Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le

Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le

Kakaɖedzi Hiã be Woanɔ Agbe si me Dzidzɔ Le

NUÐUÐU siwo dea dɔ lãme na ame menyo o. Ehiã be amesi wòɖea fu na edziedzi nalé ŋku ɖe eƒe nuɖuɖu ŋu vevie. Gake be woadzudzɔ nu ɖuɖu kura ale be woaƒo asa na nuɖuɖu siwo dea dɔ lãme na ame ɖuɖu menye nukpɔsusu si sɔ o. Ewɔwɔ nenema ahe afɔku geɖe vɛ wu kuxia gbɔ kpɔkpɔ. Ame aɖeke mate ŋu anɔ agbe didi numaɖumaɖui o.

Nenema kee wòvenae ne ame aɖe si dzi nèka ɖo la trɔ wò to eme. Kakaɖedzi dome gbegblẽ na ame enuenue ate ŋu ana be míabu tame le ha siwo míade ŋu nyuie. Ke hã, be míaɖe mía ɖokui ɖe aga kura tso amewo gbɔ le susua nu be ame aɖeke nagava trɔ mí ato eme o menye kuxia gbɔ kpɔnu o. Nukatae? Elabena ne míekana ɖe amewo dzi o la, dzi madzɔ mía ŋutɔwo hã o. Be míanɔ agbe si me dzidzeme le la, míehiã na ƒomedodo si nɔ te ɖe kakaɖedzi sẽŋu dzi.

Agbalẽ si nye Jugend 2002 gblɔ be: “Kakaɖedzi nye agbemenu vevitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka si hiã le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me gbesiagbe.” Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Neue Zürcher Zeitung ka nya ta be: “Amesiame dina amesi dzi wòaka ɖo. Amesi dzi woka ɖo nana agbenɔnɔ nyona ɖe edzi” ale gbegbe be “eléa ame ƒe agbe ɖe te ɣeyiɣi didi.” Nyadzɔdzɔgbalẽa yi edzi be, amesi dzi woaka ɖo manɔmee la, “ame mate ŋu anɔ te ɖe agbemenyawo nu o.”

Esi wòhiã vevie be míaka ɖe ame aɖe dzi ta la, ameka dzie míate ŋu aka ɖo si matrɔ mí ato eme o?

Ka Ðe Yehowa Dzi tso Dzi Blibo Me

Biblia gblɔ na mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.” (Lododowo 3:5) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya dea dzi ƒo na mí edziedzi be míaka ɖe mía Wɔla, Yehowa Mawu, dzi.

Nukatae míate ŋu aka ɖe Mawu dzi? Gbã, elabena Yehowa Mawu le kɔkɔe. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ bena: “Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa.” (Yesaya 6:3) Ðe kɔkɔenyenye ƒe nukpɔsusua medzea ŋuwò oa? Le nyateƒe me la, ele be wòadze ŋuwò elabena Yehowa ƒe kɔkɔenyenye fia be edza, nugbegblẽwɔwɔ aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe edzi o, eye woate ŋu aka ɖe edzi bliboe. Mate ŋu azu ame tovo alo ame gbegblẽ gbeɖe o, eye mate ŋu atrɔ mí ato eme gbeɖegbeɖe o.

Gawu la, míate ŋu aka ɖe Mawu dzi le ŋutete kple didi si le esi be yeakpe ɖe amesiwo subɔnɛ ŋu ta. Le kpɔɖeŋu me, eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta, wɔnɛ be wòwɔa nusi dze. Eƒe dzɔdzɔenyenye kple nunya deblibo la kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wòwɔa nui dzi. Eye eƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o ʋãnɛ be wòɖea afɔ. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Mawu ƒe lɔlɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe nusianu si wòwɔna dzi. Yehowa ƒe kɔkɔenyenye kple eƒe nɔnɔme ɖedzesi bubuwo na be wònye Fofo nyui, amesi dzi míate ŋu aka ɖo bliboe. Womate ŋu aka ɖe naneke alo ame aɖeke dzi wu Yehowa o.

Ka Ðe Yehowa Dzi be Nàkpɔ Dzidzɔ

Susu nyui bubu si tae míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋue nye be esea nu gɔme na mí wu ame bubu ɖesiaɖe. Enyae be amegbetɔ ɖesiaɖe hiã na ƒomedodo si le dedie, si anɔ anyi adidi, si ŋu kakaɖedzi le la me nɔnɔ kple Wɔla la. Amesiwo le ƒomedodo ma tɔgbe me sena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie wu. Fia Dawid ƒo nya ta be: “Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi.” (Psalmo 40:5) Ame miliɔn geɖe gblɔa Dawid ƒe tamesusu me nya siawo ke egbea.

Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Doris nɔ Dominican Republic, Germany, Greece, kple United States kpɔ. Egblɔ be: “Dzi le dzɔyem ŋutɔ be meka ɖe Yehowa dzi. Enya alesi wòakpɔ nye ŋutilã me, gbɔgbɔ me, kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔe nam. Eyae nye xɔlɔ̃ vavãtɔ kekeake si ate ŋu anɔ ame si.” Wolfgang, si nye senyaŋuɖaŋuɖola, ɖe eme be: “Dzidzɔe wònye be woate ŋu aka ɖe ame aɖe si tsɔ ɖe le wò nyonyo me vevie, amesi ate ŋu awɔ nusi aɖe vi na wò—eye wòawɔe hã—la dzi!” Ham, si wodzi ɖe Asia gake wòle Europa fifia la, gblɔ be: “Meka ɖe edzi be Yehowa nya nusianu, eye medaa vo o, eyata edzɔ dzi nam be meɖo ŋu ɖe eŋu.”

Le nyateƒe me la, menye mía Wɔla la ko dzie wòhiã be mía dometɔ ɖesiaɖe naka ɖo o, ehiã be míaka ɖe amewo hã dzi. Le esia ta la, Yehowa, si nye mía xɔlɔ̃ si si nunya kple nuteƒekpɔkpɔ le, ɖo aɖaŋu na mí le amesiwo ƒomevi dzi wòle be míaka ɖo ŋu. To Biblia xexlẽ nyuie dzi la, míate ŋu ade dzesi aɖaŋu si wòɖo le nya sia ŋu.

Amesiwo Dzi Míate Ŋu Aka Ðo

Hakpala la ŋlɔ bena: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” (Psalmo 146:3) Nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be míate ŋu aka ɖe ame geɖe dzi o. Míekana ɖe amesiwo ŋu wodea bubui be wonye xexe sia me ƒe “amegãwo,” abe nunyala bibiwo alo dɔwɔna veviwo ŋutinunyalawo gɔ̃ hã ene, dzi kokoko o. Zi geɖe la, vodada nɔa woƒe aɖaŋuɖoɖowo me, eye kaka ɖe ‘amegã’ mawo dzi ate ŋu ana mɔkpɔkpɔ nabu ɖe mí kaba.

Gake mele be esia nawɔe be míagaka ɖe amesiame dzi o. Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele amesiwo dzi míaka ɖo tiam. Dzidzenu kae wòle be míazã? Ðewohĩ blema Israel-dukɔa ƒe kpɔɖeŋu aɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Esi wòva hiã be woatia amesiwo woatsɔ agbanɔamedzi kpekpewo ade asi na le Israel la, woɖo aɖaŋu na Mose be wòatia “ŋutsu zãzɛwo le dukɔ la dome, amesiwo vɔ̃a Mawu, ɖia anukware, eye woléa fu ŋubiabiã.” (Mose II, 18:21) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

Ŋutsu siawo ɖe mawumenɔnɔme aɖewo fia hafi woka ɖe wo dzi tsɔ agbanɔamedziwo na wo. Woɖee fia do ŋgɔ be yewovɔ̃a Mawu; dea bubu deto Wɔla la ŋu eye wovɔ̃na na nusi medzea eŋu o la wɔwɔ. Edze ƒã be amesiame kpɔ be ŋutsu siawo dzea agbagba vevie le Mawu ƒe dzidzenuwo me lelé ɖe asi me. Wotsri viɖe ƒoɖiwo, si ɖe agbenyuinɔnɔ ŋutete si akpe ɖe wo ŋu be ŋusẽ si su wo si mana be woazu ame tovowo o la fia. Womezã alesi amewo ka ɖe wo dzi la le mɔ gbegblẽ nu tsɔ di woa ŋutɔwo, woƒe ƒometɔwo, alo xɔlɔ̃wo, ƒe viɖewoe o.

Ðe susu manɔ eme be míawo hã míazã dzidzenu ma tɔgbe egbea ne míele amesiwo dzi míaka ɖo tiam oa? Ðe míenya amesiwo ƒe agbenɔnɔ ɖee fia be wovɔ̃a Mawua? Ðe woɖoe kplikpaa be yewoalé eƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo me ɖe asia? Ðe woléa wo ɖokui be yewomawɔ nusiwo mesɔ oa? Ðe wodzea agbagba be yewomatrɔ nɔnɔme aɖe be wòade yewo ŋutɔwo ko dzi alo awɔ nusiwo woa ŋutɔwo ko di oa? Ðikeke mele eme o be ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖea nɔnɔme mawo fiana la dze be míaka ɖe wo dzi.

Ɣeaɖewoɣi ƒe Numadeamedziwo Megaɖe Dzi le Ƒowò O

Ne míele amesi dzi míaka ɖo tiam la, ele be míagbɔ dzi ɖi, le esi wònye be exɔa ɣeyiɣi hafi woate ŋu aka ɖe ame dzi ta. Nunyanu si míawɔ enye be míanɔ kakam ɖe amea dzi ʋɛʋɛʋɛ. Aleke míawɔ emae? Míate ŋu anɔ ŋku lém ɖe amea ƒe agbenɔnɔ ŋu hena ɣeyiɣi aɖe, ade dzesi alesi wòwɔa nu le nɔnɔme aɖewo me. Ðe woate ŋu aka ɖe amea dzi le nu suewo mea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòtrɔa nusiwo wòɣe la vɛ abe alesi wòdo ŋugbee enea, eye ɖe wòwɔna ɖe game siwo mieɖo dzia? Ne ewɔnɛ la, ekema míate ŋu aka ɖe eyama dzi vɔvɔ̃manɔmee le nya gãwo hã me. Esia wɔ ɖeka kple gɔmeɖose sia be: “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me.” (Luka 16:10) Ne míegbɔ dzi ɖi hewɔ tiatia la, akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na dzigbãnya gãwo.

Ke ne ame aɖe trɔ mi to eme ya ɖe? Biblia srɔ̃lawo aɖo ŋku edzi be le zã si me wolé Yesu Kristo la, eƒe apostoloawo gblẽe ɖi nublanuitɔe. Yuda Iskariot trɔ eta, eye bubuawo si le egbɔ le vɔvɔ̃ ta. Petro gɔ̃ hã gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃. Gake Yesu kpɔe dze sii be Yuda ɖeka koe ɖoe koŋ ɖe afɔa. Togbɔ be wogblẽ Yesu ɖi le ɣeyiɣi vevi ma me hã la, mena wògbe kpeɖoɖo alesi wòka ɖe apostolo 11 susɔeawo dzi na wo le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe o. (Mateo 26:45-47, 56, 69-75; 28:16-20) Nenema ke ne míese le mía ɖokui me be ame aɖe si dzi míeka ɖo trɔ mí to eme la, anyo be míadze agbagba abu eŋu akpɔ ne ɖe wòɖoe koŋ wɔe loo alo ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe nuɖikpeamee na.

Ðe Woate Ŋu Aka Ðe Dzinyea?

Ele be amesi ɖoe be yeatia amesi dzi yeaka ɖo la nabia eɖokui le nyateƒe me be: ‘Ðe woate ŋu aka ɖe dzinyea? Kakaɖedzi ƒe dzidzenu si sɔ kawoe madi tso ɖokuinye kple ame bubuwo si?’

Ðikeke mele eme o be amesi dzi woaka ɖo la toa nyateƒe ɣesiaɣi. (Efesotɔwo 4:25) Metrɔa asi le eƒe nyawo ŋu be woasɔ na eƒe nyaselawo ale be yeakpɔ viɖewo tso eme o. Eye ne amesi dzi woaka ɖo do ŋugbe la, ewɔa nusianu si wòate ŋui hewɔna ɖe eƒe ŋugbedodoa dzi. (Mateo 5:37) Ne ame aɖe gblɔ eƒe dzimenya na amesi dzi woaka ɖo la, meʋua go nya la o. Amesi dzi woaka ɖo la wɔa nuteƒe na srɔ̃a. Mekpɔa gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna siwo woɖena fiana o, mesusua gbɔdɔdɔ me nuwɔnawo ŋu o, eye meɖoa ahiãmo na amesi menye srɔ̃a o. (Mateo 5:27, 28) Amesi dzi míate ŋu aka ɖo la wɔa dɔ kutrikukutɔe be wòakpɔ eɖokui kple eƒe ƒomea dzi eye medina be yeakpɔ ga to ame bubuwo tete ɖe to me o. (Timoteo I, 5:8) Ŋɔŋlɔa me dzidzenu siawo siwo anɔ susu me na mí akpe ɖe mía ŋu be míanya amesiwo dzi míate ŋu aka ɖo. Gawu la, ne mía ŋutɔwo hã míewɔ ɖe agbenɔnɔ me dzidzenu mawo dzi la, awɔe be amewo nate ŋu aka ɖe mía dzi.

Xexe si me woate ŋu aka ɖe amewo katã dzi le eye amesi dzi woka ɖo matrɔ ame ato eme o la me nɔnɔ avivi ŋutɔ! Drɔ̃e aɖe koe esia nyea? Menye drɔ̃e na amesiwo tsɔa Biblia me ŋugbedodowo nu vevii o, elabena Mawu ƒe Nya gblɔ “anyigba yeye” dzeani aɖe si me amebeble, aʋatsokaka, dɔléle, kple ku gɔ̃ hã manɔ o ƒe vava ŋu nya ɖi! (Petro II, 3:13; Psalmo 37:11, 29; Nyaɖeɖefia 21:3-5) Ðe manyo be nàwɔ numekuku bubuwo tso mɔkpɔkpɔ sia ŋu oa? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woagblɔ nyati sia kple nyati vevi bubuwo ŋuti nyatakaka geɖe na wò.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ne míekana ɖe amewo dzi o la, dzi madzɔ mí o

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Yehowa dzie wòle be míaka ɖo wu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mí katã míehiã ƒomedodo si nɔ te ɖe kakaɖedzi sẽŋu si anɔ mía kple ame bubuwo dome dzi