Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esime Woate Ŋu Aka Ðe Ŋugbedodowo Dzi

Esime Woate Ŋu Aka Ðe Ŋugbedodowo Dzi

Esime Woate Ŋu Aka Ðe Ŋugbedodowo Dzi

ŊUGBEDODO siwo dzi womewɔ ɖo o bɔ fũ ɖe ŋutinya me. Zi geɖe la, dukɔwo gbea wɔwɔ ɖe nu siwo wobla be dukɔ aɖeke megadi ge le nɔvia ŋu alo adze edzi o la dzi, eye esia kplɔa woƒe dukɔmeviwo dea aʋa dziŋɔwo wɔwɔ me. Napoleon gblɔ kpɔ be: “Ne wozi dziɖuɖuwo dzi be woawɔ woƒe ŋugbedodowo dzi, alo ne wòanye nusi ade wo dzi, ko hafi wowɔna ɖe wo dzi.”

Ke ŋugbe siwo ame ɖekaɖekawo dona hã ɖe? Kpɔ alesi wògbãa dzi na amee ne ame aɖe gblɔ nya eye mewɔ ɖe edzi o ɖa! Vevietɔ ne wòganye amesi nènya eye nèkana ɖe edzie gblɔe. Nyateƒee, ate ŋu anye be ɖe ameawo mate ŋu awɔ ɖe ŋugbe siwo wodo dzi o loo alo ɖe womedi be yewoawɔ ɖe wo dzi o tae.

Kpɔ vovototo gã si le amegbetɔ ƒe ŋugbedodo kple Mawu ƒe ŋugbedodo dome ɖa! Kakaɖedzi blibo le Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu eye míate ŋu aɖo ŋu ɖe wo ŋu nanekematolemee. Ðikeke aɖeke mele Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodowo dometɔ aɖeke ŋu o. Ðesiaɖe ava eme godoo. Yesaya 55:11 gblɔ le Mawu ƒe nya si medoa kpo emevava o ŋu be: “Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nusi gbe meɖoe ɖo la hafi.”

Esi wòle alea ta la, aleke wòle be míabu Mawu ƒe ŋugbedodo siwo le Biblia mee? Míate ŋu aka ɖe wo dzi godoo. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Yayra siawo ate ŋu asu asiwò ne èwɔ nu wòsɔ ɖe Yesu ƒe nya siawo nu: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.