Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukae nyagbɔgblɔ “agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me” fia?

Biblia gblɔ le Yesu Kristo ŋu be ‘agbe le esi le eya ŋutɔ ɖokui me’ eye wògblɔ le eyomedzelawo ŋu be ‘agbe le wo si le woawo ŋutɔ wo ɖokui me.’ (Yohanes 5:26; 6:53) Gake menye gɔmesese ɖekae le ŋɔŋlɔ eve siawo si o.

Yesu gblɔ be: “Sigbe alesi agbe le Fofo la ŋutɔ ɖokui me la, nenema ke wòna Vi la hã be, agbe nanɔ esi le eya ŋutɔ ɖokui me.” Hafi Yesu nagblɔ nya ɖedzesi sia la, egblɔ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi . . . Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.” Ŋusẽ tɔxɛ si Yesu Fofo tsɔ nɛ ŋue Yesu nɔ nu ƒom le le afisia—eyae nye ŋutete si le esi be wòana tenɔnɔ nyui nanɔ amegbetɔwo si le Mawu gbɔ. Gawu la, Yesu ate ŋu afɔ amesiwo le alɔ̃ dɔm le ku me hã ɖe tsitre eye wòana agbe wo. Le Yesu gome la, ne wogblɔ be ‘agbe le esi le eya ŋutɔ ɖokui me’ la, efia be wotsɔ ŋusẽ siawo nɛ. Abe Fofo la ene la, ‘agbe nunana la le Vi la ŋutɔ hã me le eɖokui me.’ (Yohanes 5:24-26) Ke eyomedzelawo hã ɖe?

Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Ne menye ɖe mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, ekema agbe aɖeke manɔ mia me o. Amesi ɖua nye ŋutilã, eye wònoa nye ʋu la, agbe mavɔ le esi, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 6:53, 54) Le afisia Yesu ƒo nu tso ‘agbe si anɔ wo ɖokui me’ ŋu tsɔ fia alesi woakpɔ “agbe mavɔ.” Nya siwo wogblɔ ɖe Helagbe me gbeŋutise nu alea, abe ‘agbe anɔ mia si le mia ɖokui me’ ene, tɔgbewo dze le Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe teƒe bubuwo. Eƒe kpɔɖeŋu evee nye, “Mina dze naɖo mi,” kple “wokpɔ woƒe vodada ŋuti fetu, si dze wo la, le wo ɖokui ŋu.” (Marko 9:50; Romatɔwo 1:27) Le afisiawo la, nyagbɔgblɔ siawo mefia be wona ŋusẽ ameawo be woana dze naɖo ame bubuwo o alo be woana ame bubuwo naxɔ fetu o. Nusi wòfia boŋ ye nye nusi sua ame bliboe, alo nusi dea ame nu nyuie. Eyata nusi nyagbɔgblɔ si nye be ‘agbe si anɔ mia ŋutɔ mia ɖokui me’ si wozã le Yohanes 6:53 fia koe nye be agbe ƒe blibonyenye asu wo si.

Yesu ƒo nu tso eƒe ŋutilã kple eƒe ʋu ŋu le agbe si anɔ Yesu yomedzelawo ŋutɔ ɖokui me ƒe nya la me. Emegbe esime Yesu nɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi la, egaƒo nu tso eƒe ŋutilã kple eƒe ʋu ŋu eye wògblɔ na eyomedzela siwo woaxɔ ɖe nubabla yeyea me be woaɖu kpɔɖeŋunu siwo nye abolo maʋãmaʋã la ahano wein la. Ðe wòfia be Kristotɔ amesiaminawo, amesiwo le nubabla yeyea me kple Yehowa Mawu, ko sie agbe ƒe blibonyenye ma asua? Ao. Ƒe ɖeka va yi le nudzɔdzɔ eveawo dome. Amesiwo se Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yohanes 6:53, 54 la menya naneke tso ƒezã si me woɖua kpɔɖeŋunu siwo tsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu le la ŋu o.

Yohanes ta 6 me nyawo fia be Yesu tsɔ eƒe ŋutilã sɔ kple mana gbã, eye wògblɔ be: “Mia fofowo ɖu mana le gbeadzi, [ke hã] woku. Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, bena ame naɖu eƒe ɖe, eye maku o. Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne ame aɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe.” Yesu ƒe ŋutilã, tsɔ kpe ɖe eƒe ʋu ŋu, xɔ asi sasasã wu mana ŋutɔŋutɔ. Le mɔ ka nu? Le mɔ sia nu be wotsɔ eƒe ŋutilã na ɖe “xexeame ƒe agbe” ta, si wɔe be woate ŋu akpɔ agbe mavɔ. * Eyata nya si wogblɔ be ‘agbe si anɔ mia ŋutɔwo mia ɖokui me’ le Yohanes 6:53 la ku ɖe amesiwo katã akpɔ agbe mavɔ ŋu—eɖanye le dziƒo loo alo le anyigba dzi o.—Yohanes 6:48-51.

Ɣekaɣie agbe anɔ Yesu yomedzelawo si le woawo ŋutɔ wo ɖokui me, alo woage ɖe agbe ƒe blibonyenye la me? Le Fiaɖuƒedomenyila amesiaminawo gome la, nusia vaa eme le wo fɔfɔ ɖe tsitre gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumakuwoe ayi dziƒogbenɔnɔ me vɔ megbe. (Korintotɔwo I, 15:52, 53; Yohanes I, 3:2) Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ aɖo agbe ƒe blibonyenye la me le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu megbe. Ɣemaɣi la, woado wo akpɔ, akpɔ be wowɔ nuteƒe, eye woabu wo be wonye ame dzɔdzɔewo be woanɔ agbe mavɔ le Paradisonyigba la dzi.—Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 20:5, 7-10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Ehiã le gbeadzi be Israel-viwo kpakple ‘amedzro tsakatsaka ƒe ha gã’ la siaa naɖu mana hafi anɔ agbe. (Mose II, 12:37, 38; 16:13-18) Nenema ke be Kristotɔwo katã, woɖanye amesiaminawo alo womenyee o, nanɔ agbe mavɔ la, ele be woaɖu dziƒomana la to Yesu ƒe ŋutilã kple eƒe ʋu si te ŋu ɖea ame si wòtsɔ sa vɔe la dzixɔse me dɔwo wɔwɔ me.—Kpɔ February 1, 1988, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe axa 30-1.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

‘Agbe’ ate ŋu anɔ Kristotɔ vavãwo katã si ‘le woawo ŋutɔ wo ɖokui me’