Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Nàwɔ awɔ

Aleke Nàwɔ awɔ

Aleke Nàwɔ Awɔ Nyametsotso Nyuiwo?

B LEMA Israel-fia Salomo gblɔ be, ‘Nunyala asee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi.’ Mía dometɔ akpa gãtɔ wɔ nyametsotso gbegblẽwo kpɔ le esi míegbe ame bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo xɔxɔ ta.—Lododowo 1:5.

Wova ŋlɔ Salomo ƒe nya mawo kple abebubu siwo katã va nye “abe akpe etɔ̃” la ɖe Biblia me emegbe. (Fiawo I, 5:12) Ðe míate ŋu akpɔ viɖe tso eƒe nya siwo me nunya le la nyanya kple wo dzi wɔwɔ mea? Ẽ. Wokpena ɖe mía ŋu ‘be míadze nunya kple amehehe, eye míase nuƒo siwo me nunya le gɔme, ne míaxɔ amehehe, si fiaa gɔmesese ame, dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ na mía ɖokui.’ (Lododowo 1:2, 3) Mina míadzro mɔfiame atɔ̃ siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotso nyuiwo me.

Bu Emetsonu Siwo Nɔa Anyi Didina Ŋu

Nyametsotso aɖewo me tsonuwo kpena. Eyata dze agbagba nàkpɔ nusi esiawo anye la adze sii do ŋgɔ. Kpɔ nyuie be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe viɖewo nagagbã ŋku na wò be màte ŋu akpɔ emetsonu vɔ̃ si nɔa anyi ɣeyiɣi didi la o. Lododowo 22:3 xlɔ̃ nu be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.”

Anyo be nàŋlɔ emetsonu siwo nɔa anyi xɔa ɣeyiɣi kpui kple esiwo xɔa ɣeyiɣi didi la ɖe agbalẽ dzi. Ɣeyiɣi kpui ƒe viɖe si anɔ dɔ aɖe ƒomevi tiatia me ate ŋu anye fetu nyui xɔxɔ kple dɔ dodzidzɔname. Gake ɖe emetsonu siwo nɔa anyi eteƒe didina la anye dɔwɔwɔ kplalaa ko etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖeke manɔmeea? Ðe wòava bia emegbe be nàʋu ayi teƒe bubu, ɖewohĩ le adzɔge tso xɔ̃wòwo alo ƒowòmetɔwo gbɔa? Ðe wòade wò afɔku me alo ati wò ale gbegbe be nàde dzi ɖe ge ɖi do kpoea? Da viɖeawo kple kuxiawo kpɔ, emegbe nàtso nya me le esi nàtsɔ ŋu.

Gbɔ Dzi Ði

Nyametsotso siwo wowɔna dzitsitsitɔe ate ŋu azu esi womewɔ le nunya me o bɔbɔe. Lododowo 21:5 xlɔ̃ nu be: “Veviedola ƒe tameɖoɖo hea viɖe vɛ, ke amesi tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” Le kpɔɖeŋu me, ele be ƒewuivi siwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo dzro la nagbɔ dzi ɖi hafi atso nya me be yewoaɖe yewo nɔewo. Ne menye nenema o la, nya si ƒe alafa 18 lia ƒe gɔmedzedze me Eŋlisi fefeŋlɔla William Congreve gblɔ ava eme na wo be, “Ne míetsɔ dzitsitsi ɖe srɔ̃e la, ava ve mí emegbe ɣeyiɣi didi aɖe.”

Gake mele be míase dzigbɔgbɔɖi gɔme be megbelelehehe o. Nyametsotso aɖewo wɔwɔ le vevie ale gbegbe be nunya bia be woawɔ wo enumake alesi wòanya wɔe. Be woahe megbelele yakatsyɔ ate ŋu agblẽ nu le mía ŋutɔwo alo ame bubuwo ŋu vevie. Nyametsotso aɖe hehe ɖe megbe ŋutɔ hã ate ŋu azu nyametsotso le eɖokui si—si ate ŋu anye esi me nunya mele o.

Ðo To Nàse Aɖaŋuɖoɖo

Esi nɔnɔme eve aɖeke mesɔ kple wo nɔewo tututu o ta la, ame eve mawɔ nyametsotso ɖeka ma ke ne wodze ŋgɔ nɔnɔme ɖeka tɔgbee o. Ke hã, viɖe le eme be míaɖo to ase alesi amewo tso nya me le woƒe nya siwo ɖi mía tɔ ŋu. Bia wo alesi wokpɔ tso nyametsotso si wowɔ la ŋu fifia. Le kpɔɖeŋu me, ne èbe yeatia dɔ aɖe la, bia amesiwo le dɔa wɔm xoxo be woagblɔ viɖe kple kuxi siwo le dɔ sia me na wò. Viɖe kawo kpɔmee wole tso tiatia si wowɔ la me eye kuxi alo afɔku kawoe le eme?

Wòxlɔ̃ nu mí be, “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi; ke afisi adaŋudela geɖewo le la, edzea edzi.” (Lododowo 15:22) Le nyateƒe me la, ne míele aɖaŋuɖoɖo dim tso ame bubuwo gbɔ hele nu srɔ̃m tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo me la, ele be míawɔe kple gɔmesese blibo be mía ŋutɔwoe awɔ nyametsotso mamlɛtɔa ahatsɔ esia wɔwɔ me tsonuwo ƒe agba.—Galatiatɔwo 6:4, 5.

Ðo To Dzitsinya si Womla Nyuie

Dzitsinya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotsowo wòawɔ ɖeka kple gɔmeɖose vevi siwo nu míetia be míanɔ agbe ɖo. Le Kristotɔ gome la, esia fia dzitsinya la mamla be wòasɔ ɖe Mawu ƒe tamesusuwo nu. (Romatɔwo 2:14, 15) Mawu ƒe Nya gblɔ na mí be: “Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” (Lododowo 3:6) Ele eme baa be le go aɖewo me la, ame eve—siwo si dzitsinya si womla nyuie le—ƒe nyataƒoƒowo ate ŋu ato vovo si awɔe be woawɔ nyametsotso siwo to vovo ya.

Gake dzitsinya si womla nyuie maɖe mɔ ɖe nuwo ŋu nenema o ne nyaa ku ɖe nuwɔna siwo ŋu Mawu ƒe Nya tsi tre ɖo ŋu tẽ. Le kpɔɖeŋu me, dzitsinya si wometsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo mla o aɖe mɔ ŋutsu kple nyɔnu nato wo nɔewo gbɔ nɔnɔ me ado woƒe sɔsɔ na wo nɔewo akpɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. Woabui be yewowɔ nyametsotso si me nunya le ahanɔ susum be ana yewomaƒo yewo ɖokui ɖe srɔ̃ɖeɖe kpata si me nunya mele o me o. Woƒe dzitsinya maɖe fu na wo o. Ke hã, amesiame si si Mawu ƒe nukpɔsusu le le gbɔdɔdɔ kple srɔ̃ɖeɖe ŋu la awɔ nyametsotso si ato vovo na ɣeyiɣi kpui ƒe ɖoɖo kple agbegbegblẽnɔnɔ sia tɔgbe.—Korintotɔwo I, 6:18; 7:1, 2; Hebritɔwo 13:4.

Alesi Wò Nyametsotso Kpɔa Ŋusẽ Ðe Ame Bubuwo Dzii

Zi geɖe la, wò nyametsotsowo akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo dzi. Eyata mègaɖoe koŋ awɔ nyametsotso si me nunya mele o—alo bometsitɔ—si ate ŋu agblẽ mia kple xɔ̃wò kpakple ƒometɔwo, alo ƒo wo katã ta la, mia kple Mawu dome gbeɖe o. Lododowo 10:1 gblɔ be: “Ðevi nyanu doa dzidzɔ na fofoa; ke ɖevi tsibome enye nuxaxa na dada.”

De dzesii be le go bubu me la, ele vevie be woatso nya me le xɔlɔ̃wo ƒe kadodowo ŋu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, àtso nya me be yeaɖe asi le subɔsubɔnukpɔsusu siwo nèva nya azɔ be wotsi tre ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu la ŋu. Alo àtso nya me be yeawɔ tɔtrɔ gãwo le wò amenyenye ŋu elabena èdi vevie be yeana yeƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiame siwo nèva xɔ fifia nu. Ðewohĩ wò nyametsotsoa madzɔ dzi na xɔ̃wò alo ƒowòmetɔ aɖewo o, gake nyametsotso ɖesiaɖe si doa dzidzɔ na Mawu nye nyametsotso si me nunya le.

Wɔ Nyametsotso Gãtɔ Kekeake la Nunyatɔe

Ame akpa gãtɔ menya be amesiame si li egbea la dze ŋgɔ agbe kple ku ƒe nyametsotso aɖe wɔwɔ o. Nɔnɔme sia tɔgbe dze ŋgɔ blema Israel-viwo esi woƒu asaɖa anyi ɖe Ŋugbedodonyigba la ƒe liƒo dzi le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me. Mose, si nye Mawu ƒe nyanuɖela la, gblɔ na wo be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eyata mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nalɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye naku ɖe eŋu, elabena eya nye wò agbe, bena nanɔ agbe didie le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo be, yeatsɔ na fofowòwo Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”—Mose V, 30:19, 20.

Biblia ƒe nyagblɔɖi kple akɔntabubu ɖee fia be míele “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me eye be ‘xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.’ (Timoteo II, 3:1; Korintotɔwo I, 7:31) Woahe tɔtrɔ si ƒe nya wogblɔ ɖi la ava nuwuwui ne wotsrɔ̃ amegbetɔ ƒe nuɖoanyi si ŋu wɔna vɔ le la si teƒe Mawu ƒe xexeme yeye si me dzɔdzɔenyenye le axɔ ɖo.

Míele xexeme yeye ma ƒe liƒo dzi. Àyi ɖe eme akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea tea? Alo woaɖe wò ɖa le anyigbaa dzi ne wole Satana ƒe nuɖoanyia ɖem ɖa? (Psalmo 37:9-11; Lododowo 2:21, 22) Alesi míanɔ agbee fifia ŋuti nyametsotsoa nye esi wò ŋutɔ nàwɔ eye wònye nyametsotso si anye agbe kple ku tɔ nyateƒe. Àdi be woakpe ɖe ye ŋu le nyametsotso nyuitɔ, si nye esi me nunya le la wɔwɔ mea?

Agbe ƒe nyametsotsoa wɔwɔ bia be míasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nudidiwo ŋu gbã. Sɔlemehawo do kpo nudidi siawo fiafia nyuie le go geɖe me. Woƒe ŋgɔnɔlawo ble amewo de alakpanyawo dzixɔxɔse kple nusiwo medzea Mawu ŋu o la wɔwɔ me zi geɖe. Woŋe aɖaba ƒu alesi wòhiãe be ame ŋutɔ nawɔ nyametsotso asubɔ Mawu “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me” la me ɖeɖe dzi. (Yohanes 4:24) Le esia ta ame akpa gãtɔ mewɔnɛ alea o. Gake de dzesi nusi Yesu gblɔ: “Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye; eye amesi ke meƒoa ƒu kplim o la, eya kana hlẽna.”—Mateo 12:30.

Yehowa Ðasefowo tsɔa dzidzɔ kpena ɖe amewo ŋu be Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze nyuitɔ nasu wo si. Wowɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒowo edziedzi le ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ na wo dzi. Amesiwo di be ɖoɖo sia naɖe vi na yewo nete ɖe Ðasefo siwo le wo gbɔ ŋu alo aŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ sia talawo.

Nyateƒee, Mawu ƒe nudidiwo ŋuti sidzedze vevi aɖewo anɔ ame aɖewo si xoxo. Ðewohĩ woxɔ Biblia ƒe nyateƒenyenye kple kakaɖedzi si le eŋu dzi se gɔ̃ hã. Ke hã, wo dometɔ aɖewo he nyametsotso si woawɔ be woatsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbee na Mawu la ɖe megbe. Nukatae? Anye le susu geɖewo tae.

Ðe wòanye be womenya vevienyenye si le esia wɔwɔ ŋu oa? Yesu gblɔ eme kɔ be: “Menye amesiame, si le gbɔgblɔm nam bena: Aƒetɔ! Aƒetɔ! ayi ɖe dziƒofiaɖuƒe la me o, negbe amesi le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe lɔlɔ̃nu wɔm la koe.” (Mateo 7:21) Biblia me sidzedze ɖeɖe mesɔ gbɔ o; ebia nuwɔna. Kristo-hame gbãtɔa ɖo kpɔɖeŋua ɖi. Míexlẽ le ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖewo ŋu be: “Esi woxɔ Filipo, amesi le mawufiaɖuƒe la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nyanyui gblɔm la dzi se la, [wonyrɔ] wo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo.” (Dɔwɔwɔwo 2:41; 8:12) Le esia ta, ne ame aɖe xɔ Mawu ƒe Nya kple dzidzɔ, xɔ nusi wògblɔ la dzi se, hetrɔ eƒe agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la, nukae axe mɔ nɛ be wòagaxɔ nyɔnyrɔ wòanye eƒe adzɔgbeɖeɖea ƒe dzesi o? (Dɔwɔwɔwo 8:34-38) Le nyateƒe me la, be eƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be wòaɖe afɔ sia tso eƒe dzi me kple dzidzɔ.—Korintotɔwo II, 9:7.

Ame aɖewo ase le wo ɖokui me be sidzedze boo aɖeke mesu yewo si ne yewoatsɔ yewoƒe agbe aɖe adzɔgbee na Mawu o. Gake sidzedze ʋɛ aɖe koe nɔa amesiame si dze agbe yeye aɖe nɔnɔ gɔme si. Dɔwɔla bibi kae agblɔ be yenya nusiwo katã yenya egbea la le yeƒe dɔa ƒe gɔmedzeɣi ke? Nyametsotso be woasubɔ Mawu bia Biblia ƒe nufiafiawo kple gɔmeɖose veviwo ŋuti sidzedze ƒe amesinɔnɔ, tsɔ kpe ɖe didi vevie be míanɔ agbe ɖe enu ŋu ko.

Ðe ame aɖewo hea woƒe nyametsotso wɔwɔ ɖe megbe le vɔvɔ̃ be yewoado kpo agbenɔnɔ ɖe enu taa? Dzitsitsi be yeava do kpo nu ƒe seselelãme si sɔ nɔa dɔ geɖe siwo me amegbetɔwo ƒoa wo ɖokui ɖo me. Ŋutsu si tso nya me be yeaɖe srɔ̃ ahadzi viwo la ase le eɖokui me be yemesu te tututu o, gake eɖokui ƒoƒo ɖe eme doa ŋusẽe be wòawɔ etɔ sinua alesi dze. Nenema kee sɔhɛ si xɔ ʋukuku ƒe mɔɖegbalẽ anɔ vɔvɔ̃m na afɔkudzedze—vevietɔ ne enya nu tso akɔntabubu siwo fia be sɔhɛ ʋukulawoe dzea afɔku kabakaba wu ame tsitsiwo la ŋu. Gake nusia nyanya ate ŋu aɖe vi nɛ ahaʋãe be wòaku ʋu le ŋuɖɔɖɔɖo vevie me. Menye sisi le mɔɖegbalẽa xɔxɔ nue nye egbɔkpɔnu kura o!

Tso Nya Me be Yeanɔ Agbe!

Biblia fia be egbegbe ƒe dunyahehe, ganyawo, kple xexeame katã ƒe subɔsubɔhawo ƒe nuɖoanyi si li fifia kpakple amesiwo wɔa ɖeka kplii nu ayi le anyigba dzi kpuie. Ke hã, amesiwo tso nya me nunyatɔe be yewoanɔ agbe eye wowɔ nu wòsɔ ɖe enu la asusɔ. Esi woanye amesiwo atsi agbe ahanye xexeme yeye habɔbɔ ƒe gɔmeɖoanyi ta la, woakpɔ gome le anyigba tɔtrɔ wòazu paradiso, abe alesi Mawu ɖoe tso gɔmedzedzea ene me. Adzɔ dzi na wò be nàkpɔ gome le dɔ dodzidzɔname sia me le Mawu ƒe mɔfiafia tea?

Ne nenemae la, tso nya me be yeasrɔ̃ Mawu ƒe Nya. Tso nya me be yeasrɔ̃ Mawu ƒe nudidi siwo dzea eŋu. Tso nya me be yeawɔ wo katã dzi. Ƒo wo katã ta la, tso nya me be yeawɔ yeƒe nyametsotsowo dzi ade goe. Ne míagblɔe kpuie la, tso nya me be yeanɔ agbe!

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Zã ɣeyiɣi geɖe ɖe nyametsotso veviwo wɔwɔ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Lɔ̃ faa nàxɔ aɖaŋuɖoɖowo le dɔwɔɖui tiatia me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Amesiwo tiae be yewoasubɔ Mawu fifia akpɔ gome le anyigba tɔtrɔ wòazu paradiso me