Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Subɔsubɔha Vavã’ Ðeka Koe Lia?

‘Subɔsubɔha Vavã’ Ðeka Koe Lia?

‘Subɔsubɔha Vavã’ Ðeka Koe Lia?

“ZI ALESI wònye Kristo ɖekae li ta la, Kristo ƒe ŋutilã ɖeka, Kristo ƒe ŋugbetɔ ɖeka: ‘Katoliko kple apostolo Ha ɖeka koe li.’”—Dominus Iesus.

Aleae Roma Katoliko papatenɔla, Joseph Ratzinger gblɔ tsɔ ɖe eƒe sɔlemeha ƒe nufiafia fiae be subɔsubɔha vavã ɖeka koe li. Egblɔ be subɔsubɔha ma nye “Kristo ƒe Ha ɖeka kolia si nye Katoliko-ha la.”

“Womenye Hawo le Gɔmesesea Ŋutɔŋutɔ Nu O”

Togbɔ be Papa John Paul II te gbe ɖe edzi be “ɖokuidodoɖedzi ɖe subɔsubɔha bubuwo ŋu, alo gbɔɖiɖi wo,” aɖeke medze le agbalẽ si nye Dominus Iesus me o hã la, Protestanttɔwo ƒe hakplɔlawo tsi tre ɖe nyaa ŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, le Presbiteria-ha ƒe Sewɔtakpekpe aɖe, si wowɔ le June 2001 me, le Belfast, Northern Ireland la, osɔfoawo dometɔ ɖeka gblɔ be agbalẽa nye esi “Roma Katoliko Ha ƒe ƒuƒoƒo sẽŋu aɖe . . . si nukpɔsusu ɖeɖe gblɔ faa si Vatican II to vɛ do ŋɔdzi na vie” la ŋlɔ.

Robin Eames, amesi nye Ireland Sɔlemeha la ƒe Bisiɔpgã gblɔ be anye “ŋukpe na ye ŋutɔ” ne “nukpɔsusu si nɔ anyi do ŋgɔ na Vatican II” dzie agbalẽa “nɔ te ɖo.” Esi Eames nɔ nu ƒom ku ɖe Vatican ƒe nya si wògblɔ be sɔlemeha siwo gbe Katoliko ƒe nufiafia aɖewo “menye Sɔlemehawo le gɔmesesea ŋutɔŋutɔ nu o ŋu la,” egblɔ be: “Nya ma nye dzugbe le gbɔnye.”

Nukae na be wota Dominus Iesus? Edze abe nya si wogblɔna be subɔsubɔha ɖesiaɖe kple eƒe nukpɔsusu le nyateƒea ŋu lae ɖe fu na Roma Katoliko Ha ƒe Akametiawo. The Irish Times gblɔ be “mawusubɔsubɔha vovovo ƒe mawuŋununya ƒe dodo—si nye gbɔgblɔ koŋ be subɔsubɔha ɖesiaɖe nyo abe bubuawo ene la . . . ɖea fu na Papatenɔla Ratzinger ɣesiaɣi.” Edze abe nukpɔsusu siae ʋãe wòƒo nu tso subɔsubɔha vavã ɖeka ŋu ene.

Ðe Subɔsubɔha si me Nèle Le Veviea?

Nyateƒee, le ame aɖewo gome la, “subɔsubɔha ɖesiaɖe kple eƒe nukpɔsusu le nyateƒea ŋu” alo “mawusubɔsubɔ vovovowo ƒe mawuŋununya” enye esi me nunya le wu eye wònyoa ame ŋu wu nukpɔsusu siwo katã fia be subɔsubɔha vavã ɖeka koe ate ŋu anɔ anyi la. Le woawo gome la, ele be mawusubɔsubɔ nanye esi ame ŋutɔ ko natia. Wogblɔna be: ‘Ne míagblɔe tututu la, ha si me ame aɖe le la mele vevie o.’

Ema adze abe nukpɔsusu si me mɔɖeɖeɖenuŋu le wu ene—togbɔ be emetsonuawo dometɔ ɖekae nye mawusubɔsubɔ ƒe mama ɖe ha akpe gbogbo siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ me hã. Ame geɖewo gblɔna be: ‘Ðeko mawusubɔsubɔ ƒe vovototo sia nye ablɔɖe si le amesiame si la ŋudɔwɔwɔ nyui aɖe.’ Gake agbalẽŋlɔla Steve Bruce gblɔ be, le nyateƒe me la, ɖeko “mawusubɔsubɔ me mɔɖeɖeɖenuŋu” sia nye “ɖekematsɔmatsɔ le mawusubɔsubɔ me.”—A House Divided: Protestantism, Schism, and Secularization.

Ekema kae nye nukpɔsusu nyuitɔ? Subɔsubɔha vavã ɖeka koe lia? Eyae nye Roma Katoliko Ha la? Ðe sɔlemeha bubuwo hã dzea Mawu ŋu nenema kea? Esi wònye biabia siawo lɔ mía kple Wɔla la dome ƒomedodo ɖe eme ta la, ele vevie be míanya eƒe nukpɔsusu ku ɖe nyaa ŋu godoo. Aleke míate ŋu awɔ esiae? To Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si nye Biblia la me dzodzro me. (Dɔwɔwɔwo 17:11; Timoteo II, 3:16, 17) Mina míadzro nya si wòagblɔ le subɔsubɔha vavã ɖeka ƒe nya sia ŋu la me.