Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzeɖoɖo Tso Gbɔgbɔmenuwo Ŋu Tua Ame ɖo

Dzeɖoɖo Tso Gbɔgbɔmenuwo Ŋu Tua Ame ɖo

Dzeɖoɖo Tso Gbɔgbɔmenuwo Ŋu Tua Ame ɖo

“Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.”​—EFESOTƆWO 4:29.

1, 2. (a) Aleke gbegbee amegbetɔ ƒe nuƒoƒo xɔ asii? (b) Aleke Yehowa subɔlawo dina be yewoazã yewoƒe aɖee?

“AMEGBETƆ ƒe nuƒoƒo nye nukunu; Mawu ƒe nunanae, nukunue.” Nya siae nyagɔmeɖegbalẽŋlɔla Ludwig Koehler ŋlɔ. Ðewohĩ míetsɔa Mawu ƒe nunana xɔasi sia nu tsɛ aɖee. (Yakobo 1:17) Gake bu kesinɔnu gã si wònye buna na mí ne tutudɔ na míaƒe ame vevi aɖe megate ŋu ƒoa nu eme kɔna o la ŋu kpɔ. Joan, amesi srɔ̃ŋutsu dzi tutudɔ dze nyitsɔ laa gblɔ be: “Dzeɖoɖo ƒe kadodo kplikplikpli aɖe nɔ mía dome tsã. Aleke gbegbee míaƒe dzeɖoɖoawo gadzroam enye si!”

2 Dzeɖoɖo ate ŋu ado ŋusẽ xɔlɔ̃dzedze, edzraa masɔmasɔwo ɖo, dea dzi ƒo na amesiwo ƒo dzi ɖe le, doa ŋusẽ ame ƒe xɔse, eye wòdzia ame ƒe agbenɔnɔ ƒe nyonyome ɖe edzi—gake mevana le eɖokui si gbeɖe o. Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene; ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lododowo 12:18) Mí Yehowa subɔlawo míedi be míaƒe dzeɖoɖowo nada gbe le ame ŋu eye wòatu ame ɖo tsɔ wu be wòagblẽ nu le ame ŋu ahagbã dzi na ame. Míedi hã be míatsɔ míaƒe aɖe akafu Yehowae, le míaƒe dutoƒo subɔsubɔdɔa me kpakple le mía nɔewo dome dzeɖoɖowo me. Hakpala la dzi ha be: “Míetsɔ Mawu le adegbe ƒomi ɖaa, eye míekafu wò ŋkɔ tegbee.”—Psalmo 44:9.

3, 4. (a) Kuxi kae le mí katã mía ŋu le nuƒoƒo gome? (b) Nukatae míaƒe nuƒo le vevie ɖo?

3 Nusrɔ̃la Yakobo na míenya be: “Aɖe la ame aɖeke mate ŋu amlãe o.” Eɖo ŋku edzi na mí be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” (Yakobo 3:2, 8) Mía dometɔ aɖeke mede blibo o. Eyata aleke gbegbee míaɖoe o, menye ɣesiaɣie míaƒe nuƒoƒo tua ame ɖo alo nyea kafukafu na mía Wɔla o. Le esia ta ele be míalé ŋku ɖe míaƒe nuƒoƒo ŋu. Gawu la, Yesu gblɔ be: “Nya dzodzro sia nya dzodzro, si amegbetɔwo lagblɔ la, woabu akɔnta le eŋuti le ʋɔnudrɔ̃gbeŋkeke la dzi. Elabena wò nyawo woatsɔ atso afia na wò, eye wò nyawo woatsɔ abu fɔ wò.” (Mateo 12:36, 37) Ẽ, nyateƒe Mawu la abia akɔnta mí ɖe míaƒe nyagbɔgblɔwo ta.

4 Mɔ nyuitɔwo kekeake siwo dzi míato atsri nuƒoƒo si gblẽa nu la dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu be wòatsi mía si. Nyati sia adzro alesi míate ŋu awɔ esiae me, adzro nyati siwo ƒomevi ŋu míate ŋu aɖo dze le, kple vi siwo nuƒoƒo tuameɖowo ate ŋu aɖe na mí me.

Nya Nusi Le Wò Dzi Me

5. Aleke míaƒe dzi wɔa akpa vevi aɖe le dze tuameɖowo ɖoɖo mee?

5 Esi míele alesi míana wòazu numame na mí be míanɔ dze tuameɖowo ɖom srɔ̃m la, ele be míanyae gbã be míaƒe nuƒoƒo ɖea nusi le míaƒe dzi me fiana. Yesu gblɔ be: “Nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Kpuie ko la, míelɔ̃a nuƒoƒo tso nusiwo le vevie na mí ŋu. Eyata ele be míabia mía ɖokui ase be: ‘Nukae nye dzeɖoɖowo ɖena fiana le nusiwo le dzi me nam ŋu? Ne mele nye ƒomea me tɔwo alo haxɔsetɔwo dome la, ɖe nye dzeɖoɖo kuna ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋua, alo ɣesiaɣi ɖe wòkuna ɖe kamedefefewo, nudodo, sinimawo, nuɖuɖuwo, kple nu yeye siwo meƒle ŋu, alo nusiwo mele vevie o ŋua?’ Ðewohĩ míaƒe agbenɔnɔ kple tamesusuwo va ku ɖe nusiawo siwo mehiã boo o ŋu le manyamanya me. Asitɔtrɔ le nusiwo míeɖo nɔƒe gbãtɔe ŋu ana míaƒe dzeɖoɖowo kpakple agbenɔnɔ naganyo ɖe edzi.—Filipitɔwo 1:10.

6. Akpa kae ŋugbledede wɔna le míaƒe dzeɖoɖowo me?

6 Ŋugbledede ɖɔʋu nye mɔ bubu si nu míate ŋu ato adzi nya siwo míegblɔna ƒe nyonyome ɖe edzi. Ne míeɖonɛ koŋ dzea agbagba vevie bua gbɔgbɔmenuwo ŋu la, míakpɔe be dze anya ɖo le gbɔgbɔmenuwo ŋu na mí bɔbɔe. Fia Dawid kpɔ alesi wòle alea dze sii. Egblɔ le eƒe hadzidzi aɖe me be: “Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa, nye agakpe kple nye xɔnametɔ!” (Psalmo 19:15) Eye hakpala Asaf gblɔ be: “Mabu tame le wò [Mawu ƒe] nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.” (Psalmo 77:13) Kafukafunyawo magbe dodo le dzi kple susu siwo ku ɖe Mawu ƒe Nya me nyateƒeawo ŋu vevie me o. Yeremya mete ŋu zi eɖokui dzi be yemaƒo nu tso nusiwo Yehowa fia ye ŋu o. (Yeremya 20:9) Nenema ke wòanɔ le míawo hã gomee ne míelɔ̃a gbɔgbɔmenuwo ŋu bubu.—Timoteo I, 4:15.

7, 8. Nukawoe nye nya tuameɖo siwo nyo míaɖo dze le wo ŋu la dometɔ aɖewo?

7 Gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmenuwo me ɣesiaɣi naa míekpɔa nu geɖe siwo ŋu míate ŋu aɖo dze tuameɖowo le. (Filipitɔwo 3:16) Takpekpewo, hamea ƒe kpekpewo, agbalẽ yeyewo, kple gbesiagbe mawunyakpukpuia kpakple numeɖeɖe siwo kpena ɖe eŋu la katã nye gbɔgbɔmenu xɔasi siwo ŋu míate ŋu aɖo dze le na amewo. (Mateo 13:52) Eye aleke gbegbee míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔwo doa ŋusẽ ame le gbɔgbɔ mee nye si!

8 Ati, lã, kple tɔmelã hamehame siwo Fia Salomo kpɔ le Israel la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. (Fiawo I, 5:13) Ekpɔ dzidzɔ geɖe le dzeɖoɖo tso Mawu ƒe asinudɔwo ŋu me. Míawo hã míate ŋu awɔe nenema ke. Yehowa subɔlawo kpɔa dzidzɔ ɖe nuƒoƒo tso nyati vovovowo ŋu ŋuti, gake nya siwo ku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu nɔa amesiwo tsia dzi ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu ƒe dzeɖoɖowo me ɣesiaɣi.—Korintotɔwo I, 2:13.

“Misusu Nusiawo Ŋu”

9. Nuxlɔ̃amenya kae Paulo gblɔ na Filipitɔwo?

9 Nuka ŋue míeɖale nu ƒom le o, míaƒe dzeɖoɖowo atu ame ɖo ne wowɔ ɖeka kple apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya siwo wògblɔ na Filipi-hamea. Eŋlɔ bena: “Mlɔeba la, nɔviwo, nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti!” (Filipitɔwo 4:8) Nya siwo ŋu Paulo ƒo nu le la le vevie ale gbegbe be wògblɔ be ‘míayi edzi anɔ nusiawo ŋu susum.’ Ele be míana woaxɔ míaƒe susuwo kple dziwo me. Eyata mina míakpɔ alesi nu enyi siwo Paulo yɔ la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe dzeɖoɖowo mee ɖa.

10. Aleke míawɔ ade nusiwo nye nyateƒe míaƒe dzeɖoɖowo me?

10 Nusiwo nye nyateƒe la mese ɖe nya siwo le eteƒe alo nya siwo menye aʋatso o ko dzi o. Woku ɖe nusiwo le dzɔdzɔe eye woate ŋu aka ɖe wo dzi, abe Mawu ƒe Nya la ene, hã ŋu. Eyata ne míeƒo nu na amewo tso Biblia me nyateƒe siwo wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋu, alo Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃ame siwo kpe ɖe mía ŋu ŋu la, ke nusiwo nye nyateƒe ŋu susumee nye ma míele. Gake míegbea ‘nusi woyɔna aʋatsotɔe be “sidzedze,”’ si dzena le gotagome ko abe nyateƒee wònye ene ya. (Timoteo I, 6:20) Eye míeƒoa asa na amenyagbɔgblɔ alo nuteƒekpɔkpɔ siwo ŋu kakaɖedzi mele o sese alé ɖe nu.

11. Nusiwo dze bubu kawoe míate ŋu ade míaƒe dzeɖoɖowo me?

11 Nusiwo dze bubu enye nya siwo bia moveviɖoɖo, nya veviwo, menye nya tsɛwo alo fefenyawo o. Esiawo dometɔ aɖewoe nye nya vevi siwo ku ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa, ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele, kple alesi wòhiã be míayi edzi alé agbenɔnɔ ɖɔʋu me ɖe asi ŋu. Ne míeɖo dze tso nya siwo dze bubu ŋu la, míedoa ŋusẽ míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míayi edzi anɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me, ahayi edzi aɖe gbeƒã nyanyuia. Le nyateƒe me, míate ŋu akpɔ nyati vovovo siwo ŋu míaɖo dze tuameɖowo le tso míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa me nuteƒekpɔkpɔwo kple nudzɔdzɔ siwo ɖoa ŋku edzi na mí be ŋkeke mamlɛawo mee míele la me.—Dɔwɔwɔwo 14:27; Timoteo II, 3:1-5.

12. Le Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be míabu nusiwo le dzɔdzɔe kple kɔkɔe ŋu me la, nukawoe mele be woado le mía nu o?

12 Nya dzɔdzɔe fia nusi dzɔ le Mawu ŋkume​—siwo sɔ ɖe eƒe dzidzenuwo nu. Nusi le dzadzɛ naa míaƒe susu yia kɔkɔenyenye le tamesusu kple agbenɔnɔ gome dzi. Mele be amenyagbɔgblɔ, hatsɛkaka, alo gbegblẽnyawo gbɔgblɔ nage ɖe míaƒe dzeɖoɖowo me o. (Efesotɔwo 5:3; Kolosetɔwo 3:8) Ne nu mawo va le gegem ɖe dzeɖoɖo me le dɔwɔƒe alo suku la, Kristotɔ ɖea nu le eme nunyatɔe.

13. Gblɔ nusiwo dze na lɔlɔ̃ kple nusiwo dze na gbɔgblɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

13 Esi Paulo kafui be míabu nusiwo dze na lɔlɔ̃ ŋu la, enɔ nu ƒom le nusiwo doa dzidzɔ na ame kple nusiwo naa ame ƒe dzi dzea eme ŋu bubu ŋu ɖe nusiwo hea fuléle, veve helĩhelĩ, alo dzre vɛ teƒe. Nusiwo dze na gbɔgblɔ ye nye nya siwo ŋu bubu le alo nyatakaka nyuiwo. Nyatakaka nyui siawo ƒe ɖewoe nye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siwo ƒe agbemeŋutinyawo dzena edziedzi le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me. Nukata màgblɔ alesi wowɔ dɔ ɖe dziwòe na ame bubuwo ne ènya xlẽ nyati siawo siwo doa ŋusẽ ame ƒe xɔse vɔ ko o? Eye dzideƒo kae nye si wònye be míase gbɔgbɔmenu siwo ame bubuwo wɔ! Dzeɖoɖo siawo tɔgbe atu lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ ɖo le hamea me.

14. (a) Nukae nudzeamewɔwɔ bia tso mía si? (b) Aleke míawɔ nusiwo dze kafukafu nanɔ míaƒe nuƒoƒo me?

14 Paulo ƒo nu tso “nudzeamewɔwɔ” ŋu. Nya si wozãna na nudzeamewɔwɔ fia nyuiwɔwɔ alo agbenyuinɔnɔ si de ŋgɔ. Ele be míakpɔ nyuie be Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo nafia mɔ míaƒe nuyiwo be magagblɔ nya siwo to vovo na nusiwo le dzɔdzɔe, dzadzɛ, kple nusiwo dzea ame o. Nusi dze kafukafu fia “nusi ŋu woƒoa nu nyui le.” Ne èse nuƒo nyui aɖe alo ède dzesi nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu aɖe le hamea me la, ƒo nu le eŋu—gblɔe na amea ŋutɔ kple ame bubuwo. Apostolo Paulo lɔ̃a ehati tadeagulawo ƒe nɔnɔme nyuiwo kafukafu enuenu. (Romatɔwo 16:12; Filipitɔwo 2:19-22; Filemon 4-7) Eye abe alesi míenyae nyuie ene la, mía Wɔla la ƒe asinudɔwɔwɔwo dze na kafukafu vavã. Míakpɔ nu gbogbo aɖewo aƒo nu le wo ŋu le nusiawo me le dzeɖoɖo tuameɖowo me.—Lododowo 6:6-8; 20:12; 26:2.

Ðo Dze Tuameɖowo

15. Ŋɔŋlɔawo me sedede kae da agba ɖe dzilawo dzi be woaɖo dze tuameɖowo kple wo viwo?

15 Mose V, 6:6, 7 gblɔ be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” Edze kɔte be sedede sia bia tso dzilawo si be woaɖo gbɔgbɔmedze tuameɖowo kple wo viwo.

16, 17. Nukae dzila Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa kple Abraham ƒe kpɔɖeŋu me?

16 Míate ŋu atsɔ susu akpɔ dze didi siwo Yesu kple Fofoa si le dziƒo aɖo esime wonɔ nu me dzrom tso dɔ si wòava wɔ le anyigba dzi ŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Fofo, si dɔm ɖa la, eya ŋutɔ na nusi magblɔ kple nusi maƒo la ƒe sem.” (Yohanes 12:49; Mose V, 18:18) Anɔ eme kokoko be blemafofo Abraham ƒo nu tso alesi Yehowa yra wo kple wo fofowoe ŋu na via Isak gaƒoƒo gbogbo aɖewo. Kakaɖedzitɔe la, dzeɖoɖo mawo kpe ɖe Yesu kple Isak ŋu be wolɔ̃ faa bɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu te.—Mose I, 22:7-9; Mateo 26:39.

17 Mía viwo hã hiã dzeɖoɖo tuameɖowo. Togbɔ be vovo mele dzilawo ŋu o hã la, ele be woadi ɣeyiɣi aɖo dze kple wo viwo. Ne wòanya wɔ la, nukatae miawɔ ɖoɖo be ƒome bliboa naɖu nu ɖekae zi ɖeka ya teti gbesiagbe o? Mɔnukpɔkpɔ anɔ anyi na dze tuameɖo siwo hiã ale gbegbe na ƒomea ƒe gbɔgbɔmelãmesẽ me nɔnɔ la ɖoɖo le nuɖuɣi siawo kple wo megbe.

18. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si fia viɖe siwo le dzeɖoɖo si anɔ dzilawo kple ɖeviwo dome ŋu.

18 Alejandro, si nye mɔɖela si dze eƒe ƒe 20 gɔme, ɖo ŋku edzi be esime yexɔ ƒe 14 la, ɖikeke aɖewo nɔ ye me. Egblɔ be: “Sukuhatiwo kple nufialawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi na be nyemeka ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ kple Biblia ƒe nyateƒenyenye dzi o. Dzinyelawo gbɔ dzi ɖi ɖe nu geɖe me nam gaƒoƒo geɖe. Menye ɖikeke siwo nɔ menye le ɣeyiɣi sesẽ ma me ko dzie dzeɖoɖo siawo kpe ɖe ŋunye meɖu o; wokpe ɖe ŋunye mewɔ nyametsotso nyuiwo le agbe me hã.” Ke fifia ɖe? Alejandro yi edzi be: “Megakpɔtɔ le dzinyelawo gbɔ. Gake vovomakpɔmakpɔ na be wòsesẽna na mía kple fofonye be míawo ɖeɖe míanɔ anyi aɖo dze. Eyata mía kplii míeɖua nu ɖekae le eƒe dɔ me zi ɖeka le kwasiɖa me. Mebua dzeɖoɖo mawo nu xɔasii ŋutɔŋutɔ.”

19. Nukatae gbɔgbɔmedzewo ɖoɖo hiã mí katã?

19 Ðe míebua mɔnukpɔkpɔ siwo sua mía si be míaɖo gbɔgbɔmedze nyuiwo kple míaƒe haxɔsetɔwo hã nu xɔasii oa? Mɔnukpɔkpɔ siawo sua mía si le kpekpeawo me, le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, kpakple le hadomekpekpewo me kple ne míele mɔ zɔm. Paulo nɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi siwo me woa kple Kristotɔ siwo le Roma woate ŋu aƒo nu. Eŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Ele dzroyem vevie bena, makpɔ mi ɖa, bene matsɔ gbɔgbɔ me nunana aɖe ana mi, ne wòado ŋusẽ mi; eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mía kple mia tɔ siaa la me.” (Romatɔwo 1:11, 12) Kristotɔ hamemegã aɖe si ŋkɔe nye Johannes gblɔ be: “Dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu kple hati Kristotɔwo wɔa akpa vevi aɖe. Wodoa dzidzɔ na dzi eye woɖea gbesiagbe ƒe agbanɔamedziwo dzi kpɔtɔna. Melɔ̃a ame tsitsiwo biabia be woagblɔ alesi wonɔ agbee kple nusi kpe ɖe wo ŋu wolé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nam. Meɖo dze kple wo dometɔ geɖe le ƒe siwo va yi me, eye wo dometɔ ɖesiaɖe gblɔ nya aɖe si na megadze nunya ɖe edzi alo na nuwo me gakɔ nam ɖe edzi si na gɔmesese va le nye agbe ŋu wu.”

20. Nukae míate ŋu awɔ ne míedo go ame aɖe si kpea ŋu?

20 Ke ne èdo gbɔgbɔmedze aɖe ɖa eye wòwɔ abe amea medi be yeade nu eme o ɖe? Mègana ta o. Ðewohĩ emegbe àte ŋu adi ɣeyiɣi si asɔ wu. Salomo gblɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 25:11) Se nu gɔme na amesiwo kpea ŋu. “Ŋutsu ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” * (Lododowo 20:5) Ƒo wo katã ta la, mègana amewo ƒe nɔnɔme nana nàgbe nuƒoƒo le nusiwo wɔ dɔ ɖe wò dzi dzi la ŋu gbeɖe o.

Viɖe Le Dzeɖoɖo tso Gbɔgbɔmenuwo ŋu Me

21, 22. Vi kawoe gbɔgbɔmedzewo ɖoɖo ɖena na mí?

21 Paulo xlɔ̃ nu be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.” (Efesotɔwo 4:29; Romatɔwo 10:10) Abia agbagbadzedze be woatrɔ dzeɖoɖowo ayi nu tuameɖowo dzii, gake teƒeɖoɖo siwo le eme sɔ gbɔ. Gbɔgbɔmedzewo ɖoɖo naa míete ŋu gblɔa míaƒe xɔse na amewo eye wòtua míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ɖo.

22 Eyata mina míazã nuƒoƒo ƒe nunana la atsɔ ado ŋusẽ amewo eye míatsɔ akafu Mawui. Dzeɖoɖo siawo ana míaƒe dzi nadze eme eye wòade dzi ƒo na amewo. Ƒo wo katã ta la, woado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi elabena eɖoa to míaƒe dzeɖoɖowo eye dzi dzɔnɛ ne míezã míaƒe aɖe nyuie. (Psalmo 139:4; Lododowo 27:11) Ne míeɖoa dze tso gbɔgbɔmenuwo ŋu la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maŋlɔ mí be o. Biblia gblɔ le amesiwo subɔa Yehowa le míaƒe ŋkekea me ŋu be: “Ale Yehowa-vɔ̃lawo gblɔ le wo nɔeawo dome enye si: Yehowa ɖo to see, eye wòŋlɔ ŋkuɖodzigbalẽ le eŋku me na Yehowa-vɔ̃lawo kple amesiwo léa ŋku ɖe eƒe ŋkɔ ŋu la.” (Maleaxi 3:16; 3:23) Aleke gbegbee wòle vevie enye si be míaɖo dze tuameɖowo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 20 Vudo aɖewo me goglo ŋutɔ le Israel. Tomenukulawo ke ɖe do gã aɖe si me woyɔa tsi kɔna ɖo si agoglo ade meta 25 ŋu le Gibeon. Woɖe atrakpui ɖe eme togodoo yi egɔme si na amewo te ŋu gena ɖe eme ɖakua tsi.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukae míaƒe dzeɖoɖowo ɖena fiana le mía ŋu?

• Nu tuameɖo kawo ŋue míate ŋu aƒo nu le?

• Akpa vevi kae dzeɖoɖo wɔna le ƒomea me kple Kristo-hamea me?

• Vi kawoe dze tuameɖowo ɖoɖo ɖena?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Dze tuameɖowo kuna ɖe nusiawo ŋu . . .

“Nusiwo nye nyateƒe”

“Nusiwo dzea bubu”

“Nusiwo dze na kafukafu”

“Nusiwo dze na gbɔgblɔ”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Video cover, Stalin: U.S. Army photo; Creator book cover, Eagle Nebula: J. Hester and P. Scowen (AZ State Univ.), NASA

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nuɖuɣiwo nyea mɔnukpɔkpɔ nyuiwo be woaɖo dze tso gbɔgbɔmenuwo ŋu