Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le xexeame ƒe akpa geɖe la, enye kɔnu be woana nu srɔ̃kpelawo. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawo ŋue wòle be míabu ne míele nu siawo nam alo le wo xɔm?

Biblia da asi ɖe nunana dzi ne wotsɔ susu nyui nae eye wònye le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔ vavãwo ku ɖe nunana ƒe nyaa ŋu be woasrɔ̃ woƒe Nunala dɔmenyotɔ Yehowa. (Yakobo 1:17) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” Eyata wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woanyo dɔme.—Hebritɔwo 13:16; Luka 6:38.

Ke nunana siwo srɔ̃tɔwo di ƒe agbalẽvi zazã, si nye nuwɔna si bɔ ɖe United States ya ɖe? Le England la, woyɔnɛ be srɔ̃kpekpe me nunanawo. Zi geɖe la, atsu kple asi siwo gbɔna srɔ̃ ɖe ge yia fiase aɖe me va léa ŋku ɖe nuwo ŋu le fiasea me heŋlɔa esiwo woadi be woaƒle na yewo abe nunana ene ɖi. Woɖoa ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖe fiase ma me be woava aƒle nusiwo yewoŋlɔ ɖi la dometɔ si woana yewo. Viɖe siwo te ŋu nɔa emee nye be enana nunala la vona tsoa ɣeyiɣi gbegblẽ ɖe nusi wòana la ŋububu ŋu me, eye wòkpena ɖe nunana xɔlawo ŋu be woavo tso alesi woagatrɔ nusiwo womedi o la ayi fiasea mee me.

Be atsu kple asi siwo le srɔ̃ ɖem natia be yewoazã nunana siwo srɔ̃tɔwo di ƒe agbalẽvia alo yewomazãe o la nye woa ŋutɔwo ƒe nya. Ke hã Kristotɔ adi be yeakpɔ nyuie le nuwɔna ɖesiaɖe si ate ŋu ana woada Biblia me gɔmeɖosewo dzi ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne atsu kple asi siwo gbɔna wo nɔewo ɖe ge ŋlɔ nusiwo xɔ asi ŋutɔ ɖi ya ɖe? Le go sia me la ate ŋu adzɔ be amesiwo dzi ganyawo mede o la mate ŋu ana nu wo o, alo woase le wo ɖokui me be anyo boŋ be yewoagbe srɔ̃kpeƒea yiyi ale be ŋu magava kpe yewo ɖe nu tsɛwo nana ta o. Nyɔnu Kristotɔ aɖe ŋlɔ be: “Nu bliboa va le agba zum. Medze agbagba be manyo dɔme, gake le ɣeyiɣi siawo me la, dzidzɔ siwo mekpɔna le nunana me tsã la bu keŋkeŋ.” Nublanuinya kae nye si wòanye ne srɔ̃kpekpe aɖe va zu dziɖeleameƒonu na amewo!

Nyateƒee, mele be woana nunalawo nase le wo ɖokui me be ne woakpɔ ŋudzedze ɖe woƒe nunanawo ŋu la, ele be woaƒle wo atso fiase aɖe koŋ me loo alo ɖe asi tiatia aɖewo dzi o. Gake Yesu Kristo ɖee fia be nusi xɔ asi wu le Mawu ŋkume enye nunala la ƒe dzi ƒe nɔnɔme, ke menye asixɔxɔ si le nunanaa ŋu o. (Luka 21:1-4) Nenema kee apostolo Paulo ŋlɔ le nudzɔdzɔ na ame dahewo ŋu be: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.”—Korintotɔwo II, 9:7.

Le Biblia ƒe nukpɔsusu nu la, naneke megblẽ le ame ƒe ŋkɔ yɔyɔ ɖe nunana aɖe ŋu be yee nye enala, ɖewohĩ be amea naŋlɔ nya kpui aɖe akpe ɖe eŋuti, ŋu o. Gake le teƒe aɖewo la, enye kɔnu be woayɔ amesi na nua ƒe ŋkɔ na amesiwo katã le anyinɔƒea. Kɔnu sia ate ŋu ahe kuxiwo vɛ. Amesiwo tsɔ nuawo le nanam adi be woaganya yewo o ale be woagahe susu ava yewo dzi madzemadzee o. Amesiawo wɔa nu ɖe gɔmeɖose si le Mateo 6:3 la nu, afisi Yesu gblɔ le be: “Ke wò la, ne èle nu nam la, megana wò miasi nanya nusi wò nuɖusi wɔna o.” Ame bubuwo ase le wo ɖokui me be nunana nye ame ŋutɔ ƒe nya si le be wòanɔ nunala kple nuxɔla la ɖeɖe dome. Gawu la, nunalawo ƒe ŋkɔyɔyɔ ana woatsɔ nunanawo anɔ sɔsɔm kple wo nɔewo, eye ‘wòana woaʋã ŋu ame nɔewo.’ (Galatiatɔwo 5:26) Kristotɔwo adi kokoko be yewoaƒo asa na nuwɔna siwo ana amewo nade vovo ge do kpoe alo ado ŋukpe ame, eyata womaɖe gbeƒã nunalawo ƒe ŋkɔ le dutoƒo o.—Petro I, 3:8.

Ẽ, to nuwɔwɔ wòawɔ ɖeka kple gɔmeɖose si le Mawu ƒe Nya me dzi la, nunana akpɔtɔ anye nusi me dzidzɔ le.—Dɔwɔwɔwo 20:35.