Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyɔnu Kristotɔ Wɔnuteƒewo—Mawu Subɔla Siwo Ŋu Asixɔxɔ le

Nyɔnu Kristotɔ Wɔnuteƒewo—Mawu Subɔla Siwo Ŋu Asixɔxɔ le

Nyɔnu Kristotɔ Wɔnuteƒewo​—Mawu Subɔla Siwo Ŋu Asixɔxɔ le

“Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.”​—LODODOWO 31:30.

1. Aleke Yehowa ƒe nukpɔsusu le nyonyo ŋu to vovo tso xexeame tɔ gbɔe?

XEXEAME tea tɔ ɖe gotagome dzedzeme dzi fũ, vevietɔ le nyɔnuwo gome. Ke hã amesi ame nye le ememe si ate ŋu ava nya kpɔ ɖe edzi ne wole tsitsim koŋue nye nusi le vevie na Yehowa ya. (Lododowo 16:31) Eyata Biblia xlɔ̃ nu nyɔnuwo be: “Lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.”—Petro I, 3:3, 4.

2, 3. Aleke nyɔnuwo kpe asi ɖe nyanyuia ƒe kaka ŋui le ƒe alafa gbãtɔ me, eye aleke wogblɔ esia ɖii?

2 Nyɔnu geɖe siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Biblia me la ɖe gbɔgbɔ sia si dze na kafukafu la fia. Le ƒe alafa gbãtɔ me la mɔnukpɔkpɔ su wo dometɔ aɖewo si be woasubɔ Yesu kple eƒe apostolowo. (Luka 8:1-3) Emegbe la, nyɔnu Kristotɔwo va zu nyanyuigblɔla dovevienuwo; bubuwo do alɔ ŋutsu Kristotɔ siwo xɔa ŋgɔ la vevie, siwo dometɔ ɖeka apostolo Paulo nye; eye bubuwo ɖe amedzrowɔwɔ tɔxɛ fia, eye wotsɔ woƒe aƒe na gɔ̃ hã be woawɔ hame ƒe kpekpewo le eme.

3 Wogblɔ nyateƒe si wònye be Yehowa azã nyɔnuwo le mɔ si lolo ŋutɔ nu le eƒe tameɖoɖo ƒe emevava me ŋu nya ɖi le Ŋɔŋlɔawo me. Le kpɔɖeŋu me, Yoel 3:1, 2 gblɔe ɖi be ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ame tsitsiwo axɔ gbɔgbɔ kɔkɔea eye woakpɔ gome le Fiaɖuƒenyanyuia kaka me. Nyagblɔɖi sia dze emevava gɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4, 16-18) Wona nuku nunanawo, abe nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanaa ene, nyɔnu amesiamina aɖewo. (Dɔwɔwɔwo 21:8, 9) Dzonɔameme si gbɔgbɔmenɔvinyɔnu wɔnuteƒewo ƒe aʋakɔ gã sia tsɔ kpe asi ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la na Kristotɔnyenye kaka kabakaba le ƒe alafa gbãtɔ me. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo ŋlɔ le ƒe 60 M.Ŋ. me lɔƒo be, “woɖe gbeƒã” nyanyuia “na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te.”—Kolosetɔwo 1:23.

Wokafu Wo ɖe Woƒe Dzinɔameƒo, Dzonɔameme, Kple Amedzrowɔwɔ Ta

4. Nukata susu nyuiwo le Paulo si si ta wòakafu nyɔnu geɖewo le ƒe alafa gbãtɔ Kristo-hamea me?

4 Apostolo Paulo nye ame aɖe si kpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔ si nyɔnu aɖewo koŋ wɔ ŋu—abe alesi ko dzikpɔla Kristotɔwo dea asixɔxɔ subɔsubɔdɔ si nyɔnu veviedonulawo wɔna ŋu ene. Nyɔnu siwo Paulo yɔ dometɔ aɖewoe nye “Trifena kple Trifosa, siwo le agbagba dzem le Aƒetɔ me la,” kple “Persis lɔlɔ̃tɔ, si dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 16:12) Paulo ŋlɔ tso Ewodia kple Sintixe ŋu be “wodze agbagba le nyanyui la ta [kpli ye].” (Filipitɔwo 4:2, 3) Priskila hã kple srɔ̃a Akwila subɔ kple Paulo. Woa kple Akwila “tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi” ɖe Paulo ta, si na wòŋlɔ bena: “Menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe.”—Romatɔwo 16:3, 4; Dɔwɔwɔwo 18:2.

5, 6. Mɔ ka nue Priskila ɖo kpɔɖeŋu nyui na nɔvinyɔnuwo le egbea?

5 Nukae na Priskila te ŋu ɖe veviedodonu kple dzinɔameƒo fia? Míakpɔ nusi gbɔ wòtso la le Dɔwɔwɔwo 18:24-26, afisi míexlẽ le be edo alɔ srɔ̃a wokpe ɖe Apolo, nuƒola bibi aɖe ŋu be nyateƒe si woɖe fia si mekpɔ nya o la nasu esi. Edze ƒã be Priskila nye nusrɔ̃la si doa vevie Mawu ƒe Nya kple apostoloawo ƒe nufiafiawo. Esia na be wòtu nɔnɔme tɔxɛwo ɖo si na wòxɔ asi na Mawu kple srɔ̃a eye wònye ame vevi aɖe le hame gbãtɔa me. Nenema ke egbea nɔvinyɔnu Kristotɔ veviedonula siwo srɔ̃a Biblia vevie hexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa nana to “xɔnuvi nuteƒewɔla” la dzi hã xɔ asie.—Luka 12:42.

6 Akwila kple Priskila wɔa amedzro etɔxɛe. Paulo nɔ wo gbɔ le aƒeme le dɔwɔwɔ kple wo me abe avɔgbadɔwɔlawo ene le Korinto. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3) Esime srɔ̃tɔawo ʋu yi Efeso kple emegbe Roma la, woyi edzi ɖe Kristotɔwo ƒe amedzrowɔwɔ fia eye wotsɔ woƒe aƒe na gɔ̃ hã hena hame ƒe kpekpewo wɔwɔ. (Dɔwɔwɔwo 18:18, 19; Korintotɔwo I, 16:8, 19) Nenema ke Nimfa kple Maria, Yohanes Marko dada, hã tsɔ woƒe aƒewo na be woawɔ hame ƒe kpekpewo le eme.—Dɔwɔwɔwo 12:12; Kolosetɔwo 4:15.

Viɖenu Xɔasiwo Le Egbeŋkekeawo Me

7, 8. Subɔsubɔdɔ kɔkɔe si dze na kafukafu kae nyɔnu Kristotɔ geɖe siwo li egbea wɔ, eye dzideƒoname ka mee woate ŋu alé ɖe asi?

7 Abe alesi wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, nyɔnu Kristotɔ nuteƒewɔlawo wɔa akpa vevi aɖe le Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe emevava me, vevietɔ le nyanyuigbɔgblɔdɔa me. Eye ŋkɔ nyui kae nye si wowɔ ɖi! Bu Gwen, amesi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe wu ƒe 50 vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 2002 me ŋu kpɔ. Srɔ̃aŋutsua gblɔ be: “Amesiame kloe nya nu tso Gwen ƒe veviedodonu abe nyanyuigblɔla ene le míaƒe dua me ŋu. Le eya gbɔ la, mɔnukpɔkpɔ le amegbetɔ ɖesiaɖe si be wòase vivi na Yehowa ƒe lɔlɔ̃ eye eƒe asi nasu eƒe ŋugbedodowo dzi. Eƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu, eƒe habɔbɔa, kple míaƒe ƒomea—tsɔ kpe ɖe eƒe dzideƒonamenya siwo me lɔlɔ̃ nɔna ne dzi ɖe le mía ƒo ŋu—nye kpekpeɖeŋu gã aɖe na mía kple mía viawo le míaƒe anyinɔnɔ ɖekae si me viɖe geɖe tsona la katã me. Míele esusum ale gbegbe.” Gwen kple srɔ̃a nɔ anyi ƒe 61 sɔŋ.

8 Nyɔnu Kristotɔ akpe gbogbo aɖewo, trewo kple srɔ̃tɔwo siaa subɔ abe subɔla mɔɖelawo kple dutanyanyuigblɔla ene, amesiwo ƒe agbemenuhiahiã siwo le wo si dzea wo ŋu, eye wole Fiaɖuƒegbedasia kakam tso dugã siwo me amewo mevona le o me vaseɖe saɖaganɔƒewo. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Wo dometɔ geɖewo ɖe aƒe si woate ŋu atso alo vidzidzi ɖa le susu me be woate ŋu asubɔ Yehowa bliboe. Wo dometɔ aɖewo nye amesiwo dɔa alɔ wo srɔ̃ siwo subɔna abe dzikpɔlamɔzɔlawo ene nuteƒewɔwɔtɔe, eye nɔvinyɔnu akpe geɖewo hã subɔna le Betel-ƒewo me le xexeame godoo. Nyateƒee, nyɔnu ɖokuitsɔsavɔla siawo kpe ɖe “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” siwo yɔ Yehowa ƒe aƒeme kple ŋutikɔkɔe ƒe me la ŋu.—Xagai 2:7.

9, 10. Aleke ƒomea me tɔ aɖewo ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe srɔ̃nyɔnu kple vidada Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋu nyuiawo ŋui?

9 Nyateƒee, ƒomegbanɔamedzi geɖe le nyɔnu Kristotɔwo dzi; ke hã wotsɔ Fiaɖuƒenuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mateo 6:33) Nɔvinyɔnu mɔɖela si nye tre ŋlɔ bena: “Danye koŋue na mezu mɔɖela le eƒe xɔse si me wòlé ɖe asi sesĩe kple eƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo ta. Le nyateƒe me la, enye nye mɔɖeɖedɔa me zɔhɛ vevitɔwo dometɔ ɖeka.” Srɔ̃ŋutsu aɖe gblɔ le srɔ̃a si si vinyɔnu tsitsi atɔ̃ le ŋu be: “Míaƒe aƒeme nɔa dzadzɛ henɔa ɖoɖo nu ɣesiaɣi. Bonnie na nuwo le kpokploe le ɖoɖo nu ale be míaƒe ƒomea nate ŋu aɖo susu gbɔgbɔmenuwo ŋu. Alesi wòwɔa ga ŋudɔ nyuie na mete ŋu wɔ ɣeyiɣi aɖe ko ƒe dɔ ƒe 32 sɔŋ, si wɔe be mete ŋu zãa ɣeyiɣi geɖe wu ɖe míaƒe ƒomea kple gbɔgbɔmenuwo ŋu. Srɔ̃nye fia alesi woanye veviedonula hã ɖeviawo. Akpe ko mada nɛ.” Egbea woa kple srɔ̃a siaa le subɔsubɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã.

10 Srɔ̃ŋutsu aɖe ŋlɔ ku ɖe srɔ̃a si si vi tsitsiwo le ŋu be: “Nɔnɔme si nyoa ŋunye le Susan ŋu koŋ enye lɔlɔ̃ sẽŋu si le esi na Mawu kple amewo, tsɔ kpe ɖe eƒe nugɔmesese, veveseseɖeamenu, kple nyateƒetoto ŋu. Esena le eɖokui me ɣesiaɣi be Yehowa dze na nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu anɛ—si nye gɔmeɖose si dzi eya ŋutɔ wɔna ɖo abe Mawu subɔla kple vidada ene.” To srɔ̃a ƒe kpekpeɖeŋu me la, srɔ̃ŋutsu sia te ŋu xɔ gbɔgbɔmemɔnukpɔkpɔ geɖe, si ƒe ɖewoe nye hamemegãnyenye, mɔɖelanyenye, nutome sue dzikpɔla teƒenɔlanyenye, kple Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔ nyenye. Aleke gbegbe nyɔnu siawo xɔ asii na wò srɔ̃wo, hati Kristotɔwo, kple ƒo wo katã ta la na Yehowa enye si!—Lododowo 31:28, 30.

Nyɔnu Xɔasi Siwo Si Srɔ̃ Mele O

11. (a) Aleke Yehowa ɖe eƒe ɖetsɔtsɔ le nyɔnu nuteƒewɔlawo, vevietɔ ahosiwo, me fiae? (b) Kakaɖedzi kae ate ŋu anɔ Kristotɔ ahosiwo kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒe bubu siwo si srɔ̃ mele o si?

11 Zi geɖe la, Yehowa ɖea eƒe ɖetsɔleme na ahosiwo fiana. (Mose V, 27:19; Psalmo 68:6; Yesaya 10:1, 2) Metrɔ o. Eye menye ahosiwo ɖeɖeko mee wòyi edzi le ɖe tsɔm le vevie o, ke boŋ vidada dzilaɖekɛwo kpakple nyɔnu siwo tia be yewoanye trewo alo esiwo mekpɔ ŋutsu Kristotɔ si sɔ na wo woaɖe o la siaa hã le eme. (Maleaxi 3:6; Yakobo 1:27) Ne ènye Yehowa subɔla nuteƒewɔla si si srɔ̃ Kristotɔ mele o la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be yexɔ asi le Mawu ŋkume.

12. (a) Aleke nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖewo ɖea woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa fianae? (b) Seselelãme ka nue mía nɔvinyɔnu aɖewo le te nɔm ɖo?

12 Abe kpɔɖeŋu ene la, bu mía nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo meɖe srɔ̃ o le esi woɖoa to Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame nuteƒewɔwɔtɔe be ‘Aƒetɔ la ko me’ woaɖe srɔ̃ le ta ŋu kpɔ. (Korintotɔwo I, 7:39; Lododowo 3:1) Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na wo be ‘Yehowa wɔa nuteƒe na nuteƒewɔla.’ (Samuel II, 22:26) Ke hã trenɔnɔ nye gbetɔame na wo dometɔ geɖewo. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be Aƒetɔ la me koe maɖe srɔ̃ le, gake mefaa avi zi geɖe ne mekpɔ xɔ̃nyewo le ŋutsu Kristotɔ nyuiwo ɖem esi nye ya mekpɔtɔ nye tre.” Nɔvinyɔnu bubu aɖe gblɔ be: “Mesubɔ Yehowa ƒe 25 sɔŋ. Meɖoe kplikpaa be malé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi nɛ, gake zi geɖe la, akogotsitsi doa nuxaxa nam.” Egblɔ kpee be: “Nɔvinyɔnu siwo le abe nye ene hiã dzideƒoname.” Aleke míawɔ akpe ɖe nuteƒewɔla siawo ŋu?

13. (a) Nukae míesrɔ̃ tso amesiwo va srã Yefta vinyɔnua kpɔ ƒe kpɔɖeŋu me? (b) Mɔ bubu kawo hã nue míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia nɔvinyɔnu tre siwo le míaƒe hamea me le?

13 Mɔnu siawo dometɔ ɖeka dze le blema kpɔɖeŋu aɖe me. Esi Yefta vinyɔnu ɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi be wòaɖe srɔ̃ ŋu la, ameawo kpɔe dze sii be etsɔ eɖokui sa vɔe. Nukae wowɔ be woatsɔ ade dzi ƒo nɛ? ‘Israel-nyɔnuviwo yina ɖafaa Gileadtɔ Yefta ƒe vinyɔnu ŋkeke ene le ƒe ɖeka me.’ (Ʋɔnudrɔ̃lawo 11:30-40) Nenema kee wòle be míatso míaƒe dzi me akafu nɔvinyɔnu tre siwo ɖoa to Mawu ƒe se nuteƒewɔwɔtɔe la. * Mɔ bubu ka nue míate ŋu aɖe ɖetsɔleme afia le? Ehiã be míaɖe kuku na Yehowa le gbedodoɖa me be woakpe ɖe mía nɔvinyɔnu wɔnuteƒe lɔlɔ̃awo ŋu be woayi woƒe subɔsubɔdɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Wodze be woade dzi ƒo na wo be Yehowa kple Kristo-hame bliboa lɔ̃ wo eye wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu vevie.—Psalmo 37:28.

Alesi Dzilaɖekɛwo Kpɔ Dzidzedzee

14, 15. (a) Nukatae wòle be vidada srɔ̃manɔsitɔwo nayɔ Yehowa hena kpekpeɖeŋu? (b) Aleke dzilaɖekɛwo ate ŋu awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple woƒe gbedodoɖawoe?

14 Nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo nye dzilaɖekɛwo hã doa go kuxi geɖewo. Ke hã woate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu le yewo viwo nyinyi me le ɖekawɔwɔ me kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo. Nyateƒee wònye be ne dzilaɖekɛe nènye la, màte ŋu awɔ vidada kple vifofo ƒe akpawo katã o. Ke hã Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wo agbanɔamedzi gbogboawo gbɔ ne èyɔe le xɔse me. Le kpɔɖeŋu me: Tsɔe be ètsɔ agbeligba kpekpe tso agble yina aƒewòme le didiƒe ɖaa. Ðe nàgblɔ be yeaku kutri atsɔ agba kpekpe la ne xɔ̃wò aɖe si si ʋu le bia be yeakɔ wò ɖe eme ayi aƒemea? Kura o! Nenema kee mele be wò ɖeka natsɔ seselelãme ƒe agba kpekpeawo esime nàte ŋu abia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò o. Le nyateƒe me la, ele kpewòm be nàyɔ ye. Psalmo 68:20 gblɔ be: ‘Woakafu Aƒetɔ la gbeawotsyogbe! Eyae tsɔa míaƒe agbawo na mí.’ Nenema kee Petro I, 5:7 le kpewòm be tsɔ wò dzimaɖiwo katã da ɖe Yehowa dzi ‘elabena eyama léa be na wò.’ Eyata ne kuxiwo kple dzimaɖitsitsiwo wu tsɔtsɔ na wò la, dro wo nyawo katã ɖe Fofowò si le dziƒo la dzi, eye wɔ esia “madzudzɔmadzudzɔe.”—Tesalonikatɔwo I, 5:17; Psalmo 18:7; 55:23.

15 Le kpɔɖeŋu me, ne vidadae nènye la, àtsi dzi ɖe alesi hatiwo akpɔ ŋusẽ ɖe viwòwo dzi alo alesi woadze ŋgɔ nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔ le suku ŋu godoo. (Korintotɔwo I, 15:33) Dzitsitsi siawo sɔ. Gake wonye nya siwo ŋu nàdo gbe ɖa hã le. Le nyateƒe me la, ɖe manyo be nàdo gbe ɖa kple viwòwo le nusiawo ŋu hafi woayi suku, ɖewohĩ le gbesiagbe mawunyakpukpuiawo me dzodzro ɖekae megbe oa? Gbedodoɖa tɔxɛ siwo tso dzime ate ŋu atsi susu me na ɖeviwo vevie. Ƒo wo katã ta la, àkpɔ Yehowa ƒe yayra ne èku kutri dzigbɔɖitɔe ƒã eƒe Nya ɖe dzime na viwòwo. (Mose V, 6:6, 7; Lododowo 22:6) Ðo ŋku edzi be, “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.”—Petro I, 3:12; Filipitɔwo 4:6, 7.

16, 17. (a) Nya kae viŋutsu aɖe gblɔ le dadaa ƒe lɔlɔ̃ si wòɖe fiae ŋu? (b) Aleke dadaa ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme kpɔ ŋusẽ ɖe viawo dzii?

16 Le kpɔɖeŋu me, bu Olivia si si vi ade le ŋu kpɔ? Srɔ̃a si nye dzimaxɔsetɔ la gblẽ ƒomea ɖi esi wodzi dɔmlɔea teti, gake elɔ̃ tsɔ agbanɔamedzia be yeahe ye viawo le Mawu ƒe mɔwo dzi. Olivia ƒe vi tsitsitɔ, Darren, si xɔ ƒe 31 fifia eye wònye Kristotɔ hamemegã kple mɔɖela la xɔ ƒe 5 lɔƒo ɣemaɣi. Tsɔ kpe ɖe Olivia ƒe dzimaɖitsitsia ŋu la, Darren dze dɔ sesẽ aɖe si gaɖea fu nɛ kokoko. Esime Darren nɔ susu hem yi eƒe ɖevimenɔɣi dzi la, eŋlɔ bena: “Megaɖoa ŋku esime menɔa aba dzi le kɔdzi lalana Dada vevie dzi. Enɔa gbɔnye xlẽa Biblia nam gbesiagbe. Emegbe edzia Fiaɖuƒeha si nye ‘Yehowa, Míeda Akpe na Wò.’ * Esiae gakpɔtɔ nye nye Fiaɖuƒeha vevitɔ vaseɖe egbea.”

17 Olivia ƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kple lɔlɔ̃ si le esi nɛ na wòkpɔ dzidzedze abe dzilaɖekɛ ene. (Lododowo 3:5, 6) Eƒe nɔnɔme nyuiawo dze le taɖodzinu si wòɖo na viawo me. Darren gblɔ be, “Dada dea dzi ƒo na mí ɣesiaɣi be míaɖo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa míaƒe taɖodzinui. Esia na mía kple nɔvinyenyɔnu atɔ̃awo dometɔ ene míeƒo mía ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Ke hã Dada meƒoa adegbe le nusiawo ŋu le ame bubuwo gbɔ o. Medzea agbagba vevie be masrɔ̃ eƒe nɔnɔme wɔnukuawo.” Nyateƒee, menye ɖeviwo katãe tsina va zua Mawu subɔlawo abe Olivia tɔwo ene o. Gake ne vidada wɔ etɔ sinua be yeanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu la, ate ŋu aka ɖe Yehowa dzi be afia mɔ ye ahakpe ɖe ye ŋu lɔlɔ̃tɔe.—Psalmo 32:8.

18. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Kristo-hame si Yehowa na la ŋui?

18 Kpekpeɖeŋu si Mawu nana dometɔ geɖe toa Kristo-hamea dzi, si me gbɔgbɔmenuɖuɖu edziedzi ƒe wɔnawo, Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ, kple ‘nunana siwo nye amewo,’ siwo tsi le gbɔgbɔ me la le. (Efesotɔwo 4:8) Hamemegã nuteƒewɔlawo doa vevie nu be woatu hamea ɖo, henɔa ŋudzɔ ɖe “tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo” ƒe nuhiahiãwo ŋu etɔxɛe “le woƒe xaxa me.” (Yakobo 1:27) Eyata nɔ Mawu ƒe amewo ŋu kplikplikpli eye megaɖe ɖokuiwò ɖe aga gbeɖe o.—Lododowo 18:1; Romatɔwo 14:7.

Ðokuibɔbɔ ƒe Atsyɔ̃

19. Nukatae srɔ̃nyɔnu ƒe ɖokuibɔbɔ mefia be menyo de srɔ̃a nu o, eye Biblia me kpɔɖeŋu kae ɖo kpe esia dzi?

19 Yehowa wɔ nyɔnu be wòanye kpeɖeŋutɔ na ŋutsu. (Mose I, 2:18) Eyata srɔ̃nyɔnu ƒe ɖokuibɔbɔ na srɔ̃aŋutsua mefia be menyo de enu o. Ke boŋ, edea bubu nyɔnua ŋu, eye wòwɔnɛ be wòzãa eƒe nunana kple aɖaŋu vovovoawo le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Lododo ta 31 ɖɔ srɔ̃nyɔnu zazɛ̃ le blema Israel ƒe dɔwɔna vovovoawo. Ekpe ɖe hiãtɔwo ŋu, de weingble, heƒle anyigba. “Srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu, eye nuwo kpɔkpɔ mavee o.”—Kpukpui 11, 16, 20.

20. (a) Aleke wòle be nyɔnu Kristotɔ nabu ŋutete alo nunana siwo wòxɔ tso Mawu gbɔe? (b) Nɔnɔme nyui kawoe Ester ɖe fia, eye mɔ ka nue Yehowa te ŋu zãe le?

20 Nyɔnu mawuvɔ̃la si bɔbɔa eɖokui medoa eɖokui ɖe dzi le nɔƒe gã didi ta o alo ʋlia ho kple srɔ̃aŋutsua o. (Lododowo 16:18) Media ye ŋutɔ ƒe nudzodzrowo to xexeamenuwo koŋ yomenɔnɔ me o, ke boŋ ezãa nunana si woxɔ tso Mawu gbɔ tsɔ subɔa ame bubuwoe—eƒe ƒomea, hati Kristotɔwo, aƒelikawo, eye esi ƒo wo katã ta la, Yehowa. (Galatiatɔwo 6:10; Tito 2:3-5) Bu Biblia me kpɔɖeŋu si nye Fianyɔnu Ester ŋu kpɔ. Togbɔ be edze tugbe hã la, eléa eɖokui eye wòbɔbɔa eɖokui. (Ester 2:13, 15) Esi wòɖe srɔ̃ la, edea bubu deto srɔ̃aŋutsua, Fia Axasweros, ŋu eye wòto vovo kuraa tso fiasrɔ̃ gbãtɔ, Wasti, gbɔ. (Ester 1:10-12; 2:16, 17) Ester ɖoa to foa, Mardoxai, ƒe aɖaŋuɖoɖo bubutɔe le nya siwo sɔ me—esime wòva zu fianyɔnu megbe gɔ̃ hã. Menye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔe wònye o! Eʋu go Haman, ŋusẽtɔ ŋutasẽla aɖe si ɖo nugbe be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo la, kalẽtɔe. Yehowa zã Ester le mɔ gã aɖe nu tsɔ kpɔ eƒe amewo ta.—Ester 3:8–4:17; 7:1-10; 9:13.

21. Aleke asixɔxɔ anɔ nyɔnu Kristotɔ ŋu na Yehowa ɣesiaɣii?

21 Eme kɔ ƒã be nyɔnu mawuvɔ̃lawo ɖe wo ɖokuitsɔtsɔ na Yehowa ɖeɖe kple eƒe tadedeagu fia le blema kple egbea siaa. Eyata nyɔnu siwo vɔ̃a Mawu xɔ asi le Yehowa ŋkume. Nɔvinyɔnu Kristotɔwo, mina Yehowa nato eƒe gbɔgbɔa dzi atrɔ asi le mía ŋu vivivi miazu “goe” siwo dzea ame ŋu ŋutɔ la ɣesiaɣi “hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 2:21; Romatɔwo 12:2) Mawu ƒe Nya gblɔ le subɔla xɔasi siawo ŋu be: “Mitsɔ eƒe asi ƒe kutsetse nɛ, eye eƒe dɔwɔwɔwo akafui le dua me!” (Lododowo 31:31) Nenɔ alea na mia dometɔ ɖesiaɖe.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Be nànya alesi nàɖe kafukafu ma afiae la, kpɔ March 15, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 26-8.

^ mm. 16 Hadzidzi 212 lia le Midzi Kafukafuha na Yehowa, si Yehowa Ðasefowo ta, me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke ƒe alafa gbãtɔ me nyɔnu Kristotɔ aɖewo ɖee fia be yewoxɔ asi le Yehowa ŋkumee?

• Aleke nɔvinyɔnu geɖe siwo le míaƒe ɣeyiɣia me de asixɔxɔ wo ɖokui ŋu na Mawue?

• Mɔ kawo nue Yehowa kpena ɖe vidada dzilaɖekɛwo kple nɔvinyɔnu bubu siwo si srɔ̃ mele o ŋu le?

• Aleke nyɔnu ate ŋu aɖee afia be yedea bubu tanyenye ƒe ɖoɖoa ŋu tso dzi mee?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 17]

KPƆÐEŊUWO HENA ŊUGBLEDEDE

Àdi be yeadzro nyɔnu wɔnuteƒe siwo ŋkɔ woyɔ le Biblia me ƒe kpɔɖeŋu bubuwo mea? Ne èdii la, taflatse xlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ le ete. Ne èle ŋugble dem le ame vovovo si woyɔ ŋu la, dze agbagba be yease gɔmeɖose siwo nàte ŋu azã bliboe le wò agbe me la me.—Romatɔwo 15:4.

Sara: Mose I, 12:1, 5; 13:18a; 21:9-12; Petro I, 3:5, 6.

Israel-nyɔnu dɔmenyotɔwo: Mose II, 35:5, 22, 25, 26; 36:3-7; Luka 21:1-4.

Debora: Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:1–5:31.

Rut: Rut 1:4, 5, 16, 17; 2:2, 3, 11-13; 4:15.

Sunem-nyɔnu la: Fiawo II, 4:8-37.

Foenike-nyɔnu la: Mateo 15:22-28.

Marta kple Maria: Marko 14:3-9; Luka 10:38-42; Yohanes 11:17-29; 12:1-8.

Tabita: Dɔwɔwɔwo 9:36-41.

Filipo vinyɔnu eneawo: Dɔwɔwɔwo 21:9.

Foibe: Romatɔwo 16:1, 2.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðe nèkafua nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ siwo ɖoa to Mawu ƒe sea nuteƒewɔwɔtɔea?

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Gbe tɔxɛ kawoe woate ŋu ado ɖa hafi ɖeviawo nayi suku?