Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia

Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia

‘Agripa gblɔ na Paulo bena: “Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu Kristotɔ.”’—DƆWƆWƆWO 26:28.

1, 2. Aleke apostolo Paulo wɔ va do ɖe Mɔmefia Festo kple Fia Herodes Agripa II ŋkume?

LE KAISAREA le ƒe 58 M.Ŋ. me la, Fia Herodes Agripa II kple nɔvianyɔnu Bernike yi ɖasrã Roma-mɔ̃mefia Porkio Festo kpɔ. Mɔmefia Festo ye kpe wo, eye ‘woyi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe la kple aʋafia gãwo kple ame ŋkuta, siwo le dua me kple atsyɔ̃ɖoɖo geɖe.’ Le Festo ƒe sedede nu la, wokplɔ Kristotɔ apostolo Paulo va wo ŋkumee. Aleke wòdzɔe be Yesu Kristo yomedzela sia va do ɖe Mɔmefia Festo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui ŋgɔ?—Dɔwɔwɔwo 25:13-23.

2 Nusi Festo gblɔ na eƒe amedzroawo ɖo biabia ma ŋu. Egblɔ be: “Fia Agripa kple mi ŋutsu, siwo katã li kpli mí fifia, mikpɔ amesia, si ŋuti Yudatɔwo ƒe ha blibo la katã, siwo le Yerusalem kple afisia la, va do ɖe dzinye hele ɣli dom bena, medze be, wòaganɔ agbe didi aɖeke o la ɖa. Ke esi nye la medze sii bena, mewɔ naneke, si dze ku o, eye eya ŋutɔ hã tsɔ eƒe nya de kaisaro si me la, meɖo bena, maɖoe ɖa. Eye nya vavã aɖeke mele asinye le eŋuti be, maŋlɔ na aƒetɔ la o. Eyaŋuti mekplɔe va mia ŋku me, vevietɔ wò fia Agripa ŋku me, bena ne míese eƒe numegbe vɔ la, ne makpɔ nane aŋlɔ. Elabena mebu bena, enye nu manyatanu be, woaɖo gatɔ ɖa, eye womafia eŋuti nutsotso o.”—Dɔwɔwɔwo 25:24-27.

3. Nukatae subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ nyawo ɖe Paulo ŋu ɖo?

3 Festo ƒe nyawo fia be wotso Paulo nu aʋatsotɔe be enye aglãdzela—si nye nuvlowɔwɔ si bia be woatso kufia na ame. (Dɔwɔwɔwo 25:11) Gake Paulo meɖi fɔ o. Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ Yerusalem ƒe ŋuʋaʋãe he nutsotsoawo vɛ. Wotsi tre ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si wɔm Paulo nɔ la ŋu eye wokua dzi na wo vevie be ekpena ɖe ame bubuwo ŋu wova zua Yesu Kristo yomedzelawo. Dzɔla siwo bla akpa nyuie kplɔ Paulo tso Yerusalem va melidzeƒe dugã si nye Kaisarea, afisiae wòtsɔ eƒe nya de asi na Kaisaro le. Woakplɔe tso afima ayi Roma.

4. Nya wɔnuku kae Fia Agripa gblɔ?

4 Kpɔ Paulo, le tsitre ɖe mɔmefia la ƒe fiasã me le ƒuƒoƒo aɖe ŋkume tsɔ kpe ɖe amesi nye Roma Fiaɖuƒea ƒe akpa vevi aɖe dziɖula ŋu, le susu me ɖaa. Fia Agripa trɔ ɖe Paulo ŋu hegblɔ bena: “Woɖe mɔ na wò be, naƒo nu.” Esi nyawo nɔ dodom le Paulo nu la, nu wɔnuku aɖe dzɔ. Nya siwo gblɔm Paulo nɔ la te dɔwɔwɔ ɖe fia la dzi. Le nyateƒe me la, Fia Agripa gblɔ be: ‘Esusɔ ʋee naƒoe ɖe nunye be mazu Kristotɔ.’—Dɔwɔwɔwo 26:1-28.

5. Nukatae ŋusẽ nɔ Paulo ƒe nya si wògblɔ na Agripa ŋu nenema gbegbe?

5 Bu eŋu kpɔ ko! To Paulo ƒe ɖokuinuɖenya wɔdɔɖeamedzia dzi la, Mawu ƒe Nya ƒe ŋusẽ si ƒona ɖe ame la wɔ dɔ ɖe dziɖula aɖe dzi. (Hebritɔwo 4:12) Nukae nyo nenema gbegbe le Paulo ƒe ɖokuinuɖenya ŋu? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo gbɔ si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me? Ne míelé ŋku ɖe eƒe ɖokuinuɖenya ŋu la, nu vevi eve aɖewo ɖe dzesi: (1) Paulo zã kakaɖedzinamenyawo. (2) Ezã sidzedze si su esi tso Mawu ƒe Nya la me aɖaŋutɔe, abe alesi aɖaŋudɔwɔla aɖe zã dɔwɔnu nyuie ene.

Zã Nyaƒoɖeamenu ƒe Aɖaŋu

6, 7. (a) Nukae ‘nyaƒoɖeamenu’ si wozã le Biblia me la fia? (b) Akpa kae nyaƒoɖeamenu wɔna le kpekpe ɖe amewo ŋu be woaxɔ Biblia ƒe nufiafia me?

6 Le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la, wozã Helagbe me nya siwo wozãna na nyaƒoɖeamenu la enuenu ne wole nu ƒom tso Paulo ŋu. Aleke esia ku ɖe míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ŋui?

7 Le gbegbɔgblɔ gbãtɔ si me woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖo me la, Vine ƒe Expository Dictionary of New Testament Words gblɔ be, “nyaƒoɖeamenu” fia be “woakpe ɖe ame ŋu be wòawɔ ɖeka kple ame” alo “woana ame natrɔ susu to nuŋububu alo numedzodzro le agbenɔnɔ ŋu me.” Nya si me woɖee tsoe la me dzodzro na eme gakɔ ɖe edzi. Efiaa kaka ɖe nu dzi. Eyata ne èƒo nya ɖe ame aɖe nu be wòaxɔ Biblia nufiafia aɖe la, ekpe ɖe eŋu be wòaka ɖe wò nya dzi, ale be wòva xɔa nufiafia ma ƒe nyateƒenyenye dzi sena. Edze ƒã be, mesɔ gbɔ be woagblɔ nusi Biblia gblɔ la ɖeɖe na ame wòaxɔ edzi ase ahawɔ ɖe edzi ko o. Wò nyasela la ɖanye ɖevi loo, aƒelika loo, dɔwɔhati loo, sukuhati loo, alo ƒometɔ aɖe o ele be wòakpɔ kakaɖedzi be nusi gblɔm nèle la nye nyateƒe.—Timoteo II, 3:14, 15.

8. Nukae wòbia be woana be ame aɖe naka ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea dzi?

8 Alekee nàte ŋu ana ame aɖe naka ɖe edzi be gbeƒã si ɖem nèle tso Mawu ƒe Nya me la nye nyateƒe? Paulo to numeɖeɖe si me susu le, kpeɖodzinya siwo me kɔ, kple kokoƒoƒo moveviɖoɖotɔe zazã dzi dze agbagba be amesiwo yenɔ nu ƒom na la ƒe susu natrɔ. * Eyata le esi teƒe be míagblɔ ko be nane nye nyateƒe la, ehiã be nàtsɔ kpeɖodzinya dedziƒonamewo aɖo kpe wo nyawo dzii. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Kpɔ egbɔ be wò nyawo nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya dzi tututu, ke menye ɖe wò ŋutɔ wò nukpɔsusu dzi o. Gakpe ɖe eŋu hã, zã kpeɖodzi bubuwo nàtsɔ akpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya siwo nàgblɔ tso dzime la ŋu. (Lododowo 16:23) Le kpɔɖeŋu me, ne ègblɔ be amegbetɔƒomea me toɖolawo ase agbe ƒe vivi le paradisonyigba aɖe dzi la, tsɔ Ŋɔŋlɔawo, abe Luka 23:43 alo Yesaya 65:21-25 ene, ɖo kpe edzi. Nya bubu kawoe nàte ŋu agblɔ akpe ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya si nègblɔ la ŋu? Àte ŋu azã nusiwo teƒe wò nyaselaa kpɔ ƒe kpɔɖeŋuwo. Àte ŋu ahe eƒe susu ayi dzidzɔ si ɣe ƒe amigogbagba dzeani, seƒoƒowo ƒe ʋeʋẽ lilili kple atikutsetse aɖe ƒe vivi dona na ame dzi, alo dzidzɔ si xevi si le nu dom na viawo kpɔkpɔ nyena la dzi nɛ. Kpe ɖe eŋu wòakpɔe be nu dodzidzɔname siawo nye kpeɖodzi be Wɔla la di be míase agbe ƒe vivi le anyigba dzi.—Nyagblɔla 3:11, 12.

9. Aleke míate ŋu aɖe nugɔmesesename afiae le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

9 Ne èle agbagba dzem be yeana ame aɖe naxɔ Biblia ƒe nufiafia aɖe dzi ase la, kpɔ nyuie be wò dzonɔameme magana nugɔmemasename nava dze le wo nuƒowo me si ana wò nyaselaa natu eƒe susu kple dzi o. Subɔsubɔ Suku-gbalẽa ɖo aɖaŋu sia be: “Zi geɖe la, womexɔa nyateƒenya siwo wogblɔ kaŋ si aklo nu le amewo ƒe dzixɔse si gbɔ womelɔ̃a nu le o dzi la nyuie o, ne woyɔ Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui gbogbo aɖewo tsɔ ɖo kpe wo dzii gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne míetsi tre ɖe azãɖuɖu nyanyɛwo ŋu tẽ be trɔ̃subɔsubɔ mee wodzɔ tso la, esia mate ŋu atrɔ alesi amewo sena le wo ɖokui me ɖe wo ŋu o. Zi geɖe la, eɖea vi wu ne wode ŋugble tso eŋu kple ameawo nugɔmesenametɔe.” Nukatae wòle be míadze agbagba vevie be míanye nugɔmeselawo? Agbalẽa gblɔ be: “Ŋugbledede kple amewo hea wo dea dzeɖoɖo me, enaa woyia edzi bua nuwo ŋu emegbe, eye wòʋua mɔ ɖi na dzeɖoɖo dzi yiyi. Ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie.”—Kolosetɔwo 4:6.

Nyaƒoɖeamenu Siwo Ʋãa Dzi na Ame

10. Aleke Paulo dze eɖokuinuɖenya le Agripa ŋkume gɔmee?

10 Mina míalé ŋku ɖe Paulo ƒe ɖokuinuɖenyawo ŋu nyuie le Dɔwɔwɔwo ta 26 me. De dzesi alesi wòdze eƒe nuƒoa gɔmee. Hafi Paulo nadze eƒe nyaa gɔme la, ekpɔ afisi wòsɔ le be wòakafu Agripa le, togbɔ be fia la nɔ ƒomedodo kpeŋuname aɖe me kple nɔvianyɔnu Bernike hã. Paulo gblɔ be: “Mebui dzidzɔ, fia Agripa, bena maɖe ɖokuinye nu egbe sia le ŋkuwò me le nusiwo katã Yudatɔwo tsɔ le nunye tsom la ŋuti, vevietɔ elabena ènya kɔnuwɔwɔwo kple anukutsyɔtsyɔ, siwo katã le Yudatɔwo dome; eyata meɖe kuku na wò be, naɖo tom le dzigbɔɖeanyi me.”—Dɔwɔwɔwo 26:2, 3.

11. Aleke Paulo ƒe nya siwo wògblɔ na Agripa ɖe bubudedeameŋu fiae, eye vi kae wòɖe?

11 Ède dzesii be Paulo lɔ̃ ɖe ɖoƒe kɔkɔ si nɔ Agripa si la dzi to eƒe dzesideŋkɔ, Fia, yɔyɔ nɛ mea? Esia fia bubu, eye to eƒe nyawo tiatia nunyatɔe me la, Paulo de bubu Agripa ŋu. (Petro I, 2:17) Apostoloa lɔ̃ ɖe edzi be Agripa nye amesi nya nu geɖe tso Yudatɔwo ƒe kɔnuwo kple se gbogboawo ŋu eye wògblɔ be edzɔ dzi na ye be yeate ŋu aɖe ye ɖokui nu le dziɖula si nya nu tso nyaawo ŋu alea ŋkume. Paulo, si nye Kristotɔ la, mewɔ nu abe ɖe wòde ŋgɔ wu Agripa, si menye Kristotɔ o la ene o. (Filipitɔwo 2:3) Ke boŋ, Paulo ɖe kuku na fia la be wòaɖo to ye le dzigbɔɖeanyi me. Eyata Paulo ɖo nɔnɔme aɖe si me Agripa, kple nyasela bubuwo, adi be yewoase nya si gblɔ ge wòle la anyi. Enɔ gɔmeɖoanyi, si nye nusi dzi wo katã woalɔ̃ ɖo si dzi wòatu eƒe nyaa ɖo la, ɖom anyi.

12. Le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me la, aleke míate ŋu aɖo míaƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔe?

12 Abe Paulo si nɔ Agripa ŋkume ene la, mina míaɖo amewo ƒe dzi gbɔ le míaƒe Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ na wo tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe eƒe nuwuwu me. Míate ŋu awɔ esia to bubu blibo dede amesi míele gbeƒã ɖem na ŋu me kple to ɖetsɔleme vavã ɖeɖe fia le amesi ƒomevi wònye kple eƒe nukpɔsusu ŋu me.—Korintotɔwo I, 9:20-23.

Zã Mawu ƒe Nya la Aɖaŋutɔe

13. Aleke nàte ŋu ana wò nya naɖo wò nyaselawo ƒe dzi gbɔ abe Paulo ene?

13 Paulo di be yeado ŋusẽ yeƒe nyaselawo woawɔ ɖe nyanyuia dzi. (Tesalonikatɔwo I, 1:5-7) Le ema ta, eƒo nu wòɖo woƒe kpɔɖeŋudzia, si nye nusi ʋãa ame be wòwɔa nu, la gbɔ. Le Paulo ɖokuinuɖeɖe le Agripa ŋkume dzi yiyi me la, de dzesi alesi Paulo ‘wɔ Mawu ƒe Nya ŋudɔ pɛpɛpɛ’ to alesi wòhe susu yi nya siwo Mose kple nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi dzii me.—Timoteo II, 2:15.

14. Ðe alesi Paulo zã nyaƒoɖeamenui esime wònɔ Agripa ŋkume la me.

14 Paulo nyae be ŋkɔ koe le Agripa ŋu dzro be enye Yudatɔ. Esi Paulo nɔ Agripa ƒe susu hem yi edzi be enya nu tso Yuda-subɔsubɔ ŋuti la, eɖe nu me be yemele “nu bubu aɖeke gblɔm o, negbe nusiwo nyagblɔɖilawo kple Mose wogblɔ ɖi bena, ava ve me la koe,” si nye nusiwo ku ɖe Mesia ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu. (Dɔwɔwɔwo 26:22, 23) Paulo bia Agripa tẽ be: “Èxɔa nyagblɔɖilawo dzi sena?” Agripa ɖo xaxa me. Ne egblɔ be yemexɔ nyagblɔɖilawo dzi se o la, bubu si le eŋu be enye Yuda-subɔsubɔ me tɔ la aklo le eŋu. Gake ne eda asi ɖe Paulo ƒe numeɖeɖea dzi la, afia be ele eɖem fia le gaglãgbe be yewɔ ɖeka kple apostoloa eye woava nɔ eyɔm be Kristotɔ. Paulo ŋutɔ ɖo eƒe biabia ŋu nunyatɔe, gblɔ be: ‘Menyae bena, èxɔnɛ sena.’ Aleke Agripa ƒe dzi ʋãe be wòaɖo eŋui? Eɖo eŋu be: ‘Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, mazu Kristotɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 26:27, 28) Togbɔ be Agripa meva zu Kristotɔ o hã la, edze ƒã be Paulo ƒe gbedasia ɖo eƒe dzi gbɔ va ɖo afi aɖe.—Hebritɔwo 4:12.

15. Aleke Paulo te ŋu wɔ ɖo hame aɖe anyii le Tesalonika?

15 Ède dzesii be gbeƒãɖeɖe kple nyaƒoɖeamenu dze le alesi Paulo gblɔ nyanyuiae mea? Esi Paulo zã mɔnu sia le ‘Mawu ƒe nya ŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ’ me ta la, amesiwo se eƒe nyawo la dometɔ aɖewo trɔ tso nyaselawo ko nyenye me va zu xɔsetɔwo. Aleae wònɔ le Tesalonika, esime Paulo di Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ mawuvɔ̃lawo le ƒuƒoƒea me. Nuŋlɔɖi si le Dɔwɔwɔwo 17:2-4 gblɔ be: “Abe alesi Paulo nɔa wɔwɔm ene la, eyi eme ɖe wo gbɔ; eye Sabat etɔ̃ sɔŋ wòɖo dze na wo tso ŋɔŋlɔawo me; eye wòle eme ʋum fia wo kɔte bena, ele na Kristo be, wòakpe fu, eye wòatsi tre tso ame kukuwo dome . . . Eye wo dome ame aɖewo xɔe se.” Paulo kana ɖe nya dzi na amewo. Ede ŋugble kple ameawo, ɖe nume na wo, hetsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo gbaɖegbe ke la. Nukae do tso eme? Woɖo xɔsetɔwo ƒe hame aɖe anyi.

16. Aleke nàte ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wu le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒea me?

16 Ðe nàte ŋu abi ɖe nyaƒoƒo ɖe amewo nu me ne èle Mawu ƒe Nya me ɖema? Ne àte ŋui la, àse dzidzeme kple dzidzɔ geɖe le ɖokuiwò me le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia amewo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu ƒe dɔa me. Aleae wòvaa eme na nyanyuigbeƒãɖela siwo wɔa aɖaŋu si woɖo be míazã Biblia geɖe wu le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋudɔe.

17. Gblɔ wò ŋutɔ wò nuteƒekpɔkpɔ aɖe loo alo esi le memamaa me nàtsɔ aɖe alesi Biblia zazã le míaƒe subɔsubɔdɔa me ɖea vii fia.

17 Le kpɔɖeŋu me, dzikpɔlamɔzɔla Yehowa Ðasefowo aɖe ŋlɔ bena: “Fifia la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe léa Biblia ɖe woƒe asiƒome ne wole gbeƒã ɖem na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu. Esia kpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu be woaxlẽ mawunyakpukpuiwo na ame geɖe siwo wodoa goe. Ehea aƒemenɔla kple gbeƒãɖela siaa ƒe susu yia edzii be míaƒe subɔsubɔdɔa lɔ Biblia zazã ɖe eme ke menye magazineawo kple agbalẽawo ko o.” Nyateƒee, ne míalé Biblia ɖe asi woakpɔ alo míalée ɖe asi o ne míele gbeadzi la nɔ te ɖe nɔnɔme vovovowo dzi, siwo ƒe ɖe lɔ nutoa me ƒe kɔnuwo ɖe eme. Ke hã, míadi be woanya mí be míenye amesiwo bi ɖe Mawu ƒe Nyaa zazã atsɔ ka ɖe nya dzii na amewo be woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia me.

Mawu ƒe Nukpɔsusu le Subɔsubɔdɔa ŋu Nenɔ Asiwò

18, 19. (a) Aleke Mawu bua míaƒe subɔsubɔdɔae, eye nukatae wòle be eƒe nukpɔsusu nanɔ mía si? (b) Nukae akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔyi siwo kpɔa dzidzedze? (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Alesi Woakpɔ Dzidzedze le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me,” le axa 16.)

18 Mɔ bubu si dzi míato aɖo míaƒe nyaselawo ƒe dzi gbɔ la bia be míabu míaƒe subɔsubɔdɔa abe alesi Mawu bunɛ ene eye míagbɔ dzi ɖi. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be ame ƒomeviwo katã ‘nava nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la me.’ (Timoteo I, 2:3, 4) Ðe menye esiae nye míaƒe didi oa? Yehowa gbɔa dzi ɖi hã, eye eƒe dzigbɔɖi ʋu mɔnukpɔkpɔ na ame geɖe be woatrɔ dzime. (Petro II, 3:9) Eyata ne míeke ɖe ame aɖe si lɔ̃ faa be yeaɖo to Fiaɖuƒegbedasia ŋu la, ahiã be míatrɔ yi egbɔ enuenu ale be míate ŋu atu ɖetsɔleme ma ɖo. Ebia ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi hafi nyateƒea ƒe kuwo natsi. (Korintotɔwo I, 3:6) Ðetsɔleme sia tutuɖo ƒe aɖaŋuɖoɖowo le aɖaka si kpe ɖe eŋu me, si ƒe tanyae nye “Alesi Woakpɔ Dzidzedze le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me.” Ðo ŋku edzi be amewo ƒe agbenɔnɔ—woƒe kuxiwo kple nɔnɔmewo—le tɔtrɔm ɣesiaɣi. Ðewohĩ abia agbagbadzedze geɖe hafi míake ɖe wo ŋu le aƒeme, gake eɖea vi. Míedi be míana mɔnukpɔkpɔ wo be woase Mawu ƒe xɔxɔgbedasia. Eyata do gbe ɖa na Yehowa Mawu be wòana wò nunya si nàtsɔ atu nyaƒoɖeamenu ƒe aɖaŋu ɖo le kpekpe ɖe amewo ŋu be woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia ƒe dɔ si wɔm nèle la me.

19 Ne míeke ɖe amesi di be yease Fiaɖuƒegbedasia ŋuti nya geɖe wu ŋu ɖe, nuka hãe míate ŋu awɔ abe dɔwɔla Kristotɔwo ene? Míaƒe nyati si kplɔe ɖo na kpekpeɖeŋu aɖewo.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Ne èdi nyaƒoɖeamenu ŋuti nyatakaka bubuwo la, kpɔ Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò ƒe agbalẽa, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe nusɔsrɔ̃ 48 kple 49.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukae na Paulo ɖokuinuɖeɖe le Fia Agripa ŋkume la ɖe vi ale gbegbe?

• Aleke míaƒe gbedasia ate ŋu aʋã amewo ƒe dzie?

• Nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ Mawu ƒe Nya ŋudɔ nyuie le amewo ƒe dzi gbɔ ɖoɖo me?

• Aleke míate ŋu abu subɔsubɔdɔa abe alesi Mawu bunɛ ene?3

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Alesi Woakpɔ Dzidzedze le Tɔtrɔyiwo Wɔwɔ Me

• Ðe ɖetsɔleme fia amewo tso dzi blibo me.

• Tia Biblia me nya dodzidzɔname aɖe si me míadzro.

• Gblẽ nya aɖe si me miava dzro ɣebubuɣi la ɖi ɣesiaɣi si nàtrɔ ayi.

• Nɔ amea ŋu bum ne èdzo.

• Trɔ yi kaba, ɖewohĩ le ŋkeke ɖeka alo eve megbe, ale be nàte ŋu atu ɖetsɔlemea ɖo.

• Nenɔ susu me na wò be wò taɖodzinue nye be yeadze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme.

• Do gbe ɖa be Yehowa nana ɖetsɔlemea nadzi ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Paulo zã nyaƒoɖeamenu esime wònɔ Mɔmefia Festo kple Fia Agripa ŋkume