Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke

Alesi Nàwɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke

Alesi Nàwɔ Wò Srɔ̃ɖeɖe Nali Ke

TSƆ susu kpɔ alesi aƒe aɖe si womegaléa be aɖeke na o la me anɔ ɖa. Aŋɔ si le eŋu le fofom, xɔa le ɖuɖum, eye aƒea me to gbe. Edze kɔte be yaƒoƒo sesẽwo ɖe fu na aƒea ƒe geɖe va yi, eye bemalémalé nɛ na nu geɖe gblẽ le eŋu. Ðe wòle be woagbã aƒea? Mehiã kokoko o. Ne eƒe gɔmeɖoanyia sẽ eye ŋusẽ le gliawo ŋu la, ke woagate ŋu atrɔ asi le aƒea ŋu wòanyo.

Ðe nɔnɔme si me xɔ ma le ɖo ŋku wò srɔ̃ɖeɖe dzi na wòa? Le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ nu la, ate ŋu anye be ƒe aɖewoe nye sia si ya sesẽwo le nu gblẽm le wò srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu. Anye be mia dometɔ ɖeka alo mia kple evea siaa miegatsɔ ɖeke le eme na mia nɔewo le mɔ aɖewo nu o. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe alesi Sandy see ene. Le srɔ̃ɖeɖe ƒe 15 megbe la, egblɔ be: “Ðeko míetɔ ŋkɔ be míenye srɔ̃tɔwo ko. Eye ema ɖeɖe mesɔ gbɔ o.”

Ne aleae wò srɔ̃ɖeɖe va zu gɔ̃ hã la, mègaƒo nya ta enumake be ele be yeaɖe ta le eme o. Ate ŋu adzɔ bɔbɔe be miaƒe srɔ̃ɖeɖea me naganyo ake. Eƒe akpa gãtɔ nɔ te ɖe alesi gbegbe mia kple srɔ̃wòa mieɖoe kplikpaa be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nagaɖo eƒe nɔnɔ dzi. Tameɖoɖo kplikpaa be miaku ɖe mia nɔewo ŋu ate ŋu ana miaƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke le xaxaɣiwo. Gake nukae nye tameɖoɖo kplikpaa? Eye aleke Biblia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàna eme nasẽe?

Tameɖoɖo Kplikpaa Bia Agbanɔamedzi Tsɔtsɔ

Le numekugbalẽ aɖe ƒe nya nu la, tameɖoɖo kplikpaa fia be “woatsɔ agbanɔamedzi aɖe alo be seselelãme naʋã ame be wòawɔ nane.” Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya sia na nusi meku ɖe amewo dome ƒomedodo ŋu o, abe le dɔwɔnyawo me ene. Le kpɔɖeŋu me, xɔtula ate ŋu asee le eɖokui me be ele kokoko be yeawɔ xɔtudɔ si yexɔ ɖe ɖoɖo si wodi nu pɛpɛpɛ ahawu enu. Ate ŋu anɔ eme be eya ŋutɔ menya amesi ɖoe be woatu xɔa na ye o. Ke hã, asee le eɖokui me be yeawɔ ɖe xɔtuɖoɖo si dzi yelɔ̃ ɖo la dzi.

Togbɔ be menye dɔwɔnya kplalaa aɖe koe srɔ̃ɖeɖe nye o hã la, tameɖoɖo kplikpaa si wòbia la fia be woatsɔ agbanɔamedzi. Anye be mia kple srɔ̃wò mieka atam moveviɖoɖotɔe le Mawu kple amegbetɔwo ŋkume be nuka ke ɖale dzɔdzɔm o, yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu. Yesu gblɔ be: “Amesi wɔ [ŋutsu kple nyɔnu] le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ woe . . . Eye wòbe: Le esia ta ame agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋuti.” Yesu gblɔ kpee be: “Nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.” (Mateo 19:4-6) Eyata ne kuxiwo do mo ɖa la, ele be mia kple srɔ̃wò miaɖoe kplikpaa be miawɔ ɖe ŋugbe si miedo na mia nɔewo dzi. * Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Esi míedzudzɔ srɔ̃gbegbe ŋu bubu ko hafi nuwo va nɔ kakam ɖe eme.”

Gake tameɖoɖo kplikpaa be miaku ɖe mia nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me yi ŋgɔ wu agbanɔamedzi tsɔtsɔ ko. Nuka hãe wògabia?

Nuwo Wɔwɔ Ðekae Doa Ŋusẽ Tameɖoɖo Kplikpaa le Srɔ̃ɖeɖe Me

Tame si woaɖo kplikpaa be woaku ɖe ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me mefia be srɔ̃tɔwo ƒe susu mato vovo na wo nɔewo tɔ gbeɖe o. Ne masɔmasɔ aɖe do mo ɖa la, ele be woadi vevie be yewoakpɔ nyaa gbɔ, menye le atam si woka ɖeɖeko ta o ke boŋ le lɔlɔ̃ si bla wo ɖekae ta. Yesu gblɔ le ŋutsu kple srɔ̃a ŋu be: “Womeganye ame eve o, negbe ŋutilã ɖeka ko.”

Be mia kple srɔ̃wò mianye “ŋutilã ɖeka” gɔme ɖe? Apostolo Paulo ŋlɔ be “[ele] na ŋutsuwo be, woalɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo abe woa ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.” (Efesotɔwo 5:28, 29) Eyata “ŋutilã ɖeka” nyenye fia hã be nàtsɔ ɖe le srɔ̃wò ƒe nyonyo me abe alesi nètsɔa ɖe le wò ŋutɔ tɔwò mee ene. Ele be srɔ̃tɔwo natrɔ woƒe nuŋububu be “tɔnyee” wòanye “mía tɔe,” aɖe asi le nya si nye “nye” ŋu atrɔ ɖe “mí” ŋu. Aɖaŋuɖola aɖe ŋlɔ bena: “Ele be akpa evea siaa nadzudzɔ ebubu le dzi me be trewoe yewonye, eye woadze ebubu le dzi me be srɔ̃tɔwoe yewonye.”

Ðe mia kple srɔ̃wò miebua mia nɔewo “le dzi me be srɔ̃tɔwoe yewonyea”? Ate ŋu adzɔ be mianɔ anyi ɖekae ƒe geɖe gake mianye “ŋutilã ɖeka” le gɔmesese ma nu o. Ẽ, ate ŋu adzɔ, gake agbalẽ si nye Giving Time a Chance gblɔ be: “Srɔ̃ɖeɖe fia nuwo wɔwɔ ɖekae le agbe me, eye zi alesi ame eve wɔa nu ɖekae la, zi nenemae woƒe anyinɔnɔ adze edzii.”

Atsu kple asi aɖewo siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔ mele o yia edzi nɔa wo nɔewo gbɔ le wo viwo alo ganyawo ta. Bubuwo doa dzi nɔa anyi le esi wotsi tre ɖe srɔ̃gbegbe ŋu vevie ta alo le vɔvɔ̃ ɖe nusi amewo asusu ne wo dome gblẽ ta. Togbɔ be edze kafukafu be miele dzi dom le srɔ̃ɖeɖe siawo tɔgbe me hã la, miɖo ŋku edzi be ele be miaƒe taɖodzinu nanye be lɔlɔ̃ nanɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me, menye be wòanɔ anyi adidi ko evɔ o.

Ðokuitɔmadimadi Nuwɔnawo Doa Ŋusẽ Tameɖoɖo Kplikpaa le Srɔ̃ɖeɖe Me

Biblia gblɔe ɖi be le “ŋkeke mamlɛawo” me la, amewo anye “ɖokuilɔ̃lawo.” (Timoteo II, 3:1, 2) Abe alesi nyagblɔɖi ma gblɔe ene la, edze abe ame ɖokui ko ŋue amewo tsia dzi ɖo egbea ene. Le srɔ̃ɖeɖe geɖe ŋutɔ me la, wobua ame ɖokui tsɔtsɔ na teƒeɖoɖo aɖeke maxɔmaxɔe be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi. Gake le srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedzewo me la, atsu kple asia siaa ɖea ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fiana. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

Le esi nànɔ ɖokuiwò biam be ‘Nukae makpɔ tso srɔ̃ɖeɖe sia me?’ teƒe la, bia ɖokuiwò be, ‘Nuka wɔm mele be matsɔ ana nye srɔ̃ɖeɖea nali ke?’ Biblia gblɔ be Kristotɔwo ‘megakpɔ nusi nye woawo ŋutɔwo tɔ ko dzi o, ke boŋ woakpɔ nusi nye ame bubuwo tɔ hã dzi.’ (Filipitɔwo 2:4) Esi nèle ŋugble dem le Biblia ƒe gɔmeɖose sia ŋu la, lé ŋku ɖe wò nuwɔnawo le kwasiɖa si va yi me ŋu kpɔ. Zi nenie nèwɔ dɔmenyonu aɖe ɖe srɔ̃wò ƒe nyonyo ko ta? Ne srɔ̃wò di be yeaɖo dze kpli wò la, ɖe nèɖoa toea—togbɔ be mewɔ na wò be nàɖo toe o gɔ̃ hã? Nuwɔna kawo mee nèkpɔ gome le siwo do dzidzɔ na srɔ̃wò wu wò ŋutɔ?

Le biabia siawo ŋu bubu me la, mègatsi dzi be ame aɖeke makpɔ nusi wɔm yele la o alo be teƒeɖoɖo aɖeke mele eme na ye o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Le ƒomedodo akpa gãtɔ me la, woɖoa nyuiwɔwɔwo teƒe, eyata wɔ wò ŋutete ɖesiaɖe nàtsɔ ade dzi ƒo na srɔ̃wò be wòawɔ nyui to wò ŋutɔ wò nyuiwɔwɔ geɖe wu me.” Ðokuitsɔtsɔsavɔ nuwɔnawo ado ŋusẽ wò srɔ̃ɖeɖea elabena woɖenɛ fiana be èdea asixɔxɔ eŋu hedi be yeakpɔ eta.

Ebubu Nusi Anɔ Anyi Ðaa Le Vevie

Yehowa Mawu dea asixɔxɔ nuteƒewɔwɔ ŋu. Le nyateƒe me, Biblia gblɔ be: ‘Yehowa wɔa nuteƒe na nuteƒewɔla.’ (Samuel II, 22:26) Nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi na Mawu bia be woayi edzi awɔ nuteƒe le srɔ̃ɖeɖoɖo si wòɖo anyi me.—Mose I, 2:24.

Ne mia kple srɔ̃wò miewɔa nuteƒe na mia nɔewo la, ana miabu miaƒe srɔ̃ɖeɖea be enye nusi anɔ anyi ɖaa. Ne miebu ɣleti kple ƒe gbogbo siwo le mia ŋgɔ ŋu la, miakpɔe le susu me be yewo gale yewo nɔewo gbɔ. Mava susu me na mi kura be ɣeyiɣi aɖe aɖo si miagava nye srɔ̃tɔwo o, eye esia naa miaƒe srɔ̃ɖeɖea nɔa dedie. Srɔ̃nyɔnu aɖe gblɔ be: “Ne dzi kum helĩhelĩ ɖe [srɔ̃nye] ŋu eye nusi le dzɔdzɔm ɖe mía dzi medzɔ dzi nam kura o gɔ̃ hã la, nyemetsia dzi be míaƒe srɔ̃ɖeɖea me ava gblẽ o. Metsia dzi ɖe alesi tututu míawɔ be nuwo nagaɖɔ ɖo ŋu. Menyae be nuwo agaɖɔ ɖo godoo—ɖeko nyemenyaa alesi tututu míawɔe enumake o.”

Srɔ̃ɖeɖea bubu nusi anɔ anyi ɖaae nye kuku ɖe ame srɔ̃ ŋu ƒe akpa vevi aɖe, gake ewɔ nublanui be mele srɔ̃ɖeɖe geɖe me o. Ete ŋu dzɔna be ne dzre dzɔ la, srɔ̃tɔ ɖeka nado ɣli be, “Medzo!” alo, “Mayi aɖakpɔ ame aɖe si mele vevie na!” Nyateƒee, zi geɖe la, menye ɖe woɖonɛ be yewoawɔ nusi wogblɔ la ŋutɔŋutɔ ya o. Togbɔ be ele alea hã la, Biblia gblɔ be “aɖi wuame” ate ŋu ayɔ aɖe la fũ. (Yakobo 3:8) Ŋɔdzidonamenyawo kple nuɖonamewo sɔ kple gbɔgblɔ be: ‘Nyemebua míaƒe srɔ̃ɖeɖea be enye nusi anɔ anyi ɖaa o. Mate ŋu ado le eme ɣesiaɣi si melɔ̃.’ Nya siawo ƒomevi gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ srɔ̃ɖeɖea me.

Ne èbua miaƒe srɔ̃ɖeɖea be nusi anɔ anyi ɖaae wònye la, ana nànɔ mɔ kpɔm be yeanɔ ye srɔ̃ gbɔ le vivi kple veve siaa me. Esia gaɖea vi bubu. Ana wòanɔ bɔbɔe na mia kple srɔ̃wò be mialɔ̃ ɖe miaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple vodadawo dzi wu eye miayi edzi agbɔ dzi ɖi na mia nɔewo ahatsɔ ake mia nɔewo faa. (Kolosetɔwo 3:13) Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Le srɔ̃ɖeɖe si me nyo me la, adzɔ godoo be mi ame evea siaa miawɔ vodada, gake srɔ̃ɖeɖea anɔ te togbɔ be ele alea hã.”

Le wò srɔ̃kpegbe la, ame ŋutɔŋutɔ—srɔ̃wò—ye nètsɔ ɖokuiwò na, ke menye srɔ̃ɖeɖoɖo lae o. Ele be nyateƒenya sia nakpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe alesi nèbua tame hewɔa nui fifia abe srɔ̃tɔ ene dzi. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi be ele be yeanɔ ye srɔ̃ ŋu menye le esi nèxɔe se be nu kɔkɔe srɔ̃ɖeɖe nye ko ta o ke boŋ le esi nèlɔ̃ amesi nèɖe la hã tae oa?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Le nya siwo sesẽ ŋutɔŋutɔ me la, susu adodoe aɖewo anɔ anyi siwo ta wòasɔ be srɔ̃tɔ aɖewo dome naklã. (Korintotɔwo I, 7:10, 11; kpɔ Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 160-1.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ɖe mɔ be woate ŋu agbe srɔ̃ le ahasiwɔwɔ (gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ) ta.—Mateo 19:9.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 5]

Nusi Nàte Ŋu Awɔ Fifia

Aleke wò srɔ̃ɖegbenɔnɔ le le tameɖoɖo kplikpaa be miaku ɖe mia nɔewo ŋu me? Ðewohĩ ède dzesii be àte ŋu ana wòaganyo ɖe edzi. Be nàdo ŋusẽ wò tameɖoɖo kplikpaa la, te nusiwo gbɔna la wɔwɔ kpɔ:

● Dzro ɖokuiwò me kpɔ. Bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe meɖe srɔ̃a tso dzi me vavãa, alo ɖe megabua tame hewɔa nu abe tre enea?’ Bia srɔ̃wò be wòagblɔ alesi wòsena le eɖokui me ɖe ŋuwò le go sia me na wò.

● Mia kple srɔ̃wò mixlẽ nyati sia ɖekae. Emegbe mitsɔ tufafa dzro mɔ siwo dzi miato ado ŋusẽ miaƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoana yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me nanyo me.

● Mia kple srɔ̃wò miwɔ nusiwo ado ŋusẽ miaƒe tameɖoɖo kplikpaa la ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, mikpɔ miaƒe srɔ̃ɖegbe kple nudzɔdzɔ vevi bubuwo ƒe fotowo. Miwɔ nusiwo wɔwɔ dzɔa dzi na mi le miaƒe zɔzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe me alo le miaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe gbãtɔwo me. Mia kplii misrɔ̃ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me nyati siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo ku ɖe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu ɖekae.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Le Srɔ̃ɖeɖe me la, Tameɖoɖo Kplikpaa Bia . . .

Agbanɔamedzi Tsɔtsɔ “Alesi nèɖe adzɔgbe la, wɔe. Ne mèɖe adzɔgbe kura o la, enyo wu esi naɖe adzɔgbe, eye màwɔ edzi o.”—Nyagblɔla 5:3, 4.

Nuwo Wɔwɔ Ðekae “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka . . . Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.”—Nyagblɔla 4:9, 10.

Ðokuitsɔtsɔsavɔ “Dzidzɔ geɖe le nana me wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35, NW.

Ebubu Nusi Anɔ Anyi Ðaa “Lɔlɔ̃ . . . [doa] dzi le nuwo katã me.”—Korintotɔwo I, 13:4, 7.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Ne srɔ̃wò di be yeaɖo dze kpli wò la, ɖe nèɖoa toea?