Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mina Ðokuidziɖuɖu Nakpe Ðe Miaƒe Sidzedze ŋu

Mina Ðokuidziɖuɖu Nakpe Ðe Miaƒe Sidzedze ŋu

Mina Ðokuidziɖuɖu Nakpe Ðe Miaƒe Sidzedze ŋu

‘Mina ɖokuidziɖuɖu nakpe ɖe miaƒe sidzedze ŋu.’​—PETRO II, 1:5-8.

1. Nuka wɔwɔe sesẽna na mí si he amegbetɔ ƒe kuxi geɖewo vɛ?

LE AƲA gã aɖe si woho ɖe atikevɔ̃ɖizazã ŋu me la, woxlɔ̃ nu sɔhɛwo le United States be: “Wò ya gbe.” Aleke gbegbee nuwo anyo enye esi ne menye atikevɔ̃ɖizazã ɖeɖee amesiame agbe o, ke boŋ ahatsunono, movinuwɔwɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ, asitsanyawo me nufitifitiwɔwɔ, kple “ŋutilã ƒe nudzodzrowo”! (Romatɔwo 13:14) Ke hã, amekae aƒu asi akɔ be gbegbe nɔa bɔbɔe ɣesiaɣi?

2. (a) Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be alesi wòsesẽna be woagbe nuwɔna aɖe la menye nu yeye o? (b) Nukae wòle be kpɔɖeŋu siawo nade dzi ƒo na mí míawɔ?

2 Esi ɖokuidziɖuɖu nye nu sesẽ na amegbetɔ madeblibowo katã ta la, ele be míatsɔ ɖe le alesi míawɔ aɖu mía ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ si anɔ mía ŋu dzi la me. Biblia gblɔ amesiwo dze agbagba be yewoasubɔ Mawu le blema gake wòsesẽ na wo ɣeaɖewoɣi be woatsri nane wɔwɔ la ŋu nya na mí. Ðo ŋku Dawid kple ahasi ƒe nuvɔ̃ si wòwɔ kple Bat-Seba la dzi. Esia na vi si ƒe fu wofɔ le ahasiwɔwɔa me tsɔ kpe ɖe Bat-Seba srɔ̃ŋutsu siaa ŋu ku agɔmadzemadzee. (Samuel II, 11:1-27; 12:15-18) Alo bu apostolo Paulo ŋu kpɔ, amesi ʋu eme gaglãa be: “Menye nu nyui, si melɔ̃na la, mewɔna o, ke nuvɔ̃, si nyemelɔ̃na o la, eya ke mewɔna boŋ.” (Romatɔwo 7:19) Ðe dzi ɖena le ƒowò alea ɣeaɖewoɣia? Paulo yi edzi be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋuti le ememe la gome; ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me. O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?” (Romatɔwo 7:22-24) Ele be Biblia me kpɔɖeŋuawo nado ŋusẽ mí be míagana ta gbeɖe le tame si míeɖo kplikpaa be míadze agbagba be míaɖu mía ɖokui dzi geɖe wu la me o.

Ðokuidziɖuɖu, Enye Nu Woasrɔ̃

3. Ðe nusitae míate ŋu akpɔ mɔ be ɖokuidziɖuɖu manɔ bɔbɔe o me.

3 Woyɔ ɖokuidziɖuɖu, si me alesi woagbe nane wɔwɔ hã le la kpe ɖe xɔse, amewɔwɔ, sidzedze, dzidodo, mawusosroɖa, nɔvilɔlɔ̃, kple lɔlɔ̃ ŋu le Petro II, 1:5-7. Womedzia ame kple nɔnɔme nyoameŋu bubu siawo dometɔ aɖeke o. Ele be woatu wo ɖo. Ebia tameɖoɖo kplikpaa kple agbagbadzedze hafi ame nate ŋu aɖe wo afia alesi dze. Ekema ɖe wòle be míakpɔ mɔ be ɖokuidziɖuɖu ya nanɔ bɔbɔea?

4. Nukatae ame geɖe sena le wo ɖokui me be ɖokuidziɖuɖu ƒe nya aɖeke metsɔ yewo gbɔ o, gake nukae esia fia?

4 Nyateƒee, ame miliɔn geɖe ase le wo ɖokui me be ɖokuidziɖuɖu ƒe nya aɖeke metsɔ yewo gbɔ o. Wonɔa agbe alesi dze wo ŋu heɖonɛ loo alo le manyamanya me wɔa nu alesi woƒe ŋutilã madeblibo la ƒoe ɖe wo nui eye womebua nusi ado tso eme—na woa ŋutɔwo loo alo na ame bubuwo—ŋu o. (Yuda 10) Ŋutete kple didi vevie be woagbe be womawɔ nane o si megava bɔ o la le dzedzem nyuie fifia wu tsã. Enye dzesi be míele “ŋkeke mamlɛawo” si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la me esime wògblɔe ɖi be: “Ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena ameawo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, . . . amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o.”—Timoteo II, 3:1-3.

5. Nukatae Yehowa Ðasefowo tsɔa ɖe le ɖokuidziɖuɖu ƒe nyaa me vevie ɖo, eye aɖaŋuɖoɖo ka ŋue viɖe gakpɔtɔ le?

5 Yehowa Ðasefowo nya alesi gbegbe wòsesẽ be woaɖu ame ɖokui dzii la nyuie. Abe Paulo ene la, wonya be aʋae wònyena yia edzi le ame me le didi vevie be woadze Mawu ŋu to agbenɔnɔ ɖe eƒe dzidzenuwo nu, kple nusi woƒe ŋutilã madebliboa hã ƒona ɖe wo nu be woawɔ gome. Le susu sia ta, wotsɔa ɖe le alesi woaɖu aʋa sia dzii me tso gbaɖegbe ke. Le keke ƒe 1916 me ke la, magazine sia si xlẽm nèle fifia la ƒe tata gbãtɔawo dometɔ aɖe ƒo nu tso “nu nyuitɔ si wòle be míawɔ be míaɖu mía ɖokui, míaƒe tamesusu, míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi” ŋu. Eɖo aɖaŋu be míalé Filipitɔwo 4:8 ɖe tame. Togbɔ be ƒe 2,000 aɖewoe nye sia si woɖo mawumeɖaŋu si le mawunyakpukpui sia me eye ɖewohĩ edziwɔwɔ asesẽ fifia wu ɣemaɣi alo le ƒe 1916 me hã la, viɖe gakpɔtɔ le eŋu. Ke hã, Kristotɔwo dzea agbagba vevie gbea xexeame ƒe nudzodzrowo, le esi wonyae be ewɔwɔ nenema anye wo Wɔla ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ta.

6. Nukatae mele be dzi naɖe le míaƒo kura esime míele ɖokuidziɖuɖu tum ɖo o?

6 Woyɔ ɖokuidziɖuɖu le Galatiatɔwo 5:22, 23 me be enye ‘gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetseawo’ dometɔ aɖe. Ne míeɖe nɔnɔme sia fia tsɔ kpe ɖe “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, [kple] dɔmefafa” ŋu la, aɖe vi na mí ŋutɔ. Abe alesi Petro ɖe emee ene la, esia wɔwɔ ana be míanye “kuviatɔwo alo ame matsekuwo” le míaƒe Mawu subɔsubɔ me o. (Petro II, 1:8) Gake mele be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí alo abu fɔ mía ɖokui ne míedo kpo nɔnɔme siawo ɖeɖe fia kabakaba kple ne míeɖee fia bliboe abe alesi míadii ene o. Ðewohĩ àde dzesii be le suku la, sukuvi aɖe anya nu kabakaba wu bubu. Alo le dɔwɔƒe la, ame aɖe nyaa nu yeye aɖe kabakaba wu hatidɔwɔla bubuwo. Nenema kee ame aɖewo srɔ̃a Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo kabakaba wu bubuawo. Nusi le vevie enye be míayi edzi anɔ nɔnɔme nyuiwo tum ɖo le mɔ nyuitɔ si míate ŋui nu. Míate ŋu awɔ esia to kpekpeɖeŋu siwo Yehowa naa mí to eƒe Nya kple hamea dzi la ŋudɔwɔwɔ bliboe me. Dzitsitsi ɖe míaƒe taɖodzinu gbɔ ɖoɖo ŋu mele vevie de eɖoɖo kplikpaa be míayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm nu o.

7. Nukae ɖee fia be ɖokuidziɖuɖu le vevie?

7 Togbɔ be ɖokuidziɖuɖue nye nu mamlɛtɔ woyɔ hã la, mefia le mɔ aɖeke nu be mele vevie de kpɔtɔeawo nu o. Mefia nenema kura o. Ele be wòanɔ susu me na mí be míate ŋu aƒo asa na “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” katã ne ɖokuidziɖuɖu blibo le mía si. Ke hã, edzɔna be amegbetɔ madeblibowo naƒo wo ɖokui ɖe “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dometɔ aɖewo abe “matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo” ene me. (Galatiatɔwo 5:19, 20) Eyata ele be míanɔ aʋa wɔm ɣesiaɣi aɖo tame kplikpaa be míaho nɔnɔme gbegblẽwo ɖa tso dzia kple susua siaa me.

Kuxi Sesẽwo Le Ame Aɖewo Ŋu

8. Nukawoe nana ɖokuidziɖuɖu sesẽna na ame aɖewo koŋ?

8 Esesẽna na Kristotɔ aɖewo ŋutɔ be woaɖu wo ɖokui dzi wu bubuwo. Nukatae? Esia ate ŋu atso dzilawo ƒe hehe alo nusiwo me woto va yi gbɔ. Ne ɖokuidziɖuɖu tutuɖo kple eɖeɖefia medze nu sesẽe na mí o la, ekema dzidzɔnyae nye ma. Gake ele be míaɖe nublanuikpɔkpɔ kple nugɔmesese afia amesiwo esia wɔwɔ sesẽna na wu ne míele nu wɔm kple wo nenye be woƒe ɖokuidzimaɖumaɖua doa kplamatse mí gɔ̃ hã. Le mía ŋutɔwo ƒe blibomademade ta la, mía dometɔ kae kpɔ mɔ aɖe ɖokuiŋudzedze afia?—Romatɔwo 3:23; Efesotɔwo 4:2.

9. Gbɔdzɔgbɔdzɔ kawoe le ame aɖewo ŋu, eye ɣekaɣie woaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo dzi keŋkeŋ?

9 Le kpɔɖeŋu me: Ðewohĩ míanyae be atamanono alo atikevɔ̃ɖiwo zazã ɖe “dzidzɔdoname” ta agadzro hati Kristotɔ aɖewo siwo ɖe asi le wo ŋu ɣeaɖewoɣi kokoko. Alo esesẽna na ame aɖewo be woaɖe nuɖuɖu kple ahamuamewo nono dzi akpɔtɔ. Aɖe la dzi kpɔkpɔ asesẽ na ame bubuwo, eyata woanɔ dadam ƒu le nuƒoƒo me. Tenɔnɔ ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo nu bia be woadze agbagba vevie atu ɖokuidziɖuɖu ɖo. Nukatae? Yakobo 3:2 lɔ̃ ɖe edzi nunyatɔe be: “Mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” Edzroa ame aɖewo hã vevie be woada tsatsa. Alo asesẽ na wo be woalé woƒe dziku nu. Axɔ ɣeyiɣi hafi woava nya alesi woaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo alo etɔgbewo dzi dzidzedzetɔe. Togbɔ be míate ŋu awɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo fifia gɔ̃ hã la, ne míeɖo blibodede gbɔ ko hafi dzodzro gbegblẽwo aɖe ɖa keŋkeŋ. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, agbagbadzedze be míaɖu mía ɖokui dzi akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na tɔtrɔ ayi ɖe nuvɔ̃gbenɔnɔ me ake. Mina míakpe ɖe mía nɔewo ŋu be míagana ta o esi míeyi edzi le ʋiʋlim.—Dɔwɔwɔwo 14:21, 22.

10. (a) Nukatae ɖokuidziɖuɖu le gbɔdɔdɔnyawo gome koŋ sesẽ na ame aɖewo? (b) Tɔtrɔ gã kae nɔviŋutsu aɖe wɔ? (Kpɔ aɖaka si le axa 16.)

10 Go bubu si me ɖokuidziɖuɖu sesẽna na ame aɖewo lee nye le gbɔdɔdɔ ƒe nyawo me. Gbɔdɔdɔ ƒe nɔnɔme si le amegbetɔwo me nye alesi Yehowa Mawu wɔ míi la ƒe akpa aɖe. Ke hã, enye nu sesẽ na ame aɖewo be woada gbɔdɔdɔ ɖe afisi woɖo nɛ, le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe dzidzenuwo. Woƒe kuxia nu ate ŋu asẽ ɖe edzi le esi gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si nu sẽ ŋutɔ lae le wo si ta. Míele xexe si me gbɔdɔdɔ xɔ aƒe ɖo vevie eye wonyɔa eƒe dzodzro ɖe ame me le mɔ geɖe nu la me. Esia ate ŋu ahe kuxi geɖe vɛ na Kristotɔ siwo di be yewoanɔ tre—hena ɣeyiɣi aɖe ya teti—be woate ŋu asubɔ Mawu srɔ̃ɖeɖe me susuhenuwo manɔmee la. (Korintotɔwo I, 7:32, 33, 37, 38) Gake le ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔa ƒe nuxlɔ̃ame be “srɔ̃ɖeɖe nyo wu fieŋufieŋu” la, woate ŋu atso nya me be yewoaɖe srɔ̃, si nye nusi ŋu bubu le. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woɖonɛ kplikpaa be yewoaɖee ‘le Aƒetɔ la me ko,’ abe alesi Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋui ene. (Korintotɔwo I, 7:9, 39) Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe alesi wotsɔa ɖe le eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo me léle ɖe asi me ŋu. Enyea dzidzɔ na wo hati Kristotɔwo be yewole ha dem kple tadeagula vavã siwo léa agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi hewɔa nuteƒe la.

11. Aleke míate ŋu akpe ɖe nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si di be yeaɖe srɔ̃ evɔ mete ŋu kpɔ esi sɔ o la ŋui?

11 Ke ne kpeɖeŋutɔ si sɔ la menya le kpɔkpɔm o ya ɖe? Wò ya kpɔ alesi dzi aɖe le ame aɖe si di be yeaɖe srɔ̃ evɔ mete ŋu kpɔ ɖeke ɖe o la ƒoe ɖa! Akpɔ exɔlɔ̃ siwo le srɔ̃ ɖem hele dzidzɔ kpɔm, esime eya gakpɔtɔ le kpeɖeŋutɔ si sɔ la dim. Le amesiwo le nɔnɔme sia me dometɔ aɖewo gome la, ɖokuigbɔdɔdɔ ƒe makɔmakɔnyenye ƒe numame la ate ŋu ava zu kuxi anɔ fu ɖem na wo. Aleke kee wòɖale o, Kristotɔ aɖeke madi be yeaɖe dzi le ame aɖe si le agbagba dzem be yeanɔ agbe dzadzɛ la ƒo le ŋuɖeɖi me o. Míate ŋu aɖe dzi le ame ƒo le manyamanya me ne míegblɔa ameŋumabunyawo abe “Ɣekaɣie nèle srɔ̃ ɖe ge?” ene. Manye susu vɔ̃ aɖeke tae míegblɔe ɖo ya o, gake aleke wòanyoe wu enye si ne míeɖe ɖokuidziɖuɖu fia le míaƒe aɖe dzi kpɔkpɔ me. (Psalmo 39:2) Mía dometɔ siwo gakpɔtɔ le agbe dzadzɛ nɔm le trenɔnɔ me la dze na kafukafu. Le dziɖeleameƒonyawo gbɔgblɔ teƒe la, míadze agbagba vevie be míade dzi ƒo na wo boŋ. Le kpɔɖeŋu me, le nuɖuɖu alo Kristotɔwo ƒe hadede nyui siwo me tsitsiawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe akpe ta le la, míate ŋu adze agbagba ana trewo nanɔ eme.

Ðokuidziɖuɖu le Srɔ̃ɖeɖe Me

12. Nukatae ɖokuidziɖuɖu hiã le srɔ̃tɔwo gɔ̃ hã gome?

12 Srɔ̃tɔ zuzu metea fli ɖe alesi wòhiãe be ame naɖu eɖokui dzi le eɖokui si le gbɔdɔdɔnyawo gome la me o. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ me nuhiahiãwo ato vovo kuraa. Alo ame ɖeka ƒe lãmegbegblẽ awɔe be gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me asesẽ ɣeaɖewoɣi alo manya wɔ kura o. Ðewohĩ le nusiwo me wòto kpɔ ta la, asesẽ na ame ɖeka be wòawɔ ɖe nuxlɔ̃ame sia dzi be: “Ŋutsu nawɔ nusi dzɔ la, na srɔ̃a, eye nyɔnu hã nawɔ na srɔ̃a nenema ke.” Le nɔnɔme sia tɔgbe me la, ehiã be ame evelia naɖu eɖokui dzi geɖe wu. Gake aɖaŋu si Paulo ɖo na srɔ̃tɔ Kristotɔwo lɔlɔ̃tɔe la ate ŋu anɔ susu me na woa kple evea siaa be: “Migagblẽ mia nɔewo ɖi o, negbe ne wo kpakple eve lɔ̃ halase ɣeyiɣi aɖe dzi hafi, bene miakpɔ asinu ado gbe ɖa, eye nusia megbe la, miagava awɔ ɖeka, bene Satana nagate mi akpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu la ŋuti o.”—Korintotɔwo I, 7:3, 5.

13. Nukae míate ŋu awɔ akpe ɖe amesiwo le agbagba dzem be yewoaɖu yewo ɖokui dzi ŋu?

13 Aleke dzi adzɔ srɔ̃tɔwoe nye si ne wo ame evea siaa srɔ̃ alesi woaɖu wo ɖokui dzi nyuie le ƒomedodo kplikplikpli sia me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, anyo be woase nu gɔme na hati tadeagula siwo le agbagba dzem be yewoawɔe alea le go sia me. Mele be míaŋlɔ gbedodoɖa ɖe mía nɔvi gbɔgbɔmetɔwo ta be Yehowa nana gɔmesese, dzinɔameƒo, kple tameɖoɖo kplikpaa wo be woayi woƒe avuwɔwɔ be woaɖe ɖokuidziɖuɖu afia la dzi ahawɔ afɔɖeɖe siwo woatsɔ aɖu dzodzro gbegblẽwo dzi la be gbeɖe o.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Miyi Edzi Mianɔ Kpekpem Ðe Mia Nɔewo Ŋu

14. Nukatae wòle be míawɔ nu ɖe hati Kristotɔwo ŋu le nublanuikpɔkpɔ kple nugɔmesese me?

14 Ɣeaɖewoɣi la, asesẽ na mí be míase nu gɔme na mía hati Kristotɔ siwo le agbagba dzem be yewoaɖe ɖokuidziɖuɖu afia le go siwo me mesesẽ na míawo ya le o. Gake amewo le vovovo le dzɔdzɔme nu. Nu wɔa dɔ ɖe ame aɖewo dzi bɔbɔe; evɔ ame aɖewo ya mele nenema o. Enɔa bɔbɔe wu vie na ame aɖewo be woalé wo ɖokui eye ɖokuidziɖuɖu menyea kuxi gã aɖeke na wo o. Esesẽna na ame aɖewo ya wu. Ke hã, ɖo ŋku edzi be, amesi le ʋiʋlim la menye ame vɔ̃ɖi o. Ehiã be míase nu gɔme na hati Kristotɔwo ahakpɔ nublanui na wo. Mía ŋutɔwo hã míakpɔ dzidzɔ ne míeyi edzi le nublanuikpɔkpɔ ɖem fia amesiwo gakpɔtɔ le agbagba dzem be yewoadzi yewoƒe ɖokuidziɖuɖu ɖeɖe fia ɖe edzi. Míate ŋu akpɔ ema le Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 5:7 me.

15. Nukatae Psalmo 130:3 me nyawo faa akɔ na ame le ɖokuidziɖuɖu ƒe nyaa me?

15 Míadi gbeɖe be míabu susu vɔ̃ ɖe hati Kristotɔ aɖe si mete ŋu ɖe Kristotɔwo ƒe amenyenye fia le ɣeyiɣi aɖe me o ŋu o. Aleke wodea dzi ƒoe nye si be míanyae be to vovo na ɣeyiɣi ɖeka ma si míekpɔe be míedo kpo nu la, Yehowa ya kpɔa ɣeyiɣi vovovo siwo me míekpɔ dzidzedze le, togbɔ be hati Kristotɔwo ya mate ŋu anya esiawo o hã. Psalmo 130:3 me nyawo léle ɖe susu me faa akɔ na ame ŋutɔ be: “Yehowa, ne ebe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?”

16, 17. (a) Aleke míate ŋu atsɔ Galatiatɔwo 6:2, 5 asɔ kple mía ɖokui le ɖokuidziɖuɖu ƒe nya la mee? (b) Nuka mee míadzro ku ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu le nyati si kplɔe ɖo me?

16 Be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be mía dometɔ ɖesiaɖe natu ɖokuidziɖuɖu ɖo, gake míate ŋu aka ɖe edzi be mía nɔvi Kristotɔwo akpe ɖe mía ŋu. Togbɔ be ele be mía dometɔ ɖesiaɖe natsɔ eya ŋutɔ ƒe agba hã la, woxlɔ̃ nu mí hã be míakpe ɖe mía nɔewo ŋu be woanɔ te ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu. (Galatiatɔwo 6:2, 5) Míate ŋu ade asixɔxɔ dzila, kpeɖeŋutɔ, alo xɔlɔ̃ si xea mɔ ɖe mí be míagayi teƒe siwo mele be míayi o, míagakpɔ nusi mele be míakpɔ o, alo míagawɔ nusiwo mele be míawɔ o la ŋu vevie. Ðe wòle kpekpem ɖe mía ŋu be míaɖe ɖokuidziɖuɖu afia, si nye alesi míagbe be míawɔ nane o, eye wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa be míawɔe hã o!

17 Kristotɔ geɖe ada asi ɖe nusi me míedzro ku ɖe ɖokuidziɖuɖu ŋu va ɖo afisia la dzi, gake woase le wo ɖokui me be yewoate ŋu awɔ asitɔtrɔ geɖe wu. Woadi be yewoaɖe ɖokuidziɖuɖu afia geɖe wu va ɖo afisi wokpɔ mɔ na amegbetɔ madeblibo be wòaɖee afia ava ɖo wòasɔ. Ðe nèsena le ɖokuiwò me nenema? Ekema, nukae nàte ŋu awɔ le Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa sia tutuɖo me? Eye alekee nusia si nàwɔ la akpe ɖe ŋuwò be nàɖo wò ɣeyiɣi didi ƒe taɖodzinuwo gbɔ abe Kristotɔ ene? Mina míakpɔe ɖa le nyati si kplɔe ɖo me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Nukatae Ðokuidziɖuɖu . . .

• nye nɔnɔme vevi si Kristotɔwo natu ɖo?

• nye nu sesẽ na ame aɖewo koŋ?

• le vevie le srɔ̃ɖeɖe me?

• nye nɔnɔme si míate ŋu akpe ɖe mía nɔewo ŋu atu ɖo?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 16]

Esrɔ̃ Alesi Wòagbe Nuwɔna Aɖe

Woxɔ Yehowa Ðasefo aɖe si nɔ Germany ɖe dɔ me be wòanye kadodomɔnu ŋuti mɔ̃ɖaŋudɔwɔla. Eƒe dɔa bia be eƒe ŋku nanɔ television kple radio dzi wɔna vovovo abe 30 ene ŋu. Ne wɔna di be yeatɔtɔ la, ele be wòalé ŋku ɖe eme adi nusi gbɔ kuxia tso. Egblɔ be: “Zi geɖe la, tɔtɔa dzɔna le ɣeyiɣi vɔ̃wo me, le ɣeyiɣi siwo tututu wole ŋutasẽnuwɔwɔwo alo gbɔdɔdɔ ƒe wɔnaawo ɖem fia la dzi. Wɔna gbegblẽwo tsia tame nam ŋkeke geɖe alo kwasiɖa geɖe, abe ɖe woɖee ɖe nye susu me ene.” Eʋu alesi esia kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe eƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi me be: “Mezu amesi wɔa nu klokloklo, eye ŋutasẽnuawo kpɔkpɔ wɔe be wòsesẽ nam be maɖu ɖokuinye dzi. Gbɔdɔdɔ ƒe wɔnaawo kpɔkpɔ de masɔmasɔ mía kple srɔ̃nye dome. Ele be mawɔ avu kple nɔnɔme sia gbesiagbe. Be wòagaɖu dzinye o la, metso nya me be madi dɔ bubu, nenye be esia ana be nye fetu made ema nu o hã. Nyitsɔ laa la, mekpɔ ɖe. Nye dzimedidi la va eme nam.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Sidzedze si su mía si to Biblia sɔsrɔ̃ me nana míeɖua mía ɖokui dzi