Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidodo Le Tetekpɔwo Me Hea Kafukafu Vɛ Na Yehowa

Dzidodo Le Tetekpɔwo Me Hea Kafukafu Vɛ Na Yehowa

Dzidodo Le Tetekpɔwo Me Hea Kafukafu Vɛ Na Yehowa

“Ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.”​—PETRO I, 2:20.

1. Esi Kristotɔ vavãwo di vevie be yewoanɔ agbe ɖe yewoƒe adzɔgbeɖeɖe nu ta la, biabia ka mee wòle be míadzro?

KRISTOTƆWO ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wodina be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Be woanɔ agbe ɖe woƒe adzɔgbeɖeɖe nu la, wodzea agbagba ɖesiaɖe si woate ŋui be woato woƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, ƒe afɔtoƒewo ahaɖi ɖase le nyateƒea ŋu. (Mateo 16:24; Yohanes 18:37; Petro I, 2:21) Ke hã Yesu kple nuteƒewɔla bubuwo tsɔ woƒe agbe ɖo anyi eye woku xɔsetaku ɖe woƒe xɔse ta. Ðe esia fia be Kristotɔwo katã ate ŋu akpɔ mɔ be yewoaku ɖe yewoƒe xɔse taa?

2. Aleke Kristotɔwo bua tetekpɔwo kple fukpekpewoe?

2 Abe Kristotɔwo ene la, woxlɔ̃a nu mí be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe ku me, menye be míaku ɖe xɔse ta kokoko o. (Timoteo II, 4:7; Nyaɖeɖefia 2:10) Esia fia be esime míele klalo be míakpe fu—ahaku ne ehiã—ɖe míaƒe xɔse ta hã la, medoa dzidzɔ na mí be wòadzɔ ɖe mía dzi nenema o. Fukpekpe medzɔa dzi na mí o eye vevesese alo vlodoame mevivia mía nu o. Gake esi wòle be míakpɔ mɔ na tetekpɔwo kple yometiti ta la, ele be míadzro alesi míawɔ nui ne esiawo dzɔ ɖe mía dzi me nyuie.

Nuteƒewɔwɔ le Dodokpɔ Me

3. Tenɔnɔ ɖe yometiti nu ƒe Biblia me kpɔɖeŋu kawoe nàte ŋu agblɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “Alesi Wonɔ Te Ðe Yometiti Nui,” le axa si kplɔe ɖo.)

3 Míakpɔ nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo le Biblia me siwo ƒo nu tso alesi Mawu subɔla siwo nɔ anyi le blema wɔ nui esime wodo go nɔnɔme siwo do ŋɔdzi na woƒe agbe. Mɔ vovovo siwo nu wowɔ nu le naa mɔfiafia Kristotɔwo egbea ne eva dzɔ be woge ɖe nɔnɔme ma ƒomevi me. De ŋugble le nuŋlɔɖi si le aɖaka si nye “Alesi Wonɔ Te Ðe Yometiti Nui” me ŋu, eye nàkpɔ be nukae yeate ŋu asrɔ̃ tso eme hã.

4. Nukae míate ŋu agblɔ le mɔ si nu Yesu kple subɔla wɔnuteƒe bubuwo wɔ nu le le woƒe tetekpɔ me toto me ŋu?

4 Togbɔ be Yesu kple Mawu subɔla wɔnuteƒe bubuwo wɔ nu le yometiti me le mɔ vovovowo nu le alesi nɔnɔmea bia nu hã la, eme kɔ ƒã be womede woƒe agbe afɔku me yakatsyɔ o. Ne woɖo afɔku ƒe nɔnɔmewo me la, dzi nɔa wo ƒo, ke hã wonɔa ŋudzɔ. (Mateo 10:16, 23) Woƒe taɖodzinue nye be yewoado gbeƒãɖeɖedɔa ɖe ŋgɔ ahalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa. Alesi wowɔ nui le nɔnɔme vovovowo me nye kpɔɖeŋu na Kristotɔ siwo dze ŋgɔ tetekpɔwo kple yometiti egbea.

5. Yometiti kae do mo ɖa le Malawi le ƒe 1960-awo me, eye aleke Ðasefoawo wɔ nui?

5 Le egbeŋkekeawo me la, Yehowa ƒe amewo toa nɔnɔme sesẽwo kple hiahiãwo me zi geɖe le aʋawɔwɔ, mɔxeɖenuwo, alo le yometiti ŋutɔŋutɔ ta. Le kpɔɖeŋu me, woti Yehowa Ðasefo siwo le Malawi yome vevie le 1960-awo me. Wogblẽ woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo, aƒewo, nuɖuɖuwo, kple dɔwɔɖuiwo—nusiwo katã kloe le wo si la—dome. Woƒo wo hewɔ funyafunya bubuwo wo. Aleke nɔviawo wɔ nui? Ele na wo dometɔ akpe geɖewo be woasi le woƒe kɔƒewo me. Wo dometɔ geɖe yi ɖabe ɖe gbe me, esime bubuwo si yi Mozambique si te ɖe wo ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe. Togbɔ be nuteƒewɔla geɖe bu woƒe agbe hã la, bubuawo gbe be yewomasi le afɔku teƒea o, sinye nuwɔna ɖedzesi si me nunya le le nɔnɔme ma me. Nɔviawo dze kpɔɖeŋu si Yesu kple Paulo ɖo yome to esia wɔwɔ dzi.

6. Nukae Ðasefo siwo le Malawi megblẽ ɖi le yometiti sesẽ gɔ̃ hã me o?

6 Togbɔ be ele na Malawi nɔviawo be woasi adzo alo ava be hã la, wodi teokrasi mɔfiafia hewɔ ɖe edzi eye wowɔ woƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo le adza me alesi woate ŋui. Nukae va do tso eme? Wodzi ɖe dzi va ɖo Fiaɖuƒegbeƒãɖela 18,519 do ŋgɔ na mɔxeɖenua le ƒe 1967 me teti. Togbɔ be yometitia ganɔ anyi eye nɔvi geɖewo si yi Mozambique hã la, kaka ƒe 1972 naɖo la, woka nya ta be gbeƒãɖelawo ƒe agbɔsɔsɔ yeye ɖo 23,398. Wozãa gaƒoƒo si wu 16 le mama dedie nu ɣleti sia ɣleti le subɔsubɔdɔa me. Ðikeke manɔmee la, woƒe nuwɔna he kafukafu vɛ na Yehowa, eye Yehowa ƒe yayra nɔ nɔvi nuteƒewɔla mawo dzi le ɣeyiɣi sesẽtɔ kekeake me. *

7, 8. Susu ka tae ame aɖewo tsoa nya me be yewomaʋu o, togbɔ be yometiti le fu ɖem na wo hã?

7 Le go bubu me la, nɔvi aɖewo atso nya me be yewomaʋu le dukɔ siwo me tsitretsiɖeŋu le fu ɖem le me o, togbɔ be woate ŋu aʋu hã. Ʋuʋu yi teƒe bubu akpɔ kuxi aɖewo gbɔ, gake ate ŋu ahe kuxi bubuwo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe woate ŋu ayi dzi anɔ ha dem kple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa eye womaɖe ɖe aga le gbɔgbɔ me oa? Ðe woate ŋu ayi edzi alé gbɔgbɔmenu siwo wowɔna gbesiagbe me ɖe asi esime wole agbagba dzem be yewoakpɔ nɔƒe yeye, ɖewohĩ le dukɔ si me nuwo bɔ ɖo le wu alo esi me woate ŋu akpɔ ŋutilãmenu geɖe le wu mea?—Timoteo I, 6:9.

8 Ame bubuwo tsoa nya me be yewomaʋu o le esi wotsɔ ɖe le wo nɔviwo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me ta. Wotiana be yewoanɔ anyi akpe akɔ kple nɔnɔmea ale be yewoate ŋu ayi gbeƒãɖeɖe dzi le wo de nutoa me ahanye dzideƒotsoƒe na hati subɔla bubuwo. (Filipitɔwo 1:14) Wo dometɔ aɖewo to nyametsotso sia wɔwɔ me na kpekpeɖeŋu be woɖu dzi le se nyawo me le dua me. *

9. Nu vevi kawo ŋue wole be ame nabu ne ele ŋugble dem le anyinɔnɔ kple ʋuʋu le yometiti ta ŋu?

9 Be woanɔ anyi loo alo aʋu la—nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. Ele eme hã be ne wodo gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiafia megbe ko hafi woawɔ nyametsotso sia. Gake afɔ ka kee míeɖaɖe o, ele be apostolo Paulo ƒe nya siawo nanɔ susu me na mí be: “Mía dometɔ ɖesiaɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu.” (Romatɔwo 14:12) Abe alesi míekpɔe va yi ene la, nusi Yehowa di enye be esubɔlawo dometɔ ɖesiaɖe nalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Esubɔla aɖewo le tetekpɔwo kple yometitiwo me tom egbea; ɖewohĩ bubuwo ato me emegbe. Woado mí katã akpɔ le mɔ aɖe nu, eye mele be ame aɖeke nakpɔ mɔ be woaɖe ye le eme o. (Yohanes 15:19, 20) Abe Yehowa subɔla siwo ɖe adzɔgbe nɛ ene la, míate ŋu aƒo asa na xexeame katã ƒe nya si ku ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ kple eƒe dziɖulanyenye taʋiʋli ŋu la o.—Xezekiel 38:23; Mateo 6:9, 10.

“Migaɖo Vɔ̃ Vɔ̃ Teƒe na Ame Aɖeke O”

10. Kpɔɖeŋu vevi kae Yesu kple eƒe apostolowo ɖo na mí le nuwɔwɔ ɖe nyaƒoɖeamenuwo kple tsitretsiɖeŋuwo ŋu me?

10 Gɔmeɖose vevi bubu si míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu kple apostoloawo wɔ nui le nyaƒoɖeamenu te enye be míagaɖo eteƒe na amesiwo tia mía yome o. Míakpɔe le Biblia ƒe akpa aɖeke be Yesu alo eyomedzelawo ƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe tsitretsiɖeŋu habɔbɔ aɖe tɔgbe me alo trɔ ɖe ʋunyaʋunyawɔwɔ ŋu be woawɔ avu kple wo yometilawo o. Ke boŋ abe alesi apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo ene la, “migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o.” “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’” Gawu la, “megana nu vɔ̃ɖi la naɖu dziwò o, ke tsɔ nu nyui la ɖu nu vɔ̃ɖi la dzi boŋ.”—Romatɔwo 12:17-21; Psalmo 37:1-4; Lododowo 20:22.

11. Nya kae ŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ ku ɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme ɖe Dziɖuɖua ŋu ŋuti?

11 Kristotɔ gbãtɔawo wɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Ŋutinyaŋlɔla Cecil J. Cadoux ƒo nu tso Kristotɔwo ƒe nɔnɔme si woɖe fia Dziɖuɖua le ƒe 30-70 M.Ŋ. ƒe ɣeyiɣi me ŋu le eƒe agbalẽ si nye The Early Church and the World me. Eŋlɔ be: “Kpeɖodzi aɖeke mele mía si tẽ be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi sia me te kpɔ be yewoatsɔ ʋunyaʋunya atsi tre ɖe yometiti ŋu o. Ne wowɔe ʋuu koe nye be woaka mo na woƒe dziɖulawo vevie alo woasi le wo nu be woƒe asi maka wo o. Gake alesi Kristotɔawo wɔa nu le yometiti me ɣesiaɣi megbɔa eme ya o gake wotɔa afɔ to sesĩe gbea toɖoɖo dziɖuɖua ƒe se zi alesi wokpɔ be anye tomaɖomaɖo Kristo.”

12. Nukatae wònyo be woado dzi le fukpekpe me tsɔ wu be woawɔ wɔɖenui?

12 Ðe nusi dze abe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme ene la sɔa? Ðe amesiwo awɔ nu alea mana wòanɔ bɔbɔe na amesiwo di be yewoatsrɔ̃ wo ɖa la ƒe asi nasu wo dzi bɔbɔe oa? Ðe manye nuwɔwɔ le nunya me be woaʋli ame ɖokui ta oa? Alea wòadze le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu. Gake esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, kakaɖedzi le mía si be toɖoɖo Yehowa ƒe mɔfiafia le nuwo katã mee nye mɔ nyuitɔ. Míena Petro ƒe nya nɔa susu me na mí be: “Ne miekpe fu le nu nyui wɔwɔ ŋuti, eye miedo dzi kpee la, eya enye amenuveve le Mawu ŋku me.” (Petro I, 2:20) Míeka ɖe edzi be Yehowa nya nu tso nɔnɔmea ŋu nyuie eye mana nuwo nanɔ nenema tegbee o. Alekee míawɔ aka ɖe edzi? Yehowa gblɔ na eƒe ame siwo nɔ aboyome le Babilon be: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi [nye, NW] ŋkuvi ŋu.” (Zaxarya 2:12) Vaseɖe afikae ame aɖe aɖe mɔ be woanɔ asi kam yeƒe ŋkuvi ŋu ase ɖo? Yehowa aɖe wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Ðikeke aɖeke mele esia ŋu o.—Tesalonikatɔwo II, 1:5-8.

13. Nukatae Yesu bɔbɔ eɖokui heɖe mɔ wolée?

13 Le go sia me la, míate ŋu asrɔ̃ Yesu míaƒe kpɔɖeŋuɖola la. Menye esi mate ŋu aʋli eɖokui ta o tae wòɖe asi le eɖokui ŋu na eƒe futɔwo wolé le Getsemane-bɔa me ɖo o. Le nyateƒe me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “[Miesusu] bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã? Ke aleke awɔ ne woawu ŋɔŋlɔawo nu mahã? Elabena ele be, woava me nenema tsã!” (Mateo 26:53, 54) Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ na Yesu nenye be esia abia be wòakpe fu hã. Eka ɖe nya siwo le Dawid ƒe nyagblɔɖihawo me dzi be: “Màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ̃ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.” (Psalmo 16:10) Ƒe aɖewo megbe la apostolo Paulo gblɔ le Yesu ŋu be: “Amesi do dzi kpe [fuwɔameti, NW] ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.”—Hebritɔwo 12:2.

Dzidzɔ si Le Yehowa ƒe Ŋkɔ Ŋutikɔkɔ Me

14. Nukae nye dzidzɔ si lé Yesu ɖe te le eƒe tetekpɔwo katã me?

14 Dzidzɔ kae lé Yesu ɖe te le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake si woate ŋu asusu me? Le Yehowa subɔlawo katã dome la, ɖikeke aɖeke mele eme o be Yesu, Mawu ƒe Vi malɔ̃nugbɔa, nye amesi koŋ Satana tɔ ŋkui. Eyata Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ me la anye ŋuɖoɖo vevitɔ na Satana ƒe alɔmeɖeɖe le Yehowa ŋu. (Lododowo 27:11) Ðe nàte ŋu asusu dzidzɔ si Yesu anya kpɔ esime wofɔe ɖe tsitrea? Aleke dzi anya dzɔe enye si esi wòkpɔ be yewɔ dɔ si wobia tso ye si abe ame deblibo ene le Yehowa ƒe dziɖulanyenye taʋiʋli kple Eƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ me! Gakpe ɖe eŋu la, ɖikeke mele eme o be ‘anyinɔnɔ ɖe Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me’ nye bubu wɔnuku aɖe eye wònye dzidzɔ gãtɔ kekeake na Yesu.—Psalmo 110:1, 2; Timoteo I, 6:15, 16.

15, 16. Yometiti vɔ̃ɖi ka mee Ðasefo siwo nɔ Sachsenhausen to, eye nukae do ŋusẽ wo be wote ŋu do dzi?

15 Nenema ke wònyea dzidzɔ na Kristotɔwo be woakpɔ gome le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ me to dzidodo le yometiti me abe alesi Yesu gblẽ kpɔɖeŋu ɖi na woe ene. Eƒe kpɔɖeŋu nyui ɖekae nye alesi Ðasefowo kpe fu le Sachsenhausen fuwɔamesaɖa vɔ̃ɖia me heto kuzɔli teɖeɖiameŋu me le Xexemeʋa II ƒe nuwuwu me. Le azɔli ma zɔzɔ me la, gamenɔla akpe geɖe ku to vuvɔwɔame, dɔléle, alo dɔwuame alo to alesi SS-srafowo wu wo ŋutasesẽtɔe le mɔa dzi ko me. Ðasefoawo siwo katã nye ame 230 tsi agbe to alesi wolé ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli hede woƒe agbe afɔku me kpe ɖe wo nɔewo ŋu me.

16 Nukae kpe ɖe Ðasefo siawo ŋu be wote ŋu do dzi le yometiti vɔ̃ɖi sia me? Esi wonya ɖo dedie ko la, woɖe woƒe dzidzɔ kple akpedada na Yehowa fia le agbalẽ si ƒe tanya nye: “Yehowa ɖasefo 230 siwo tso dukɔ ade me siwo ƒo ƒu ɖe ave si le Schwerin gbɔ le Mecklenburg ƒe tameɖoɖo kplikpaa la” me. Wogblɔ le agbalẽa me be: “Mía dodokpɔɣi didi sesẽ la nu va yi eye dzudzɔ meʋẽ le amesiwo ta wokpɔ abe amesiwo woɖe tso dzokpo aɖe me ene gɔ̃ hã ŋu o. (Kpɔ Daniel 3:27.) Ðe eteƒe la, ŋusẽ si tso Yehowa gbɔ yɔ wo me fũ eye wole klalo na gbeɖeɖe yeye xɔxɔ tso Fia la gbɔ na Teokrasidɔ bubuwo wɔwɔ.” *

17. Dodokpɔ kawo me tom Mawu ƒe amewo le fifia?

17 Abe ame 230 wɔnuteƒe mawo ene la, woate ŋu ado míawo hã míaƒe xɔse akpɔ togbɔ be míekpɔ “tsitre sesĩe yiɖase ɖe ʋu me haɖe o.” (Hebritɔwo 12:4) Gake dodokpɔ te ŋu toa mɔ vovovowo nu. Ate ŋu anye sukuxɔmehati ƒe fewuɖuɖu le ame ŋu, alo ate ŋu anye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu be woanɔ agbegbegblẽ kple awɔ nu gbegblẽ bubuwo. Gakpe ɖe eŋu la, tame si míeɖo be míatsri ʋu, be míaɖe srɔ̃ le Aƒetɔ la ko me, alo be míanyi viwo le aƒe si me ma le subɔsubɔ gome me ate ŋu ahe xaxa kple dodokpɔ gã aɖe vɛ na mí.—Dɔwɔwɔwo 15:29; Korintotɔwo I, 7:39; Efesotɔwo 6:4; Petro I, 3:1, 2.

18. Kakaɖedzi kae le mía si be míate ŋu ado dzi le yometiti vloetɔwo kekeake me?

18 Ke hã xɔse ƒe dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi o, míenya be Yehowa kple eƒe Fiaɖuƒea si míetsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ tae, eye míebunɛ mɔnukpɔkpɔ kple dzidzɔ gã aɖe be míawɔe alea. Petro ƒe kakaɖedzinamenyawo dea dzi ƒo na mí be: “Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi; elabena ŋutikɔkɔe kple Mawu ƒe gbɔgbɔ la va dzudzɔ ɖe mia dzi.” (Petro I, 4:14) To Yehowa ƒe gbɔgbɔ ƒe ŋusẽ me la míekpɔa ŋusẽdodo hete ŋu doa dzi le yometiti sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me hena eƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.—Korintotɔwo II, 4:7; Efesotɔwo 3:16; Filipitɔwo 4:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Ƒe 1960-awo me nudzɔdzɔawo nye ʋukɔkɔɖi ƒe yometiti sesẽ siwo me Ðasefo siwo le Malawi to ƒe 30 kloe la ƒe gɔmedzedzea ko. Be nànya ŋutinya bliboa la, kpɔ 1999 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 171-212.

^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye “Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Do Tadedeagu Vavãtɔ Ðe Dzi le ‘Ararat-Nyigba Dzi’” si le April 1, 2003, Gbetakpɔxɔ ƒe axa 11-14.

^ mm. 16 Be nànya nu tso tameɖoɖo kplikpaa blibo sia ŋu la, kpɔ ƒe1974 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 208-9. Àte ŋu akpɔ amesi tsi agbe le azɔlizɔzɔa me ƒe nuteƒekpɔkpɔ le January 1, 1998, ƒe Gbetakpɔxɔ axa 25-9.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Aleke Kristotɔwo bua fukpekpe kple yometitii?

• Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yesu kple nuteƒewɔla bubuawo wɔ nui esi wonɔ tetekpɔ me tom la me?

• Nukata nunya le eme be míagawɔ wɔɖenui ne woti mía yome o?

• Dzidzɔ kae lé Yesu ɖe te le eƒe dodokpɔwo me, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Alesi Wonɔ Te Ðe Yometiti Nui

• Hafi Herodes ƒe asrafowo naɖo Betlexem awu ŋutsuvi siwo xɔ va ɖo ƒe eve la, Yosef kple Maria xɔ mɔfiafia to mawudɔla dzi be woasi kple ɖevi Yesu ayi Egipte.—Mateo 2:13-16.

• Zi geɖe le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ me la, eƒe futɔwo dina be yewoawui le eƒe ɖaseɖiɖi sẽŋua ta. Yesu sina le wo gbɔ le ɖesiaɖe me.—Mateo 21:45, 46; Luka 4:28-30; Yohanes 8:57-59.

• Esime asrafowo kple dumegãwo va Getsemane-bɔa me be yewoalé Yesu la, eɖe eɖokui fia tẽ, egblɔ na wo zi eve be: “Nyee nye esi.” Egbe na eƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã be woagawɔ naneke atsi tre ɖe wo ŋu o eye wòɖe mɔ ameha la kplɔe dzoe.—Yohanes 18:3-12.

• Wolé Petro kple bubuawo le Yerusalem, ƒo wo, hede se na wo be woadzudzɔ nuƒoƒo tso Yesu ŋu. Gake esi wova ɖe asi le wo ŋu la “wodzo . . . eye gbesiagbe womedzudzɔ nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ fia le Yesu Kristo ŋuti le mawuxɔ me kple aƒe me o.”—Dɔwɔwɔwo 5:40-42.

• Esime Saul si va zu apostolo Paulo se nugbe si Yudatɔ siwo le Damasko ɖo be yewoaɖee ɖa la, nɔviawo tsɔe ɖe kusi me to do aɖe si le dua ƒe gli me le zã me heɖiɖi ɖe anyi, eye wòsi.—Dɔwɔwɔwo 9:22-25.

• Ƒe aɖewo megbe la, Paulo tia be yeatsɔ yeƒe nya ade Kaisaro si me, togbɔ be Mɔ̃mefia Festo kple Fia Agripa mekpɔ “naneke, si dze na ku alo babla” le eŋu o.—Dɔwɔwɔwo 25:10-12, 24-27; 26:30-32.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Togbɔ be yometiti ƒoe ɖe Ðasefo wɔnuteƒe akpe geɖe siwo le Malawi nu be woasi hã la, woyi Fiaɖuƒedɔa dzi kple dzidzɔ

[Nɔnɔmetata siwo le axa 17]

Dzidzɔ si le Yehowa ƒe ŋkɔ ŋutikɔkɔ me la kpe ɖe nuteƒewɔla siawo ŋu le Nazi ƒe kuzɔli la zɔzɔ kple le fuwɔamesaɖawo me

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Kuzɔli: KZ-Gedenkstätte Dachau, courtesy of the USHMM Photo Archives

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Tetekpɔwo kple nyaƒoɖeamenuwo te ŋu toa mɔ vovovowo nu