Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Nunyala Ƒe Se La’ Agbevudo Wònye

‘Nunyala Ƒe Se La’ Agbevudo Wònye

‘Nunyala Ƒe Se La’ Agbevudo Wònye

A POSTOLO Paulo gblɔ dzidzɔtɔe be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!” (Romatɔwo 11:33) Eye blemafofo wɔnuteƒe Hiob gblɔ be: “Dzi nyanu le [Yehowa Mawu si].” (Hiob 9:4) Nyateƒee, ame aɖeke ƒe nunya mesɔ kple dziƒo kple anyigba Wɔla la tɔ o. Nukae míate ŋu agblɔ tso Wɔla sia ƒe se, alo eƒe Nya si woŋlɔ ɖi ŋu?

Hakpala la dzi ha be: “Yehowa ƒe se de blibo, enana luʋɔ gbɔna ɖe eme; Yehowa ƒe ɖaseɖiɖi le eteƒe, enana bometsilawo dzea nunya. Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna.” (Psalmo 19:8, 9) Aleke gbegbee blema Israel fia Salomo ase nya mawo ƒe nyateƒenyenye gɔmee nye si! Egblɔ be: “Nunyala ƒe nufiame [alo, se] la, agbevudo wònye, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.” (Lododowo 13:14) Le Lododowo ta 13 ƒe kpukpui 1-13 me la, Salomo fia alesi nuxlɔ̃ame si le Mawu ƒe Nya la me ate ŋu akpe ɖe mía ŋui be míaƒe agbe nanyo ɖe edzi eye míakpɔ nyuie be míagatsɔe ade afɔku me o.

Na Woafia Nu Wò

Lododowo 13:1 gblɔ be: “Vi nyanu sea fofoa ƒe amehehe; ke mokaname metsɔa fu ɖe fewuɖula ŋu o.” Fofowo ƒe amehehe nu ate ŋu afa alo asẽ. Ate ŋu anye hehenana, alo nufiame, gbã, eye ne wogbe exɔxɔ emegbe wohea to na ame. Vi si xɔa fofoa ƒe amehehe la, vi nyanue.

Biblia gblɔ be: “Amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si wòxɔna la, kple atam.” (Hebritɔwo 12:6) Mɔ siwo nu mía Fofo si le dziƒo hea mí le dometɔ ɖekae nye to Biblia, eƒe Nya si woŋlɔ ɖi la dzi. Ne míetsɔ bubudedenuŋu xlẽa Bibliae eye míewɔna ɖe nusi míesrɔ̃ le eme dzi la, ke le nyateƒe me la, eƒe Nya lae le mía hem. Esia ɖea vi na mí, elabena nusianu si Yehowa gblɔ la, míaƒe viɖe tae wògblɔnɛ ɖo.—Yesaya 48:17.

Amehehe agate ŋu anye ɖɔɖɔɖo si tso haxɔsetɔ aɖe si tsɔ ɖe le míaƒe gbɔgbɔmenyonyo me la gbɔ. Míate ŋu abu aɖaŋu nyui ɖesiaɖe si woaɖo na mí tso Mawu ƒe Nya la me be nyateƒea ƒe Dzɔƒe gãtɔ la gbɔe wòtso ke menye abe amesi le aɖaŋua ɖom na mí gbɔe wòtso ene o. Nunya le eme be míaxɔe be Yehowa gbɔe wòtso. Ne míewɔe nenema eye míeɖe mɔ wòkpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamebubu dzi, be wòna míegase Ŋɔŋlɔawo gɔme nyuie wu, eye míetsɔe ɖɔ míaƒe agbenɔnɔ ɖoe la, ekema amehehe ma le vi ɖem na mí. Nenema ke wòle le nuxlɔ̃ame siwo míexɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple tso Biblia-srɔ̃gbalẽwo me hã gome. Nya siawo siwo woŋlɔ ɖi alo esiwo wogblɔ míese dzi wɔwɔ nye ame ɖokui mamla ƒe mɔnu nyui aɖe ŋutɔ.

Gake fewuɖula ya mexɔa amehehe o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be “esi wòsusu be yee nyae wu ta la, melɔ̃na be woafia nu ye o.” Mokaname—amehehe ƒomevi si nu sẽ wu—gɔ̃ hã metsɔa fu le lãme nɛ o. Gake ɖe wòate ŋu ava akpɔ vodada le Fofo la ƒe amehehe ŋua? Yehowa mewɔ vodada kpɔ o, eye mawɔe akpɔ gbeɖe hã o. Ne fewuɖula gbe amehehe la, kokoe ko dom wòle eɖokui. Kpɔ alesi Salomo tsɔ nya ʋɛ aɖewo siwo wòtia nyuie la ɖe alesi gbegbe nana be woafia nu mí le vevie ɖa!

Kpɔ Wò Aɖe Dzi!

Be woanya alesi gbegbe mɔɖeɖe be Mawu ƒe Nya la nafia mɔ mí le vevie la, Israel-fia la tsɔ ame ƒe nu sɔ kple ati tseku. Egblɔ be: “Ame ƒe nu ƒe kutsetse wotsɔna ɖua nu nyui; ke ame mawɔnuteƒewo ƒe dzodzro enye ŋutasesẽ.” (Lododowo 13:2) Nu ƒe kutsetsee nye nya siwo dona le ame nu. Eye nusi ame ƒã kple eƒe nu lae wòŋena. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Ne tufafa le eƒe nyawo me eye wòzã wo be yeatsɔ ana xɔlɔ̃wɔwɔ nanɔ ye kple ye haviwo dome la, aɖu nu nyui, dzi dzɔnɛ eye enɔa ŋutifafa me.” Gake nya bubu kurae dzɔna ɖe ame mawɔnuteƒe ya dzi. Edina be yeawɔ ŋutasesẽnu ne yeagblẽ nu le ame ŋu. Eɖoa nugbe be yeawɔ ŋutasesẽnu, eye ŋutasesẽnuwɔwɔ me tsonu wɔnɛ. Ku trea mɔ̃ ɖe ʋɔtru nu nɛ.

Salomo yi edzi be: “Amesi kpɔa eƒe nu dzi la, dzraa eƒe luʋɔ ɖo; ke amesi ke eƒe nuyiwo la, gbegblẽ aɖi kpee.” (Lododowo 13:3) Ŋkɔ gbegblẽ xɔxɔ, dzive, ame nɔewo dome gbegblẽ, kple nuveviwɔame gɔ̃ hã katã nye nusiwo ate ŋu atso nuƒoƒo eŋu mabumabui, susumanɔmetɔe me. Nuƒoƒo ame ɖokui dzi maɖumaɖui ate ŋu ana Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ gɔ̃ hã nava ame dzi, elabena Mawu biaa nya si amesiame gblɔna ƒe akɔnta tsoa ame si. (Mateo 12:36, 37) Nyateƒee, míaƒe nu dzi kpɔkpɔ ate ŋu aɖe mí tso afɔku me. Gake aleke míawɔ akpɔ míaƒe nu dzi?

Edzikpɔkpɔmɔnu bɔbɔe aɖee nye be míagaƒo nukpoloe o. Biblia gblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o.” (Lododowo 10:19) Eƒe mɔnu bubu hãe nye nya ŋu bubu gbã hafi aƒo nu. Agbalẽŋlɔla si gbɔgbɔ ʋã la gblɔ be: “Ame aɖewo ƒe nuƒoƒo le abe yitɔame ene.” (Lododowo 12:18) Ne womebu nya ŋu hafi ƒo nu o la, ate ŋu azu vevesese na nyaa gblɔla kple amesiwo wòle nyaa gblɔm na la siaa. Eyata Biblia ɖo aɖaŋu nyui sia na mí be: ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.’—Lododowo 15:28.

Do Vevie Nu

Salomo gblɔ be: “Nu le kuviatɔ dzrom, gake dzodzroe; ke veviedola aɖi ƒo.” (Lododowo 13:4) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “[Lododo sia] gɔmee nye be dzodzroe nu ƒe ame dzodzro nye, ke veviedodonu boŋ mee viɖe le. Nu dzroa kuviatɔwo vevie . . . gake naneke metsoa eme na wo o.” Gake woaɖi ƒo na veviedolawo ya ƒe dzodzro, alo woƒe luʋɔ—ade ami.

Nukae míate ŋu agblɔ tso amesiwo hena ɖe megbe le adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ŋu le esi womedi be yewoatsɔ agbanɔamedzi o ta? Mawu ƒe xexe yeyea me nɔnɔ anɔ wo dzrom, gake ɖe wolɔ̃ be yewoawɔ nane le eŋua? Nusiwo wodi tso amesiwo “do go tso xaxa gã la me” si dometɔ ɖekae nye be woxɔ Yesu ƒe tafevɔsa la dzi se, heɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wotsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ woƒe adzɔgbeɖeɖea ƒe kpɔɖeŋui.—Nyaɖeɖefia 7:14, 15.

Bu nusi dzikpɔladɔ didi le hamea me bia hã ŋu kpɔ. Dɔ nyui sia didi dze na kafukafu nyateƒe eye wode eƒe dzi ƒo le Ŋɔŋlɔawo me. (Timoteo I, 3:1) Gake eƒe ame dzodzro ɖeɖeko mesɔ gbɔ o. Be woadze na nɔƒe aɖe la bia be woana nɔnɔme kple ŋutete siwo hiã la nanɔ ame si. Enye nusi bia dɔ sesẽ wɔwɔ.

Dzɔdzɔenyenye—Takpɔnue Wònye

Ame dzɔdzɔe srɔ̃a nɔnɔme siwo ɖi Mawu tɔ eye wòtoa nyateƒe. Enya be Yehowa ƒe se tsi tre ɖe aʋatsokaka ŋu. (Lododowo 6:16-19; Kolosetɔwo 3:9) Salomo gblɔ le nya sia ŋu be: “Ame dzɔdzɔe la léa fu alakpanya; ke ame vɔ̃ɖi la dea dzu kple ŋukpe eɖokui ŋu.” (Lododowo 13:5) Menye ɖeko ame dzɔdzɔe gbea aʋatsokaka ko evɔ o; eléa fui ŋutɔŋutɔ. Enya be aleke kee aʋatsokaka adze nusi megblẽa nui o, egblẽa ame kple ehavi dome. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, enana be womegaxɔa amesi kaa aʋatso dzi sena o. Ame vɔ̃ɖi la wɔa ŋukpenanu to aʋatsokaka me alo to eƒe nuwɔwɔ bubu aɖe me, eye wòdoa ŋukpe eɖokui.

Be woanya viɖe si le nusi dzɔ le Mawu ƒe ŋkume wɔwɔ ŋu la, Fia nyanu la gblɔ be: “Dzɔdzɔenyenye kpɔa amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la ta; ke nu tovo wɔwɔ ƒua nu vɔ̃ɖi wɔlawo anyi.” (Lododowo 13:6) Dzɔdzɔenyenye kpɔa ame ta abe mɔ̃ sese ene, gake vɔ̃ɖinyenye gblẽa ame dome.

Mègawɔ Ðokuiwò Nusi Mènye O

Israel-fia la gblɔ nya siwo gbɔna si fia be ese alesi amegbetɔ ƒe nɔnɔme le gɔme, esiwo nye: “Ame aɖewo doa kesinɔtɔ wo ɖokui, ke agaga hã mele wo si o; ame aɖewo doa ame dahe wo ɖokui, ke nu bɔ ɖe wo si.” (Lododowo 13:7) Ame ƒe dzedzeme ate ŋu aflu ame. Ame dahe aɖewo awɔ wo ɖokui abe kesinɔtɔwoe wonye ene—ɖewohĩ be yewoatsɔ aƒo adegbee, alo be yewoana woasusu be nu dze edzi na yewo, alo be ne yewomagaɖu ŋukpe o ko ta. Kesinɔtɔ ate ŋu awɔ eɖokui abe ame dahe ene, be yeƒe kesinɔtɔnyenye megadze o ko ta.

Ame ɖokui wɔwɔ gãe menyo o; nenema ke amesi wonye ɣaɣla hã menyo o. Ne ŋutilãmenu ʋɛ aɖe koe le mía si la, ɖeko gazazã ɖe agbeɖuɖu ŋu be woasusu be kesinɔtɔwoe míenye ate ŋu ana mía kple míaƒe ƒomea míakpɔ agbemenuhiahiãwo o. Eye ne ame aɖe nye kesinɔtɔ hafi wɔ eɖokui abe ame dahe ene la, ana wòazu nuvela, esi awɔe be bubu si wòdze na kple dzidzɔ si tsoa dɔmenyowɔwɔ me la nabɔe. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Agbenɔnɔ anukwaretɔe ye nye nyuitɔ.

Mègato Ŋku Gã O

Salomo gblɔ be: “Kesinɔnu ame tsɔna ɖea eƒe agbee; ke ame dahe mesea ŋɔdzidonya aɖeke o.” (Lododowo 13:8) Nufiame kae le lododo sia me?

Viɖe le kesinɔnu ƒe amesinɔnɔ me, gake menye ɣesiaɣie gakpɔkpɔ nyea yayra o. Le ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele me la, ete ŋu dzɔna zi geɖe be woléa kesinɔtɔwo kple woƒe ƒomewo sesẽe va ɣlana eye wobiaa tafe ɖe wo ta hafi ɖea asi le wo ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, kesinɔtɔ ate ŋu axe tafe atsɔ aɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔ aɖe ƒe agbee. Gake zi geɖe la, ɖe wowua ame lélea. Afɔku sia nyea ŋɔdzi na kesinɔtɔwo ɣesiaɣi.

Ame dahe metsia dzi ɖe nusiawo ƒe ɖeke ŋu o. Togbɔ be agbeɖunu kple ŋutilãmenu siwo naa kesinɔtɔ sea vivi na agbe manɔ esi o hã la, ƒã hafi amelélawo aɖo nugbe ɖe eŋu. Nusia nye viɖe siwo le asaƒoƒo na nu gãwo didi kple asaƒoƒo na ɣeyiɣi kple ŋusẽ gbegblẽ ɖe kesinɔnuwo yomenɔnɔ me la dometɔ ɖeka.—Timoteo II, 2:4.

Dzi Nedzɔ Wò ɖe “Kekeli” la Ŋu

Salomo yi edzi fia alesi gbegbe nuwɔwɔ ɖe mɔ si dzea Yehowa ŋu nu nye nusi ɖea vi gbogbotɔ kekeake na míi. “Ame dzɔdzɔewo ƒe kekeli klẽna nyuie; ke ame vɔ̃ɖiwo ƒe akaɖi tsina.”Lododowo 13:9.

Wozã akaɖi wònye kpɔɖeŋu na nusiwo ŋu míeɖoa ŋu ɖo be woanye kekeli, alo mɔfiame, na mí le míaƒe agbenɔnɔ me. ‘Mawu ƒe nya enye akaɖi na ame dzɔdzɔe ƒe afɔ kple kekeli na eƒe toƒe.’ (Psalmo 119:105) Wɔla la ƒe sidzedze kple nunya si seɖoƒe meli na o ye le eme. Alesi míese Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖo mee la, nenemae gbɔgbɔ me kekeli si fiaa mɔ mí la me akɔe. Nusi naa wokpɔa dzidzɔ kae nye si wònye! Nukatae míana be xexeame ƒe nunya alo nusi ‘wokaa aʋatso yɔna be sidzedze’ la nahe míaƒe susu ɖa?—Timoteo I, 6:20; Korintotɔwo I, 1:20; Kolosetɔwo 2:8.

Aleke kee wòawɔ abe ame vɔ̃ɖi ya ƒe akaɖi le keklẽmee eye aleke kee wòadze abe ɖe nu le edzi dzem nɛ ene o, tsitsi ge ko eƒe akaɖi le. Ava tsi viviti me, eye eƒe afɔ akli nu godoo. Gawu la, ‘ŋu nyui kegbe aɖeke meli’ nɛ o.—Lododowo 24:20.

Ke ne míeka ɖe nusi wòle be míawɔ le nudzɔdzɔ aɖe me dzi o ɖe, aleke míawɔ? Ne míeka ɖe edzi nenye be míate ŋu atso le mía ɖokui si akpɔ nɔnɔme aɖe gbɔ o ya ɖe? Lododowo 13:10 xlɔ̃ nu mí be: “Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ.” Nuwɔwɔ nu ŋu manyamanyae alo ne womena ŋusẽ mí na nua wɔwɔ o nye dada eye dzre koe wòahe vɛ. Ðe manyo wu boŋ be míabia amesiwo nya nua ŋu, henya eme ŋutɔŋutɔ oa? Fia nyanu la gblɔ be: “Nunya le amesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.”

Kpɔ Nyuie le Aʋatso Mɔkpɔkpɔwo Ŋu

Ga ate ŋu akpɔ tameɖoɖo vevi aɖe gbɔ. Ga si asu na ame ƒe amesinɔnɔ nyo wu hiãgbenɔnɔ alo ahedada. (Nyagblɔla 7:11, 12) Gake nusiwo míasusu be míatsɔ ga siwo míekpɔ to mɔ manɔsenuwo dzi awɔ la ate ŋu aflu ame. Salomo xlɔ̃ nu be: “Kesinɔnu, si wotsɔ hosuhosudodo kpɔe la, azu ʋɛ; ke nusi woƒo ƒu ʋɛʋɛʋɛ la, adzi ɖe dzi.”Lododowo 13:11.

Le kpɔɖeŋu me, bu tsatsadada ƒe tetekpɔ ŋu kpɔ. Edala agblẽ ga si wòkpe fu kpɔ la kple susu be yegbɔna ga gbogbo aɖe ɖu ge. Gake kpɔ alesi zi geɖe wògblẽa nu le eƒe ƒomea ŋui ɖa! Ke ne tsatsadala la ɖu ɖe? Esi wònye be menye fu aɖekee wòkpe ɖe eŋu o ta la, malé be gobi aɖeke nɛ o. Gakpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ manya alesi wòazã ga si wòɖu lae o. Ðe ga gbogbo si wòkpɔ la mate ŋu avɔ bɔbɔe enumake oa? Gake kesinɔnu si wokpɔ ʋɛʋɛʋɛ—to dɔ nyui wɔwɔ me—nɔa dzidzim ɖe edzi vivivi ɖaa eye woate ŋu atsɔe awɔ nu ɖevii.

Salomo gblɔ be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wònye.” (Lododowo 13:12) Mɔkpɔkpɔ siwo mevaa eme o aɖe dzi le ame ƒo godoo eye woanye vevesese na dzi. Edzɔna le gbesiagbegbenɔnɔ me alea. Gake mele nenema le mɔkpɔkpɔ siwo gɔme woɖo anyi goŋgoŋ ɖe Mawu ƒe Nya la dzi ya gome o. Kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si be woava eme. Ne ewɔ na mí abe ɖe wòle megbe tsim ene hã magbe emevava o.

Le kpɔɖeŋu me, míenya be Mawu ƒe xexeme yeyea gogo. (Petro II, 3:13) Míetsɔ mɔkpɔkpɔ vevie le mɔ kpɔm na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava dzidzɔtɔe. Nukae dzɔna esi míezã ɣeyiɣi si míetsɔ le lalamee le dɔ geɖe wɔm ‘le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me,’ hedea dzi ƒo na mía nɔvi xɔsetɔwo, henaa mía kple Yehowa dome ƒomedodo la me nɔa nyonyom ɖe edzi ɖaa? Enaa dzidzɔ yɔa mía me ɖe esi ‘wòado veve na míaƒe dzi’ teƒe. (Korintotɔwo I, 15:58; Hebritɔwo 10:24, 25; Yakobo 4:8) Ne nusi le mía dzrom si míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖee nye esia va eme la, enyea agbeti—nusi doa ŋusẽ ame eye wòfaa akɔ na ame vavã.

Mawu ƒe Se la—Agbevudo Wònye

Be woanya be ele vevie be woɖo to Mawu la, Lododowo 13:13 gblɔe tsɔ fia be: ‘Amesi doa vlo nya la, woaxɔ awɔbanu le esi; ke amesi sedede dzia ŋɔ na la, woaɖo eteƒe nɛ.’ Ne amesi ŋu fe le do vlo nya si wògblɔ ale be meva xe ga si wòdo o la, nusi wòtsɔ de awɔba la ado le esi me. Nenema ke ne míegbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ la, míabu nu vevi aɖe. Nukae?

“Nunyala ƒe nufiame la, agbevudo wònye, ne woaƒo asa na ku ƒe mɔ̃.” (Lododowo 13:14) Ne míenɔ agbe ɖe Yehowa, Mawu si nye nuwo katã nyala la ƒe sewo nu o la, ana mɔfiafia si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe didi si nyo wu la nato mía ŋu. Nu gbogbo kae nye si wòanye ato mía ŋu! Eyata nusi me nunya le ye nye be míalé fɔ ɖe Mawu ƒe Nya la ŋu eye míaɖe mɔ wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo, nuƒoƒo, kple nuwɔna dzi.—Korintotɔwo II, 10:5; Kolosetɔwo 1:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ŋɔŋlɔawo ƒe nuxlɔ̃ame dzi wɔwɔ nye ɖokuimamla nyui aɖe ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

“Ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu”

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dɔ geɖe wɔwɔ “le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me” naa dzidzɔ yɔa mía me