Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Mègatsɔ Kɔkuti Masɔmasɔ O’

‘Mègatsɔ Kɔkuti Masɔmasɔ O’

‘Mègatsɔ Kɔkuti Masɔmasɔ O’

ABE alesi nèle ekpɔm le afisia ene la, kposɔ kple nyitsu siwo le anyigba dzobom la xaxa ŋutɔ. Kɔkuti si bla wo ɖekae—si nye esi wokpa be lã eve siwo ƒe lolome kple ŋusẽ sɔ nazã la—na lã evea siaa le fu kpem. Esi Mawu tsɔ ɖe le lã siwo tsɔa agba me ta la, egblɔ na Israel-viwo be: “Megana nyitsu kple tedzi natsaka aŋlɔ agble na wò o.” (Mose V, 22:10) Gɔmeɖose sia kee woatsɔ akplɔ nyitsu kple kposɔ hã.

Zi geɖe la, agbledela made eƒe lãwo xaxa me alea o. Gake ne nyitsu eve mele esi o la, ɖewohĩ ade kɔkuti ɖeka ma ke kɔ na lã eve siwo le esi. Anye be nusiae ƒe alafa 19 lia me agbledela si le nɔnɔmetataa me la tso nya me be yeawɔ. Esi woƒe lolome kple kpekpeme to vovo ta la, ahia be lã si gbɔdzɔ wu la naʋli be woanɔ kasanu kple eƒe evelia, eye agba gãtɔ anɔ esi ŋu ŋusẽ le la dzi.

Apostolo Paulo zã ati kuku kɔ na lã eve siwo mesɔ o la tsɔ fia nu vevi aɖe míi. Eŋlɔ bena: “Migazu amesiwo atsɔ kɔkuti tutɔ na dzimaxɔsetɔwo ti o! Elabena hadede kae le dzɔdzɔenyenye kple sedzimawɔmawɔ dome? Alo ƒomedodo kae le kekeli kple viviti dome?” (Korintotɔwo II, 6:14) Aleke Kristotɔ aɖe ate ŋu ava tsɔ kɔkuti masɔmasɔe?

Wo dometɔ ɖekae nye ne Kristotɔ aɖe ɖe amesi ƒe dzixɔsewo mewɔ ɖeka kple etɔ o. Ame evea siaa axaxa le babla sia te eye srɔ̃tɔawo mada asi ɖe nya ɖeka dzi le nya veviwo me o.

Esi Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi la, etsɔ “kpeɖeŋutɔ,” alo “evelia,” ƒe ɖoƒe na srɔ̃nyɔnu la. (Mose I, 2:18) Nenema kee Mawu yɔ srɔ̃nyɔnu be “zɔhɛ” to nyagblɔɖila Maleaxi dzi. (Maleaxi 2:14) Mía Wɔla la di be srɔ̃tɔwo nawɔ nu aduadu le gbɔgbɔmemɔ ɖeka nu, woama agbawo atsɔ eye woaɖe vi tso wo me sɔsɔe.

Ne Kristotɔ ɖe srɔ̃ ‘le Aƒetɔa ko me’ la, edea bubu mía Fofo si le dziƒo ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu. (Korintotɔwo I, 7:39) Esia nyea gɔmeɖokpe na srɔ̃ɖeɖe si me ɖekawɔwɔ le, si hea kafukafu kple bubu vɛ na Mawu esime srɔ̃tɔ eveawo siaa le esubɔm abe ‘hati kɔkuti ɖeka te nɔla vavãwo’ ene le gɔmesese tɔxɛ aɖe nu.—Filipitɔwo 4:3.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Kposɔ kple nyitsu: From the book La Tierra Santa, Volume 1, 1830