Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Léa Be Na Mí Ɣesiaɣi

Yehowa Léa Be Na Mí Ɣesiaɣi

Agbemeŋutinya

Yehowa Léa Be Na Mí Ɣesiaɣi

ABE ALESI ENELESI MZANGA GBLƆE ENE

Ƒe 1972 mee. Ðekakpui ewo siwo nye Malawi Sɔhɛwo ƒe Nubabla me tɔwo va gbã míaƒe ʋɔa, lém he do goe yi foŋfoŋgble aɖe si te ɖe afima me. Woƒom le afima vaseɖe esime wosusu be meku eye wogblẽm ɖi.

Wodze Yehowa Ðasefo gbogbo aɖewo dzi ŋutasesẽtɔe alea le Malawi. Nukatae woti wo yome ɖo? Nukae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi? Taflatse na magblɔ nye ƒomea ƒe ŋutinya na wò.

WODZIM le December 31, 1921 dzi ɖe ƒome vɔ̃mawu aɖe me. Fofonye nye Central Africa Presbiteria Hamea ƒe osɔfo. Nkhoma si nye du sue aɖe si te ɖe Lilongwe, Malawi ƒe fiadu, ŋu mee metsi le. Esi mexɔ ƒe 15 la, Emmas Mzanga ɖem mezu srɔ̃a.

Gbeɖeka fofonye xɔlɔ̃ si hã nye osɔfo va srã mí kpɔ. Ede dzesii be Yehowa Ðasefowo ƒe aƒe te ɖe míaƒe aƒeme ŋu eye wòxlɔ̃ nu mí be míagade ha kpli wo o. Egblɔ na mí be gbɔgbɔ vɔ̃wo le Ðasefoawo si eye ne míekpɔ nyuie o la, gbɔgbɔ vɔ̃wo akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. Nuxlɔ̃ame ma do ŋɔdzi na mí ale gbegbe be míeʋu yi kɔƒe bubu me, afisiae Emmas kpɔ dɔ le fiase aɖe me le. Gake eteƒe medidi o míeva kpɔe be míaƒe aƒe yeyea hã te ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu!

Ke ha le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, lɔlɔ̃ deto si le Emmas si na Biblia ʋãe wòƒo nu kple Ðasefoawo dometɔ ɖeka. Esi Emmas kpɔ ŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le na eƒe nyabiabia gbogboawo megbe la, elɔ̃ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ si Ðasefoawo do ɖe egbɔ la dzi. Le gɔmedzedzea me la, wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃a le fiase si me wòwɔa dɔ le la me, gake emegbe wova wɔa kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe nusɔsrɔ̃a le mía ƒeme. Ɣesiaɣi si Yehowa Ðasefoawo ava la, medoa go le aƒea me elabena mevɔ̃na na wo. Ke hã Emmas yi Biblia-nusɔsrɔ̃a dzi. Exɔ nyɔnyrɔ le April 1951 me si nye ɣleti ade lɔƒo tso esime wòdze nusɔsrɔ̃a gɔme. Gake megblɔe nam o elabena evɔ̃ be ne mesee la, magbe ye.

Kwasiɖa Vɔ̃wo

Gake xɔ̃nye Ellen Kadzalero gblɔ nam gbeɖeka be srɔ̃nye xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Dzi kum ale gbegbe! Tso gbemagbe dzi la, nyemegaƒoa nu nɛ alo ɖaa nu nɛ o. Medzudzɔ tsiléle ɖoɖo dzoe nɛ hã—si nye srɔ̃nyɔnu ƒe dɔ le mía dekɔnu nu.

Esi Emmas do dzi le ŋlɔmiwɔwɔ sia me kwasiɖa etɔ̃ megbe la, ebia tso asinye tufafatɔe be manɔ anyi, eye wògblɔ nusita wòtso nya me be yeazu Ðasefo la nam. Exlẽ mawunyakpukpui geɖewo, abe Korintotɔwo I, 9:16 ene, heɖe wo me nam. Eʋãm ŋutɔ eye nye hã mese le ɖokuinye me be ele nam be maɖe gbeƒã nyanyuia. Eyata meɖoe be madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Yehowa Ðasefowo. Fiẽ ma la, meɖa nu vivi aɖe na srɔ̃nye lɔlɔ̃a si na eƒe dzi dze eme.

Nyateƒea Gbɔgblɔ na Ƒometɔwo Kple Xɔlɔ̃wo

Esi mía dzilawo se be míele ha dem kple Yehowa Ðasefowo la, wotsi tre ɖe mía ŋu vevie. Ƒonyemetɔwo ŋlɔ agbalẽ na mí be míagava srã yewo kpɔ azɔ o. Woƒe nuwɔna na míelé blanui, gake míeka ɖe ŋugbe si Yesu do be míakpɔ gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple fofowo kple dadawo la dzi.—Mateo 19:29.

Mewɔ ŋgɔyiyi kabakaba le nye Biblia sɔsrɔ̃a me hexɔ nyɔnyrɔ le August 1951 me, ɣleti etɔ̃ kple afã ko tso esime srɔ̃nye xɔe megbe. Mese le ɖokuinye me be ele be magblɔ nyateƒea na xɔ̃nye Ellen. Dzidzɔtɔe la, elɔ̃ be masrɔ̃ Biblia kpli ye. Le May 1952 me la, Ellen xɔ nyɔnyrɔ eye wòva zu gbɔgbɔ me nɔvinyɔnu nam, si na míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me gasẽ ɖe edzi. Vaseɖe egbea la, míegakpɔtɔ nye xɔlɔ̃ veviwo.

Le ƒe 1954 me la, woɖo Emmas nutome sue dzikpɔla be wòasubɔ hameawo. Le ɣemaɣi me la, vi ade nɔ mía si xoxo. Le ɣemaɣiwo me la, dzikpɔlamɔzɔla si si ƒome le la zãa kwasiɖa ɖeka tsɔ subɔa hamea emegbe enɔa srɔ̃a kple viawo gbɔ le aƒeme le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Ke hã ne Emmas zɔ mɔ la, ekpɔa egbɔ ɣesiaɣi be mekpɔ míaƒe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃a dzi. Míedzea agbagba be míana nusɔsrɔ̃ kple mía viawo navivi. Míetsɔa kakaɖedzi ƒoa nu tso dzime ku ɖe lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple nyateƒe si tso eƒe Nya la me ŋu, eye míekpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me abe ƒome ene. Gbɔgbɔ me hehenana ƒe ɖoɖo sia do ŋusẽ mía viwo ƒe xɔse eye wòdzra wo ɖo ɖe yometiti si nɔ ŋgɔ na mí ŋu.

Subɔsubɔ ƒe Yometiti Dze Egɔme

Le ƒe 1964 me la, Malawi dukɔa xɔ ɖokuisinɔnɔ. Esi amegã siwo le dunyahedziɖuɖu si le dzi ɖum me se be míedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o la, wodze agbagba be yewoazii ɖe mía dzi míaƒle dunyahehamenɔnɔ gbalẽvi. * Esi mía kple Emmas míegbe eƒeƒle la, Sɔhɛwo ƒe Nubabla me tɔwo yi ɖatsrɔ̃ míaƒe bligble—si nye nuɖuɖu si ŋu koŋ míanɔ agbe ɖo le ƒe si akplɔe ɖo me. Esime Sɔhɛwo ƒe Nubabla me tɔwo nɔ bliawo tsom ƒu anyi la, wonɔ ha dzim be: “Amesiwo katã gbe Kamuzu [Dukplɔla Banda] ƒe agbalẽvi ƒeƒle la, babawo aɖu woƒe blitimuwo eye woafa avi.” Togbɔ be wogblẽ míaƒe nuɖuɖu dome alea hã la, dzi meɖe le mía ƒo o. Míekpɔe be Yehowa nɔ mía ta kpɔm. Edo ŋusẽ mí lɔlɔ̃tɔe.—Filipitɔwo 4:12, 13.

Mía kple ɖeviawo ɖeɖekoe kpɔtɔ ɖe aƒea me le August 1964 me ƒe zãtiƒe aɖe. Míedɔ alɔ̃, gake ha si nɔ ɖiɖim tso didiƒe la na menyɔ. Gulewamkulu-awo, si nye afimatɔwo ƒe ɣeɖula siwo nye vivimeha aɖe si ŋu ŋɔdzi le siwo wɔa wo ɖokui tɔgbui kukuwo ƒe gbɔgbɔwoe va dzea ame dzi. Sɔhɛwo ƒe Nubabla la me tɔwoe dɔ Gulewamkulu-awo ɖa be woava dze mía dzi. Menyɔ ɖeviawo kabakaba, eye kaka amedzidzelawo naɖo aƒea me la, míesi ɖo gbe.

Le afisi míeyi ɖabe ɖo la, míekpɔ dzo aɖe nɔ bibim ɖaa. Gulewamkulu-awoe tɔ dzo míaƒe bexɔa. Efia keŋkeŋ, tsɔ kpe ɖe míaƒe nunɔamesiwo katã ŋu. Esi amedzidzelawo do le dzudzɔ si le tutum tso míaƒe aƒea me yina la, míese wonɔ gbɔgblɔm be, “Míedo dzo nyui aɖe da ɖi na Ðasefo ma be wòava ƒu.” Aleke gbegbe dzi dzɔ mí ɖe Yehowa ŋui enye si be míesi hele dedie! Nyateƒee, wogblẽ míaƒe nunɔamesiwo dome, gake womegblẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tsɔ wu amewo dome o.—Psalmo 118:8.

Míese be Gulewamkulu-awo wɔ nu vloe mawo ke ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome atɔ̃ bubuwo ŋu le míaƒe nutoa me. Aleke gbegbee dzi dzɔ míi enye si esime nɔvi siwo le hame siwo te ɖe mía ŋu me va xɔ na mí! Wogbugbɔ xɔawo tu na mí eye wona nuɖuɖu mí kwasiɖa geɖe.

Yometitia Nu Va Sẽ ɖe Edzi

Le September 1967 me la, nugbeɖoɖo be woalé Yehowa Ðasefowo katã aƒo ƒu kaka ɖe dukɔa me. Be woalé mí la, ɖekakpui ŋutasẽlawo siwo ɖo adã—siwo nye Sɔhɛwo ƒe Nubabla me tɔwo kple Malawi Sɔhɛwo ƒe Ŋgɔnɔla siwo tsɔ yiwo ɖe asi la—di Ðasefowo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Ne ŋutsuawo ke ɖe wo ŋu la, wodoa dunyahehamenɔnɔ gbalẽvia ɖe wo gbɔ be woaƒle.

Esi woɖo mía ƒeme la, wobia be dunyahehamenɔnɔ ƒe agbalẽvia le mía si hã. Meɖo ŋu be: “Ao, nyemeƒle ɖeke o. Nyemaƒle ɖeke fifia o, eye nyemaƒle ɖeke le etsɔme hã o.” Emegbe wolé mía kple srɔ̃nye eye wokplɔ mí yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe, hegbe be yewomaɖe mɔ na mí be míatsɔ naneke o. Esi mía vi ɖevitɔwo gbɔ va aƒeme tso suku la, womekpɔ mí o, eye wotsi dzi ŋutɔ. Dzidzɔtɔe la, mía vi tsitsitɔ, Daniel gbɔ va aƒeme emegbe kpuie eye wòva bia nusi dzɔ la ta se tso aƒelika aɖe gbɔ. Ekplɔ eyometɔwo enumake woɖo ta kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea. Wova ɖo le ɣeyiɣi si tututu me kpovitɔawo nɔ mía dem ʋu be woakplɔ ayi Lilongwe. Ðeviawo hã yi kpli mí.

Le Lilongwe la, woɖi ʋɔnu madzemadze aɖe le kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe gã. Kpovitɔawo bia mí be, “Miagayi dzi anye Yehowa Ðasefowoa?” Míeɖo ŋu be, “Ẽ!” togbɔ be nyaŋuɖoɖo alea fia be woade mí gaxɔ me ƒe adre hã. Amesiwo nye “kplɔlawo” le habɔbɔa nu ya anɔ gaxɔ me ƒe 14 sɔŋ.

Esi míeto zã la me numaɖumaɖui eye míedzudzɔ hã o megbe la, kpovitɔwo kplɔ mí yi Maula Gaxɔ me. Amewo yɔ gaxɔa me le afima ale gbegbe be míekpɔ teƒe aɖeke le anyigba amlɔ gɔ̃ hã o! Tɔkpo ɖeka koe le afɔdzideƒea le gaxɔ ɖesiaɖe si me amewo tege ɖo la me. Nuɖuɖu sue aɖe koe wonana eye womeɖanɛ nyuie hã o. Le kwasiɖa eve megbe la, gaxɔdzikpɔla de dzesii be ŋutifafamewoe míenye eye wòɖe mɔ na mí be míazã gaxɔa ƒe xɔxɔnua. Esi míesɔ gbɔ le teƒea ta la, mɔnukpɔkpɔ su mía si gbesiagbe be míade dzi ƒo na mía nɔewo eye be míaɖi ɖase na gaxɔ me nɔla bubuwo. Nukutɔe la, wova ɖe asi le mía ŋu le gaxɔmenɔnɔ ɣleti etɔ̃ megbe le dukɔwo ƒe nyaƒoƒo ɖe Malawi dziɖuɖua nu ta.

Kpovitɔawo ƒe amegãwo gblɔ na mí be míatrɔ ayi míaƒe aƒewo me, gake wogblɔ na mí hã be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu le Malawi. Mɔxeɖenua nɔ anyi tso October 20, 1967, vaseɖe August 12, 1993—ede ƒe 26 kloe. Ƒe mawo nye ɣeyiɣi vɔ̃wo, gake to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míete ŋu lé míaƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi sesĩe.

Woti Mía Yome abe Lãwo Ene

Le ƒe 1972 ƒe October me la, dziɖuɖua ƒe sedede aɖe na wogahe yometiti sesẽ yeye aɖe va mía dzi. Sededea bia be woaɖe asi le Yehowa Ðasefowo katã ŋu le woƒe dɔwɔƒewo eye woanya Ðasefo siwo katã le kɔƒewo me ade gbe. Woti Ðasefowo yome abe lãwo ene.

Le ɣeyiɣi sia me la, ɖekakpui Kristotɔ aɖe tsɔ gbedasi kpata aɖe vɛ na Emmas le aƒeme be, ‘Sɔhɛwo ƒe Nubabla me tɔwo ɖo nugbe be yewoatso ta le nuwò atɔ ɖe ati ŋu ayi na nutoa me fiawo.’ Emmas si dzo le aƒea me kaba, gake ekpɔ egbɔ gbã be yewɔ ɖoɖo na mí be míate ŋu adze ye yome kaba emegbe. Mewɔ kaba ɖo ɖeviawo ɖa. Esi medzra ɖo vɔ tututu be madzo la, Sɔhɛwo ƒe Nubabla me tɔ ewo va do nɔ Emmas dim. Wogbã ʋɔa ge ɖe xɔa me gake wokpɔ be Emmas si xoxo. Dzi ku ŋutsuawo eye wohem yi foŋfoŋgble aɖe me, eye wotu afɔkpom heƒom kple foŋfoŋwo. Esi wobu be meku la wogblẽm ɖi hedzo. Esi menyɔ la, meta yi aƒeme.

Le zãtiƒe gbemagbe la, Emmas de eƒe agbe afɔku me heva aƒea me nɔ diyem. Esi wòkpɔ be woƒom vevie la, Emmas kple xɔlɔ̃a si si ʋu le la tsɔm de ʋua me ɖɔɖɔɖɔ. Emegbe woku ʋua yi nɔvi aɖe si le Lilongwe ƒe aƒeme, afisiae nye lãme nɔ kakam ɖe eme le vivivi eye Emmas wɔ susu be yeasi le dua me.

Sitsoƒedila Siwo Mekpɔ Afi Aɖeke Ayi O

Agbatsɔʋu gã aɖe nɔ mía vinyɔnu, Dinesi kple srɔ̃a si. Wodi ʋukula ɖekakpui aɖe si nye Malawi Sɔhɛwo ƒe Ŋgɔnɔla me tɔ tsã gake wòva zu fafanamela le míaƒe nya sia me. Etsɔ eɖokui na be yeakpe ɖe mía kple Ðasefo bubuwo ŋu. Ʋukula la fɔ Ðasefoawo tso woƒe bebeƒe siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo la fiẽ geɖe. Edoa eƒe Malawi Sɔhɛwo ƒe Ŋgɔnɔlawo ƒe awua eye wòkua ameawo toa kpovitɔwo ƒe mɔtsoƒe geɖewo. Ede eƒe agbe afɔku me zi geɖe kpe ɖe Ðasefo alafa geɖewo ŋu be woatso de ayi Zambia.

Ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, Zambia dziɖuɖumegãwo gbugbɔ mí yi Malawi; ke hã míete ŋu trɔ yi míaƒe kɔƒea me o. Wofi míaƒe nunɔamesi siwo katã míegblẽ ɖi la. Wofo xɔgbanuawo gɔ̃ hã le xɔa dzi. Esi míekpɔ dedienɔƒe aɖeke ayi o la, míesi yi Mozambique eye míenɔ Mlangeni-saɖa me ƒe eve kple afã. Gake le June 1975 me la dziɖuɖu yeye si va zia dzi le Mozambique tu asaɖa la eye wozi mía dzi be míatrɔ ayi Malawi, afisi nɔnɔmea gakpɔtɔ le nenema na Yehowa ƒe amewo le. Naneke meli míagawɔ wu be míasi ayi Zambia zi evelia o. Míeva nɔ Chigumukire sitsoƒesaɖa me.

Ɣleti eve megbe la, bɔswo kple asrafoʋuwo va tɔ ɖe mɔ to eye Zambia-srafo alafa geɖewo siwo tsɔ tu gbogbo aɖewo ɖe ŋui va dze asaɖa la dzi. Wogblɔ na mí be wotu xɔ nyui aɖewo na mí eye wodi be ʋuawo natsɔ mí ayii. Míenya be menye nyateƒee o. Asrafoawo va te amewo tutu de agbatsɔʋuawo kple bɔsuawo me, eye ŋɔdzi lé ameawo katã. Asrafoawo va te tu siwo dana tre ɖe enu dada ɖe yame eye mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu gbogbo aɖewo ka hlẽ le vɔvɔ̃ ta.

Le zitɔtɔa me la, wotutu Emmas ƒu anyi hezɔ edzi le manyamanya me, gake nɔviŋutsu aɖe fɔe ɖe tsitrenu. Míesusui be xaxa gã la ƒe gɔmedzedze enye ma. Sitsoƒedilawo katã si ɖo ta Malawi. Míesi va ɖo tɔsisi aɖe to esi míegakpɔtɔ le Zambia, eye nɔviawo lé wo nɔewo ƒe asiwo ɖo fli legbe aɖe be woakpe ɖe amesiame ŋu woatso tɔa dedie. Gake le tɔsisia ƒe go keme dzi la, Zambia-srafoawo nya mí ɖe enu hezi mía dzi be míatrɔ ayi Malawi.

Esi míegava ɖo Malawi la míenya afisi míayi o. Míese be wode se na amewo le dunyahetakpekpewo kple le nyadzɔdzɔgbãlewo me be woanɔ ŋudzɔ ɖe “ame yeye” siwo ava kɔƒeawo me ŋu, wònye Yehowa Ðasefowoe wowɔnɛ. Eyata míeɖoe be míayi ɖe fiadua me, afisi womakpɔ mí adze sii le abe kɔƒea me ene o. Míete ŋu haya xɔ sue aɖe, eye Emmas gadze hamewo sasrã kpɔ le adzame gɔme abe dzikpɔla mɔzɔla ene ake.

Hame ƒe Kpekpewo Dede

Nukae kpe ɖe mía ŋu be míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi? Hamea ƒe kpekpewo dedee! Esi míenɔ sitsoƒesaɖa me le Mozambique kple Zambia la, míedea kpekpewo faa le Fiaɖuƒe Akpata kpokploe aɖewo siwo wotsɔ be gbãe me. Afɔku nɔa ƒuƒoƒo hena kpekpewo dede le Malawi me eye wòsesẽna hã—gake woɖea vi geɖe na mí. Be woagakpɔ mí o la, míewɔa kpekpeawo le zã me le afisiwo sa ɖe aga zi geɖe. Be míagana amewo nase mía ŋkɔ o la, míeƒoa asikpe tsɔ ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ne nuƒola ƒo nu vɔ o, ke boŋ ɖeko míelilia asi asiƒome.

Wonaa nyɔnyrɔa amewo le zãtiƒe. Ɣeyiɣi sia tɔgbe mee mía viŋutsu, Abiyudi, xɔ nyɔnyrɔ. Le nyɔnyrɔxɔxɔ nuƒoa megbe la, wokplɔ eya kple ame bubu siwo axɔe la to viviti me yi ɖe bateƒe aɖe si woɖe do si megoglo o ɖo. Afimae wona nyɔnyrɔ wo le.

Míaƒe Aƒe Suea Nye Dedienɔƒe

Le dziɖuɖua ƒe mɔxeɖenua ƒe ƒe mamlɛawo me la, wozã míaƒe aƒe si le Lilongwe abe dedienɔƒe ene. Woɖea lɛtawo kple agbalẽ siwo tso Zambia ƒe alɔdzedɔwɔƒea dana ɖe mía gbɔ le adzame. Nɔvi siwo tsɔa agbalẽawo ɖe gasɔwo dzi vaa míaƒe aƒea me va tsɔa agba siwo woɖo ɖa tso Zambia eye wotsɔa lɛtawo kple agbalẽwo yia Malawi ƒe nutowo katã me. Gbetakpɔxɔ magazine siwo womana la nɔa falɛfalɛ elabena pepa siwo wotsɔ taa Biblia dzie wotae ɖo. Esia wɔnɛ be agbalẽtsɔlawo te ŋu tsɔa esiwo woate ŋu atsɔ ne ɖe wotae ɖe magazine pepa dzi la ƒe teƒe eve. Agbalẽtsɔlawo tsɔa Gbetakpɔxɔ magazine suewo hã, siwo me nusɔsrɔ̃ nyatiwo ɖeɖe nɔna. Woate ŋu aɣla magazine sueawo ɖe dziwui ƒe kotoku me bɔbɔe elabena pepa ɖeka dzi koe wòle.

Agbalẽtsɔla siawo dea woƒe ablɔɖe kple agbe afɔku me blaa agbalẽ siwo nu woxe mɔ ɖo ɖe woƒe gasɔwo dzi toa gbeme yinae, eye zã mee wozɔa mɔ ɣeaɖewoɣi. Togbɔ be kpovitɔwo ƒe mɔtsoƒewo kple kuxi geɖe nɔa mɔawo dzi hã la, wozɔa mɔ kilometa alafa geɖe le yame ƒe nɔnɔme vovovo me be woaɖama gbɔgbɔmenuɖuɖu na wo nɔviwo. Dzinɔameƒo ka gbegbee nye ema nɔ agbalẽtsɔla siawo si!

Yehowa Tsɔa Ðe Le Eme na Ahosiwo

Esime Emmas nɔ nuƒo nam le hame aɖe sasrã kpɔ me le December 1992 me la, tutudɔ dze edzi. Emegbe la megava te ŋu ƒoa nu o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, tutudɔa gadze edzi zi evelia, eye eƒe akpa ɖeka tu. Togbɔ be tenɔnɔ ɖe eƒe lãmegbegblẽa nu sesẽ nɛ hã la, kpekpeɖeŋu siwo míaƒe hamea nana tso lɔlɔ̃ me la ɖe nye dziɖeleameƒoa dzi kpɔtɔ. Mete ŋu kpɔ srɔ̃nye dzi le aƒeme vaseɖe esime wòku le November 1994, esime wòxɔ ƒe 76. Mía kpli Emmas míenɔ anyi ƒe 57 sɔŋ, eye wòkpɔ mɔxenua ƒe ɖeɖe ɖa teƒe hafi ku. Gake megafaa konyi le nye kpeɖeŋutɔ wɔnuteƒea ƒe anyimanɔmanɔ ŋu kokoko.

Esi meva zu ahosi la, tonye ɖoe eɖokui dzi be yeakpɔ dzinye akpe ɖe srɔ̃a kple via atɔ̃awo ŋu. Nublanuitɔe la, eva ku le August 2000 me, le dɔdzedze ɣeyiɣi kpui aɖe megbe. Aleke vinyenyɔnua awɔ akpɔ nuɖuɖu kple dɔƒe na míi? Megakpɔe ake be Yehowa léa be na mí eye wònye “tsyɔ̃eviwo fofo kple ʋɔnudrɔ̃la na ahosiwo” nyateƒe. (Psalmo 68:6) Yehowa to esubɔla siwo le anyigba dzi la dzi na aƒe dzeani yeye aɖe mí. Alekee wòdzɔe? Esi nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo kpɔ míaƒe nɔnɔme wɔnublanuia la, wotu xɔ na mí le kwasiɖa atɔ̃ pɛ ko me! Nɔvi siwo nye gliɖolawo tso hame bubuwo me va na kpekpeɖeŋu. Lɔlɔ̃ kple dɔmenyo si Ðasefo siawo katã ɖe fia wu gbɔgblɔ na mí elabena xɔ si wotu na mí la nyo wu aƒe si me wo dometɔ geɖewo le. Hamea ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia sia zu ɖaseɖiɖi nyui aɖe le míaƒe nutoa me. Ne meyi ɖamlɔ anyi le zã me la, ewɔna nam abe Paradiso mee mele ene! Ẽ, anyikpememe kple anyi si wonyae wotsɔ tu míaƒe aƒe yeye lae, gake abe alesi ame geɖewo nyae ene la, enye aƒe si lɔlɔ̃ ʋa wo wotu nyateƒe.—Galatiatɔwo 6:10.

Yehowa ƒe Ametakpɔkpɔ Ɣeawokatãɣi

Togbɔ be meléa blanui ɣeaɖewoɣi hã la, Yehowa kpena ɖe ŋunye. Vinye asiekeawo dometɔ adre gale agbe, eye amesiwo le nye ƒomea me fifia le ame 123 sɔŋ. Aleke wòdzɔa dzi nam enye esi be wo dometɔ akpa gãtɔ le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe!

Le ŋkeke siawo si me mexɔ ƒe 82 la, dzidzɔ yɔa menye ne mekpɔ nusiwo gbegbe Mawu ƒe gbɔgbɔ wɔ le Malawi. Le ƒe ene si va yi ɖeɖeko me la, mekpɔ Fiaɖuƒe Akpatawo dzi ɖe edzi tso ɖeka va ɖo 600 sɔŋ. Alɔdzedɔwɔƒe yeye hã le mía si le Lilongwe, eye míekpɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si nu mɔxeɖenu aɖeke mele o. Mesena le ɖokuinye me nyateƒe be Mawu ƒe ŋugbedodo si dze le Yesaya 54:17 va eme nam, afisi woka ɖe edzi na mí le be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” Le nye Yehowa subɔsubɔ si wu ƒe 50 me la, mekpɔ kakaɖedzi be le tetekpɔ ɖesiaɖe si ava mía dzi me la, Yehowa léa be na mí ɣesiaɣi.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Malawi ƒe ŋutinya ŋu la, kpɔ 1999 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, ƒe axa 149-223, si Yehowa Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Srɔ̃nye Emmas, xɔ nyɔnyrɔ le April 1951 me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nɔvi agbalẽtsɔla dzinɔameƒotɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Aƒe si lɔlɔ̃ ʋa wo wotu