Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Fia Num Tso Nye Ðevime

Yehowa Fia Num Tso Nye Ðevime

Agbemeŋutinya

Yehowa Fia Num Tso Nye Ðevime

ABE ALESI RICHARD ABRAHAMSON GBLƆE ENE

“Mawu, èfia num tso nye ɖevime ke, eye meɖe gbe ƒã wò nukunuwo vaseɖe fifi.” Na magblɔ nusita gɔmesese tɔxɛ le Psalmo 71:17 me nya mawo ŋu nam.

BIBLIA NUSRƆ̃VIAWO, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la ke ɖe danye, Fannie Abrahamson ŋu le ƒe 1924 me. Ƒe ɖeka koe mexɔ. Kaka woafia Biblia me nyateƒe aɖe Dada ko la, ewɔa kaba ɖagblɔa nusi wòsrɔ̃ la na eƒe aƒelikawo, eye wòfia nu mía kple fonye kple daanye hã. Hafi mava nya nuxexlẽ la, ekpe ɖe ŋunye mesrɔ̃ mawunyakpukpui geɖewo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe yayrawo ŋu ɖe tame.

Le ƒe 1920-awo ƒe nuwuwu la, nyɔnu ʋɛ aɖewo kple ɖeviwo koe le míaƒe Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo si le La Grande, le Oregon, U.S.A., afisi wodzim henyim le la me. Togbɔ be míesa ɖe aga hã la, subɔla mɔzɔlawo, siwo woyɔna be xɔsetamɔzɔlawo, va srãa mí kpɔna zi ɖeka alo zi eve le ƒea me. Woƒoa nuƒo tuameɖowo, kplɔa mí yia tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me, eye wotsɔa ɖe le ɖeviwo me vevie. Ame vevi siawo dometɔ aɖewoe nye Shield Toutjian, Gene Orrell, kple John Booth.

Le ƒe 1931 me la, ame aɖeke mete ŋu tso míaƒe ƒuƒoƒoa me yi takpekpe si wowɔ le Columbus, Ohio, afisi Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ ŋkɔ Yehowa ƒe Ðasefowo le la o. Gake amehawo, si nye ŋkɔ si woyɔna na hamewo tsã, kple ƒuƒoƒo saɖaga siwo mete ŋu de takpekpea o la ƒo ƒu ɖe wo nɔƒewo le August ma me be woalɔ̃ ɖe ŋkɔ yeye si woɖo kplikpaa be woatsɔ dzi. Míaƒe ƒuƒoƒo sue si nɔ La Grande la wɔ esia. Emegbe le agbalẽvi si nye The Crisis mama dɔa wɔwɔ me le ƒe 1933 me la, mesrɔ̃ Biblia me ɖaseɖinyawo ɖe tame zi gbãtɔ eye nye ɖeka menɔ ɖase ɖim tso aƒeme yi aƒeme.

Le ƒe 1930-awo me la, tsitretsitsi ɖe míaƒe dɔa ŋu nu nɔ sesẽm ɖe edzi. Be hameawo nate ŋu anɔ te ɖe enu la, woma wo ɖe nusi woyɔna be hatsotsowo me, eye wowɔa takpekpe suewo heƒoa wo ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si woyɔna be hatsotso ƒe dɔwɔwɔ me zi ɖeka alo zi eve le ƒea me. Le takpekpe siawo me la, wofiaa mí gbeƒãɖeɖe mɔnuwo kple alesi míawɔ nu bubutɔe ɖe kpovitɔ siwo ado kplamatse mí ŋu. Esi wònye woléa Ðasefowo yina na kpovitɔ ʋɔnudrɔ̃lawo alo ʋɔnudrɔ̃ƒewo enuenu ta la, míetoa mɔfiame gbalẽ si woyɔna be “Order of Trial” me tsɔ dzrana ɖoe. Esia kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe yometiti nu.

Tsitsi le Biblia me Nyateƒea me le Gɔmedzedzea Me

Nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia me nyateƒewo kple Biblia me mɔkpɔkpɔ si nye agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea te ŋu nɔ dzidzim ɖe edzi. Le ɣemaɣi me la, wometea gbe ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ dzi na amesiwo mele mɔ kpɔm be yewoaɖaɖu dzi kple Kristo le dziƒo o. (Nyaɖeɖefia 5:10; 14:1, 3) Ke hã wogblɔ nam be ne enye nye dzimedidi kplikpaa be mawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, asɔ be maxɔ nyɔnyrɔ. Mewɔ esia le August 1933 me.

Esi mexɔ ƒe 12 la, ewɔ na nye nufiala be menɔ agbagba dzem le dutoƒo nuƒo ƒoƒo me, eyata eƒoe ɖe Dada nu be wòawɔ ɖoɖo ɖe hehe bubu nanam kpee ŋu. Dada se le eɖokui me be esia akpe ɖe ŋunye masubɔ Yehowa nyuie wu. Eyata Dada nɔ nu nyam na hehenala la ƒe ɖeka be wòatsɔ axe fe lae. Hehexɔxɔa kpe ɖe ŋunye ŋutɔ le subɔsubɔdɔa me. Esi mexɔ ƒe 14 la, ŋuɖuidɔ dze dzinye si na medzudzɔ hehea xɔxɔ ƒe ɖeka kple edzivɔ.

Le ƒe 1939 me la, ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si ŋkɔe nye Warren Henschel va míaƒe nutoa me. * Enye fonye le gbɔgbɔ me, amesi kplɔam yia gbeadzi ŋkeke bliboa. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi wòkpe ɖe ŋunye meƒo ɖokuinye ɖe mɔkeke me mɔɖeɖedɔa, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me o. Le dzomeŋɔli ma me la, wotrɔ asi le míaƒe ƒuƒoƒoa ŋu wozu hame. Woɖo Warren be wòanye hamesubɔla, eye woɖo nye hã Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlae. Esi Warren dzo yi subɔsubɔ ge le Betel, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York la, meva zu hamesubɔla.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔmedzedze

Nye agbanɔamedzi si dzi ɖe edzi esi mezu hamesubɔla la hã gade dzi ƒo nam vevie be maƒo ɖokuinye ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me, eye mewɔ esia esi mexɔ ƒe 17 le nye ƒe etɔ̃ sekɛndrisuku nuwuwu vɔ megbe. Papa mewɔ ɖeka kpli mí le míaƒe subɔsubɔ me o, ke hã eléa be na ƒomea nyuie eye wònye amesi wɔa nu ɖe gɔmeɖose kɔkɔwo nu. Eƒe didie nye be made kɔledzi. Gake egblɔ nam be zi alesi nyemeɖo ŋu ɖe ye ŋu na mlɔƒe kple nuɖuɖu o ko la, mate ŋu awɔ nusi melɔ̃. Eyata medze mɔɖeɖedɔa gɔme le September 1, 1940 dzi.

Hafi madzo le aƒeme la, danye na mexlẽ Lododowo 3:5, 6: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” Eye le nyateƒe me la, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi kpe ɖe ŋunye ŋutɔ.

Eteƒe medidi o meva kpe ɖe Joe kple Margaret Hart ŋu le subɔsubɔdɔa me le Washington State ƒe dziehetitina. Anyigbamamaa nɔ vovovo—nyinyiƒewo, alẽnyiƒewo, Indiantɔwo ƒe nutome, kpakple duvi kple kɔƒe geɖewo. Le ƒe 1941 ƒe adame la, woɖom be manye hamesubɔla le hame si le Wenatchee, Washington.

Le míaƒe takpekpe aɖe me le Walla Walla, Washington la, menye anyinɔƒegbɔkpɔla henɔ amesiwo gbɔna akpataa me xɔm. Mekpɔ nɔviŋutsuvi aɖe nɔ fu kpem le alesi wòawɔ gbeɖiɖimɔ̃ naɖi ŋu. Eyata medoe ɖe egbɔ be wòaxɔ nye dɔa awɔ ne maxɔ etɔ. Esi nutomesubɔla, Albert Hoffman, trɔ gbɔ eye wòva kpɔ be megblẽ dɔa ɖi la, etsɔ nukomo kple xɔlɔ̃wɔwɔ ɖe nu me nam ku ɖe vevienyenye si le fɔléle ɖe ame ƒe dɔdasi ŋu vaseɖe esime wogblɔ nɛ be wòawɔ dɔ bubu ŋu. Nuxlɔ̃amenya sia tsi susu me nam vaseɖe egbea.

Le August 1941 me la, Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo ɖe takpekpe gã aɖe ŋu le St. Louis, Missouri. Harts-ƒomea xe woƒe agbatsɔʋu tame hede bentsiwo eme. Mí mɔɖela asieke nɔ ʋu ma me zɔ kilometa 2,400 ƒe mɔa yi St. Louis. Yiyi ɖeɖe xɔ kwasiɖa ɖeka kloe. Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake si kpovitɔwo bu la anɔ ame 115,000. Togbɔ be vavalawo ƒe xexlẽme made nenema gbegbe o hã, ɖikeke mele eme o be esɔ gbɔ wu Ðasefo 65,000 lɔƒo si nɔ United States ɣemaɣi. Takpekpea tu ame ɖo le gbɔgbɔ me ale gbegbe.

Subɔsubɔ le Brooklyn Betel

Esi metrɔ yi Wenatchee la, mexɔ lɛta aɖe si bia be mava Brooklyn Betel. Esi meva ɖo le October 27, 1941 dzi la, wokplɔm yi Nathan H. Knorr, si nye agbalẽtaƒea dzikpɔla la gbɔ. Etsɔ tufafa ɖe alesi nuwo yia edzi le Betel me nam eye wote gbe ɖe edzi nam be Yehowa ŋu nɔnɔ kplikplikpli le vevie be agbe nadze edzi na ame le afima. Emegbe wokplɔm yi Agbalẽwo Ðoɖoɖa ƒe Dɔwɔƒea eye wona menɔ hamewo ƒe ŋkɔ ŋlɔm ɖe agbalẽ siwo woaɖo ɖa wo dzi.

Le January 8, 1942 dzi la, Joseph Rutherford, si xɔ ŋgɔ na Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo la ku. Le ŋkeke atɔ̃ megbe la, Habɔbɔa ƒe akametiwo tia Nɔviŋutsu Knorr be wòaxɔ ɖe eteƒe. Esi W. E. Van Amburgh, amesi nɔ Habɔbɔa ƒe ga dzi kpɔm ɣeyiɣi didi aɖe, ɖe gbeƒã nya sia na Betel-ƒomea la, egblɔ be: “Meɖo ŋku esime C. T. Russell ku [le ƒe 1916 me] eye J. F. Rutherford xɔ ɖe eteƒe la dzi. Aƒetɔ la yi edzi le mɔ fiam Eƒe dɔa eye wòna wòle dzidzedze kpɔm. Fifia, mele mɔ kpɔm kple dzi blibo be dɔa ayi edzi le Nathan H. Knorr ƒe ŋgɔxɔxɔ me, elabena Aƒetɔ la ƒe dɔe nye esia, menye amegbetɔ tɔe o.”

Le February 1942 me la, woɖe gbeƒãe be woadze “Teokrasi Subɔsubɔdɔ Suku Deŋgɔ” la gɔme. Wotrɔ asi le eŋu be wòatsɔ ana hehe amesiwo le Betel be woadzi woƒe Biblia me nyatiwo ŋuti numekukuwɔwɔ ƒe ŋutete ɖe edzi, aɖo nyatia ɖe ɖoɖo nu, eye woanye nuƒo tuameɖowo. Nuƒoƒo le dutoƒo ƒe hehe si mexɔ tsã kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ ŋgɔyiyi kabakaba le sukua me.

Eteƒe medidi o, woɖom ɖe Subɔsubɔdɔdzikpɔƒe, si kpɔa Ðasefowo ƒe subɔsubɔdɔa dzi le United State. Emegbe le ƒe ma me la, woɖoe be woagbugbɔ ɖoɖo awɔ na subɔlawo be woasrã Ðasefowo ƒe hamewo akpɔ. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, subɔla mɔzɔla siawo siwo woyɔna be nɔviawo subɔlawo la va zu amesiwo woyɔna be nutome sue dzikpɔlawo. Le ƒe 1942 ƒe dzomeŋɔli la, wowɔ ɖoɖo ɖe suku aɖe ŋu le Betel be woatsɔ ahe nɔviwo na subɔsubɔdɔ sia wɔwɔ, eye mɔnukpɔkpɔ su asinye be manye hehexɔlawo dometɔ ɖeka. Meɖo ŋku edzi nyuie be Nɔviŋutsu Knorr, si nye nufialawo dometɔ ɖeka, te gbe ɖe nya sia dzi na mí be: “Mègawɔ nu be nàdze amegbetɔ ŋu o. Màva dze ame aɖeke ŋu mlɔeba o. Dze Yehowa ŋu, eye adze amesiwo katã lɔ̃ Yehowa ŋu.”

Wodze mɔzɔzɔdɔa wɔwɔ gɔme le October 1942 me. Mí amesiwo le Betel la dometɔ aɖewo kpɔa gome le eme le kwasiɖanuwuwu aɖewo me, ɖasrãa hame siwo nɔ kilometa 400 ƒe nuto me le New York City la kpɔna. Míetoa hamea ƒe gbeƒãɖeɖedɔwɔnawo kple kpekpewo dede ƒe nuŋlɔɖiwo me, wɔa kpekpe kple amesiwo kpɔa hame ƒe dɔwo dzi, naa nuƒo ɖeka alo eve, eye míeyia gbeadzi kple Ðasefo siwo le afima.

Le ƒe 1944 me la, menɔ amesiwo woɖe tso Subɔsubɔdɔdzikpɔƒea be woaɖa wɔ ɣleti ade ƒe mɔzɔzɔdɔa la dome, míeyi ɖasubɔ le Delaware, Maryland, Pennsylvania, kple Virginia. Emegbe le ɣleti ʋɛ aɖewo me la, meyi ɖasrã hame siwo le Connecticut, Massachusetts, kple Rhode Island, kpɔ. Esi metrɔ gbɔ va Betel emegbe la, mewɔ dɔ ɣeyiɣi aɖe kple Nɔviŋutsu Knorr kple eƒe agbalẽŋlɔla Milton Henschel, afisiae meva nya nu tso xexeame katã ƒe dɔa ŋu nyuie le. Mewɔ dɔ ɣeyiɣi aɖe hã le Gadzikpɔƒea, le W. E. Van Amburgh kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Grant Suiter, te. Emegbe le ƒe 1946 me la, woɖom dɔwɔƒe vovovo dzikpɔlae le Betel.

Tɔtrɔ Gãwo le Nye Agbe Me

Esime menɔ hamewo subɔm le ƒe 1945 me la, meva dze si Julia Charnauskas le Providence, Rhode Island. Kaka wòaɖo ƒe 1947 ƒe domedome la, míedzra ɖo be míaɖe mía nɔewo. Melɔ̃ Betel-subɔsubɔdɔ vevie, gake le ɣemaɣiwo me la, ɖoɖo aɖeke meli be nàkplɔ srɔ̃wò vɛ woava wɔ dɔ o. Eyata le January 1948 me la, medzo le Betel, eye mía kple Julia (Julie) míeɖe mía nɔewo. Mekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ nɔ wɔwɔm le fiase aɖe me le Providence eye mí ame evea míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme ɖekae.

Le September 1949 me la, woyɔm be mava wɔ nutome sue dzikpɔkpɔ ƒe dɔ le Wisconsin ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Tɔtrɔ gã aɖee wònye na mía kple Julie be míaɖe gbeƒã le afisi duawo ƒe akpa gãtɔwo nye du suesuewo kple kɔƒe siwo me wotrɔa asi le nyinotsi ŋu le. Vuvɔŋɔliawo didina hefana ŋutɔ, eye yame ƒe fafa nɔa Celsius –20 lɔƒo kwasiɖa geɖe tsɔ kpe ɖe sno gbogbo aɖewo ŋu. Ʋu menɔ mía si o. Gake míekpɔa ame aɖe wòkɔna mí yia hame bubu mee ɣesiaɣi.

Le nye nutome sue dɔa wɔwɔ ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, míewɔ nutome sue takpekpe. Meɖo ŋku edzi be menɔ ŋku lém ɖe dɔ ɖesiaɖe ŋu tututu be makpɔ egbɔ be nusianu le edzi yim pɛpɛpɛ, si wɔe be nɔvi aɖewo tsi dzodzodzoe. Esia na nutome gã dzikpɔla, Nicholas Kovalak, tsɔ tufafa ɖe eme nam be nɔviawo ŋutɔwo kpɔa nuwo gbɔ le mɔ si ma wo nu eye mehiã be makpɔ gome le nuwo gbɔ kpɔkpɔ me tsitotsito nenema gbegbe o. Aɖaŋuɖoɖo sia kpe ɖe ŋunye le dɔdasi geɖewo gbɔ kpɔkpɔ me vaseɖe egbea.

Le ƒe 1950 me la, wode ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ asi nam—be makpɔ xɔdidi na takpekpevalawo dzi, si va nye takpekpe gã gbogbo siwo míewɔ le Yankee Stadium le New York City la ƒe gbãtɔ. Takpekpea, si me amewo tso dukɔ 67 me va eye míekpɔ vavalawo ƒe gbogbotɔ kekeake si nye 123,707 la, do dzidzɔ na ame tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu ale gbegbe! Le takpekpea megbe la mía kple Julie míeyi mɔzɔzɔdɔa dzi. Dzi nɔ mía dzɔm nyuie le nutome sue dɔa wɔwɔ me. Ke hã míese le mía ɖokui me be míate ŋu ayi edzi atsɔ mía ɖokui anɔ nanam faa ɣesiaɣi. Eyata ƒe sia ƒe la míekpea dɔbiagbalẽ ɖo na Betel-subɔsubɔdɔ kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ. Le ƒe 1952 me la, dzi dzɔ mí be wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 20 lia, afisi miexɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe hehe le.

Subɔsubɔ le Duta

Esi míewu suku nu le ƒe 1953 me la, woɖo mí ɖe Britain, eye mewɔ nutome gã dzikpɔkpɔdɔa le England. Esi míekpɔ xɔ ƒe ɖeka le dɔ sia si me mía kple Julie míese vivi le ŋutɔ me o ta la, dɔ yeye si míexɔ be míayi Denmark wɔ nuku na mí. Eva hiã be ame bubu nakpɔ alɔdzedɔwɔƒea si le Denmark dzi. Esi mete ɖe wo gbɔ eye mexɔ hehe le dɔ sia dzi kpɔkpɔ me le Brooklyn ta la, woɖom ɖa be maɖakpe asi ɖe wo ŋu. Míeɖo meli yi Netherlands, eye míeɖo keteke tso afima yi Copenhagen, Denmark. Míeɖo le August 9, 1954 dzi.

Kuxi siwo gbɔ wole be míakpɔ ɣemaɣi dometɔ ɖekae nye be nɔvi siwo le agbanɔamedzi nɔƒe dometɔ ʋɛ aɖewo gbe mɔfiafia si tso dɔwɔƒegã si le Brooklyn gbɔ la xɔxɔ. Gakpe ɖe eŋu la, ame ene siwo ɖea míaƒe agbalẽ gɔme yia Denmarkgbe me dometɔ etɔ̃ dzo le Betel eye mlɔeba la wova dzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo. Gake Yehowa se míaƒe gbedodoɖawo. Mɔɖela eve, siwo nye Jørgen kple Anna Larsen siwo nɔ ɣeyiɣi aɖe zãm nɔ gbe gɔme ɖem na mí la tsɔ wo ɖokui na ewɔwɔ ɣeyiɣiawo katã. Eyata míaƒe magazineawo gɔmeɖeɖe ɖe Denmarkgbe me yi edzi eye míeda wo dometɔ aɖeke ƒu kpɔ o. Larsen-ƒomea gakpɔtɔ le Denmark Betel, Jørgen nye Alɔdzekɔmitia ƒe zimenɔla.

Nusi dea dzi ƒo na mí vevie le ɣeyiɣi mawo mee nye Nɔviŋutsu Knorr ƒe sasrãkpɔ edziedzia. Evona ɖe ame ŋu ɖoa dze kple ame, hegblɔa nuteƒekpɔkpɔ siwo akpe ɖe ame ŋu wòakpɔ kuxiwo gbɔ la na mí. Le eƒe sasrãkpɔ aɖe me le ƒe 1955 me la, woɖoe be woatu alɔdzedɔwɔƒe yeye le Denmark si me agbalẽtamɔ̃wo anɔ ale be míate ŋu ata magazinewo ɖe Denmarkgbe me. Woƒle anyigba aɖe le Copenhagen ƒe dziehe nutome, eye kaka dzomeŋɔli naɖo le ƒe 1957 me la, míeʋu yi aƒe yeyea me. Harry Johnson, kple srɔ̃a, Karin siwo va Denmark le Gilead ƒe klass 26 lia nuwuwu megbe la, kpe ɖe mía ŋu woɖi agbalẽtamɔ̃a wònɔ dɔ wɔm.

Míetrɔ asi le ɖoɖo si nɔ mía si na takpekpe gãwo wɔwɔ le Denmark ŋu, eye nuteƒekpɔkpɔ si su asinye le dɔwɔwɔ le takpekpewo me le United States kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Le ƒe 1961 me la, dukɔwo dome takpekpe si míewɔ le Copenhagen na míexɔ takpekpe vala siwo tso dukɔ siwo wu 30 me. Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeake nɔ ame 33,513. Le ƒe 1969 me la míewɔ takpekpe si va dze ƒã be enye gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ le Scandinavia, si me vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ nye ame 42,073!

Le ƒe 1963 me la, wokpem be mava de Gilead ƒe klass 38 lia. Esia nye ɣleti ewo ƒe hehenana si ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ ana hehe alɔdzedɔwɔƒea dzikpɔlawo. Enye dzidzɔ nam be magawɔ ɖeka kple Brooklyn Betel ƒomea ake eye magaɖe vi tso amesiwo le dɔ wɔm ƒe geɖe le dɔwɔƒegã la gbɔ.

Le hehe sia xɔxɔ megbe la, megbugbɔ yi Denmark be makpɔ dɔ siwo le afima dzi. Hekpe ɖe eŋu la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ abe alɔdzewo dzikpɔla ene, nɔ alɔdzewo srãm kpɔ le ɣetoɖoƒe kple dziehe Europa be made dzi ƒo na amesiwo le dɔ wɔm le afima eye makpe ɖe wo ŋu woate ŋu akpɔ woƒe dɔwo gbɔ. Mewɔ dɔ sia nyitsɔ laa le Ɣetoɖoƒe Afrika kple Carib nutowo me.

Le ƒe 1970-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, nɔvi siwo nɔ Denmark va dze teƒe didi hena afisi woatu dɔwɔƒe si lolo wu ɖo be woadzi gbegɔmeɖeɖe kple agbalẽtata ɖe edzi. Wokpɔ anyigba nyui aɖe si gbɔ didi kilometa 60 tso Copenhagen ƒe ɣetoɖoƒe. Mía kple ame bubuwo míede aɖaŋu le dɔwɔƒe yeyea tutu kple nɔnɔme si me wòanɔ ŋu, eye mía kple Julie míenɔ mɔ kpɔm na anyinɔnɔ kple Betel-ƒomea le aƒe yeyea me. Gake nuwo meva yi nenema o.

Míetrɔ Yi Brooklyn

Le November 1980 me la, woyɔ mía kple Julie be míava Betel le Brooklyn, eye míeɖo afima le January ƒe gɔmedzedzea le ƒe 1981 me. Le ɣemaɣi me la, míenɔ míaƒe ƒe 50-awo ƒe nuwuwu me, eye esi míesubɔ kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu lɔlɔ̃awo míaƒe agbenɔƒe ƒe afa le Denmark megbe la, menɔ bɔbɔe na mí be míatrɔ ayi United States o. Ke hã míeku ɖe afisi dze mía ŋu ŋu o, ke boŋ míedze agbagba be míaƒe susu nanɔ míaƒe dɔdasia kple kuxi ɖesiaɖe si wòahe vɛ na mí ŋu.

Míeɖo Brooklyn eye míenɔ afima. Woɖo Julie ɖe gadzikpɔƒe, eye wònɔ dɔ si tɔgbe wòwɔ le Denmark la wɔm. Wode dɔ asi nam le Agbalẽŋɔŋlɔdɔwɔƒe la be makpe asi ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe agbalẽwo ŋu kple wo wɔwɔ ŋu. Ƒe 1980 ƒe gɔmedzedzea nye tɔtrɔɣi le dɔwɔwɔmɔnu si wozãna le Brooklyn me, elabena míeɖe asi le nuŋlɔmɔ̃ kple nuŋɔŋlɔ ɖoɖo ɖe tsumi dzi ŋu va le kɔmpiuta kple nuŋɔŋlɔ ɖe agba falɛ dzi ahaɖe ɖe aŋeto dzi hafi aɖe ɖe agbalẽ dzi si me amadedewo katã le zãm. Nyemenya naneke tso kɔmpiuta ŋu o, gake menya alesi wowɔa ɖoɖo ɖe dɔ ŋu kple alesi wowɔa dɔ kple amewo.

Esia megbe kpuie la, eva hiã be woado ŋusẽ ɖoɖo si wowɔ na Nutata Dɔwɔƒea esi míetrɔ ɖe amadedewo katã zazã le agbalẽtata kple nɔnɔmetatawo me ŋu. Togbɔ be nutata ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖeke menɔ asinye o hã la, mete ŋu kpe asi ɖe ɖoɖowɔwɔ ŋu. Eyata dɔwɔƒe ma dzi kpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ su asinye ƒe asieke.

Le ƒe 1992 me la, wode dɔ asi nam be makpe asi ɖe Dziɖuha ƒe Agbalẽtakɔmiti la ŋu eye woɖom ɖe Gadzikpɔƒea. Le afisia la, meyi edzi subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe ganyawo gbɔ kpɔkpɔ me.

Subɔsubɔ tso Nye Ðevime

Tso nye ɖevime kple nye 70 ƒe ɖokuitsɔtsɔna me la, Yehowa fia num dzigbɔɖitɔe to eƒe Nya, Biblia, kple nɔvi siwo kpena ɖe ame ŋu le eƒe habɔbɔ wɔnuku la me dzi. Metsɔ ƒe 63 kple edzivɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae eye mía kple srɔ̃nye wɔnuteƒe Julie míeza ƒe 55 kple edzivɔ le ƒe mawo me ɖekae. Nyateƒee, mese le ɖokuinye me be Yehowa yram ŋutɔ.

Gbaɖegbe ʋĩ le ƒe 1940 me, esime medzo le aƒeme heƒo ɖokuinye ɖe mɔɖeɖedɔa me la, fofonye ɖu fewu le nye tameɖoɖo ŋu gblɔ be: “Vi, ne èyi nusia gbe la, megabu be yeate ŋu atrɔ ava gbɔnye be mana kpekpeɖeŋu aɖeke ye o.” Medzɔ ɖe dzinye kpɔ be mawɔ esia le ƒe siwo katã va yi me o. Yehowa toa hati Kristotɔwo dzi naa nusiwo katã mehiã lam wògbaa go zi geɖe. Emegbe fofonye va de bubu míaƒe dɔa ŋu, eye wòwɔ ŋgɔyiyi aɖewo gɔ̃ hã le Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ me hafi ku le ƒe 1972 me. Dada si si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ nɔ la yi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 1985 me, esime wòxɔ ƒe 102.

Togbɔ be kuxiwo doa mo ɖa le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me hã la, mewɔ na mía kple Julie kpɔ be míaɖe asi le míaƒe dɔa ŋu o. Yehowa lé mí ɖe te le míaƒe tameɖoɖo kplikpaa sia me. Esime dzinyelawo nɔ tsitsim eye wohiã kpekpeɖeŋu gɔ̃ hã la, nɔvinyenyɔnu, Victoria Marlin, yi ɖakpɔ wo dzi dɔmenyotɔe. Míedaa akpe nɛ ɖe kpekpeɖeŋu si wona la ta, si wɔe be míete ŋu yi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi.

Julie kpe ɖe ŋunye nuteƒewɔwɔtɔe le nye dɔdasiwo katã me hetsɔe abe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe akpa aɖe ene. Eye togbɔ be mexɔ ƒe 80 eye lãmegbegblẽ ɖea fu nam hã la, mesena le ɖokuinye me be Yehowa yram ŋutɔ. Mekpɔ dzideƒoname geɖe le hakpala la ƒe nya me, amesi esi wòɖe gbeƒã be Mawu fia nu ye tso yeƒe ɖevime vɔ megbe la, ɖe kuku be, ‘Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku me, vaseɖe esime maɖe gbeƒã wò ŋusẽ na megbeviwo.’—Psalmo 71:17, 18.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Warren tsea enye Milton Henschel, si subɔ ƒe geɖe le Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Mía kple Dada le ƒe 1940 me esime medze mɔɖeɖedɔa gɔme

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple hanyeti mɔɖelawo Joe kpakple Magaret Hart

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le míaƒe srɔ̃ɖeŋkekea dzi le January 1948 me

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Le ƒe 1953 me, mía kple Gilead sukuxɔmehatiwo. Tso miame yi ɖusime: Don kple Virginia Ward, Geertruida Stegenga, mía kple Julie

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple Frederick W. Franz kple Nathan H. Knorr le Copenhagen, Denmark, 1961

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple Julie egbea