Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Ate Ŋu Ana Wò Srɔ̃ɖeɖe me Nanyo

Biblia Ate Ŋu Ana Wò Srɔ̃ɖeɖe me Nanyo

Biblia Ate Ŋu Ana Wò Srɔ̃ɖeɖe me Nanyo

SRƆ̃ÐEÐE—nya sia sese naa ame aɖewo ƒe susu yia nu dodzidzɔnamewo dzi. Gake dzivee wònyena na ame bubuwo ya. Srɔ̃nyɔnu aɖe fa konyi be: “Ðeko wòwɔna nam abe ɖe míegbe mia nɔewo le dzi me ene. Ewɔna nam be srɔ̃nye metsɔ ɖeke le eme nam o eye be metsi akogo ɣeawokatãɣi.”

Nukae naa ame eve siwo ka atam va yi be yewoalɔ̃ yewo nɔewo ahade asixɔxɔ yewo nɔewo ŋu ƒe nya va tia wo nɔewo alea gbegbe? Nusiwo gbɔ wòtso dometɔ ɖekae nye nusiwo srɔ̃ɖeɖe bia la manyamanya. Atikewɔwɔ ŋuti nuŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ðeko míeƒoa ta ɖe eme naneke kura manyamanya tso eŋui.”

Numekuku aɖe si Rutgers Yunivɛsiti si le New Jersey, U.S.A., ƒe nusrɔ̃ha si nye [Amerika] Dukɔa me Srɔ̃ɖeɖe Ŋuti Numekuha wɔ la ɖo kpe edzi be nyateƒee, ame ʋɛ aɖewo koe nya nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu. Numekuha sia ƒe tatɔwo ŋlɔ bena: “Amesiwo ŋu woku nu me le la dometɔ geɖe nye amesiwo dzilawo ƒe srɔ̃ɖeɖe me dzidzɔ menɔ o alo wo dzilawo gbe wo nɔewo. Wonya alesi tututu srɔ̃ɖeɖe si me menyo o le, gake womenya alesi srɔ̃ɖeɖe si me nyo ya le o. Nusi ko wo dometɔ aɖewo te ŋu gblɔ le srɔ̃ɖeɖe si me nyo ŋu enye, ‘mele abe dzinyelawo tɔ ene o.’”

Ðe Kristotɔwo vo tso srɔ̃ɖekuxiwo mea? Ao. Le nyateƒe me, ehiã be woana nuxlɔ̃ame sia si le tẽ la ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo be ‘womegadi be woatu yewo’ ɖa le yewo srɔ̃wo ŋu o. (Korintotɔwo I, 7:27) Edze ƒã be kuxi aɖewo anɔ ame madeblibo eve ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖesiaɖe me godoo, gake nusi akpe ɖe mía ŋu li. Srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖe me nanyo ɖe edzi ne wotsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo wɔ dɔe.

Ele eme baa be menye srɔ̃ɖegbalẽ koŋ ye Biblia nye ya o. Gake esi wònye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔe ta la, míate ŋu akpɔ mɔ be gɔmeɖose siwo le eme akpe ɖe mía ŋu. Yehowa Mawu gblɔ to nyagblɔɖila Yesaya dzi be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la. Ðe wònye ɖe nèɖo to nye seawo la, anye ne wò ŋutifafa anɔ abe tɔsisi ene, eye wò dzɔdzɔenyenye anɔ abe ƒutsotsoewo ene.”—Yesaya 48:17, 18.

Ðe lɔlɔ̃ si nɔ mia kple srɔ̃wò dome tsã nu va le tsitsima? Ðe nèsena le ɖokuiwò me be yexaxa ɖe srɔ̃ɖeɖe si me lɔlɔ̃ mele o mea? Nyɔnu aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 26 enye esia gblɔ be: “Veve si wosena ne ame ƒe srɔ̃ɖeɖe va zu alea la wu gbɔgblɔ. Enɔa ame me ɣesiaɣi le afisiafi.” Le esi nàtsɔe be yeƒe srɔ̃ɖeɖea do kpo nu kura teƒe la, nukatae màɖoe kplikpaa be yeawɔ nane tso eŋu o? Nyati si kplɔe ɖo afia srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo alesi Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woƒe srɔ̃ɖeɖe me nanyo le nu vevi aɖe koŋ me—eyae nye le kuku ɖe wo nɔewo ŋu me.