Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutinya Si Doa Ŋusẽ Xɔse Hedea Dzi Ƒo Na ame Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine

Ŋutinya Si Doa Ŋusẽ Xɔse Hedea Dzi Ƒo Na ame Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine

Ŋutinya Si Doa Ŋusẽ Xɔse Hedea Dzi Ƒo Na ame Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine

ABE alesi ko woti ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo yome ene la, nenema ke wòle dzɔdzɔm ɖe Mawu ƒe amewo dzii egbea. (Mateo 10:22; Yohanes 15:20) Teƒe ʋɛ aɖewo koe yometiti nɔ anyi eteƒe didi alo enu sẽ wu Ukraine tɔ, afisi woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu le ƒe 52 sɔŋ.

Mawu ƒe ame siwo le dukɔ ma me ƒe ŋutinya le 2002 Yearbook of Jehovah’s Witnesses me. Enye ŋutinya si ku ɖe xɔse, dzinɔameƒo, kple ŋusẽ si woɖe fia le ɣeyiɣi vɔ̃wo me ŋu. Nya siwo gbɔna la nye ŋudzedzekpɔkpɔɖeŋunya siwo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine la xɔ:

“Mexlẽ 2002 Yearbook la vɔ. Ðeko mewó avi esime menɔ miaƒe dɔwɔwɔwo le Ukraine ŋuti nyatakakawo xlẽm. Medi be mana mianya alesi gbegbe miaƒe dzonɔameme ƒe kpɔɖeŋu kple miaƒe xɔse sẽŋu la de dzi ƒo namee. Enye adegbeƒoƒo nam be mele gbɔgbɔmeƒome ma ke me abe miawo ke ene. Meda akpe na mi tso dzime ke!”—Andrée, France.

“Nyemate ŋu ada akpe na mia kple Yehowa ɖe 2002 Yearbook la ta o. Aɖatsi nɔ gegem le mo nam esi menɔ nɔvi siwo gblẽ woƒe ƒe veviwo le gaxɔ me kple fuwɔamegaxɔwo me la ƒe nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo xlẽm. Woƒe dzinɔameƒoa wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Togbɔ be ƒe 27 enye esia si menye Ðasefo hã la, magate ŋu asrɔ̃ nu tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu mawo gbɔ. Wodo ŋusẽ dzixɔse si le asinye ɖe míaƒe Dziƒofofo, Yehowa, ŋu.”—Vera, tsã Yugoslavia.

“Dzidzɔe metsɔ le lɛta sia ŋlɔm le dzidodo kple nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si mieɖo le tsitretsiɖeŋu ƒe ƒe mawo katã me ta. Miaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe kple miaƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la he kafukafu vɛ na mi. Gakpe ɖe eŋu la, miaƒe ɖokuibɔbɔ le dodokpɔwo me la gado ŋusẽ nye kakaɖedzi be Yehowa megblẽa eƒe amewo ɖi o. Le dzinɔameƒo, tenɔnɔ sesĩe, kple dzidodo ƒe kpɔɖeŋu nyui si mieɖo ta la, míate ŋu atsɔ míaƒe fukpekpe suewo bɔbɔe wu.”—Tuteirihia, French Polynesia.

“Esi mexlẽ Yearbook la vɔ la, ele nam be maŋlɔ agbalẽ na mi. Nuteƒekpɔkpɔ dedziƒonameawo katã wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Enye adegbeƒoƒo nam be menye habɔbɔ wɔɖeka wɔnuteƒe sia, si Fofo ɖetsɔlemetɔ lɔ̃ame, si doa ŋusẽ mí le ɣeyiɣi si sɔ dzi la, le mɔ fiamee la me tɔ. Alesi Yehowa subɔla dzinɔameƒotɔ veviedola geɖewo kpe fui vevie eye wobu woƒe agbe gɔ̃ hã na melé blanui. Gake dzi dzɔm hã elabena ame gbogbo aɖewo srɔ̃ nyateƒea heva nya mía Fofo lɔlɔ̃tɔ la le woƒe dzinɔameƒo kple veviedodo ta.”—Colette, Netherlands.

“Ele kokoko na mía kple srɔ̃nye be míaŋlɔ agbalẽ na mi be esi míexlẽ Ukraine ŋutinyaa le Yearbook la me la, eʋã dzi na mí ale gbegbe. Mi nɔvi wɔnuteƒewo mieɖo dzidodo le ɣeyiɣi didi aɖe ƒe nɔnɔme sesẽ ŋutɔwo me ƒe kpɔɖeŋu tɔxɛ. Ne míetsɔe sɔ kple nya si le Lododowo 27:11 la, aleke gbegbee Yehowa akpɔ dzidzɔe nye si be wòakpɔ be nɔvi wɔnuteƒe gbogbo siwo le Ukraine lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi maʋãmaʋãe togbɔ be Abosam to mɔ vɔ̃ geɖewo dzi ɖe wo ŋu hã.”—Alan, Australia.

“Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nam esi mexlẽ nu tso nɔvi siwo le Ukraine ŋu. Wodo dzi le nu geɖe ŋutɔ me—gaxɔmenɔnɔ ƒe geɖe, fuwɔamewo, ameteteɖeanyi, kple ƒomea me tɔwo dome kaklã. Medi be magblɔ na nɔvi siwo katã gakpɔtɔ le miaƒe hamewo me be melɔ̃ wo hedea bubu wo ŋu ŋutɔ. Woƒe dzinɔameƒo kple tenɔnɔ sesĩe ye do dzidzɔ nam nenema gbegbe. Menya afisi woƒe ŋusẽdodoa tso, Yehowa ƒe gbɔgbɔe do ŋusẽ wo. Yehowa tsɔ ɖe mía gbɔ eye edina be yeakpe ɖe mía ŋu.”—Sergei, Russia.

“Mexlẽ 2002 Yearbook la, eye mefa avi. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo le míaƒe hamea me ƒo nu tso mia ŋu. Miexɔ asi vavã. Dzi le dzɔyem be menye gbɔgbɔmeƒome gã sia me tɔ.”—Yeunhee, South Korea.

“Miaƒe xɔse, dzidodo, kple lɔlɔ̃ maʋãmaʋã si le mia si na Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒe la ƒe nuŋlɔɖia ʋãm ŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, míedoa kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ablɔɖe kple gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si Yehowa nana ŋu. Gake mele alea le mia gome o. Miaƒe kpɔɖeŋua kpe ɖe mía ŋu míede dzesii be ne ƒomedodo kplikplikpli le mía kple mía Mawu dome la, ado ŋusẽ mí be míanɔ te ɖe dodokpɔ ɖesiaɖe nu.”—Paulo, Brazil.

“Mɔnukpɔkpɔa su asinye mexlẽ miaƒe nuteƒekpɔkpɔwo le 2002 Yearbook la me. Wowɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ vevietɔ Nɔvinyɔnu Lydia Kurdas tɔ. Nɔvinyɔnu sia ƒe nu lé dzi nam ŋutɔ.”—Nidia, Costa Rica.

“Mewu 2002 Yearbook la xexlẽ nu egbe. Edo ŋusẽ nye Yehowa dzixɔse esi mexlẽe. Nusi nyemaŋlɔ be akpɔ o ye nye ŋutinya si ku ɖe ɣeyiɣi si me woƒã ɖikeke ɖe amewo me ɖe amesiwo le ŋgɔ xɔm la ŋu. Efiam be mele be make ɖi nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm la gbeɖe o. Meda akpe na mi ŋutɔ! Gbɔgbɔmenuɖuɖu sia nyo na ame ƒe dzi eye wòdzraa mí ɖo ɖe ɣeyiɣi si woado míaƒe xɔse akpɔ ŋu.”—Leticia, United States.

“Míeda akpe ɖe Yearbook nyui la ta. Zi gbãtɔe nye si gbeƒãɖela geɖewo le nu xlẽm tso mía nɔvi siwo le Ukraine ƒe dɔwɔnawo ŋu. Edo ŋusẽ nɔviawo le afisia. Ame geɖewo, vevietɔ ɖeviwo, dzi woƒe subɔsubɔdɔ ɖe edzi. Wo dometɔ aɖewo dze gbesiagbe mɔɖeɖedɔ alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme. Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnu siwo subɔ Yehowa le mɔxeɖenua te ƒe ŋutinya de dzi ƒo na amesiame.”—Hame aɖe ƒe subɔsubɔkɔmiti, Ukraine.

Nɔvi siwo le Ukraine ƒe nuteƒewɔwɔ nye nusi de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo le xexeame katã. Le nyateƒe me la, ŋutinya lédziname siwo nɔa Yearbook la me ƒe sia ƒe xexlẽ nye mɔ nyui aɖe si dzi míato ado ŋusẽ míaƒe xɔse ahado dzi le ɣeyiɣi vevi siawo me.—Hebritɔwo 12:1.