Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Hea Ame Tsɛwo Vaa Nyateƒea Me

Yehowa Hea Ame Tsɛwo Vaa Nyateƒea Me

Agbemeŋutinya

Yehowa Hea Ame Tsɛwo Vaa Nyateƒea Me

ABE ALESI ASANO KOSHINO GBLƆE ENE

Ƒe ʋɛ aɖewo le Xexeme Ʋa II megbe, le ƒe 1949 me la, amedzro kɔkɔ aɖe si kɔa mo ɖe ame va srã ƒome si menɔ dɔ wɔm na la kpɔ le Kobe City. Eyae nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla gbãtɔ si va Japan. Eƒe sasrãkpɔa ʋu mɔnukpɔkpɔ nam meke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu. Gake mina magblɔ afisi metso ŋu nya na mi gbã.

WODZIM le ƒe 1926 me le kɔƒe sue aɖe me le Okayama Prefecture ƒe dziehe. Menye vi atɔ̃lia le vi enyi dome. Papa nye amesi doa vevie mía gbɔ Shinto trɔ̃subɔsubɔ. Eyata mí ɖeviawo míeɖua ŋkekenyuiwo hesea vivi na ƒometɔwo ƒe gododo ake le subɔsubɔzãɖuɣiwo le ƒea me.

Esi menɔ tsitsim la, agbe ŋuti biabia geɖewo nɔ asinye, gake esi ku ɖe ku ŋuti koŋ ŋue metsi dzi ɖo vevie. Le dekɔnu nu la, aƒemee wòdze be ame naku ɖo eye ɖeviwo nanɔ ƒometɔwo ƒe kuba ŋu. Melé blanui vevie esime mamanye ku kple esime nɔvinyeŋutsu sue si mekpɔ xɔ ƒe ɖeka gɔ̃ hã o ku. Alesi wòanɔ nam ne dzinyelawo ku, ŋu bubu dzia ŋɔ nam ŋutɔ. ‘Agbea katã koe nye esia? Ðe nu bubu aɖe gale agbe mea?’ Medi vevie be manya.

Le ƒe 1937 me, esime menɔ gɔmedzesuku ƒe xɔ adelia me la, aʋa dzɔ ɖe Chinatɔwo kple Japantɔwo dome. Wolé ŋutsuwo heɖo wo ɖe aʋagbedzi le China. Sukuviwo doa hedenyuie na wò fofowo alo wò fowo, doa ɣli be “banzai!” (agbe tegbee) na fiagã la. Amewo ka ɖe edzi be Japan, dukɔ si dzi ɖum mawu le, kple eƒe fiagã, si nye mawu gbagbe la, aɖu dzi godoo.

Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ƒometɔwo te aʋatsilawo ŋuti nyatakaka xɔxɔ tso aʋagbea dzi o. Amesiwo ƒe ame ku la ƒe dzi gbã vevie. Fuléle xɔ dzime na wo, eye wotsoa aseye ne wogblẽ nu le futɔwo ŋu vevie. Gake le ɣemaɣi ke la, megabua eŋu be, ‘Veve si sem míele la kee futɔawo ƒe ƒometɔwo ase ne woƒe ame veviwo ku.’ Kaka mawu gɔmedzesuku nu la, aʋaa keke ta ɖo China nutowo me ɖaa.

Gododo Amedzro Aɖe

Esi míenye agbledelawo ta la, míaƒe ƒomea da ahe ɣeawokatãɣi, gake fofonye na mede suku zi alesi malɔ ganyawo ɖe eme o ko. Esia wɔe be le ƒe 1941 me la, medze nyɔnuviwo ƒe suku gɔme le Okayama City si gbɔ didi kilometa 100 lɔƒo tso mía gbɔ. Woɖo sukua be wòatsɔ ahe nyɔnuviwo ne woava zu srɔ̃nyɔnu kple vidada ɖɔʋuwo, eye woɖoa sukuviawo ɖa be woaɖanɔ ƒome siwo nye kesinɔtɔwo gbɔ le du me abe aƒemedɔsrɔ̃viwo ene. Le ŋdimewo la, sukuviawo xɔa hehe to aƒemedɔwo wɔwɔ me, eye le ŋdɔmewo la woyia suku.

Le wòezɔdoname ƒe wɔnaa megbe la, nye nufiala, si do kimono la kplɔm yi aƒe gã aɖe me. Gake le susu aɖe taa aƒenɔa mexɔm o. Nufialaa bia be: “Ekema míayi Aƒenɔ Koda ƒe aƒemea?” Ekplɔm yi aƒe aɖe si wotu ɖe ɣetoɖoƒetɔwo ƒe atsyã nu me heƒo agbonuga la. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, aƒenɔ kɔkɔ ƒowɔ aɖe do va. Nye nu ku! Menye Japantɔe wònye o, eye nyemekpɔ Ɣetoɖoƒetɔwo kpɔ le nye agbe me o. Nufiala la ɖem fia Aƒenɔ Maud Koda hetrɔ dzo enumake. Mehe nye akploawo hege ɖe xɔa me kple dzodzodzoetsitsi. Meva nya emegbe be Aƒenɔ Maud Koda nye Amerikatɔ aɖe si Japan ŋutsu aɖe si va srɔ̃ nu le United States la ɖe. Efiana Eŋlisigbe le asinudɔsrɔ̃sukuwo me.

Dɔ dze egɔme kple ŋkubiã ŋufɔkea. Aƒenɔ Koda srɔ̃ nɔ kpeŋui kum, eye wòle be makpe asi ɖe eŋu le egbɔkpɔkpɔ me. Esi wònye nyemese Eŋlisigbe kura o ta la, metsina dzi vie. Nye dzi dze eme esi Aƒenɔ Koda do Japangbe nam. Gbesiagbe la mesenɛ wodoa Eŋlisigbe na wo nɔewo, eye vivivi la meva se gbea. Alesi wowɔa nu le aƒea me doa dzidzɔ nam.

Alesi Maud lɔ̃a srɔ̃ dɔnɔa vevie wɔ dɔ ɖe dzinye. Ŋutsua lɔ̃a Biblia xexlẽ. Meva nya emegbe be srɔ̃tɔawo kpɔ The Divine Plan of the Ages si le Japangbe me tso agbalẽ xoxo dzraƒe aɖe eye woxɔa Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ nudɔdɔwo ƒe geɖe.

Gbeɖeka wona Bibliam. Dzi dzɔm elabena emae nye zi gbãtɔ si Biblia su nye ŋutɔ asinye kpɔ le agbe me. Mexlẽnɛ ne meyina ɖe suku kple ne megbɔna gake eme nya ʋɛ aɖewo ko gɔmee mese. Esi wònye Japan Shintotɔwo ƒe hehee mexɔ ta la, nyemenya naneke tso Yesu Kristo ŋu kuraa o. Nyemenya kura be nusi ava na maxɔ Biblia ƒe nyateƒea si aɖo nye biabia ku ɖe agbe kple ku ŋu la ƒe gɔmedzedzee nye esia o.

Nublanuinya Etɔ̃awo

Eteƒe medidi o nye ƒe eve ƒe dɔsrɔ̃ɣi wu enu, eye wòhiã be madzo le ƒomea gbɔ. Le nye sukunuwuwu megbe la, meƒo ɖokuinye ɖe nyɔnuviwo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe habɔbɔ aɖe me eye mekpɔ gome le ƒudzisrafowo ƒe awuwo tɔtɔ me. Amerikatɔwo ƒe B-29 bɔmbdayameʋuwo te bɔmbwo dada, eye le August 6, 1945 dzi la, woda atom bɔmb le Hiroshima. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, mexɔ telegram aɖe, eye mese be Dada dze dɔ vevie. Meɖo keteke gbãtɔ heyi aƒe. Esi meɖi le ketekea me la, medo go nye ƒometɔ aɖe si gblɔ nam be Dada megava li o. Eku le August ƒe ŋkeke 11 lia dzi. Nusi vɔ̃m menɔ ƒe geɖe enye esia la va dzɔ! Magaƒo nu kplim alo ako alɔgbɔnu ɖem akpɔ o.

Le August 15 lia dzi la, wova ɖu Japan dzi ŋutɔŋutɔ azɔ. Eyata mekpe akɔ kple nublanuinya etɔ̃ sɔŋ, wo katã le ŋkeke ewo pɛ ko me: atɔm bɔmb gbãtɔ la dada, Dada ƒe ku, kple Japan dzi si woɖu le ŋutinya me. Ke hã, efa akɔ na mí be míanya be amewo maganɔ kukum le aʋawɔwɔa me o. Esi melé blanui vevie la, medzudzɔ awutɔtɔdɔa eye metrɔ yi aƒe.

Wohem Va Nyateƒea Me

Gbeɖeka mexɔ lɛta aɖe tso Maud Koda si le Okayama gbɔ. Ebia be ne mate ŋui la mava kpe ɖe ye ŋu le aƒemedɔwo wɔwɔ me, elabena eva hiã be wòaɖo Eŋlisigbe me suku aɖe. Nyemenya nusi mawɔ o, gake melɔ̃ ɖe amekpekpea dzi. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, mía kple Koda-ƒomea míeʋu yi Kobe.

Le ƒe 1949 ƒe dzomeŋɔli ƒe gɔmedzedze la, ŋutsu kɔkɔ aɖe si kɔa mo ɖe ame va srã Koda-ƒomea kpɔ. Eŋkɔe nye Donald Haslett, eye etso Tokyo va Kobe be yeava di xɔ na dutanyanyuigblɔlawo le Kobe. Eyae nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔla gbãtɔ si va Japan. Wokpɔ aƒe aɖe, eye le November 1949 me la, dutanyanyuigblɔla geɖewo va ɖo Kobe. Gbeɖeka la, wo dometɔ atɔ̃ va srã Koda-ƒomea kpɔ. Wo dometɔ eve, Lloyd Barry kple Percy Iszlaub do Eŋlisigbe ƒo nu na amesiwo va ƒo ƒu ɖe aƒea me, wo dometɔ ɖesiaɖe zã aɖabaƒoƒo ewo. Wonya Maud be enye dutanyanyuigblɔlaawo nɔvinyɔnu Kristotɔ eye anɔ eme be woƒe hadedea de dzi ƒo nɛ. Ɣemaɣie wòʋam be masrɔ̃ Eŋlisigbe.

To dutanyanyuigblɔla veviedonulawo ƒe kpekpeɖeŋu me la, meva nɔ Biblia me nyateƒe veviawo gɔme sem vivivi. Mekpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo nɔ asinye tso ɖevime. Ẽ, agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ kple “amesiwo katã le yɔdo me” ƒe tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo la le Biblia me. (Yohanes 5:28, 29; Nyaɖeɖefia 21:1, 4) Dzi dzɔam ɖe Yehowa ŋu be wòna mɔkpɔkpɔ sia va li na mí to Via, Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi.

Teokrasi Dɔwɔwɔ Siwo me Dzidzɔ Le

Wowɔ Japan ƒe teokrasi takpekpe gbãtɔ la le dutanyanyuigblɔlawo ƒeme le Kobe tso December 30, 1949 dzi vaseɖe January 1, 1950 dzi. Mekplɔ Maud ɖo yi. Aƒe gã la nye Nazitɔ aɖe tɔ tsã eye wònya kpɔna le Inland Ƒua kple Awaji Ƒukpoa dome. Esi Biblia ƒe sidzedze boo aɖeke menɔ asinye o ta la, nya ʋɛ aɖewo gɔme koe mese. Gake dutanyanyuigblɔlaawo ƒe hadede kple Japantɔawo faa la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Ame 101 ye va se dutoƒonuƒoa le takpekpe sia me.

Esia megbe kpuie la, metso nya me be makpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Ebia dzideƒo geɖe hafi mete ŋu yi tso le aƒeme yi aƒeme, le esi ŋu kpeam ta. Ŋdi aɖe la, Nɔviŋutsu Lloyd Barry va mía ƒeme be yeakplɔm míayi gbeadzi. Edze egɔme tso aƒe si te ɖe Nɔvinyɔnu Koda tɔ ŋu tututu dzi. Ðe mebena ɖe emegbe le mɔ aɖe nu henɔa to ɖom eƒe ɖaseɖiɖia. Zi evelia si megayi la, mía kple dutanyanyuigblɔla eve bubue wɔ dɔ le gbeadzi. Japan nyɔnu tsitsi aɖe xɔ mí, ɖo to mí, eye emegbe wòna mía dometɔ ɖesiaɖe notsi kɔŋkɔ ɖekaɖeka. Elɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye eye emegbe wova zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔ. Eƒe ŋgɔyiyi teƒekpɔkpɔ dea dzi ƒo na ame ŋutɔ.

Le April 1951 me la, Nɔviŋutsu Nathan H. Knorr tso Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn va srã Japan kpɔ zi gbãtɔ. Amesiwo anɔ 700 ye va se dutoƒonuƒo si wòƒo le Kyoritsu Ƒuƒoƒea le Kanda, Tokyo. Le kpekpe tɔxɛ sia me la, dzi dzɔ amesiwo katã va kpekpea esime woɖe Japangbe me Gbetakpɔxɔa ɖe go. Le ɣleti si kplɔe ɖo me la, Nɔviŋutsu Knorr ɖi tsa va Kobe, eye le kpekpe tɔxɛa me la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe dzesii.

Anɔ abe ƒe ɖeka megbe ene la, wode dzi ƒo nam be maƒo ɖokuinye ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, si nye mɔɖeɖedɔa. Mɔɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ Japan ɣemaɣi eye menɔ ɖokuinye biam be aleke makpɔ ɖokuinye dzi hã. Mebu tame le alesi nye srɔ̃ɖeɖe mɔkpɔkpɔ hã ava nɔ ŋu. Gake meva kpɔe be ele be matsɔ Yehowa subɔsubɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me, esia na meƒo ɖokuinye ɖe mɔɖeɖedɔa me le ƒe 1952 me. Dzidzɔtɔe la mete ŋu wɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ na Nɔvinyɔnu Koda le nye mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me.

Le ɣeyiɣi sia me la fonye si mebu be eku le aʋaa me la gbɔ va aƒe kple eƒe ƒomea tso Taiwan. Nye ƒometɔwo mekpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔnyenye ŋu kpɔ o, gake le mɔɖeɖedɔa ƒe dzo si nɔ menye ta la, mete magazinewo kple agbalẽviwo ɖoɖo ɖe wo. Emegbe fonye kple eƒe ƒomea ʋu yi Kobe le eƒe dɔ ta. Mebia fonye srɔ̃a be, “Èxlẽ magazineawoa?” Nukutɔe la, eɖo eŋu be, “Wonye magazine siwo doa dzidzɔ na ame ŋutɔ.” Dutanyanyuigblɔlawo dometɔ ɖeka te Biblia sɔsrɔ̃ kplii, eye nɔvinyenyɔnu sue si le wo gbɔ la kpe ɖe wo ŋu le nusɔsrɔ̃a me. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, woa kple evea wova zu Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo.

Dukɔwo Dome Nɔviwo ƒe Habɔbɔa Wɔ Dɔ ɖe Dzinye

Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ewɔ nuku nam esi mexɔ amekpekpe be mava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 22 lia. Mía kple Nɔviŋutsu Tsutomu Fukase enye ame gbãtɔ siwo wokpe tso Japan be woava de sukua. Hafi sukua nadze egɔme le ƒe 1953 me la, míete ŋu de Xexeme Yeye Habɔbɔa Takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium le New York. Yehowa ƒe amewo ƒe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.

Le takpekpea ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi la, ele na Japantɔ takpekpevala, siwo nye dutanyanyuigblɔlawo koŋ, be woado kimono. Esi kimono si mena wode ʋu nam do ŋgɔ meva ɖo ɖe ɣeyiɣi dzi o ta la, meɣe Nɔvinyɔnu Knorr tɔ. Le takpekpea me la, tsi va te dzadza, eye metsi dzi be kimono la ava ƒo tsi. Le ɣeyiɣi sia me tututu la, ame aɖe tsɔ tsimewu tsyɔ nam to megbenye dzaa. Nɔvinyɔnu aɖe si tsi tre ɖe axanye biam se be, “Enya amesi wònyea?” Meva nya emegbe be Nɔviŋutsu Frederick W. Franz, si nye Dziɖuha la me tɔwo dometɔ ɖekae. Aleke wòna Yehowa ƒe Habɔbɔa ƒe lɔlɔ̃ ɖo menyee nye si!

Gilead ƒe klass 22 lia nye dukɔwo dome tɔ nyateƒe, si me sukuvi 120 siwo tso dukɔ 37 sɔŋ me nɔ. Togbɔ be esesẽna ɣeaɖewoɣi be míaɖo dze le gbegbɔgblɔ ƒe vovototo ta hã la, míese vivi na dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ la. Le sno dzagbe aɖe, le February 1954 me la, mewu sukua nu eye wona dɔdasi si trɔm gbɔe va Japan. Nye sukuxɔmehati, Inger Brandt, amesi nye nɔvinyɔnu tso Sweden ye anye nye kpeɖeŋutɔ si mía kpli míayi Nagoya City. Afimae míeva wɔ ɖeka kple dutanyanyuigblɔlawo ƒe ƒuƒoƒo siwo dzo le Korea va le aʋa si nɔ edzi yim la ta le. Ƒe ʋɛ siwo mezã le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me xɔ asi nam ŋutɔ.

Dɔwɔwɔ Dzidzɔtɔe abe Srɔ̃tɔwo Ene

Le ƒe 1957 me la, womia asim be mava subɔ le Tokyo Betel. Tuɖedzi ɖeka si wotsɔ ati tui ye Japan ƒe alɔdzedɔwɔƒea nye. Ame ene koe nɔ alɔdzedɔwɔƒea, siwo dome alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔla, Nɔviŋutsu Barry hã nɔ. Ƒomea me tɔ mamlɛwo katã nye dutanyanyuigblɔlawo. Wode dɔ asi nam menye gbegɔmeɖela kple nuxexlẽmetola, tsɔ kpe ɖe teƒewo dzadzraɖo, nunyanya, nuɖaɖa, kple bubuawo ŋu.

Dɔ si nɔ Japan va nɔ dzidzim ɖe edzi, eye woyɔ nɔviŋutsu geɖewo va Betel. Wo dometɔ ɖeka va zu dzikpɔla le hame si me medea kpekpe le me. Le ƒe 1966 me la, mía kple nɔvi ma, si ŋkɔe nye Junji Koshino míeɖe mía nɔewo. Le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbe la wode nutome sue dzikpɔkpɔdɔ asi na Junji. Dzidzɔe wònye na mí be míenya nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo le míaƒe mɔzɔzɔa me. Esi wode gbegɔmeɖeɖedɔ asi nam ta la, mewɔnɛ le aƒe si me míenɔna kwasiɖa ɖeka la me. Le míaƒe mɔzɔzɔ me la, ele na mí be míatsɔ nyagɔmeɖegbalẽ gã la ɖe asi tsɔ kpe ɖe míaƒe mɔzɔɖaka kple akplo bubuawo ŋu.

Míenɔ nutome sue dɔa me ƒe ene kple edzivɔwo eye míekpɔ alesi habɔbɔ nɔ dzidzim ɖe edzii. Woɖe alɔdzedɔwɔƒea yi Numazu, eye le ƒe aɖewo megbe la woɖee yi Ebina, afisi alɔdzedɔwɔƒea le fifia. Mía kpli Junji míele subɔsubɔm le Betel ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, eye fifia míele dɔ wɔm kple ƒome si me ame 600 le. Le May 2002 me la, xɔ̃nye siwo le Betel ɖu nye ƒe 50 si metsɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

Edzɔ Dzi Nam be Mekpɔ Dzidziɖedzia Teƒe

Esi medze Yehowa subɔsubɔ gɔme le ƒe 1950 me la, gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo koe nɔ Japan. Fifia la Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo wu 210,000 ye li. Nyateƒee, wohe amesiwo ɖi alẽwo akpe geɖe va Yehowa gbɔe, abe alesi wohe nye hãe ene.

Dutanyanyuigblɔla nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu ene siwo va srã mí kpɔ le Nɔvinyɔnu Koda ƒe aƒeme le ƒe 1949, kpakple Nɔvinyɔnu Maud Koda siaa wu woƒe subɔsubɔdɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe. Nenema ke fonye, si nye subɔsubɔdɔwɔla, kple fonye srɔ̃, si wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe 15 katã hã wu woƒe subɔsubɔdɔ nu le nuteƒewɔwɔ mee. Nukae anye etsɔme mɔkpɔkpɔ na dzinyela siwo woƒe ku mevɔ̃ na ʋuu le ɖevime? Biblia ƒe tsitretsitsi ŋugbedodo na mɔkpɔkpɔ kple akɔfafam.—Dɔwɔwɔwo 24:15.

Ne metrɔ kpɔ megbe la, mesena le ɖokuinye me be gododo Maud le ƒe 1941 me nye tɔtrɔɣi aɖe le nye agbe me. Ne menye ɖe medo goe ɣemaɣi o eye ne menye ɖe mewɔ ɖe eƒe yɔyɔa dzi be mava wɔ dɔ na ye le aʋa megbe la o ɖe, anye ne mele míaƒe agblea dzi le kɔƒea me ɖaa eye nyemado go dutanyanyuigblɔlaawo le gɔmedzedze mawo me o. Aleke medaa akpe na Yehowae nye si be wòhem va nyateƒea me to Maud kple dutanyanyuigblɔla gbãtɔ mawo dzii!

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Maud Koda kple srɔ̃a. Nyee le ŋgɔgbea le miame

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple dutanyanyuigblɔla Japantɔwo le Yankee Stadium le ƒe 1953 me. Nyee le miame ɖaa

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Mía kple srɔ̃nye Junji, le Betel