Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo

Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo

Ðe Gbeƒã Be Nàwɔ Nusrɔ̃lawo

“Esi Akwila kple Priskila woɖo [to Apolo] la, wokplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fiae kɔte wu tsãtɔ.”​—DƆWƆWƆWO 18:26.

1. Togbɔ be Apolo nye amesi ‘xɔ dzo le gbɔgbɔ me’ hã la, nukae Apolo hiã?

PRISKILA kple Akwila, siwo nye srɔ̃tɔ Kristotɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me, kpɔ Apolo wònɔ nuƒo aɖe ƒom le ƒuƒoƒe aɖe le Efeso dugã me. Apolo ƒe nuƒo wɔdɔɖeamedzia kple kakaɖedzinya sẽŋuawo na eƒe nyaselawo nɔ to ɖomii vevie. Enye amesi ‘xɔ dzo le gbɔgbɔ me,’ eye “wòfia Yesu ŋutinya pɛpɛpɛ.” Gake edze ƒã be ‘Yohanes ƒe amenyɔnyrɔɖetsime ŋu koe’ Apolo ‘nya nu tsoe.’ Nusi Apolo ɖe gbeƒãe ku ɖe Kristo ŋu nye nyateƒe gake mede ŋgɔ o. Kuxiae nye be mede tututu o. Ehiã be Apolo nadzi sidzedze si le esi ku ɖe akpa si wɔm Yesu Kristo le le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava me ŋuti ɖe edzi.—Dɔwɔwɔwo 18:24-26.

2. Dɔ sesẽ kae Priskila kple Akwila lɔ̃ be yewoawɔ?

2 Ðikekemanɔmee la, Priskila kple Akwila tsɔ wo ɖokui na be yewoakpe ɖe Apolo ŋu wòazu amesi ate ŋu awɔ ɖe “nusiwo katã” Kristo ɖo la dzi. (Mateo 28:19, 20) Nuŋlɔɖia gblɔ be wokplɔ Apolo “va wo ɖokui gbɔe, eye woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fiae kɔte wu tsãtɔ.” Gake Apolo ŋu nya aɖewo li si awɔe be Kristotɔ aɖewo madi be yewoafia nui o. Woawoe nye kawo? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso agbagba si Priskila kple Akwila dze be yewoadzro Ŋɔŋlɔawo me kple Apolo me? Aleke ŋutinyamenuŋlɔɖi sia me dzodzro ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo susu aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze ŋui?

Wò Ŋku Nenɔ Amewo Ŋu

3. Nukatae amesi ƒomevi Apolo nye mexe mɔ na Priskila kple Akwila be woafia nui o?

3 Togbɔ be Apolo nye Yuda-vi dzidzi hã la, edze ƒã be Alexandria dugã mee wonyii le. Ɣemaɣi la, Alexandria nye Egipte ƒe fiadu kple afisi suku kɔkɔ, si me agbalẽdzraɖoƒe gã xɔŋkɔ aɖe nɔ. Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ dugãa me, tsɔ kpe ɖe agbalẽnyalawo ŋu. Esiae wɔe be wote ŋu ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo si gɔme woɖe ɖe Helagbe me heyɔ be Septuagint la gɔme le afima. Eyata mewɔ nuku be Apolo ‘sẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me’ o! Akwila kple Priskila nye avɔgbadɔwɔlawo. Ðe Apolo ƒe bibi ɖe nuƒoƒo me na vɔvɔ̃ ɖo woa? Ao. Le lɔlɔ̃ si le wo si ta la, woƒe susu nɔ amea, eƒe nuhiahiãwo, kple alesi woate ŋu akpe ɖe eŋui ŋu.

4. Afikae Apolo xɔ kpekpeɖeŋu si wòhiã la le eye aleke wòwɔ ka esi?

4 Aleke kee Apolo bi ɖe nuƒoƒo mee o, ehiã be woafia nui. Menye yunivɛsiti aɖeke mee woakpɔ kpekpeɖeŋu si wòhiã la le o ke boŋ wokpɔe le Kristo-hamea me tɔwo gbɔ. Nya vevi aɖewo siwo akpe ɖe Apolo ŋu wòase ɖoɖo si Mawu wɔ hena agbekpɔkpɔ gɔme nyuie wu la mee wòava se. Priskila kple Akwila ‘kplɔe va wo ɖokui gbɔ, eye woɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fiae kɔte wu tsãtɔ.’

5. Nya kae nàte ŋu agblɔ tso Priskila kple Akwila ƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu?

5 Priskila kple Akwila nye amesiwo sẽŋu le gbɔgbɔ me eye woli ke nyuie le xɔse me. Anɔ eme be ‘wonɔa klalo ɣesiaɣi be yewoaɖo nya ŋu na amesiame si abia mɔkpɔkpɔ, si le wo si la ŋuti nya aɖe wo,’ metsɔ le eme be amea nye kesinɔtɔ, ame dahe, agbalẽnyala, alo kluvi o. (Petro I, 3:15) Akwila kple srɔ̃a te ŋu ‘wɔ nyateƒenya la ŋudɔ nyuie.’ (Timoteo II, 2:15) Edze ƒã be, wonye amesiwo srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo moveviɖoɖotɔe. Nufiame si wotu ɖe ‘Mawu ƒe nya, si le agbe hesẽa ŋu’ dzi la wɔ dɔ ɖe Apolo dzi ale gbegbe eye wòʋã eƒe dzi.—Hebritɔwo 4:12.

6. Aleke míewɔ nya be Apolo kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wòxɔ ŋu?

6 Apolo kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nufialawo ƒe kpɔɖeŋua ŋu eye wòva bi ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ me wu. Ezã eƒe sidzedzea le nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa me wòɖe vi bliboe, vevietɔ le Yudatɔwo dome. Apolo bi ŋutɔ le Kristo ŋuti nya me ɖeɖe na Yudatɔwo aɖaŋutɔe me. Esi “wòsẽa ŋu le ŋɔŋlɔawo me” ta la, ete ŋu ɖee fia wo be blema nyagblɔɖilawo katã kpɔ mɔ na Kristo la ƒe vava. (Dɔwɔwɔwo 18:24) Nuŋlɔɖia gblɔ kpee be emegbe Apolo yi Axaya, eye ‘wòkpe ɖe xɔsetɔwo ŋu geɖe to amenuveve me; elabena etsɔ ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòto ŋɔŋlɔ la me fia nu le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la.’—Dɔwɔwɔwo 18:27, 28.

Srɔ̃ Nu tso Nufiala Bubuwo ƒe Kpɔɖeŋu Me

7. Aleke Akwila kple Priskila wɔ va zu nufiala bibiwo?

7 Aleke Akwila kple Priskila wɔ va zu Mawu ƒe Nya la fiala bibiwo? Tsɔ kpe ɖe woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede moveviɖoɖotɔe ŋu la, woƒe hadede kplikplikpli kple apostolo Paulo anya kpe ɖe wo ŋu geɖe. Ɣleti 18 sɔŋ ye Paulo nɔ Priskila kple Akwila ƒe aƒeme le Korinto. Wowɔ dɔ ɖekae nɔ avɔgbadɔwo wɔm henɔ wo dzram ɖo. (Dɔwɔwɔwo 18:2, 3) Bu Ŋɔŋlɔawo me dzeɖoɖo deto si anya yi dzi le wo dome ŋu kpɔ ko. Eye aleke gbegbee hadede kple Paulo ado woƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖe ŋgɔe nye si! Lododowo 13:20 gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” Hadede nyui kpɔ ŋusẽ nyui ɖe woƒe gbɔgbɔmenɔnɔmewo dzi.—Korintotɔwo I, 15:33.

8. Nukae Priskila kple Akwila srɔ̃ tso ŋkuléle ɖe Paulo ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me me?

8 Esi Priskila kple Akwila lé ŋku ɖe Paulo ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu la, wokpɔe be enye nufiala nyui aɖe. Dɔwɔwɔwo me nuŋlɔɖia gblɔ be Paulo ‘ƒoa nu le ƒuƒoƒe la le Korinto le Sabat sia Sabat dzi eye wòdzroa nu me kple Yudatɔwo kple Helatɔwo ale be wotrɔa woƒe susu.’ Emegbe, esi Sila kple Timoteo va kpe ɖe eŋu la, Paulo “lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na Yudatɔwo bena, Yesu ye nye Kristo.” Esi ƒuƒoƒea me tɔwo metsɔ ɖeke le eme boo o la, Priskila kple Akwila de dzesii be Paulo ʋu yi afisi woaɖo to eƒe gbeƒãɖeɖea le wu, si nye aƒe aɖe si tsiã ɖe ƒuƒoƒea nu. Le afima la, Paulo te ŋu kpe ɖe Krispo, “ƒuƒoƒe la ƒe amegã,” ŋu wòva zu nusrɔ̃la. Anɔ eme be, Priskila kple Akwila de dzesii be ame ma wɔwɔ nusrɔ̃lae kpɔ ŋusẽ nyui ɖe anyigbamamaa dzi hena dɔa tse ku. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Krispo kple eƒeme katã woxɔ Aƒetɔ la dzi se; eye Korintotɔwo dome ame geɖe, siwo ɖo toe la, xɔe se, eye wonyrɔ wo.’—Dɔwɔwɔwo 18:4-8.

9. Aleke Priskila kple Akwila wɔ nu ɖe Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋui?

9 Fiaɖuƒegbeƒãɖela bubuwo, abe Priskila kple Akwila ene, srɔ̃ kpɔɖeŋu si Paulo ɖo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Apostoloa xlɔ̃ nu Kristotɔ bubuwo be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.” (Korintotɔwo I, 11:1) Le ɖekawɔwɔ me kple Paulo ƒe kpɔɖeŋua la, Priskila kple Akwila kpe ɖe Apolo ŋu be wòase Kristotɔwo ƒe nufiafiawo me nyuie wu. Eya hã kpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ðikeke mele eme o be Priskila kple Akwila kpe asi ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ ŋu le Roma, Korinto, kple Efeso.—Dɔwɔwɔwo 18:1, 2, 18, 19; Romatɔwo 16:3-5.

10. Nukae nèsrɔ̃ tso Dɔwɔwɔwo ta 18 me si akpe ɖe ŋuwò le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me?

10 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Dɔwɔwɔwo ta 18 si me míedzro la me? Abe alesi ko Akwila kple Priskila anya srɔ̃ nu tso Paulo gbɔe ene la, míate ŋu atu míaƒe nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe ŋutete ɖo ɖe edzi to Mawu ƒe Nya fiala bibiwo ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ me. Míate ŋu ade ha kple amesiwo “lé nya la me ŋutɔ hele ɖase ɖim na” amewo la. (Dɔwɔwɔwo 18:5) Míate ŋu alé ŋku ɖe alesi wòɖoa amewo ƒe dzi gbɔe to nufiafiaɖaŋu siwo me kakaɖedzinamenyawo le la zazã me ŋu. Aɖaŋu siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nusrɔ̃lawo. Ne míele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe la, míate ŋu adoe ɖa be wòakpe eƒe ƒomea me tɔ bubuwo alo aƒelikawo be woakpɔ gome le nusɔsrɔ̃a me. Alo míate ŋu abiae be wòana míanya ame bubu siwo gbɔ míate ŋu ado Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖo.—Dɔwɔwɔwo 18:6-8.

Di Mɔnukpɔkpɔwo Nàtsɔ Awɔ Nusrɔ̃lawoe

11. Afikae míate ŋu akpɔ nusrɔ̃la yeyewo le?

11 Paulo kple ehati Kristotɔwo dze agbagba be yewoawɔ nusrɔ̃lawo to gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme, le asiwo me, kple le woƒe mɔzɔzɔwo me me—ne míagblɔe tututu la, le afisiafi. Abe Fiaɖuƒedɔwɔla veviedonula si le didim be yeawɔ nusrɔ̃lawo ene la, ɖe nàte ŋu akeke wò gbeadzisubɔsubɔ dɔwɔnawo ɖe enua? Ðe nàte ŋu awɔ amesiwo dze la didi ƒe mɔnukpɔkpɔawo ŋudɔ nyuie ahaɖe gbeƒã na woa? Mɔ siwo dzi mía hati nyanyuigbeƒãɖelawo to ke ɖe nusrɔ̃lawo ŋu dometɔ aɖewo ɖe? Mina míatrɔ ɖe telefon dzi ɖaseɖiɖi ŋu gbã.

12-14. Gblɔ wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔ alo esiwo wogblɔ le memama siawo me la dometɔ ɖeka nàtsɔ awɔ viɖe siwo le telefon dzi ɖaseɖiɖi ŋu ƒe kpɔɖeŋui.

12 Esi Kristotɔ aɖe si míayɔ be Maria nɔ ɖase ɖim tso aƒeme yi aƒeme le Brazil la, etsɔ trakt aɖe na ɖetugbi aɖe si le go dom le aƒeme. Maria zã trakt la ƒe tanya tsɔ wɔ ŋgɔdonyae hebia be: “Àdi be yeanya nu geɖe tso Biblia ŋua?” Ðetugbia ɖo eŋu be: “Adzɔ dzi nam hafi. Gake kuxiae nye be nufialae menye, eye nufiafiadɔa xɔa nye ɣeyiɣiawo katã.” Maria ɖe eme be yewoate ŋu adzro Biblia me nyatiwo me le telefon dzi. Nyɔnua tsɔ eƒe telefon xexlẽdzesi na Maria, eye le fiẽ ma ke me la, eɖo nusɔsrɔ̃ gɔme anyi le telefon dzi le agbalẽ gbadza si nye Nukae Mawu Di tso Mía Si? * me.

13 Esime ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si le Ethiopia nɔ ɖase ɖim le telefon dzi la, ewɔ nuku nɛ be le nuƒoƒo kple ŋutsu aɖe me la yenɔ hoowɔwɔ aɖe sem tso afisi ŋutsua le. Ŋutsua bia be wòaƒo ka la ɣebubuɣi. Esi wògaƒo ka ake la, ŋutsua ɖe kuku nɛ hegblɔ be esime wòƒo kaa do ŋgɔ la, ye kple ye srɔ̃ yewo nɔ nya ʋlim vevie. Nɔvinyɔnua tsɔ nya sia si wòse la be enye mɔnukpɔkpɔ si dzi yeanɔ te ɖo ahe susu ayi Biblia ƒe mɔfiame nyui si wotsɔ kpɔa ƒomekuxiwo gbɔe dzi. Egblɔ nɛ be agbalẽ si nye Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona, si Yehowa Ðasefowo ta la, kpe ɖe ƒome geɖe ŋu. Esi nɔvinyɔnua tsɔ agbalẽa yi nɛ le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, egaƒo ka na ŋutsua ake. Ŋutsua gblɔ be: “Agbalẽ sia kpɔ nye srɔ̃ɖeɖe ta!” Le nyateƒe me la, ekpe kple eƒe ƒomea be wòagblɔ nu nyui siwo wòxlẽ le agbalẽa me na wo. Wodze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme kple ŋutsua eye eteƒe medidi o ete Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi.

14 Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖe si le Denmark si to ɖaseɖiɖi le telefon dzi dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme gblɔ be: “Subɔsubɔdɔ dzikpɔlaa de dzi ƒo nam be makpɔ gome le telefon dzi ɖaseɖiɖi me. Gbã la, mehe ɖe megbe, gblɔ be: ‘Ema medzɔa dzi nam o.’ Gake gbeɖeka la, melé dzi ɖe ƒo heƒo ka na ame gbãtɔ. Sonja xɔ kaƒoƒoa eye le dzeɖoɖo kpui aɖe megbe la, elɔ̃ be yeaxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ. Fiẽ aɖe la, míeɖo dze tso nuwɔwɔwo ŋu, eye wòdi be yeaxlẽ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation. * Megblɔ nɛ be anyo ŋutɔ be mía kpli míado go ŋkume kple ŋkume adzro nyatia me. Elɔ̃. Kaka maɖo la, Sonja dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu, eye tso gbemagbe la, míesrɔ̃a nu kwasiɖa ɖesiaɖe.” Mía nɔvinyɔnu Kristotɔa ƒo eta be: “Ƒe geɖe enye ma si medoa gbe ɖa be Biblia-nusɔsrɔ̃ aɖe nanɔ asinye, gake nyemebui be makpɔ ɖe to ɖaseɖiɖi le telefon dzi o.”

15, 16. Nuteƒekpɔkpɔ kawo nàte ŋu agblɔ atsɔ afia viɖe si le ŋudzɔnɔnɔ ɖe mɔ vovovo siwo nu míate ŋu adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme atoe ŋu me?

15 Ame geɖe le dzidzedze kpɔm le esi wotsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo wona be míaɖi ɖase na amewo le afisiafi si wole la de dɔwɔna me ta. Nyɔnu Kristotɔ aɖe si le United States tɔ eƒe ʋu ɖe bɔs aɖe xa le ʋutɔɖoƒe aɖe. Esi nɔvinyɔnua kpɔ be nyɔnu aɖe si le bɔsua me kpɔ ye la, ete alesi míaƒe Biblia-fiafiadɔa le la me ɖeɖe nɛ. Nyɔnua ɖo toe, heɖi le bɔsua me, eye wòte ɖe nɔvinyɔnua ƒe ʋua ŋu. Egblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nètɔ ƒo nu kplim. Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si nye asi megasu miaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke dzi kpɔ o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, medi be magasrɔ̃ Biblia ake. Àsrɔ̃e kplima?” Aleae mía nɔvinyɔnua di mɔnukpɔkpɔ si sɔ tsɔ gblɔ nyanyuiae.

16 Nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la su nɔvinyɔnu aɖe si le United States si esime wòyi ɖasrã dɔnɔdzikpɔƒe aɖe kpɔ: Eyi dɔnɔdzikpɔƒe aɖe eye wòte ɖe afima dɔwɔna aɖewo dzikpɔla ŋu hegblɔ nɛ be yeadi be yeatsɔ ye ɖokui ana akpe asi ɖe amesiwo le afima ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Mía nɔvinyɔnua gblɔ kpee be adzɔ dzi na ye be yewoawɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ femaxee kple amesiwo katã adii nenema. Dɔdzikpɔla la na mɔe be wòayi amewo gbɔ le xɔ vovovoawo me. Eteƒe medidi o, enɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm zi etɔ̃ le kwasiɖa me kple ame 26, siwo dometɔ ɖeka te ŋu dea míaƒe kpekpewo edziedzi.

17. Mɔnu kae ɖea vi zi geɖe le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔmedzedze me?

17 Le Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo gome la, Biblia-nusɔsrɔ̃ dodo ɖe amewo gbɔ tẽ ɖea vi geɖe. Ŋdi aɖe la, hame aɖe si me gbeƒãɖela 105 le dze agbagba vevie be yewoado Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe aƒemenɔla ɖesiaɖe si woatu la gbɔ. Gbeƒãɖela 86 kpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, eye le gaƒoƒo eve zazã le gbeƒãɖeɖedɔa me megbe la, wokpɔe be yewote ŋu dze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye 15 ya teti gɔme.

Yi Edzi Nànɔ Amesiwo Dze la Dim

18, 19. Yesu ƒe mɔfiame vevi kae wòle be míalé ɖe susu me, eye le ema ta, nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

18 Abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela ene la, àdi be yeate aɖaŋuɖoɖo siwo wona le nyati sia me akpɔ. Le nyateƒe me la, nunya anɔ eme be míabu dekɔnuwo ŋu ne míele ɖaseɖiɖi mɔnuwo ŋu bum. Ƒo wo katã ta la, mina mɔfiame si Yesu na nanɔ susu me na mí be míadi amesiwo dze ahakpe ɖe ame mawo ŋu be woava zu nusrɔ̃lawo.—Mateo 10:11; 28:19.

19 Be esia nava eme la, mina ‘míawɔ nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ.’ Míate ŋu awɔ esia to kakaɖedzinamenya siwo wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi bliboe la zazã me. Esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖo amesiwo xɔa nyaa ƒe dzi gbɔ wòaʋã wo be woadee nuwɔna me. To ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu gbedodoɖatɔe me la, míate ŋu akpe ɖe ame aɖewo ŋu be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Eye aleke gbegbee dɔ sia naa dzidzemee enye si! Eyata mina ‘míawɔ mía tɔ sinua ahaɖee fia be míenye amesiwo ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze le,’ anɔ bubu dem Yehowa ŋu ɣesiaɣi abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonula, siwo ɖea gbeƒã kple taɖodzinu be míawɔ nusrɔ̃lawo ene.—Timoteo II, 2:15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae.

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòhiã be woaɖe Mawu ƒe mɔ gɔme afia Apolo nyuie wu?

• Mɔ kawo nue Priskila kple Akwila srɔ̃ nu tso apostolo Paulo gbɔ le?

• Nukae nèsrɔ̃ ku ɖe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋu tso Dɔwɔwɔwo ta 18 me?

• Aleke nàte ŋu adi mɔnukpɔkpɔwo atsɔ awɔ nusrɔ̃lawoe?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Priskila kple Akwila ‘ɖe Mawu ƒe mɔ gɔme fia’ Apolo ‘nyuie wu’

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Apolo va bi ɖe nusrɔ̃lawo wɔwɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Paulo ɖe gbeƒã le afisiafi si wòyi

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Di mɔnukpɔkpɔwo nàtsɔ aɖe gbeƒãe