wosesẽna na ame geɖewo be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu?

4 Nukae doa kplamatse amewo be woagaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu o? Zi geɖe la, nusita nu vɔ̃ɖiwo dzɔna tɔtɔa ame aɖewo. Wofia nu ame geɖewo be Mawu gbɔe fukpekpewo tso. Ne afɔku aɖe dzɔ la, subɔsubɔhakplɔlawo gblɔna be Mawue “kplɔ” emetsilawo dzoe yi eɖokui gbɔ le dziƒo. Gakpe ɖe eŋu la, subɔsubɔhakplɔla geɖewo fiaa nu be Mawu ɖo nusianu si dzɔna le xexe sia me—si me afɔku kple ŋutasẽnuwɔna ɖesiaɖe le la—ɖi xoxoxo. Asesẽ be woaɖo ŋu ɖe Mawu ma si mesea veve ɖe ame nu o ŋu. Satana, si gbã ŋku na dzimaxɔsetɔwo la, dina vevie be yeakaka “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia” siawo katã.—Timoteo I, 4:1; Korintotɔwo II, 4:4.

5 Satana di be amewo nagaka ɖe Yehowa dzi o. Mawu ƒe futɔ sia medi be míanya nusi tututu hea amegbetɔwo ƒe fukpekpe vɛ o. Eye ne míesrɔ̃ numeɖeɖe siwo Ŋɔŋlɔawo na ku ɖe fukpekpe ŋu hã la, Satana adi be míaŋlɔe be. Eyata esɔ be enuenu la, míadzro susu vevi etɔ̃ siwo tae fukpekpewo le xexeame ɖo me. To esia wɔwɔ dzi la, míaka ɖe edzi na míaƒe dziwo be menye Yehowa gbɔe agbemekuxi siwo míedoa goe la tsona o.—Filipitɔwo 1:9, 10.

6. Aleke Petro I, 5:8 he susu yi nusiwo hea fukpekpe vaa amegbetɔwo dzi dometɔ ɖeka la dzii?

6 Susu ɖeka si ta amegbetɔwo kpea fu enye be Satana di be yeagblẽ Yehowa ƒe ame wɔnuteƒewo ƒe fɔmaɖimaɖi me. Ete kpɔ be yeagblẽ Hiob ƒe fɔmaɖimaɖi me. Satana do kpo nu ɣemaɣi, gake mena ta o. Esi wònye xexe sia me dziɖula ta la, edzea agbagba be “yeavuvu” Yehowa subɔla wɔnuteƒewo “ami.” (Petro I, 5:8) Esia lɔ mía dometɔ ɖesiaɖe ɖe eme! Satana di be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Eyata wòhea yometiti vɛ zi geɖe. Togbɔ be fukpekpe siawo vena hã la, susu nyui siwo ta míado dzi la le mía si. Ne míewɔe alea la, míeɖenɛ fiana be Satana nye aʋatsotɔ eye míedoa dzidzɔ na Yehowa. (Hiob 2:4; Lododowo 27:11) Esi Yehowa yi edzi le ŋusẽ dom mí be míado dzi le tetekpɔwo me ta la, míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu sẽna ɖe edzi.—Psalmo 9:10, 11.

7. Nukae Galatiatɔwo 6:7 na míedze sii be ehea fukpekpe vɛ?

7 Susu evelia si tae míekpea fu ɖo la dze le gɔmeɖose sia me be: “Nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Ɣeaɖewoɣi la, amewo ƒãa nu to tiatia gbegblẽwo wɔwɔ me eye woŋea fukpekpe aɖewo siwo do go tso eme. Woatia be yewoaku ʋu ŋumaɖɔɖotɔe eye wòdoa afɔku wo. Ame geɖewo lɔ̃a atamanono eye wòhea dzidɔ alo dzitodzito me kansa vanɛ na wo. Amesiwo lɔ̃ ƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me ate ŋu ahe ƒomewo ƒe gbagbã, bubumanɔameŋu, nulɔdɔwo, kple fu si womedi o la vɛ na wo. Amewo adi be yewoabu fɔ Mawu ɖe fukpekpe mawo ta, gake le nyateƒe me la, nyametsotso gbegblẽ si woa ŋutɔwo wowɔ gbɔe wòtso.—Lododowo 19:3.

8. Le Nyagblɔla 9:11 ƒe nya nu la, nukatae amewo kpea fu ɖo?

8 Wogblɔ susu etɔ̃lia si tae míekpea fu ɖo la le Nyagblɔla 9:11 me be: “Megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele afɔ ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖuɖukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔkpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nuɖiɖeame li na wo katã.” Ɣeaɖewoɣi la, ɖeko nu ɖina ɖe amewo. Ŋusẽ alo gbɔdzɔgbɔdzɔ ka kee ɖale mía ŋu o, fuwɔame kple ku ate ŋu aɖi kpe mía dometɔ ɖesiaɖe ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, le Yesu ƒe ŋkekea me la, mɔ̃ aɖe si nɔ Yerusalem mu dze ame 18 dzi woku. Yesu ɖe eme be menye ɖe Mawu nɔ to hem na wo ɖe nuvɔ̃ aɖe si wowɔ va yi la ta o. (Luka 13:4) Ao, womate ŋu abu fɔ Yehowa ɖe fukpekpe siawo ta kura o.

9. Nuka gɔmee ame geɖewo mese ku ɖe fukpekpe ŋu o?

9 Nusiwo hea fukpekpe vɛ dometɔ aɖewo gɔmesese le vevie. Ke hã nyaa ƒe akpa aɖe li si gɔmesese sesẽna na ame geɖewo. Eyae nye si be: Nukatae Yehowa Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu?

Nukatae Yehowa Ðe Mɔ Ðe Fukpekpe Ŋu?

10, 11. (a) Le Romatɔwo 8:19-22 ƒe nya nu la, nukae dzɔ ɖe “nuwɔwɔ blibo la katã” dzi? (b) Aleke míawɔ anya amesi bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te?

10 Apostolo Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo ƒe akpa aɖe kɔ nya vevi sia me. Paulo ŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena míenyae bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.”—Romatɔwo 8:19-22.

11 Be míase mawunyakpukpui siawo gɔme la, ele be míaɖo biabia vevi aɖewo ŋu gbã. Le kpɔɖeŋu me, Amekae bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te? Ame aɖewo be Satana ye; ame bubuwo hã be Adam ye. Gake mate ŋu anye wo dometɔ aɖekee wɔe o. Nukatae? Elabena amesi bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te la wɔe “hena mɔkpɔkpɔ.” Ẽ, ena mɔkpɔkpɔ be mlɔeba la, “woaɖe” nuteƒewɔlawo “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.” Adam alo Satana mate ŋu ana mɔkpɔkpɔ sia o. Yehowa ɖeka koe ate ŋui. Ekema eme kɔ ƒã be eyae bɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ te.

12. Tɔtɔ kae do mo ɖa ku ɖe nusi “nuwɔwɔ blibo la katã” nye ŋu, eye aleke woaɖo biabia sia ŋui?

12 Gake nukae nya “nuwɔwɔ blibo la katã” fia? Ame aɖewo gblɔ be “nuwɔwɔ blibo katã” ku ɖe xexe bliboa, si me lãwo kple numiemiewo le la ŋu. Gake ɖe lãwo kple numiemiewo le mɔ kpɔm be yewoakpɔ “mawuviwo ƒe ŋutikɔekɔe ƒe ablɔɖe” la? Ao. (Petro II, 2:12) Ekema ameƒomea ŋu koe “nuwɔwɔ blibo la katã” ate ŋu aku ɖo. Esia nye nuwɔwɔ si ŋu nuvɔ̃ kple ku gblẽ nu le le aglã si wodze le Eden-bɔa me ta si wɔe be mɔkpɔkpɔ na agbexɔxɔ hiã vevie.—Romatɔwo 5:12.

13. Nukae do tso aglã si wodze le Eden me na ameƒomea?

13 Nuka tututue aglãdzedzea gblẽ le ameƒomea ŋu? Paulo zã nya ɖeka tsɔ ɖɔ emetsonu lae be: gbegblẽ. * Numekugbalẽ aɖe gblɔ be nya sia fia “gbegblẽ si nye alesi nane megawɔa dɔ abe alesi wowɔe be wòawɔ dɔe ene o.” Wowɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee, anɔ dɔ wɔm aduadu abe ƒome deblibo wɔɖeka si anɔ be lém na paradisonyigba la ene. Ðe ema teƒe la, wonɔa agbe kpui si me vevesese xɔ aƒe ɖo kple esi me dziɖeleameƒo nɔna zi geɖe. Abe alesi Hiob gblɔe ene la, “amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Gbegblẽe nyateƒe!

14, 15. (a) Dzɔdzɔenyenye ƒe kpeɖodzi kae míekpɔ le alesi Yehowa he toe na ameƒomea me? (b) Nukatae Paulo gblɔ be ‘menye nuwɔwɔ la ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu mee’ wobɔbɔe ɖe gbegblẽ te le o?

14 Fifia míeɖo biabia vevitɔa dzi: Nukatae “xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la” la bɔbɔ ameƒomea ɖe vevesese kple dziɖeleameƒo ƒe agbenɔnɔ sia te? (Mose I, 18:25) Ðe etɔ dzɔ be wòawɔ nu alea? Enyo, ɖo ŋku nusi mía dzila gbãtɔwo wɔ dzi. To woƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu me la, wowɔ ɖeka kple Satana, amesi tɔ gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye vevie la. Woto woƒe nuwɔna dzi da asi ɖe nya si wofɔ ɖe te la dzi be Yehowa manɔmee la, eme anyo na amegbetɔ wu eye wòanɔ eɖokui dzi ɖum to gbɔgbɔmenuwɔwɔ dzeaglã aɖe ƒe mɔfiafia te. Le mɔ aɖe nu la, Yehowa nɔ mɔ ɖem le nusiwo wobia la ŋu na wo esime wònɔ afia tsom na wo. Eɖe mɔ na amegbetɔ be wòaɖu eɖokui dzi le Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. Nyametsotso kae aganɔ dzɔdzɔe wu le nɔnɔme sia me be woabɔbɔ ameƒomea ɖe gbegblẽ te hena mɔkpɔkpɔ?

15 Nyateƒee, esia menye nuwɔwɔ la “ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu” o. Wodzi mí abe nuvɔ̃ kple gbegblẽ ƒe kluviwo ene eye wɔna aɖeke mele mía ŋu le nyaa me o. Gake Yehowa tso eƒe nublanuikpɔkpɔ me ɖe mɔ na Adam kple Xawa be woanɔ woƒe agbenɔƒe mamlɛawo ahadzi viwo. Togbɔ be wobɔbɔ mí, amesiwo nye woƒe dzidzimeviwo ɖe nuvɔ̃ kple ku ƒe gbegblẽ te hã la, mɔnukpɔkpɔ le mía si be míawɔ nusi Adam kple Xawa mete ŋu wɔ o. Míate ŋu aɖo to Yehowa ahasrɔ̃ nu tso eŋu anya be eƒe dziɖulanyenyee nye dzɔdzɔetɔ kple esi de blibo, ke amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu Yehowa manɔmee ya hea vevesese, dziɖeleameƒo, kple gbegblẽ ɖeɖeko vɛ. (Yeremya 10:23; Nyaɖeɖefia 4:11) Eye ɖeko Satana ƒe nudede eme ganana wòsẽna ɖe edzi. Amegbetɔwo ƒe ŋutinyawo ɖo kpe nyateƒe nya siawo dzi.—Nyagblɔla 8:9.

16. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be menye Yehowa gbɔe fukpekpe siwo teƒe míekpɔna egbea le xexeame la tso o? (b) Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa na nuteƒewɔlawo lɔlɔ̃tɔe?

16 Eme kɔ ƒã be susu nyuiwo tae Yehowa bɔbɔ ameƒomea ɖe gbegblẽ te ɖo. Gake ɖe esia fia be Yehowa gbɔe gbegblẽ kple fu si kpem mía dometɔ ɖesiaɖe le la tsoa? Bu ʋɔnudrɔ̃la aɖe si gblɔ nuvlowɔla aɖe ƒe tohehe si wòdze na la nɛ ŋu kpɔ. Fɔɖila la akpe fu geɖe ŋutɔ le eƒe tohehea xɔxɔ me, gake ɖe wòate ŋu abu fɔ ʋɔnudrɔ̃la la be eya gbɔe yeƒe fukpekpe la tso wòasɔa? Kura o! Gawu la, menye Yehowa gbɔe vɔ̃ɖinyenye tso o. Yakobo 1:13 gblɔ be: “Womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea ame aɖeke kpɔna o.” Mina míaɖo ŋku edzi hã be Yehowa drɔ̃ ʋɔnu wo “hena mɔkpɔkpɔ.” Etsɔ lɔlɔ̃ wɔ ɖoɖo na Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi wɔnuteƒewo be woakpɔ gbegblẽ ƒe nuwuwu teƒe eye woase vivi le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” Ameƒome wɔnuteƒewo magatsi dzi be nuwɔwɔ blibo la katã agava nyrɔ ɖe gbegblẽ si vena me akpɔ o tsɔ yi mavɔmavɔ me. Alesi Yehowa akpɔ nuwo gbɔ le mɔ dzɔdzɔe nu la aɖo kpe eƒe dziɖulanyenye ƒe dzedze dzi tegbee.—Yesaya 25:8.

17. Aleke wòle be nusitae fukpekpe li egbea ɖo me dzodzro nawɔ dɔ ɖe mía dzii?

17 Esi míele nusita amegbetɔwo kpea fu me dzrom la, ɖe nèkpɔ susu aɖe si ta woabu fɔ Yehowa ɖe vɔ̃ɖinyenye ta alo si ana míagaɖo dzi ɖe eŋu oa? Ðe ema teƒe la, nusiawo sɔsrɔ̃ nana míekpɔa nusita míalɔ̃ ɖe Mose ƒe nya dzi be: “Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Mina míanɔ ŋku ɖom nya siawo dzi enuenu to alesi míanɔ ŋugble dem le wo ŋu me. Ema awɔe be míaxe mɔ ɖe Satana ƒe agbagbadzedze be yeaƒã ɖikeke ɖe míaƒe susu me ne míedo go tetekpɔwo. Ke mɔnu evelia si míeyɔ le gɔmedzedzea me ya ɖe? Nukae ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu lɔ ɖe eme?

Nusi Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Fia

18, 19. Nya kawoe Biblia gblɔ tsɔ de dzi ƒo na mí be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, gake nukpɔsusu gbegblẽ kae le ame aɖewo si le esia gome?

18 Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:5, 6) Nya siawo nye nya vivi dedziƒonamewo. Ðikeke mele eme o be ame aɖeke megale xexeame katã si dzi míagaka ɖo wu mía Fofo lɔlɔ̃tɔ si le dziƒo o. Ke hã nya mawo xexlẽ le Lododowo ƒe agbalẽa me le bɔbɔe tsɔ wu wo dzi wɔwɔ.

19 Nukpɔsusu gbegblẽwo le ame geɖewo si ku ɖe nusi ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia ŋu. Ame aɖewo bua ŋuɖoɖeŋu sia be enye seselelãme dzro aɖe, si nye dzidzɔ ƒe seselelãme aɖe si xɔa ame ƒe dzi katã me le eɖokui si. Edze abe ame aɖewo hã xɔe se be ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu fia mɔkpɔkpɔ be wòaɖe mí atso fukpekpe ɖesiaɖe me, akpɔ kuxi ɖesiaɖe gbɔ na mí, ahatrɔ kuxi siwo míedoa goe gbesiagbe ɖe míaƒe didiwo nu—enumake ene! Gake kpeɖodzi mele nukpɔsusu siawo ŋu o. Ŋuɖoɖo ɖe ame ŋu yi ŋgɔ sasasã wu seselelãme dzro aɖe ko, eye menye nususukpɔ dzro koe o. Le ame tsitsiwo gome la, ŋuɖoɖeŋu bia be woaɖo koŋ awɔ nyametsotso siwo ŋu wobu nyuie.

20, 21. Nukae ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu lɔ ɖe eme? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

20 Gade dzesi nya siwo Lododowo 3:5 gblɔ. Egblɔ vovototo si le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple dziɖoɖo ɖe mía ŋutɔwo ƒe gɔmesese ŋu dome, si le fiafiam be míate ŋu awɔ evea siaa o. Ðe esia fia be womeɖe mɔ be míawɔ míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutete ŋudɔ oa? Ao, elabena Yehowa si na ŋutete ma mí kpɔa mɔ be míazã wo le esubɔsubɔ me. (Romatɔwo 12:1) Gake nuka ŋue míeɖoa dzi ɖo, alo ɖoa ŋu ɖo? Ne míaƒe nukpɔsusu mewɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o la, ɖe míelɔ̃na ɖe eƒe nunya dzi le nusi wònye la ta—be ekɔ boo wu mía tɔa? (Yesaya 55:8, 9) Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia be míana eƒe nukpɔsusu nafia mɔ mía tɔ.

21 Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ɖevi aɖe nɔ megbe zikpui dzi le ʋu aɖe me, eye edzilawo nɔ ŋgɔgbea. Fofoae nɔ ʋua kum. Ne kuxiwo do mo ɖa le mɔa dzi—ku ɖe mɔ si wòle be woato ŋu alo ɖewohĩ yame ƒe nɔnɔme ƒe kuxi aɖe loo alo mɔa ƒe nɔnɔme aɖe ŋue wòku ɖo—la aleke ɖevi ɖoto si ɖoa ŋu ɖe edzilawo ŋu awɔ nui? Ðe wòatsɔ ɣli anɔ mɔ fiam tso megbe zikpuia dzi, ahanɔ alesi fofoa aku ʋuae fiamea? Ðe wòake ɖi dzilaawo ƒe nyametsotsowo, alo agbe toɖoɖo ne woɖo ŋku edzi nɛ be wòanɔ anyi kpoa? Ao, ekana ɖe edzilawo dzi be woakpɔ nya mawo gbɔ, togbɔ be womede blibo o hã. Yehowa ya nye Fofo deblibo. Ðe mele be míaɖo dzi ɖe eŋu bliboe, vevietɔ ne míedo go kuxiwo oa?—Yesaya 30:21.

22, 23. (a) Nukatae wòle be míaɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ne míedo go kuxiwo, eye aleke míawɔ esiae? (b) Nya ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

22 Ke hã Lododowo 3:6 fia be ele be ‘míalé ŋku ɖe Yehowa ŋu le míaƒe mɔwo katã dzi,’ menye ne míedo go kuxiwo ko o. Eyata ele be gbesiagbe nyametsotso siwo míewɔna naɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ne kuxiwo do mo ɖa la, mele be dzi naɖe le míaƒo, míavɔ̃, alo míagbe Yehowa ƒe mɔfiame ku ɖe mɔ nyuitɔ si dzi míakpɔ nyaa gbɔ le ŋu o. Ele be míabu dodokpɔwo be wonye mɔnukpɔkpɔ na mí be míade Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi atsɔ ado Satana aʋatsotɔe, ahatu toɖoɖo kple nɔnɔme bubu siwo dzea Yehowa ŋu ɖo.—Hebritɔwo 5:7, 8.

23 Míate ŋu aɖe míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu afia metsɔ le kuxi ka kee be yeagblẽ nu le mía ŋu me o. Míewɔa esia le míaƒe gbedodoɖa me kple le alesi míekpɔa Yehowa ƒe Nya kple eƒe habɔbɔa sinu hena mɔfiafia me. Gake mɔ kawo koŋ nue míate ŋu aɖee afia le be míeɖao ŋu ɖe Yehowa ŋu ne míedo go kuxi siwo le egbexexea me? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo la adzro nya sia me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Helagbe me nya si Paulo zã na “gbegblẽ” la kee wozã le Helatɔwo ƒe Septuagint Biblia me tsɔ ɖe nyagbe siwo Salomo zã enuenu le Nyagblɔla ƒe agbalẽa me gɔme, abe esi dze le nyagbe sia me be “wo katã tofloko wonye” ene.—Nyagblɔla 1:2, 14; 2:11, 17; 3:19; 12:8.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Dawid ɖee fia be yena Yehowa nye amesi ŋu yeɖoa ŋu ɖo?

• Teƒe etɔ̃ kawoe amegbetɔwo ƒe fukpekpe tsona egbea, eye nukatae wòsɔ be míanɔ wo me dzrom enuenu?

• Ʋɔnu kae Yehowa drɔ̃ ameƒomea, eye nukatae wònye tohehe dzɔdzɔe?

• Nukawoe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu lɔ ɖe eme?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 8]

Dawid na Yehowa nye amesi ŋu wòɖoa ŋu ɖo

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yesu ɖee fia be menye Yehowa gbɔe wòtso be mɔ̃ si nɔ Yerusalem la mu o