Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tu Nunana ƒe Gbɔgbɔ Ðo

Tu Nunana ƒe Gbɔgbɔ Ðo

Tu Nunana ƒe Gbɔgbɔ Ðo

WOMEDZI ame aɖeke kple nunana ƒe gbɔgbɔ o. Vidzĩ ƒe dzɔdzɔmenɔnɔmee nye be wòaɖi kɔ na eya ŋutɔ ƒe nudzodzro kple nudidiwo eye metsɔa ɖeke le amesiwo léa be nɛ ƒe nyonyo me o. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ɖevia va dea dzesii be menye ye ɖeka koe nuwo hiã o. Ele be wòabu ame bubuwo ŋu, eye menye nunanawo ko wòanɔ xɔxɔm o ke boŋ ele be wòasrɔ̃ alesi wonaa nu hemaa nu kple ame bubuwo hã. Ele be woatu nunana ƒe gbɔgbɔ ɖo.

Menye amesiame si naa nu—le agbɔsɔsɔ me gɔ̃ hã—sie nunana ƒe gbɔgbɔ le o. Ame aɖewo ana nu atsɔ akpe asi ɖe habɔbɔ aɖe ŋu ale be wòade woawo ŋutɔ dzi. Bubuwo ana nu be woaxɔ kafukafu atso amewo gbɔ. Ke hã alesi Kristotɔ vavãwo naa nu ya to vovo. Ekema nunana ƒe nɔnɔme kae Mawu ƒe Nya la kafu? Alesi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo na nui me dzodzro kpuie aɖo biabia sia ŋu.

Kristotɔwo ƒe Nunana ƒe Kpɔɖeŋuwo

Kristotɔwo ƒe nunana, si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me zi geɖe la, nye “hamenunana” amesiwo hiã tu ŋutɔŋutɔ. (Hebritɔwo 13:16; Romatɔwo 15:26) Menye nusi woawɔ le dzizizi me o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiame abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Menye nusi wòle be woawɔ kple susu be amewo nakpɔe ta ko hã o. Anania kple Safira wɔ ayemenu sia eye wokpɔ emetsonu si nye ku.—Dɔwɔwɔwo 5:1-10.

Eva hiã be woana nu esime Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo tso didiƒe va ƒo ƒu ɖe Yerusalem be woaɖu Pentekoste-ŋkekenyuia le ƒe 33 M.Ŋ. me. Afimae “Gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ” Yesu yomedzelawo le “taŋtaŋ, eye wode asi gbe bubuwo gbɔgblɔ me.” Ameha gã aɖe ƒo ƒu ɖe wo ŋu eye wose Petro ƒe nuƒo ʋãme si wòƒo ku ɖe Yesu Kristo ŋu. Emegbe ameawo kpɔ alesi Petro kple Yohanes da gbe le tekunɔ aɖe si nɔa gbedoxɔ la ƒe ʋɔtru nu la ŋu, eye wogase Petro ƒo nu tso Yesu kple alesi wòhiã be woatrɔ dzime ŋu ake. Ame akpe geɖe trɔ dzime eye wonyrɔ wo wozu Kristo yomedzelawo.—Dɔwɔwɔwo, ta 2 kple 3.

Dzimetrɔla yeyeawo di be yewoatsi Yerusalem axɔ nufiame geɖe tso Yesu ƒe apostoloawo gbɔ. Gake aleke apostoloawo awɔ akpɔ amedzro mawo katã ƒe nuhiahiãwo gbɔ? Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ na mí be: “Ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ, eye wotsɔe da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.” (Dɔwɔwɔwo 4:33-35) Nyateƒee, nunana ƒe gbɔgbɔ le Yerusalem-hame yeye si woɖo la me!

Emegbe la, hame bubuwo ɖe nunana ƒe gbɔgbɔ ma ke fia. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be Makedonia Kristotɔwo ŋutɔwo da ahe hã la, wona nu wu alesi woate ŋui be woatsɔ ana wo nɔvi siwo hiã tu le Yudea. (Romatɔwo 15:26; Korintotɔwo II, 8:1-7) Filipi-hamea ɖo kpɔɖeŋu nyui le kpekpeɖeŋu nana Paulo me le eƒe subɔsubɔdɔa me. (Filipitɔwo 4:15, 16) Yerusalem-hamea ŋutɔ maa nuɖuɖu gbesiagbe na ahosi siwo hiã tu, eye apostolowo tia ŋutsu adre siwo dze be woakpɔ egbɔ be womegblẽ ahosi siwo dze dometɔ aɖeke ɖi o.—Dɔwɔwɔwo 6:1-6.

Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nu kaba esi wokpɔ xaxa si nɔ ŋgɔ gbɔna. Le kpɔɖeŋu me, esime nyagblɔɖila Agabo gblɔ dɔwuame gã aɖe si gbɔna ƒe nya ɖi la, hame si nɔ Siria Antioxia la “ɖo bena, wo dome amesiame naɖo nunana aɖe ɖe nɔvi, siwo le Yudea la, alesi woate ŋui.” (Dɔwɔwɔwo 11:28, 29) Gbɔgbɔ nyui kae nye esi woɖe fia le ŋudzɔnɔnɔ ɖe ame bubuwo ƒe nuhiahiã ŋu me!

Nukae ʋã Kristotɔ gbãtɔwo be woanyo dɔme lɔlɔ̃tɔe nenema gbegbe? Le nyateƒe me la, aleke nunana ƒe gbɔgbɔ la wɔna sua ame si? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Fia Dawid ƒe kpɔɖeŋu me dzodzro kpuie me.

Dawid ƒe Alɔdodo Tadedeagu Vavãtɔ Faa

Anye ƒe 500 kloe enye ma si Nubablaɖaka—si nye aɖaka kɔkɔea aɖe si fia Yehowa ƒe anyinɔnɔ—la mekpɔ nɔƒe ŋutɔŋutɔ o. Wodae ɖe avɔgbadɔ si Israel-viwo tsɔna tsoa afi ɖeka yia bubue esime wonɔ tsatsam le gbea dzi kple esime wova ɖo Ŋugbedodonyigba dzi la me. Fia Dawid di vevie be yeaɖe aɖaka la le avɔgbadɔ si me wodzrae ɖo la me ahatu xɔ si sɔ na Yehowa si me aɖaka kɔkɔe la anɔ. Dawid gblɔ na nyagblɔɖila Natan be: “Kpɔ ɖa, nye la mele sedertixɔ me, ke Yehowa ƒe nubablaɖaka ya le kuntruwo te.”—Kronika I, 17:1.

Ke hã Dawid nye aʋawɔla. Eyata Yehowa ɖe gbeƒãe be via Salomo ye atu gbedoxɔ si me Nubablaɖakaa anɔ la le eƒe ŋutifafa dziɖuɣia me. (Kronika I, 22:7-10) Gake esia mexe mɔ ɖe Dawid ƒe nunana ƒe gbɔgbɔ la nu o. Ewɔ ɖoɖo ɖe dɔwɔla gbogbo aɖewo ŋu, eye wòdze dɔwɔnu siwo woazã le gbedoxɔa tutu me la nuƒoƒoƒu gɔme. Egblɔ na Salomo emegbe be: “[Meƒo] sika talento akpe alafa kple klosalo talento akpe teƒe akpe nu ƒu ɖe Yehowa ƒe xɔ la ŋu hekpe ɖe akɔbli kple gayibɔ, siwo mele dada me o la ŋuti, wosɔ gbɔ ŋutɔ; meƒo atiwo kple kpewo nu ƒu.” (Kronika I, 22:14) Esi esia mesɔ gbɔ na Dawid o la, ena eya ŋutɔ ƒe sika kple klosalo si ƒe egbegbe home awu dɔlar 1,200,000,000. Gakpe ɖe eŋu la, amegãwo hã dzɔ nu faa. (Kronika I, 29:3-9) Nyateƒee, Dawid ɖe nunana faa ƒe gbɔgbɔ fia!

Nukae ʋã Dawid be wòana nu faa alea? Ekpɔe dze sii be nusiwo katã yekpɔ hewɔ la tso alesi Yehowa yra ye gbɔ. Eʋu eme le gbedodoɖa me be: “Yehowa, mía Mawu, nu gbogbo siawo, siwo míeƒo ƒu, be míatsɔ atu xɔ na wò hena wò ŋkɔ kɔkɔe la, tso asiwò me, eye tɔwòe nye wo katã. Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime kɔ mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpɔ wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nuwo faa.” (Kronika I, 29:16, 17) Dawid de asixɔxɔ woa kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu. Ede dzesi alesi wòhiã be wòasubɔ Mawu kple “dzi blibo kpakple luʋɔ blibo,” eye wòkpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me. (Kronika I, 28:9) Nɔnɔme sia kee ʋã Kristotɔ gbãtɔwo be woaɖe nunana ƒe gbɔgbɔ afia.

Yehowa—Nunala Gãtɔ

Yehowa gbɔe míekpɔ nunana ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake le. Elɔ̃a ame hetsɔa ɖe le eme na ame ale gbegbe be ‘wònana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, henana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.’ (Mateo 5:45) Ena “agbe kple gbɔgbɔ kpakple nuwo katã” ameƒomea katã. (Dɔwɔwɔwo 17:25) Le nyateƒe me la, abe alesi nusrɔ̃la Yakobo gblɔe ene la, “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso, tso kekeliwo ƒe Fofo la gbɔ.”—Yakobo 1:17.

Yehowa ƒe nunana gãtɔ kekeake si wòtsɔ na míe nye alesi wotsɔ eƒe “Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ame aɖeke mate ŋu agblɔ be yedze na nunana ma o, “elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23, 24; Yohanes I, 4:9, 10) Kristo ƒe tafea nye nusi dzi Mawu ƒe “nunana manyagblɔ” si nye “Mawu ƒe amenuveve, si sɔ gbɔ ŋutɔ na mi la” nɔ te ɖo kple nusi dzi wòto nae. (Korintotɔwo II, 9:14, 15) Esi Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana ŋu ta la, ewɔe eƒe agbemedɔe “be [yeaɖi] ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyui la ŋuti.” (Dɔwɔwɔwo 20:24) Ede dzesii be Mawu ƒe didie nye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.”—Timoteo I, 2:4.

Egbea la, wole esia wɔm to gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ gã aɖe si keke ta ɖo dukɔ 234 me la dzi. Yesu gblɔ takeke sia ƒe nya ɖi esime wògblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Ẽ, “ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.” (Marko 13:10) Le ƒe si va yi me la, gbeƒãɖela siwo wu miliɔn ade zã gaƒoƒo 1,202,381,302 le dɔ sia wɔwɔ me eye wowɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ 5,300,000 kple edzivɔ. Esi mɔfiame sia lɔ amewo ƒe agbe ɖe eme ta la, edziwɔwɔ le vevie wu ɖesiaɖe.—Romatɔwo 10:13-15; Korintotɔwo I, 1:21.

Wota agbalẽ miliɔn gbogbo aɖewo—siwo ƒe ɖewo nye Bibliawo, agbalẽ gãwo, kple agbalẽ gbadzawo—ƒe sia ƒe be woatsɔ akpe ɖe amesiwo Biblia me nyateƒea ƒe dɔ le wuwum la ŋui. Gakpe ɖe eŋu la wotaa Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo biliɔn kple edzivɔ. Esi amewo va le to ɖom nyanyuia ta la, wotua Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo, siwo nye afisiwo woƒoa ƒu ɖo hena Biblia nufiamewo xɔxɔ. Wowɔa ɖoɖo ɖe nutome sue takpekpewo kple ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛwo kpakple nutome gã takpekpewo ŋu ƒe sia ƒe. Hehenana dutanyanyuigblɔlawo, dzikpɔlamɔzɔlawo, hamemegãwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo hã yia edzi. Míeda akpe na Yehowa be wòna míekpɔ mɔnuɖoɖo siawo katã to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. (Mateo 24:45-47) Nyateƒee, eʋãa mí be míada akpe Nɛ vavã!

Akpedada na Yehowa

Abe alesi wònɔ le gbedoxɔa tutu kple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me ene la, gakpɔkpɔ hena nunana siawo katã gbɔ kpɔkpɔ tsoa lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ ɖeɖeko me. Ke hã, ele be míaɖo ŋku edzi be ame aɖeke mate ŋu awɔ Yehowa Nuwokatãtɔ la kesinɔtɔe o. (Kronika I, 29:14; Xagai 2:8) Eyata nunanawo nye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple didi be míado tadedeagu vavã ɖe ŋgɔ ƒe kpeɖodzi. Apostolo Paulo gblɔ be dɔmenyo nunana siawo ɖeɖe fia nyea ‘akpedada na Mawu.’ (Korintotɔwo II, 9:8-13) Yehowa dea nunana sia tɔgbe ƒe dzi ƒo elabena efia be míeɖea nunana ƒe gbɔgbɔ nyuitɔ kple dzi nyuitɔ fiaa eyama. Yehowa ayra amesiwo nyoa dɔme heɖoa ŋu ɖe eŋu eye woakpɔ dzidzedze le gbɔgbɔ me. (Mose V, 11:13-15; Lododowo 3:9, 10; 11:25) Yesu ka ɖe edzi na mí be dzidzɔ atso eme na mí hegblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Kristotɔ siwo me nunana ƒe gbɔgbɔ le la melalana be hiahiã nado mo ɖa hafi o. Ke boŋ wodia mɔnukpɔkpɔa be “[woawɔ] nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Paulo de mawumedɔmenyonyo ƒe dzi ƒo ŋlɔ bena: “Migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.” (Hebritɔwo 13:16) Míaƒe nunɔamesiwo—ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple ga—zazã atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu kple be míatsɔ ado alɔ tadedeagu dzadzɛtɔ dzea Yehowa Mawu ŋu. Nyateƒee, elɔ̃a nunana ƒe gbɔgbɔ.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28, 29

Mɔ Siwo Dzi Ame Aɖewo Tona Dzɔa Nu

NUDZƆDZƆ HENA XEXEAME KATÃ ƑE DƆA

Ame geɖe ɖoa ga home aɖe koŋ ɖi si wodana ɖe nudzɔɖaka siwo dzi woŋlɔ ɖo be “Nudzɔdzɔ Hena Xexeame Katã ƒe Dɔa—Mateo 24:14” me.

Ɣleti sia ɣleti la, hamewo ɖoa ga siawo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le woƒe dukɔ me. Woate ŋu aɖo lɔlɔ̃nu faa gadzɔdzɔwo ɖa tẽ ɖe Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania, c/o Office of the Secretary and Treasurer, 25 Columbia Heights, Brooklyn, New York 11201-2483, alo ɖe alɔdzedɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le miaƒe dukɔ me. Ele be woaŋlɔ ɖe gaxɔgbalẽwo dzi be woaxee na “Watch Tower.” Woate ŋu adzɔ sikanuwo alo kesinɔnu bubuwo hã. Ele be woaŋlɔ lɛta kpui aɖe akpe ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu si aɖe nu me be ɖe yewotsɔ nunana siawo ke keŋkeŋ.

NUDZƆDZƆ SIWO WOAGATE ŊU AXƆ ƑE ÐOÐO

Woate ŋu adzɔ ga le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu be ne ga la hiã amea la, woagatrɔe nɛ. Ne èdi numeɖeɖe bubuwo la, taflatse ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Secretary and Treasurer’s Office, nàzã adrɛs si le etame.

NUNANA SI ŊU WOWƆ ÐOÐO ÐO

Tsɔ kpe ɖe ga siwo woatsɔ ake kple gadzɔdzɔ siwo woagate ŋu axɔ ŋu la, nunana ƒe mɔnu bubuwo siwo dzi woato akpe asi ɖe xexeame godoo ƒe Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu la li. Esiawo ƒe ɖewoe nye:

Nugblẽfexexewo: Woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa be eyae woaxe yeƒe nugblẽfe na ne yeku alo axe yeƒe dzudzɔxɔledɔmega na.

Ga Siwo Le Gadzraɖoƒe: Woate ŋu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ ga si woda ɖe gadzraɖoƒe, ga la dada ɖi ƒe ɖaseɖigbalẽwo, alo ga si woaxe na ame ne woxɔ dzudzɔ le dɔme alo woana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa naxɔ wo ne nunala la ku, le mia gbɔ gadzraɖoƒeɖoɖowo nu.

Ga si Wode Dɔ aɖe Me Kple Esi Wodo na Dɔwɔƒewo: Woate ŋu atsɔ ga si wode dɔ aɖe me kple esi wodo na dɔwɔƒe aɖe ƒe gome ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanye nunana wotsɔ kee keŋkeŋ.

Aƒewo Kple Anyigbawo: Woate ŋu atsɔ aƒe alo anyigba siwo woate ŋu adzra la ana wòanye nusi ŋu woɖe asi le keŋkeŋ alo, ne enye aƒe si me nunala la lee la, woagblẽ xɔawo dometɔ aɖe ɖi nɛ be wòanɔ eme le eƒe agbenɔɣi. Ele be woana alɔdzedɔwɔƒe si le miaƒe dukɔa me nanya hafi woawɔ agbalẽ ɖe aƒe alo anyigba siawo dzi.

Nunanaɖoɖo si me Woɖea Nane le Naa Nunalaa Ƒe sia Ƒe: Nunanaɖoɖo si me woɖea nane le naa nunalaa ƒe sia ƒe nye ɖoɖo si me wotsɔa ame ƒe ga alo nunɔamesi siwo ŋu nya aɖeke meku ɖo o naa Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa. Woxea ga home aɖe koŋ naa nunalaa, alo amesi dzi nunalaa tɔ asii ƒe sia ƒe le eƒe agbenɔɣi katã ɖe eteƒe. Woɖea adzɔxexe ƒe agba dzi kpɔtɔna na nunalaa le ƒe si me wòtsɔ nua na.

Domenyinumagbalẽwo Kple Nunɔamesi Siwo Woanɔ Zazãm Gbɔ: Woate ŋu ato domenyinumagbalẽ si wowɔ le setɔwo gbɔ dzi atsɔ nunɔamesi alo ga si anye domenyinu ana Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa, alo woate ŋu atia Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa wòanɔ amesiwo anɔ nunɔamesi aɖewo ƒe viɖe zãm gbɔ la dome. Womexɔa adzɔ aɖewo ɖe nusiwo wotsɔ na subɔsubɔha aɖe ta o.

Abe alesi nyagbe “nunana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo” fia ene la, ehiã be nunala la nawɔ ɖoɖo le nunana siawo tɔgbe koŋ ŋu. Habɔbɔa ta agbalẽ gbadza si ƒe ŋkɔe nye Charitable Planning to Benefit Kingdom Service Worldwide ɖe Eŋlisi kple Spain gbewo me be wòakɔ nu me na amesiwo di be yewoakpe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋu to nunana siwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo ƒomevi aɖewo dzi. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ aɖo biabia geɖe siwo wobiana ku ɖe nunanawo, domenyinumagbalẽwo, kple nunɔamesi siwo woanɔ zazãm gbɔ ŋu la ŋuti. Nyatakaka nyui bubuwo gale eme ku ɖe aƒe alo anyigba, ga, kple adzɔxexe ŋuti ɖoɖowɔwɔ ŋu. Numeɖeɖewo le eme tso mɔnu vovovo siwo dzi woate ŋu ato ana nu fifia alo ana habɔbɔa naxɔ domenyinu aɖe le ame ƒe ku megbe ŋu. Le agbalẽ gbadza la xexlẽ kple numedzodzro kple woa ŋutɔwo ƒe setɔwo alo adzɔxexe ŋu ɖaŋuɖolawo kple amesiwo le dɔ wɔm le Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea megbe la, ame geɖe te ŋu kpe ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le xexeame godoo eye le ɣeyiɣi ma ke me la, egaɖe vi geɖe le woƒe adzɔxexenyawo gome le esi wowɔe nenema ta. Woate ŋu abia agbalẽ gbadza sia ƒe ɖe tso Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea gbɔ tẽ.

Ne èdi nyatakaka geɖe wu la, àte ŋu abia Nunana si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Dzikpɔƒea, to adrɛs si le ete zazã aŋlɔ agbalẽ na wo alo aƒo ka na wo me alo nàbia Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si kpɔa dɔa dzi le dukɔ si me nèle.

Charitable Planning Office

Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania

100 Watchtower Drive, Patterson, New York 12563-9204

Telephone: (845) 306-0707

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nukae ʋã Kristotɔ gbãtɔwo be woana nu faa?