Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke wòle be Kristotɔwo nabu dzigbekpewo zazãe?

Le dekɔnu aɖewo me la, woyɔa dzigbekpewo tɔna ɖe ɣleti si me wodzi ame ŋu. Ne Kristotɔ aɖe ade asige si dzi kpe xɔasi aɖe ƒomevi le alo madee o la nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso. (Galatiatɔwo 6:5) Le nyametsotso ma wɔwɔ me la, nu ɖedzesi aɖewo li siwo ŋu wòle be woabu.

Encyclopaedia Britannica gblɔ be dzigbekpe nye “kpe xɔasi aɖe si wogblɔna be edo ƒome kple ame ƒe dzigbe, eye wobua edede be ehea dzɔgbenyui alo lãmesẽ vanɛ na ame.” Numekugbalẽ sia gblɔ kpee be: “Ɣletivimefakalawo gblɔ tso gbaɖegbe ke be ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ le kpe xɔasi aɖewo si.”

Blema ɣeyiɣiawo me koŋue ame geɖe xɔe se be dzigbekpewo hea dzɔgbenyui vanɛ na edela. Ðe Kristotɔ vavãwo xɔa esia dzi sena? Ao, elabena wonyae be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe amesiwo gblẽa eyama ɖi heva ɖoa ŋu ɖe “aklama” ŋu la ŋuti o.—Yesaya 65:11.

Le Titinaɣeyiɣiawo me la, etsɔmegblɔɖilawo tia kpe xɔasi vovovowo na ƒea ƒe ɣleti ɖesiaɖe. Wode dzi ƒo na amewo be woade ɣleti si me wodzi wo la ƒe kpe xɔasi, ale be wòakpɔ edela la ta tso afɔku me. Gake masɔ le Ŋɔŋlɔawo nu be Kristotɔwo nadze bokɔnɔwo ƒe nufiafiawo yome o elabena Biblia tsi tre ɖe wo ŋu.—Mose V, 18:9-12.

Masɔ hã be Kristotɔwo nabu susu tɔxɛ aɖe ɖe asige aɖe ŋu le esi dzigbekpe aɖe le edzi ta o. Yehowa Ðasefowo meɖua dzigbezã o. Nusitae nye be azãɖuɖu mawo hea susu yia amesi le eɖum la dzi akpa eye dzigbezã siwo ŋuti nya woŋlɔ ɖe Biblia me la nye esiwo dziɖula siwo mesubɔa Mawu o la ɖu.—Mose I, 40:20; Mateo 14:6-10.

Ame aɖewo bunɛ be asige si dzi dzigbekpe aɖe le dede kpɔa ŋusẽ nyui aɖe ɖe edela la ƒe amenyenye dzi. Ke hã, Kristotɔ vavãwo mexɔ nya sia dzi se o, elabena wokpɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple Ŋɔŋlɔawo ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔe nana ame doa ‘amenyenye yeye la.’—Efesotɔwo 4:22-24.

Nu vevi si ŋu wòle be woabu enye susu si koŋ ta amea le edem. Ne Kristotɔ aɖe le asige si dzi dzigbekpe aɖe le dede ŋuti bum la, anyo be wòabia eɖokui be, ‘Esi kpe xɔasia nya kpɔna nam ta koe medi be made asige sia, togbɔ be wobui be enye dzigbekpe hã? Alo ɖe aʋatsodzixɔse ƒe nukpɔsusu si le ame aɖewo si ɖe kpe xɔasi siawo ŋu lae le ŋusẽ kpɔm ɖe dzinye le mɔ aɖe nua?’

Ele be Kristotɔ nadzro eƒe dzime akpɔ be wòate ŋu anya nusi le eʋãm. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Le dzigbekpewo zazã ŋuti nyametsotso wɔwɔ me la, anyo be Kristotɔ ɖesiaɖe nabu nusi le eʋãm kple ŋusẽ si eƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ɖe eya ŋutɔ kple ame bubuwo dzi ŋu.—Romatɔwo 14:13.