Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyametsotsowo Wɔwɔ—Kuxi si Nu Womate Ŋu Asi Le O

Nyametsotsowo Wɔwɔ—Kuxi si Nu Womate Ŋu Asi Le O

Nyametsotsowo Wɔwɔ—Kuxi si Nu Womate Ŋu Asi Le O

NAPOLEON BONAPARTE, si nye France-fiagã si nɔ anyi le ƒe alafa 19 lia me gblɔ kpɔ be, “Naneke wɔwɔ mesesẽ, si ta wòxɔ asi nenema gbegbe de nyametsotso wɔwɔ nu o.” Ðewohĩ àlɔ̃ ɖe susu evea siaa dzi, elabena zi geɖe la amewo dea asixɔxɔ nusi woawo ŋutɔ te ŋu wɔna ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wogakpɔnɛ be nyametsotso wɔwɔ mele bɔbɔe kura ɣeaɖewoɣi o.

Nyametsotso wɔwɔ ɖale bɔbɔe loo alo sesẽ o, womete ŋu sina le enu o. Míedzea ŋgɔe gbesiagbe. Ne míefɔ ŋdi la, ele be míatso nya me le awu si míado, ŋdinu si míaɖu, kple alesi míakpɔ nu gbogbo bubu aɖewo gbɔe ŋu. Nyametsotso siawo ƒe akpa gãtɔ kuna ɖe nu suesue aɖewo ko ŋu. Zi geɖe la, míebua wo ŋu fũ o. Ƒã hafi míatsi zãdomadɔlɔ̃e le wo ŋu bubu me be nunya le wo me loo alo mele wo me o hã.

Gake nyametsotso aɖewo bia nuŋububu geɖe wu. Ele na sɔhɛ geɖe siwo le xexeame be woatso nya me le agbemedɔ si woava wɔ ŋu. Ahiã be woatso nya me le suku si ƒomevi woade kple afisi woadee ase ɖo ŋu. Gbeɖeka la, wo dometɔ akpa gãtɔ ava tso nya me ne woaɖe srɔ̃ loo alo ne woatsi tre. Wo dometɔ siwo adi be yewoaɖe srɔ̃ la abia be: ‘Ðe metsi hesu te aɖe srɔ̃a? Kpeɖeŋutɔ ka ƒomevi dimee mele, alo vevietɔ wu la, kpeɖeŋutɔ ka ƒomevie mehiã?’ Nyametsotso ʋɛ aɖewo koe kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi le agbe me de kpeɖeŋutɔ tiatia nu.

Le nya veviwo me la, ele vevie be woawɔ nyametsotso nyuiwo, elabena ewɔwɔ alea koŋ dzie míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo. Ame aɖewo ase le wo ɖokui me be ŋutete le yewo ŋu alesi dze le nyametsotso siawo wɔwɔ me eye woagbe kpekpeɖeŋu si woana wo la xɔxɔ. Ðe nunya le esia mea? Mina míakpɔe ɖa.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Napoleon: From the book The Pictorial History of the World