Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Amekae Yehowa wɔnɛ be “mía dometɔ ɖeka” le Mose I, 3:22?

Anye be Yehowa Mawu ŋutɔ ɖokui kple eƒe Tenuvia ŋue wònɔ nu ƒom tsoe esime wògblɔ be: “Ame zu sigbe mía dometɔ ɖeka ene, eye wònya nyui kple vɔ̃.” (Mose I, 3:22) Na míabu nusitae ŋu kpɔ.

Esime Yehowa he to na srɔ̃tɔ gbãtɔawo megbee wògblɔ nya siawo. Ame aɖewo se nya “mía dometɔ ɖeka” gɔme be enye bubunu geɖe si dea dzesi gãnyenye, abe alesi ko fia si nye amegbetɔ agblɔ be “medzɔ dzi na mí o” evɔ wònye eya ŋutɔ ɖeka koe wòwɔnɛ hafi la ene. Gake Bibliaŋutinunyala Donald E. Gowan gblɔ le Mose I, 1:26 kple 3:22 ŋu be: ‘Kpeɖodzi aɖeke mele Nubabla Xoxoa me le numeɖeɖe siwo wodo ɖa la ƒe akpa gãtɔ ŋu o: numeɖeɖe siawoe nye be ‘mí’ si ŋu nya gblɔm wole ye nye, ‘mí’ si le gbegbɔgblɔ aɖewo me fiaa gãnyenye, ‘mí’ si fiana be ame ŋutɔ yi ŋugble me le eɖokui me, ‘mí’ si wotsɔna tea gbe ɖe nya dzii, alo nane si fia be ame geɖewo ƒe ƒuƒoƒoe wɔ Mawu ƒokpli la. Gɔmesese boo aɖeke mele Mose I, 3:22, si me wogblɔ ‘mía dometɔ ɖeka’ le la me ɖeɖe siawo dometɔ aɖeke ŋu o.’

Ðe wòanye be Satana Abosam, amesi va wɔ “nyui kple vɔ̃” ŋuti nyametsotso le eɖokui si eye wòwɔe be amegbetɔ gbãtɔwo hã nawɔe nenema lae Yehowa wɔnɛa? Nunya manɔ ema me o. Le afisia la, Yehowa zã nyagbɔgblɔ si nye “mía dometɔ ɖeka.” Satana meganɔ Yehowa ƒe dɔla wɔnuteƒeawo dome o, eyata womate ŋu atsɔe akpe ɖe Yehowa ƒe akpadzinɔlawo ŋu o.

Mawudɔla wɔnuteƒewoe Mawu wɔnɛa? Míate ŋu agblɔe alea kple kakaɖedzi o. Gake alesi Mose I, 1:26 kple 3:22 ɖi wo nɔewoe kpe ɖe mía ŋu. Le Mose I, 1:26 la, míexlẽ be Yehowa gblɔ be: ‘Na míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí.’ Amekae wònɔ nya siawo gblɔm na? Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso gbɔgbɔmenuwɔwɔ si va zu ame deblibo Yesu ŋu la, egblɔ be: “[Eyae] nye Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi la. Elabena wowɔ nuwo katã le eya ke me, nusiwo le dziƒowo kple nusiwo le anyigba dzi.” (Kolosetɔwo 1:15, 16) Ẽ, edze abe susu le eme be Yehowa ƒe Tenuvi, “dɔnunɔla,” si nɔ eŋu esime wònɔ dziƒo kple anyigbaa wɔm lae wònɔ nu ƒom na le Mose I, 1:26 ene. (Lododowo 8:22-31) Alesi Mose I, 3:22 me nyawo ɖii la fia be amesi te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eƒe Tenuvi, lae wòganɔ nu ƒom na.

Edze ƒã be Mawu ƒe Tenuvi la nya nu tso “nyui kple vɔ̃” ŋu. Le ɣeyiɣi didi si wòtsɔ nɔ Yehowa ŋu kplikplikpli ta la, ɖikeke mele eme o be esrɔ̃ Fofoa ƒe tamebubu, gɔmeɖosewo, kple dzidzenuwo. Esi Yehowa ka ɖe alesi Via nya nusiawoe hewɔa nuteƒe le wo me léle ɖe asi me dzi ta la, anya na ablɔɖe aɖewoe le nya aɖewo gbɔ kpɔkpɔ me si mahiã be woabia Eyama tẽ o. Eyata le go siawo me la Vi la ate ŋu eye wona ŋusẽe hã be woatso nya me, le nusi nye nyui kple vɔ̃ ŋu. Gake Vi la meɖo dzidzenu siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o, abe alesi Satana, Adam kple Xawa wɔe ene la o.