Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Elisa bia Eliya ƒe gbɔgbɔ ƒe “akpa eve”?

Esi wòkpɔtɔ vie ko ne Eliya nawu eƒe dɔ abe Israel ƒe nyagblɔɖila ene nu la, nyagblɔɖila ɖevitɔ, Elisa bia tso esi be: “Taflatse, maxɔ wò gbɔgbɔ ƒe akpa eve nu.” (Fiawo II, 2:9) Edze ƒã be le gbɔgbɔ me gome la, Elisa nɔ biabiam be woana akpa eve ye abe alesi wowɔnɛ na ŋgɔgbeviwo ene. (Mose V, 21:17) Nuŋlɔɖi sia me dzodzro kpuie ana esia me nakɔ eye wòakpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔa me.

Le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe mɔfiafia la, nyagblɔɖila Eliya si ami na Elisa be wòanye amesi axɔ ɖe ye teƒe. (Fiawo I, 19:19-21) Elisa subɔ Eliya abe subɔvi ene nuteƒewɔwɔtɔe anɔ abe ƒe ade ene eye wòɖoe kplikpaa be yeawɔ esia vaseɖe nuwuwu. Le Eliya ƒe ŋkeke mamlɛa si wòsubɔ abe nyagblɔɖila ene le Israel gɔ̃ hã dzi la, Elisa nɔ eƒe nufiala ŋu kplikplikpli. Togbɔ be Eliya ƒoe ɖe Elisa nu be wòagbugbɔ le ye yome hã, nyagblɔɖila ɖevitɔ gblɔ nɛ zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ be: ‘Nyemagblẽ wò ɖi o!’ (Fiawo II, 2:2, 4, 6; 3:11) Le nyateƒe me la, Elisa tsɔ nyagblɔɖila tsitsitɔ abe eƒe gbɔgbɔmefofo ene.—Fiawo II, 2:12.

Gake menye Elisa ɖeka koe nye Eliya ƒe gbɔgbɔmevi o. Eliya kple Elisa dea ha kple ŋutsu aɖewo siwo woyɔ be ‘nyagblɔɖilawo ƒe viwo.’ (Fiawo II, 2:3) Nuŋlɔɖi si le Fiawo ƒe Agbalẽ Evelia me ɖee fia be kadodo kplikplikpli ƒe seselelãme nɔ ‘vi’ siawo me ɖe woƒe gbɔgbɔmefofo, Eliya, ŋu. (Fiawo II, 2:3, 5, 7, 15-17) Ke hã, esi wosi ami na Elisa be wòaxɔ ɖe Eliya teƒe ta la, eyae nye gbãtɔ le Eliya ƒe gbɔgbɔ me viwo dome—enɔ abe ŋgɔgbevi ene. Le blema Israel la, ŋgɔgbevi ŋutɔŋutɔ xɔa fofoa ƒe domenyinu ƒe akpa eve, ke vi bubuawo xɔa akpa ɖekaɖeka. Esia tae Elisa bia Eliya ƒe gbɔgbɔmedomenyinu ƒe akpa eve ɖo.

Nukatae Elisa bia nusia le ɣeyiɣi ma koŋ dzi? Elabena egbɔna agba gã aɖe tsɔ ge—si nye xɔxɔ ɖe Eliya teƒe abe nyagblɔɖila ene le Israel. Elisa kpɔe dze sii be, ne yeate ŋu atsɔ dɔdasi dziŋɔ ma ƒe agbanɔamedziwo la, yehiã gbɔgbɔ me ŋusẽ si gbɔ ye ŋutɔ yeƒe ŋutete ŋu sasasã, si Yehowa ko ate ŋu ana. Ehiã be dzi nanɔ eƒo abe Eliya ene. (Fiawo II, 1:3, 4, 15, 16) Eyatae wòbia Eliya ƒe gbɔgbɔ ƒe akpa eve ɖo, si nye dzinɔameƒo ƒe gbɔgbɔ kple esi nana ‘woʋãa ŋu ɖe Yehowa ŋu’—nɔnɔme nyoameŋu si Mawu ƒe gbɔgbɔ tsena. (Fiawo I, 19:10, 14) Aleke Eliya wɔ nu ɖe eŋui?

Eliya nyae be Elisa bia nane si menye ye tɔ o, si nye Mawu ɖeɖeko tɔ wòana. Eyata Eliya ɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Èbia nu sesẽ. Ne èkpɔ be, wòtsɔm dzoe le gbɔwò la, ekema ava me na wò.” (Fiawo II, 2:10) Eye eva eme le nyateƒe me be Yehowa na Elisa kpɔ Eliya lia yi dzi le ahom aɖe me. (Fiawo II, 2:11, 12) Wotsɔ nusi Elisa bia la nɛ. Yehowa tsɔ gbɔgbɔ si wòhiã be wòatsɔ adze eƒe dɔ yeyea gɔme ahakpe akɔ kple dodokpɔwo la nɛ.

Kristotɔ amesiaminawo (siwo woyɔna ɣeaɖewoɣi be Eliya habɔbɔa) kple Mawu subɔlawo katã ate ŋu akpɔ dzideƒonamenya atso Biblia ƒe nuŋlɔɖi sia me egbea. Ɣeaɖewoɣi la, míatsi dzodzodzoe be míesu te akpe akɔ kple dɔdasi yeye aɖe o, alo dzi anɔ ɖeɖem le mía ƒo le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me le esi ɖekematsɔleme kple tsitretsiɖeŋu ƒe nɔnɔmewo yi edzi le dzidzim ɖe edzi le míaƒe anyigbamama me ta. Gake ne míeɖe kuku na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu la, ana mí gbɔgbɔ kɔkɔe si míehiã atsɔ anɔ te ɖe kuxiwo kple nɔnɔme siwo le tɔtrɔm nu la mí. (Luka 11:13; Korintotɔwo II, 4:7; Filipitɔwo 4:13) Ẽ, abe alesi Yehowa do ŋusẽ Elisa le agbanɔamedzi si kpe wu tsɔtsɔ me ene la, nenema ke wòakpe ɖe mí katã, ɖeviwo kple ame tsitsiwo siaa, ŋu be míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe.—Timoteo II, 4:5.