Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu ƒe Xɔname Kae Míate Ŋu Akpɔ Mɔ na?

Mawu ƒe Xɔname Kae Míate Ŋu Akpɔ Mɔ na?

Mawu ƒe Xɔname Kae Míate Ŋu Akpɔ Mɔ na?

LE ƑE alafa enyilia D.M.Ŋ. me la, Yuda-fia Xizkiya si xɔ ƒe 39 kpɔe be yedze dɔ vɔ̃ɖi aɖe si na yeɖo kudo nu. Nya sia ʋuʋu Xizkiya ale gbegbe be wòɖe kuku na Mawu le gbedodoɖa me be wòayɔ dɔ ye. Mawu ɖo eŋu nɛ to eƒe nyagblɔɖila dzi be: “Mese wò kokoƒoƒo, eye mekpɔ wò aɖatsiwo; kpɔ ɖa, matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò ŋkekewo ŋu.”—Yesaya 38:1-5.

Nukatae Mawu tsoe xɔ le ɣeyiɣi ma me? Ƒe alafawo do ŋgɔ la, Mawu do ŋugbe na nuteƒewɔla Fia Dawid be: “Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.” Mawu ɖee fia hã be woadzi Mesia la le Dawid ƒe ƒomea me. (Samuel II, 7:16; Psalmo 89:21, 27-30; Yesaya 11:1) Xizkiya medzi ŋutsuvi hafi dze dɔa o. Eyata Dawid ƒe fiaƒomea domee nye ema di be yeagblẽ. Mawu ƒe xɔxɔ na Xizkiya wɔ akpa vevi aɖe si nye ƒome si me Mesia ado tso la ta kpɔkpɔ.

Be Yehowa nana eƒe ŋugbedodo nava eme la, eʋãe woxɔ na eƒe amewo le nɔnɔme geɖewo me do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia. Mose gblɔ le Israel ƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso kluvinyenye me le Egipte ŋu be: ‘Esi Yehowa lɔ̃ mi, eye wòwɔ eƒe atam, si wòka na mia fofowo dzi tae Yehowa tsɔ asi sesẽ ɖe mi ɖo.’—Mose V, 7:8.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Mawu ƒe xɔname do eƒe tameɖoɖowo ɖe ŋgɔ nenema ke. Le kpɔɖeŋu me, woɖe ŋutega wɔnuku aɖe fia Yudatɔ aɖe si ŋkɔe nye Saul, le Damasko-mɔ dzi, be woatsɔ ana wòadzudzɔ Kristo ƒe nusrɔ̃lawo yometiti. Ŋutsu sia, si va zu apostolo Paulo, ƒe tɔtrɔ wɔ akpa vevi aɖe le nyanyuia kaka le dukɔwo dome me.—Dɔwɔwɔwo 9:1-16; Romatɔwo 11:13.

Ɣesiaɣie Wòxɔna na Amea?

Ɣesiaɣie Mawu xɔna na amea, alo ɣeaɖewoɣi koe? Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒã be menye ɣesiaɣie wòxɔna na ame o. Togbɔ be Mawu ɖe Hebri-vi etɔawo tso kpodzo aɖe me eye wòɖe nyagblɔɖila Daniel tso dzatawo ƒe dome hã la, meɖe nyagblɔɖila bubuwo ya tso ku me o. (Kronika II, 24:20, 21; Daniel 3:21-27; 6:17-23; Hebritɔwo 11:37) Woɖe Petro nukutɔe tso gaxɔ si me Herodes Agripa I dee me. Gake fia sia kee na wowu apostolo Yakobo, gake Mawu mede nu eme tsɔ tsi hlɔ̃ sia dodo nu o. (Dɔwɔwɔwo 12:1-11) Togbɔ be Mawu na ŋusẽ apostoloawo be woayɔ dɔ dɔnɔwo ahafɔ ame kukuwo ɖe tsitre kura gɔ̃ hã la, melɔ̃ be yeaɖe ‘ŋù si nɔ ŋutilã me’ na apostolo Paulo, si anya nye dɔléle aɖe si nɔ eŋu la ɖa o.—Korintotɔwo II, 12:7-9; Dɔwɔwɔwo 9:32-41; Korintotɔwo I, 12:28.

Mawu mewɔ nu tsɔ tsi yometiti sesẽ si Roma Fiagã Nero he va Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dzi la nu o. Wowɔ funyafunya Kristotɔwo, tɔ dzo wo agbagbee, hetsɔ wo ƒu gbe na lã wɔadãwo. Gake tsitretsiɖeŋu sia mewɔ nuku na Kristotɔ gbãtɔwo o, eye megbɔdzɔ dzixɔse si nɔ wo si be Mawu li la me gbeɖe o. Ne woagblɔe tututu la, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be woahe wo ayi ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye be woanɔ dzadzraɖoɖi ɖe fukpekpe kple ku gɔ̃ hã ŋu ɖe woƒe xɔse ta.—Mateo 10:17-22.

Abe alesi Mawu wɔe va yi ene la, ate ŋu aɖe esubɔlawo tso afɔku ƒe nɔnɔme me egbea hã, eye mele be woabu fɔ amesiwo see le wo ɖokui me be ekpɔ yewo ta tso afɔku aɖe me la o. Gake enye nusesẽ be míaƒo nya ta keŋkeŋ be Mawue de asi nudzɔdzɔ mawo me loo alo menye eyae dee eme o. Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖe xɔ abi esime nane wó le dɔwɔƒe aɖe le Toulouse, eye Kristotɔ nuteƒewɔla akpe geɖewo ku le Nazi kple Kɔmiunist tɔwo ƒe asaɖawo alo le nɔnɔme wɔnublanui bubuwo me gake Mawu meɖe afɔ aɖeke tsɔ tsi enu o. Nukatae Mawu mede nu nyaa me ɖe ɖoɖo nu tsɔ xɔ na amesiwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo o?—Daniel 3:17, 18.

“Azãgbe Kple Nuɖiɖeame”

Ne afɔku aɖe dzɔ la, ate ŋu agblẽ nu le amesiame ŋu, eye metsɔ le ame ƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu me kokoko o. Le nusi wó le Toulouse, si me Alain kple Liliane do le dedie la, ame 30 ku eye ame alafawo xɔ abi, togbɔ be menye woƒe vodadae o hã. Gawu la, ame akpe teƒe akpewo kuna alo xɔa abi le hlɔ̃dodo, ʋukuku ŋumaɖɔɖotɔe, alo le aʋawɔwɔwo me, eye womate ŋu abu fɔ Mawu ɖe woƒe afɔkua ta o. Biblia ɖo ŋku edzi na mí be “azãgbe kple nuɖiɖeame” ɖina ɖe amesiame.—Nyagblɔla 9:11.

Gakpe ɖe eŋu la, dɔléle, tsitsi, kple ku ɖea fu na amegbetɔwo. Ame aɖewo siwo bu be ɖee Mawu ɖe yewo nukutɔe tso afɔku aɖe me alo kafunɛ be ena yewohaya tso dɔléle aɖe si me gɔ hã va kuna mlɔeba. Dɔléle kple ku si woaɖe ɖa kpakple ‘aɖatsi sia aɖatsi si woatutu ɖa’ le amegbetɔ ƒe ŋku me la gakpɔtɔ le ŋgɔ.—Nyaɖeɖefia 21:1-4.

Hafi esia nava la, nane si de ŋgɔ hesẽ wu ɣeaɖewoɣi ƒe ametakpɔkpɔ ko hiã. Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe si ŋkɔe nye “Yehowa ƒe ŋkeke gã la” ŋu. (Zefanya 1:14) Le nudzɔdzɔ gã sia si alɔ afisiafi ɖe eme me la, Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖesiaɖe ƒomevi ɖa. Woana mɔnukpɔkpɔ amegbetɔwo be woanɔ agbe tegbee le nɔnɔme siwo deblibo me, esime ‘womagaɖo ŋku tsã nɔnɔmewo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.’ (Yesaya 65:17) Woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre, si anye amegbetɔwo ƒe nɔnɔme wɔnublanuitɔ kekeake la ɖeɖe ɖa keŋkeŋ. (Yohanes 5:28, 29) Mawu si ƒe lɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo nu metsina o akpɔ amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo gbɔ keŋkeŋ.

Alesi Mawu Dea Nu Nyaa me Egbeae

Gake esia mefia be, ɖeko Mawu li gbɔ hele alesi nuwɔwɔwo le fu kpem teƒe kpɔm ɖekematsɔlemetɔe ko o. Egbea, Mawu le mɔnukpɔkpɔ nam amegbetɔwo katã, metsɔ le gbe si wodona alo afisi wotso me o, be woava dze si ye eye woatu ƒomedodo nyui ɖo kpli ye. (Timoteo I, 2:3, 4) Yesu ɖɔ ɖoɖo sia le nya siawo me be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Mawu hea dzianukwaretɔwo ɖe eɖokui ŋu to Fiaɖuƒegbedasi si esubɔlawo ɖea gbeƒãe le xexeame katã la dzi.

Gakpe ɖe eŋu la, Mawu kpena ɖe amesiwo dina be wòafia mɔ yewo la ŋu tẽ. Mawu toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe dzi ‘ʋua woƒe dzi’ be woase yeƒe lɔlɔ̃nu gɔme eye woade nusiwo wosrɔ̃ la dɔwɔna me. (Dɔwɔwɔwo 16:14) Ẽ, Mawu to mɔnukpɔkpɔ si wòna mí be míadze si ye, eƒe Nyaa, kple eƒe tameɖoɖowo me ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple ɖetsɔtsɔ le mía dometɔ ɖesiaɖe me fia.—Yohanes 17:3.

Mlɔeba la, Mawu kpena ɖe esubɔlawo ŋu egbea, menye to wo ɖeɖe nukutɔe dzi o, ke boŋ to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ nana wo be woanɔ te ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe si adze ŋgɔ wo nui me. (Korintotɔwo II, 4:7) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

Eyata susu ɖesiaɖe le mía si si ta míada akpe na Mawu gbesiagbe ɖe agbe kple mɔkpɔkpɔ si wònaa mí be míava nɔ agbe tegbee le xexe si me fukpekpe aɖeke manɔ o me la ta. Hakpala la bia be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ? Makɔ xɔname ƒe kplu la dzi ayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ.” (Psalmo 116:12, 13) Magazine sia xexlẽ edziedzi akpe ɖe ŋuwò be nàse nusi Mawu wɔ va yi, nusi wɔm wòle fifia, kple esi wòawɔ le etsɔme si ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ fifia eye wòana etsɔme mɔkpɔkpɔ wò la gɔme.—Timoteo I, 4:8.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Yehowa metsi kpeƒuƒu Zaxarya . . .

alo ame maɖifɔ siwo Herodes tsrɔ̃ la nu o

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

‘Womagaɖo ŋku tsã nudzɔdzɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.’—Yesaya 65:17

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ɣeyiɣi si me fukpekpe maganɔ anyi o la tu aƒe; ame kukuwo gɔ̃ hã aganɔ agbe ake