Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ðeɖefia Aɖee Nye Esia!”

“Ðeɖefia Aɖee Nye Esia!”

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta

“Ðeɖefia Aɖee Nye Esia!”

DOROTA, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla le Poland, kplɔ viaŋutsuvi si xɔ ƒe 14 yi suku ƒe kɔdzi afisi wodoa ɖevia ƒe lãmesẽ kpɔna edziedzi le. Esi ɖɔkta, si ŋkɔe nye Janina, * nɔ ɖevia dom kpɔ la, ebia Dorota be aƒemedɔ kawoe ɖevia wɔna.

Dorota ɖo eŋu be: “Ne nyemate ŋu aɖa fiẽnuɖuɖu o la, vinyeŋutsuviae ɖanɛ mí ame ade katã míeɖuna le ƒomea me. Ekplɔa aƒea me hã eye wòkpea asi ɖe nusiwo gblẽ le aƒea ŋu la dzadzraɖo ŋu. Elɔ̃a nuxexlẽ. Sukuvi dovevienu aɖee wònye.”

Janina gblɔ be: “Nukunyae nye esia. Ƒe 12 nye esia mele dɔ wɔm le afisia, gake nyemese nya sia tɔgbe kpɔ o.”

Esi Dorota de dzesii be ɖaseɖiɖi ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖe ʋu la, eɖe eme nɛ be: “Dzila geɖewo doa kpo hehe nyuietɔ nana wo viwo. Susu ma tae bubu mete ŋu nɔa wo viwo ŋu tututu o ɖo.”

Janina bia be: “Aleke nèwɔ nya nusiawo katã. Dzila geɖe menya naneke tso nusiawo ŋu o.”

Dorota ɖo eŋu be: “Biblia nye nyatakaka xɔasi mawo kpɔƒe. Le kpɔɖeŋu me, Mose V, 6:6-9 gblɔ be, nufiafia mía viwo dzea egɔme kple nufiafia mía ɖokuiwo. Ðe mele be míana gɔmeɖose siwo míedi be míaku ɖe to me na mía viawo natsi mía ŋutɔ ƒe dzi kple susu me gbã oa?”

Janina gblɔ be: “Esia wɔ nuku ŋutɔ. Ewɔ nuku ale gbegbe!” Emegbe ebia Dorota alesi Biblia kpe ɖe eŋui le viawo hehe kple nufiafia wo me.

Dorota ɖe eme be: “Míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa kple mía viwo. Míezãa agbalẽ si ƒe tanyae nye Questions Young People Ask—Answers That Work.” * Eyi edzi ƒo nu tso agbalẽa ŋu hegblɔ nusiwo ŋu wòƒo nu tsoe la dometɔ aɖewo.

Janina do ɣli gblɔ be: “Ðeɖefia aɖee nye esia! Mate ŋu akpɔ agbalẽ ma ɖaa?”

Dorota yi ɖatsɔ agbalẽa vɛ le gaƒoƒo ɖeka megbe.

Esi Janina nɔ ŋku lém ɖe agbalẽa ŋu la, ebia be: “Subɔsubɔha ka me tɔe nènye?”

“Yehowa Ðasefowoe menye.”

“Aleke Yehowa Ðasefowo wɔa nu ɖe amesiwo ƒe dzixɔsewo to vovo na wo tɔ ŋui?”

Dorota ɖo eŋu be: “Abe alesi ko mewɔ ɖe ŋuwò ene—le bubu me,” hegblɔ kpee be: “Le nyateƒe me la, míedi be amewo nava dze si Biblia me nyateƒea.”

Janina ʋu eme be: “Nye dzi dze eme gɔ̃ hã xoxo.”

Esi Dorota nɔ dzodzom la, ede dzi ƒo na Janina be wòaxlẽ Biblia. “Ana be wò agbe naɖɔ ʋu eye wòakpe ɖe ŋuwò le wò dɔwɔwɔ me.”

Janina lɔ̃ ɖe edzi be: “Èdo ŋusẽm vavã be mawɔe nenema.”

Dorota zã ŋuɖɔɖo kple didi vevie tsɔ trɔ ɖɔktaa gbɔ yiyi edziedzi zu ɖaseɖiɖi nyui aɖe.—Petro I, 3:15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Menye eŋkɔ ŋutɔe o.

^ mm. 10 Yehowa Ðasefowoe tae.