Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Aleke Gbegbee Mawu Ƒe Nya Sẽa Ŋui Enye Si!”

“Aleke Gbegbee Mawu Ƒe Nya Sẽa Ŋui Enye Si!”

“Aleke Gbegbee Mawu Ƒe Nya Sẽa Ŋui Enye Si!”

“MAWU ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Le kpeɖoɖo ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu dzi me la, 2003 Calendar of Jehovah’s Witnesses (Yehowa Ðasefowo ƒe ƒe 2003 Ɣletigbalẽ) ƒo nu tso ame ade ƒe agbemeŋutinya ŋutɔŋutɔwo ŋu siwo tso xexeame ƒe teƒe vovovowo. Le tanya si nye “Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia” te la, ɣletigbalẽa ɖe alesi Yehowa Ðasefowo ƒe nufiafiadɔa kpena ɖe amewo ŋu be woƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, woaɖe asi le agbenɔnɔ si gblẽa nu le ame ŋu ŋu, ahado ŋusẽ woƒe ƒomegbenɔnɔ, eye woatu ƒomedodo ɖo kple Mawu la fia.

Míexɔ ƒe 2003 ɣletigbalẽa ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔ lɛta gbogbo aɖewo. Wo me nya aɖewoe nye si:

“Ɣletigbalẽ sia nye ɖaseɖiɖi na Kristotɔ vavãwo be ame aɖewo hã li siwo wòle na be woado vevie nu aʋli xɔse la ta abe woawo ke ene. Woate ŋu akpɔ fotoawo azɔ wòanye tɔtrɔ siwo ame aɖewo wɔ la ƒe ŋkuɖodzi.”—Steven, United States.

“Medi vevie be maŋlɔ nya ʋɛ siawo atsɔ ana mianya alesi gbegbe ƒe 2003 ƒe ɣletigbalẽa wɔ dɔ ɖe dzinyee. Ɣletigbalẽ aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe dzinye alea gbegbe kpɔ o. Agbemeŋutinya mawo akpe ɖe nusiwo matsɔ ade nye gbeadzidekplo me la ŋu be matsɔ wo afia amewo be woakpɔ ŋusẽ si Biblia ate ŋu akpɔ ɖe amewo dzi la ƒe kpeɖodzi gbagbe wɔdɔɖeamedziwo.”—Marc, Belgium.

“Ɣletigbalẽa wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Menɔ ƒoƒom ɖe eŋu be maxlẽe ne makpɔ alesi Yehowa trɔ amesiawoe. Ewɔe be ŋusẽ ɖo ŋunye be mayi edzi anɔ tɔtrɔwo wɔm le nye ŋutɔ nye agbe me. Mesenɛ le ɖokuinye me azɔ be menye míaƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ ƒe akpa aɖe.”—Mary, United States.

“Gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me amehawo nɔ la ʋã Yesu ale gbegbe. Akpe na mí le alesi míesrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋua eye míeta agbemeŋutinya siwo le míaƒe ƒe 2003 ɣletigbalẽa me ta. Ɣletigbalẽ aɖeke mena aɖatsi ge le mo nam le nye agbe me abe esia ene kpɔ o.”—Cassandra, United States.

“Esi mexɔ ƒe 11 la, mete atamanono; emegbe meva zã atikevɔ̃ɖiwo. Mebua nye agbe ɖeɖe ɖa ŋu zi geɖe. Esi meva dze si Yehowa la, wokpe ɖe ŋunye meɖe asi le numame mawo ŋu. Ɣletigbalẽ sia le vevie nam ŋutɔ. Nɔvinye ŋutsu kple nyɔnuwo ƒe kpɔɖeŋu siwo tso xexeame godoo la do ŋusẽm. Fifia menyae be menye nye ɖeɖekoe le aʋa sia wɔm o eye be nusi le vevie wue nye lɔlɔ̃ na Yehowa ahatsɔ subɔsubɔ si tso dzi blibo me la anɛ.”—Margaret, Poland.

“Oo, aleke gbegbee Mawu ƒe Nya sẽa ŋui enye si! Esi mexɔ ƒe 2003 ƒe ɣletigbalẽa la, melé ɖokuinye be magafa avi o. Nuteƒekpɔkpɔ siawo, tsɔ kpe ɖe fotoawo ŋu, doa ŋusẽ ame ƒe xɔse ŋutɔ.”—Darlene, United States.

“Amesiawo dometɔ aɖewo ƒe agbe siwo wonɔ tsã la sɔ tututu kple agbe si menɔ tsã. Yehowa do ŋusẽm be meɖe asi le nu gbegblẽ siwo dze abe wo dzi manya ɖu o ene la ŋu. Meda akpe na mi ŋutɔ ɖe agbemeŋutinya vavã siawo ta.”—William, United States.