Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Be Nàxɔ Dziɖuɖufetua La, Ðu Ðokuiwò Dzi!

Be Nàxɔ Dziɖuɖufetua La, Ðu Ðokuiwò Dzi!

Be Nàxɔ Dziɖuɖufetua La, Ðu Ðokuiwò Dzi!

“Amesiame, si le kame tem la, eɖɔa ŋu ɖo le nusianu me.”​—KORINTOTƆWO 1, 9:25.

1. Le ɖekawɔwɔ me kple Efesotɔwo 4:22-24 la, aleke ame miliɔn geɖe lɔ̃ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzii?

NE Yehowa Ðasefo xɔnyɔnyrɔe nènye la, ke èɖee fia le gaglãgbe be yelɔ̃ ɖe edzi be yeakpɔ gome le hoʋiʋli aɖe si ƒe fetue nye agbe mavɔ la me. Èlɔ̃ ɖe edzi be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Hafi míaɖe adzɔgbe na Yehowa la, ehiã na mía dometɔ geɖewo be míawɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo ale be míaƒe adzɔgbeɖeɖe nasɔ eye wòadze Mawu ŋu. Míewɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋu si wòɖo na Kristotɔwo dzi be: “Miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzro me la ɖa; . . . Mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.” (Efesotɔwo 4:22-24) Ne míagblɔe bubui la, hafi míaɖe adzɔgbe na Mawu la, míegbe nu le míaƒe tsãgbenɔnɔ siwo mesɔ o la gbɔ.

2, 3. Aleke Korintotɔwo I, 6:9-12 ɖee fia be ele be woawɔ tɔtrɔ ƒomevi eve be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame ŋu?

2 Amenyenye xoxoa ƒe akpa aɖewo siwo wòle be amesiwo di be yewoazu Yehowa ƒe Ðasefowo naɖe ɖa la nye nusiwo ŋu Mawu ƒe Nya tsi tre ɖo tẽ. Paulo yɔ wo dometɔ aɖewo le eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Korintotɔwo me, be: “Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” Emegbe eɖee fia be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe amenyenye ŋuti, hegblɔ kpee be: “Nenem mia dome ame aɖewo nɔ tsã.” De dzesii be, wonɔ, menye wole o.—Korintotɔwo I, 6:9-11.

3 Paulo gaɖee fia be tɔtrɔ aɖewo agahiã kpee, elabena eyi edzi be: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ nam, ke menye nuwo katãe nyona na ame o.” (Korintotɔwo I, 6:12) Eyata, ame geɖe siwo di be yewoanye Yehowa Ðasefowo la kpɔa alesi wòhiãe be yewoagbe nusiwo togbɔ be mɔɖeɖe le wo ŋu hã la, womenyo o alo asixɔxɔ gobii aɖeke mele wo ŋu o la dzea sii. Nusiawo ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi eye woate ŋu ahe wo ɖa be woagalé mo ɖe nusiwo le vevie wu ŋu o.

4. Nuka mee Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ƒe susu sɔ kple Paulo tɔ le?

4 Lɔlɔ̃nu faa mee wotsona ɖea adzɔgbe na Mawu, menye le dzizizi me, abe ɖee wòle be woatsɔ nu gã aɖe asa vɔe ene o. Kristotɔ ɖeadzɔgbewo wɔ ɖeka kple Paulo, amesi gblɔ le eƒe Kristo yomedzela zuzu vɔ megbe be: “[Yesu] ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi.” (Filipitɔwo 3:8) Paulo tsɔ dzidzɔ gbe nusiwo ŋu asixɔxɔ boo aɖeke mele o ale be wòate ŋu alɔ̃ ɖe nusiwo nye Mawu tɔ dzi.

5. Duɖimekeke ka mee Paulo kpɔ gome le dzidzedzetɔe, eye aleke míate ŋu awɔ nenema kee?

5 Paulo ɖu eɖokui dzi le eƒe gbɔgbɔmeduɖimekekea me eye wòte ŋu gblɔ mlɔeba be: “Ʋiʋli nyui lae meʋli; mewu nye mɔzɔzɔ la nu, melé xɔse la me ɖe asi. Tso ekema dzi la wodzra dzɔdzɔenyenye ƒe dziɖuɖukuku la ɖo ɖi nam, si Aƒetɔ, ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe la, lanam le ŋkeke ma dzi; ke menye nye ɖeɖekoe o, ke boŋ amesiwo katã lɔ̃ eƒe ɖeɖefia la hãe.” (Timoteo II, 4:7, 8) Ðe míate ŋu ava gblɔ nya sia tɔgbe gbaɖegbea? Míate ŋui ne míeɖu mía ɖokui dzi le xɔse me esime míele míaƒe Kristotɔwo ƒe duɖimea kem tamanamanae vaseɖe nuwuwu.

Ðokuidziɖuɖu be Woawɔ Nyui

6. Nukae nye ɖokuidziɖuɖu, eye go eve kawo mee wòle be míaɖee afia le?

6 Hebri kple Hela gbe me nya siwo gɔme woɖe le Biblia me be “ɖokuidziɖuɖu” la fia le nyaa ŋutɔ nu be ŋusẽ le ame ŋu be wòalé eɖokui. Zi geɖe la, wokuna ɖe ame ɖokui dzi ɖuɖu be wòagawɔ vɔ̃ o ŋu. Gake edze ƒã be abia ɖokuidziɖuɖu aɖe hã nenye be míazã míaƒe ŋutilã le dɔ nyuiwo wɔwɔ me. Amegbetɔ madeblibowo ƒe dzɔdzɔmenɔnɔmee wònye be woawɔ nuvɔ̃, eyata go eve mee míele hoa ʋlim le. (Nyagblɔla 7:29; 8:11) Esime míele mía ɖokui lém be míagawɔ vɔ̃ o la, ele hã be míaƒoe ɖe mía ɖokuiwo nu be míawɔ nyui. Le nyateƒe me la, míaƒe ŋutilãa dzi ɖuɖu kple susu be míawɔ nyui enye mɔ nyuiawo dometɔ ɖeka si dzi míato aƒo asa na vɔ̃ wɔwɔ.

7. (a) Nuka ŋue wòle be míado gbe ɖa le, abe alesi Dawid wɔe ene? (b) Ŋugbledede le nuka ŋue akpe ɖe mía ŋu míaɖu mía ɖokui dzi wu?

7 Eme kɔ ƒã be ɖokuidziɖuɖu le vevie nenye be míawɔ ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu dzi. Ehiã be míado gbe ɖa abe alesi Dawid hã doe ɖae ene be: “Mawu, wɔ dzi dzadzɛ aɖe nam, eye nade gbɔgbɔ yeye, si li ke la, menye!” (Psalmo 51:12) Míate ŋu ade ŋugble le viɖe siwo le asaƒoƒo na nusiwo nye nugbegblẽwɔwɔ alo nusiwo gblẽa nu le ame ŋu me la ŋu. Bu kuxi siwo ate ŋu anɔ asamaƒomaƒo na nusiawo ƒomevi me la ŋu kpɔ: lãmesẽkuxi gãwo, ƒomedodo siwo me gblẽna, kple kukpo kuku gɔ̃ hã. Gabu viɖe geɖe siwo le agbe si Yehowa bia be woanɔ me ŋu kpɔ. Gake le nyateƒe me la, mele be míaŋlɔ be o be alakpatɔe míaƒe dzi la nye o. (Yeremya 17:9) Ele be míaɖoe kplikpaa be míatsi tre ɖe eƒe didi be yeaɖe vevienyenye si le Yehowa ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi me dzi akpɔtɔ la ŋu.

8. Nyateƒenya kae nuteƒekpɔkpɔwo fia mí? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Nuteƒekpɔkpɔwo na mía dometɔ akpa gãtɔ nyae be míaƒe ŋutilã si mele lɔlɔ̃m o la dzea agbagba zi geɖe be yeatsi gbɔgbɔ si le lɔlɔ̃m ƒe dzo la. Le kpɔɖeŋu me, bu Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖea ŋu kpɔ. Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe amegbetɔwo ƒe lɔlɔ̃ be yewoakpɔ gome le agbedɔ sia wɔwɔ me ŋu. (Psalmo 110:3; Mateo 24:14) Le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, gbeƒãɖeɖe le dutoƒo sɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe o. Ebia—eye ɖewohĩ egakpɔtɔ biana—be míaɖu míaƒe ŋutilã dzi, ‘aƒoe’ eye ‘awɔe kluvie,’ tsɔ wu be míaɖe mɔ nɛ be wòafia mɔ si le bɔbɔe wu la mí be míato.—Korintotɔwo I, 9:16, 27; Tesalonikatɔwo I, 2:2.

Le Nusianu Mea’?

9, 10. Nukae ‘ɖokuidziɖuɖu le nusianu me’ lɔ ɖe eme?

9 Aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘míaɖu mía ɖokui dzi le nusianu me’ fia be elɔ nu geɖe ɖe eme wu míaƒe dziku dzi ɖuɖu kple asaƒoƒo na agbegbegblẽnɔnɔ ɖeɖeko. Míase le mía ɖokui me be míeɖua mía ɖokui dzi le go siawo me, eye ne nenemae la, míate ŋu ada akpe ɖe eta nyateƒe. Ke agbenɔnɔ ƒe akpa bubu siwo me ɖokuidziɖuɖu ƒe hiahiã madze le tututu o ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be dukɔ si me kesinɔnuwo bɔ ɖo eye agbenɔnɔ dze edzi na amewo mee míele. Ðe nunya manɔ eme be míanya alesi míagbe gazazã yakayaka oa? Anyo be dzilawo nafia wo viwo be woagaƒle nusianu si wokpɔ le esi wòbɔ, dzroa ame, alo ga le wo si woate ŋu aƒlee la ta ko o. Le nyateƒe me la, ne nufiame siawo awɔ dɔ la, ele be dzilawo naɖo kpɔɖeŋu nyui.—Luka 10:38-42.

10 Nanewo tete ame ɖokui ate ŋu ado ŋusẽ mí le ɖokuidziɖuɖu me. Ate ŋu atu míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ hã ɖo ɖe ŋutilãmenu siwo le mía si ŋu eye wòate ŋu ana míase veve ɖe amesiwo mekpɔa nanewo zãna o nu, menye le esi wodii nenema ta o, ke boŋ le hiãkame ta. Nyateƒee, agbe tsɛ nɔnɔ to vovo kura tso nɔnɔme si bɔ ɖe amewo me be “ɖu agbe” alo “èdze be nàkpɔ nu nyuitɔ kekeake” ene gbɔ. Xexeame ƒe boblododowo ƒoa kɔɖiɖi na ame ƒe dzodzrowo enumake ɖe ame nu, gake eya ŋutɔ ƒe viɖewo tae wòwɔa esia ɖo. Nɔnɔme sia ado kplamatse agbagba si dzem míele be míaɖu mía ɖokui dzi. Magazine aɖe si wota le Europa dukɔ aɖe si me kesinɔnuwo bɔ ɖo la gblɔ be: “Ne ehiã be amesiwo le hiãkame ƒe nɔnɔme sesẽwo me naʋli vevie le ememe hafi ate ŋu aɖu nudzroame gbegblẽwo dzi la, aleke gbegbee esia hiã wui le nunɔamesitɔ siwo le dukɔ siwo me nuwo bɔ ɖo me egbea gomee nye esi!”

11. Nukatae nutete ame ɖokui ɖea vi, gake nukae nana wòsesẽna?

11 Ne vovototo dede nusi le mía dzrom kple nusi tututu hiã mí dome sesẽna na mí la, anyo be míaɖe afɔ aɖewo atsɔ akpɔ egbɔe be míagawɔ nu ŋumaɖɔɖotɔe o. Le kpɔɖeŋu me, ne míedi be míaɖe asi le nuwo ƒeƒle yakayaka ŋu la, anyo be míaɖoe kplikpaa be míado nugbana o, alo ne míeyina asime la, nusiwo hiã mí ƒe ga koe míatsɔ ɖe asi. Ðo ŋku edzi be Paulo gblɔ be “mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã.” Eɖe eme be: “Míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.” (Timoteo I, 6:6-8) Ðe wòsɔ gbɔ na mía? Be míasrɔ̃ agbe tsɛ nɔnɔ, mɔɖeɖe ɖe nu ŋu na ame ɖokui manɔmee—aleke kee wòɖale o—bia ɖokuimamla kple ɖokuidziɖuɖu. Gake enye nusɔsrɔ̃ vevi aɖe si ŋu viɖe le.

12, 13. (a) Mɔ kawo nue Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede bia ɖokuidziɖuɖu le? (b) Go bubu kawo mee wòhiã be míatu ɖokuidziɖuɖu ɖo le?

12 Kristotɔwo ƒe kpekpewo, takpekpe suewo, kple takpekpe gãwo dede hã bia ɖokuidziɖuɖu aɖe koŋ. Le kpɔɖeŋu me, nɔnɔme sia le vevie be míaƒe susu naganɔ tsaglãla tsam esime wɔnaa le edzi yim o. (Lododowo 1:5) Abia ɖokuidziɖuɖu be míalé to ɖe nuƒolaa ŋu bliboe eye míagaɖe toɣli amewo anɔ dalĩ dom na amesiwo nɔ mía xa la o. Asitɔtrɔ le míaƒe ɖoɖowo ŋu be míate ŋu aɖo ɖe game dzi ate ŋu abia ɖokuidziɖuɖu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖokuidziɖuɖu ahiã be míaɖo ɣeyiɣi ɖi atsɔ adzra ɖo ɖe kpekpewo ŋu ahakpɔ gome le wo me.

13 Ðokuidziɖuɖu le nu suewo me doa ŋusẽ míaƒe ŋutete be míaɖu mía ɖokui dzi le nu gãwo hã me. (Luka 16:10) Eyata, aleke gbegbee wòanyo enye si be míamla mía ɖokui be míaxlẽ Mawu ƒe Nya kple Biblia srɔ̃gbalẽwo edziedzi, asrɔ̃ wo ahade ŋugble le nusi míesrɔ̃ la ŋu! Aleke gbegbee nunya le eme enye si be míamla mía ɖokui le dɔwɔɖui, xɔlɔ̃dzedze, nɔnɔme, kple numame siwo mesɔ o me, alo be míamla mía ɖokui be míagbe nuwɔna siwo ate ŋu agble ɣeyiɣi si míatsɔ awɔ Mawu ƒe subɔsubɔdɔae me! Moveviɖoɖo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me nye nu nyui aɖe si ate ŋu akpɔ mía ta tso nusiwo ate ŋu ahe mí ɖa tso gbɔgbɔmeparadiso si me Yehowa ƒe xexeame katã ƒe hamea le me gbɔ.

Tsi to Ðokuidziɖuɖu Me

14. (a) Aleke wòle be ɖeviwo nasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖui? (b) Viɖe kawoe ate ŋu ado tso eme ne ɖeviwo srɔ̃ nusiawo le woƒe ɖevime?

14 Vidzĩ fẽwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o. Ðeviwo ƒe nɔnɔme ŋunyala bibiwo ƒe agbalẽvi aɖe ɖe eme be: “Ðokuidziɖuɖu mesua ame si le eɖokui si alo le vome o. Vidzĩwo kple vi siwo le azɔli srɔ̃m hiã dzilawo ƒe mɔfiafia kple kpekpeɖeŋu hafi asrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. . . . Ne dzilawo le mɔ fiam wo la, ɖokuidziɖuɖu dzina ɖe edzi le eƒe sukudeƒewo katã me.” Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe ene viwo ŋu ɖee fia be wo dometɔ siwo srɔ̃ alesi woaɖu wo ɖokui dzi va ɖo afi aɖe “zi geɖe la, tsina va zua ƒewuivi siwo trɔna ɖe nu ŋu nyuie wu, esiwo ŋu wokpɔa ŋudzedze le wu, esiwo doa vevie nu, esiwo ƒo dzi nɔna kple esiwo ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo.” Ðevi siwo medze nusia sɔsrɔ̃ gɔme le vidzĩ me o la “nye esiwo te ŋu va tsia akogo, mɔkpɔkpɔ buna ɖe wo eye woƒe to trina bɔbɔe. Wonaa ta le xaxaɣiwo eye wosina le kuxiwo nu.” Edze ƒã be, ne ɖevi atsi ava zu ame tsitsi si trɔna ɖe nɔnɔmewo ŋu bɔbɔe la, ele be wòasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu.

15. Nukae ɖokuidziɖuɖu ƒe amesimanɔmanɔ fia, eye Biblia me taɖodzinu kae wòto vovo na?

15 Nenema kee ne míava zu Kristotɔ tsitsiwo la, ele be míasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Eƒe amesimanɔmanɔ fiana be míegakpɔtɔ nye gbɔgbɔmevidzĩwo. Biblia xlɔ̃ nu mí be “le nyasã me la mizu ame tsitsiwo.” (Korintotɔwo I, 14:20) Míaƒe taɖodzinu enye be “míade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ.” Ðe susu ka ta? “Bene míaganye ɖevi, siwo nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo to amewo ƒe beble la me to aɖaŋu vɔ̃, si nu sẽ la me, le nudadafiafia ƒe amebeblemɔ la nu o.” (Efesotɔwo 4:13, 14) Eme kɔ ƒã be ɖokuidziɖuɖu sɔsrɔ̃ le vevie hena míaƒe gbɔgbɔmemenyenye.

Ðokuidziɖuɖu Tutuɖo

16. Aleke Yehowa naa kpekpeɖeŋui?

16 Be míate ŋu atu ɖokuidziɖuɖu ɖo la, míehiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu, eye eli míakpɔ. Mawu ƒe Nya, si le abe ahuhɔ̃e nyui aɖe ene, fiaa mí afisi wòhiã le be míawɔ tɔtrɔwo le le mía ɖokui ŋu, eye eɖo aɖaŋu le alesi míawɔe hã ŋu. (Yakobo 1:22-25) Nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le hã le klalo be yeana kpekpeɖeŋu. Hamemegã Kristotɔwo ɖea nugɔmesese fiana le kpekpeɖeŋunana me. Yehowa ŋutɔ naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea faa ne míebiae le gbedodoɖa me. (Luka 11:13; Romatɔwo 8:26) Eyata, mina míawɔ nunana siawo ŋudɔ dzidzɔtɔe. Aɖaŋuɖoɖo siwo le aɖaka si le axa 21 me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.

17. Dzideƒonamenya kae Lododowo 24:16 gblɔ na mí?

17 Akɔfaname kae nye si wònye be woanya be Yehowa dea asixɔxɔ míaƒe agbagbadzedzewo ŋu ne míete kpɔ be míadze eŋu! Ele be esia naʋã mí be míayi edzi adze agbagba be ɖokuidziɖuɖu geɖe wu nasu mía si. Ne edzɔna be míedoa kpo nu enuenu hã la, mele be míana ta le míaƒe agbagbadzedzewo me gbeɖe o. “Ame dzɔdzɔe dzea anyi zi adre, eye wògafɔna.” (Lododowo 24:16) Ɣesiaɣi si míaɖu dzi la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe mía ɖokui ŋu. Míate ŋu aka ɖe edzi hã be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu. Ðasefo aɖe gblɔ be hafi yeatsɔ yeƒe agbe aɖe adzɔgbee na Yehowa la, ɣesiaɣi si wòate ŋu agbe atamanono hena kwasiɖa ɖeka dzidzedzetɔe la, yetsɔa ga si ɖokuidziɖuɖu kpe ɖe ye ŋu yedzra ɖo la ƒlea nu gbagbe aɖe na ye ɖokuii.

18. (a) Nukae míaƒe ɖokuidziɖuɖu ƒe aʋaa lɔ ɖe eme? (b) Kakaɖedzi kae Yehowa na?

18 Ƒo wo katã ta la, ele be míaɖo ŋku edzi be ɖokuidziɖuɖu lɔ susu kple seselelãmewo ɖe eme. Míate ŋu akpɔ esia le Yesu ƒe nyawo me be: “Amesiame, si ke kpɔ nyɔnu aɖe wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28; Yakobo 1:14, 15) Anɔ bɔbɔe wu na amesi srɔ̃ alesi wòaɖu eƒe susu kple seselelãmewo dzii be wòaɖu eƒe ŋutilã bliboa dzi. Eyata mina míado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa menye be míaƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ ko o ke boŋ be míagabu eŋu hã o. Ne susu gbegblẽwo ɖo ta me na wò la, ɖewo ɖa enumake. Míate ŋu asi le tetekpɔ nu to alesi míalé ŋku ɖe Yesu ŋu gbedodoɖatɔe. (Timoteo I, 6:11; Timoteo II, 2:22; Hebritɔwo 4:15, 16) Ne míele agbagba ɖesiaɖe dzem la, míanɔ wɔwɔm ɖe aɖaŋuɖoɖo si le Psalmo 55:23 dzi be: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.”

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Mɔ eve kawo nue wòle be míaɖu mía ɖokui dzi le?

• Be ‘míaɖu mía ɖokui dzi le nusianu me’ gɔme ɖe?

• Ðokuidziɖuɖu tutuɖo ŋuti aɖaŋuɖoɖo nyui kawoe nede dzesii etɔxɛ le míaƒe nusɔsrɔ̃a me?

• Afikae ɖokuidziɖuɖu dzea egɔme tsonɛ?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

Alesi Míana Ðokuidziɖuɖu me Nasẽe

• Tui ɖo le nu suetɔwo gɔ̃ hã me

• De ŋugble le viɖe siwo ado tso eme fifia kple le etsɔme ŋu

• Tsɔ nusiwo ƒe dzi Mawu de ƒo la ɖɔ li esiwo wòtsri

• Gbe nukpɔsusu gbegblẽwo enumake

• Na gbɔgbɔmenu tuameɖowo naxɔ susu me na wò

• Xɔ kpekpeɖeŋu si hati Kristotɔ tsitsiwo ate ŋu ana wò la

• Ƒo asa na nɔnɔme siwo ate ŋu ado kplamatse wò

• Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu le tetekpɔwo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18, 19]

Ðokuidziɖuɖu ʋãa mí be míawɔ nu nyui