Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Pɛpɛpɛ’

‘Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Pɛpɛpɛ’

‘Wɔ Mawu Ƒe Nya La Ŋudɔ Pɛpɛpɛ’

“Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.”​—TIMOTEO II, 2:15.

1, 2. (a) Nukatae dɔwɔlawo hiãna dɔwɔnuwo ɖo? (b) Dɔ ka wɔmee Kristotɔwo le, eye aleke woɖenɛ fiana be yewodia Fiaɖuƒea gbãgbiagbã?

DƆWƆLAWO hiãna na dɔwɔnu siwo akpe ɖe wo ŋu woawɔ dɔ ade goe. Gake dɔwɔnu ɖesiaɖe ƒomevi ko ƒe amesinɔnɔ mesɔ gbɔ o. Dɔwɔla hiã dɔwɔnu si sɔ, eye ele be wòazãe ɖe mɔ nyuitɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yeaklã ʋuƒo eve esime nèle agbadɔ aɖe tum la, menye zũ kple gatagbadzɛ koe nàhiã o. Ele be nànya alesi woƒoa gatagbadzɛ ɖe atii ale be maxa o. Agbagbadzedze be woaƒo gatagbadzɛ ɖe ati esime amea menya alesi wodaa zũ o ate ŋu anye nu sesẽ ŋutɔ eye wòate ŋu aɖe dzi le ame ƒo hã. Gake dɔwɔnu siwo ŋudɔ míewɔna nyuie kpena ɖe mía ŋu be miawɔ dɔwo ade goe le dzidzeme me.

2 Abe Kristotɔwo ene la, wode dɔ aɖe asi na mí. Enye dɔ vevitɔ kekeake. Yesu Kristo xlɔ̃ nu eyomedzelawo be ‘woadi mawufiaɖuƒe la gbãgbiagbã.’ (Mateo 6:33) Aleke míate ŋu awɔ emae? Mɔawo dometɔ ɖekae nye be míado vevie nu le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me. Bubue nye be míatu míaƒe subɔsubɔ ɖe Mawu ƒe Nya dzi sesĩe. Agbenyuinɔnɔ enye mɔ etɔ̃lia. (Mateo 24:14; 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 8:25; Petro I, 2:12) Be míate ŋu awɔ Kristotɔwo ƒe dɔdasi sia nyuie kple dzidzɔ la, míehiã na dɔwɔnu siwo sɔ kple alesi míawɔ wo ŋudɔ nyuie la ŋuti sidzedze. Apostolo Paulo ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi abe Kristotɔ veviedonula ene, eye wòde dzi ƒo na haxɔsetɔwo be woasrɔ̃ ye. (Korintotɔwo I, 11:1; 15:10) Ekema, nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo, míaƒe hadɔwɔla, gbɔ?

Paulo​—Fiaɖuƒegbeƒãɖela Veviedonula

3. Nukatae woate ŋu agblɔ be apostolo Paulo nye Fiaɖuƒedɔwɔla veviedonula?

3 Dɔwɔla ka ƒomevie Paulo nye? Enye veviedonula nyateƒe. Paulo ku kutri vevie hekaka nyanyuia le nuto gã aɖe me le Mediterranea-nutoa me. Esi wònɔ nusitae wòtsɔ dzonɔameme wɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me ɖem la, apostolo kutrikula sia gblɔ be: “Elabena ne megblɔ nyanyui fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyui la fia o la, baba nam!” (Korintotɔwo I, 9:16) Ðe Paulo tsi dzi ɖe eya ŋutɔ ko ƒe agbe ŋua? Ao. Menye ɖokuitɔdila o. Ke boŋ edi be nyanyuia naɖe vi na ame bubuwo hã. Eŋlɔ bena: ‘Nyanyui la ta mewɔ wo katã ɖo, bene mía kple ame bubuwo míakpɔ gome le eme.’—Korintotɔwo I, 9:23.

4. Dɔwɔnu ka ŋue Kristotɔ dɔwɔlawo dea bubui wu?

4 Apostolo Paulo nye dɔwɔla ɖokuibɔbɔla si kpɔe dze sii be yemate ŋu aɖo ŋu ɖe yeƒe aɖaŋudzedze ɖeɖeko ŋu o. Abe alesi ko atikpala hiã zũ ene la, Paulo hã hiã dɔwɔnu adodoe si wòatsɔ aƒã Mawu ƒe nyateƒea ɖe eƒe nyaselawo ƒe dziwo me. Dɔwɔnu kae wòzã koŋ? Mawu ƒe Nya, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawoe. Nenema kee, Biblia bliboa nye dɔwɔnu si koŋ miezãna be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ nusrɔ̃lawo.

5. Be míate ŋu anye subɔla bibiwo la, nukae wòhiã be míawɔ tsɔ kpe ɖe nyawo yɔyɔ tso Ŋɔŋlɔawo me ŋu?

5 Paulo nyae be Mawu ƒe Nya ŋudɔwɔwɔ nyuie bia nu geɖe wu nyawo yɔyɔ tso eme ko. Ezã ‘nyaƒoɖeamenu.’ (Dɔwɔwɔwo 28:23) Alekee wòwɔe? Paulo zã Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la dzidzedzetɔe be ame geɖe nakpɔ kakaɖedzi axɔ Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea. Ede ŋugble kpli wo. Paulo tsɔ ɣleti etɔ̃ sɔŋ ‘nɔ nu ƒom, henɔ nya siwo ana woaka ɖe Mawufiaɖuƒe la dzi ŋutinya ƒom ɖe amewo nu’ le ƒuƒoƒe aɖe me le Efeso. Togbɔ be “ame aɖewo ƒe dzime sẽ, eye womeɖo to o” hã la, bubuwo ya ɖo toe. Paulo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ le Efeso na be ‘Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ tsitsim henɔ dzi ɖum.’—Dɔwɔwɔwo 19:8, 9, 20.

6, 7. Aleke Paulo do kɔkɔ eƒe subɔsubɔe, eye aleke míate ŋu awɔe nenema kee?

6 Paulo ‘do eƒe subɔsubɔdɔa ɖe dzi’ abe Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonula ene. (Romatɔwo 11:13) Le mɔ ka nu? Menye ɖe wòdi be yeado ye ɖokui ɖe ŋgɔ o; eye mekpe ŋu hã nɛ be woanyae le dutoƒo be yenye Mawu ƒe hadɔwɔla o. Ðe eteƒe la, ebu eƒe subɔsubɔdɔa be enye bubudeameŋu si ƒo ɖesiaɖe ta. Paulo wɔ Mawu ƒe Nya ŋudɔ aɖaŋutɔe nyuie. Eƒe dɔwɔwɔ si ɖe vi la nye ŋusẽdonu na ame bubuwo, si ʋãa wo be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔa ade goe bliboe wu. Le mɔ sia hã nu la, wodo eƒe subɔsubɔdɔa ɖe dzi.

7 Abe Paulo ene la, míate ŋu ado subɔsubɔdɔ si wɔm míele la ɖe dzi to Mawu ƒe Nya zazã edziedzi kple ezazã nyuie me. Le míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpawo katã me la, ele be míaƒe taɖodzinu nanye be míagblɔ nya aɖe tso Ŋɔŋlɔawo me na ame geɖe alesi míate ŋui. Aleke míate ŋu atsɔ kakaɖedzinyawo awɔ esiae? Bu mɔ vevie etɔ̃ ŋu: (1) He ameawo ƒe susu yi Mawu ƒe Nya dzi le mɔ aɖe si ana woade bubu eŋu nu. (2) Ðe nusi Biblia gblɔ me ŋuɖɔɖotɔe nàtsɔe aɖo kpe nya si gblɔm nèle la dzi. (3) Bu nya la ŋu kple Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusuwo le mɔ si wɔa dɔ ɖe ame dzi nu.

8. Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe ŋuti dɔwɔnu kawoe le mía si egbea, eye aleke nèle wo zãme?

8 Dɔwɔnuwo le Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo si egbea si menɔ anyi le Paulo ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi o. Esiawo dometɔ aɖewoe nye agbalẽwo, magazinewo, agbalẽ gbadzawo, amekpegbalẽviwo, traktwo, kpakple kasɛt kple videowo. Le ƒe alafa si va yi me la, wozã ɖaseɖigbalẽviwo, agbaƒomɔ̃wo, ʋu siwo tame nuƒomɔ̃wo nɔ, kple radiodɔwɔƒewo hã. Le nyateƒe me la, míaƒe dɔwɔnu nyuitɔ kekeakee nye Biblia, eye ehiã be míawɔ dɔwɔnu vevi sia ŋudɔ nyuie.

Ele Be Míatu Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ðe Mawu ƒe Nya Dzi

9, 10. Le Mawu ƒe Nyaa zazã gome la, nukae míate ŋu asrɔ̃ tso aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo me?

9 Aleke míate ŋu azã Mawu ƒe Nya abe dɔwɔnu nyui ene? To wɔwɔ ɖe nya siawo si Paulo gblɔ na eƒe hadɔwɔla Timoteo dzi be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi mã nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.” (Timoteo II, 2:15) Nukae ‘nyateƒenya la me mama pɛpɛpɛ’ lɔ ɖe eme?

10 Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘ma eme pɛpɛpɛ’ fia le nya ŋutɔŋutɔ nu be “nulalã wòadzɔ” alo “be woaɖe mɔ wòadzɔ tẽ.” Aɖaŋu si Paulo ɖo na Timoteo me koe wozã nya ma le le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Woate ŋu azã nya ma ke atsɔ aɖɔ agblenyigba aɖe dzobodzobo ɖe fli dzi wòadzɔ. Fli si medzɔ o akpe ŋu na agbledela bibi aɖe godoo. Be woanye ‘dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpe o’ la, woɖo ŋku edzi na Timoteo be mele be woatra tso Mawu ƒe Nyaa ƒe nyateƒenufiafiawo gbɔ o. Mele be Timoteo naɖe mɔ eya ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nufiafia dzi o. Ele be wòatu eƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ɖe Ŋɔŋlɔa dzi tututu. (Timoteo II, 4:2-4) Ne wowɔe alea la, woakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu be Yehowa ƒe nukpɔsusu nasu wo si eye womaxɔ xexeame ƒe nunya ade eme o. (Kolosetɔwo 2:4, 8) Nenema kee wòle egbea.

Ele Be Míaƒe Agbenɔnɔ Nanyo

11, 12. Ŋusẽ kae míaƒe agbenɔnɔ kpɔna ɖe míaƒe Mawu ƒe Nya ŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ dzi?

11 Ele be míawɔ nusi yi ŋgɔ wu Mawu ƒe Nya ŋudɔwɔwɔ nyuie le gbeƒãɖeɖe eme nyateƒeawo me. Ele be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe enu. “Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye,” eyata mele be míanye dɔwɔla alakpanuwɔlawo o. (Korintotɔwo I, 3:9) Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Ekem wò amesi fia nu ame bubuwo la, ɖe mèfia nu ɖokuiwò oa? Wò amesi ɖe gbeƒã bena, womegafi fi o la, wòe fi fia? Wò amesi gblɔ bena womegawɔ ahasi o la, wòe wɔ ahasia? Wò amesi nyɔ ŋu trɔ̃wo la wòe ha trɔ̃subɔƒenuwo mahã?” (Romatɔwo 2:21, 22) Eyata abe Mawu ƒe hadɔwɔla siwo li egbea ene la, mɔ siwo dzi míewɔa Mawu ƒe Nya ŋudɔ pɛpɛpɛ le dometɔ ɖekae nye wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

12 Viɖe kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na tso Mawu ƒe Nya ŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ me? Bu ŋusẽ si Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la ate ŋu akpɔ ɖe dzianukwaretɔwo dzi la ŋu kpɔ.

Tɔtrɔ Wɔwɔ ƒe Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya Ŋu

13. Nukae Mawu ƒe Nya ŋudɔwɔwɔ ate ŋu ana ame nawɔ?

13 Ne amewo xɔ gbedasi si le Mawu ƒe Nya me be kakaɖedzi le eŋu la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe wo dzi si kpena ɖe wo ŋu be woawɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbe me. Paulo kpɔ Mawu ƒe nya ƒe dɔwɔƒe eye wòkpɔ alesi wòkpɔ ŋusẽ nyui ɖe amesiwo va zu Kristotɔwo dzi le blema Tesalonika la teƒe. Eyata egblɔ na wo be: “Míawo hã míedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.” (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Le Kristotɔ mawo—kple Kristo yomedzela vavãwo katã—gome la, womate ŋu atsɔ amegbetɔwo ƒe nunya maɖinu la asɔ kple Mawu ƒe nunya si ƒo ɖesiaɖe ta la o. (Yesaya 55:9) Tesalonikatɔwo ‘xɔ nya la le xaxa geɖe me kple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dzidzɔ’ heva zu kpɔɖeŋu na xɔsetɔ bubuwo.—Tesalonikatɔwo I, 1:5-7.

14, 15. Ŋusẽ ka gbegbee le Mawu ƒe Nya me gbedasia ŋu, eye nukatae?

14 Ŋusẽ le Mawu ƒe Nya ŋu, abe alesi eƒe Dzɔtsoƒe, Yehowa, hã le ene. Etso “Mawu gbagbe la,” amesi ƒe nya “wotsɔ wɔ dziƒowoe,” eye nya ma ‘wɔa nusi gbe woɖoe ɖo la dea goe’ la gbɔ. (Hebritɔwo 3:12; Psalmo 33:6; Yesaya 55:11) Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ be: “Mawu meɖea eɖokui ɖa tso eƒe Nya ŋu o. Megbea nu le eŋu abe nu tutɔ aɖee wònye nɛ ene o. . . . Eyata menye nya kuku, si me metsɔa ɖeke le ye wònye gbeɖe o; elabena enye nusi me woa kple Mawu gbagbe la bla ɖekae le.”

15 Ŋusẽ ka gbegbee le gbedasi si tso Mawu ƒe Nya la me ŋu? Ŋusẽ gã aɖee le eŋu. Esɔ be Paulo ŋlɔ bena: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.”—Hebritɔwo 4:12.

16. Aleke Mawu ƒe Nya te ŋu trɔa ame keŋkeŋue?

16 Gbedasi si le Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi me la ‘ɖa wu yi nuevee sia yi nuevee.’ Eyata eƒona ɖe ame kple ŋusẽ aɖe ale gbegbe be eƒo amegbetɔwo ƒe mɔ̃ alo dɔwɔnu ɖesiaɖe ta. Mawu ƒe Nya ƒona ɖe ame yina ɖe eme ʋĩ eye wòte ŋu trɔa ame le ememe, kpɔa ŋusẽ ɖe alesi wòbua tamee kple nusi wòlɔ̃na dzi, si nana wòzua mawumedɔwɔla si dze. Dɔwɔnu sẽŋu kae nye si!

17. Ðe Mawu ƒe Nya ƒe ametrɔŋusẽ la me.

17 Mawu ƒe Nya ɖea amesi ame nye le ememe ʋĩ ɖe go, si to vovo tso nusi wòbuna be yenye alo nusi wòɖena fiaa amewo la gbɔ. (Samuel I, 16:7, 8a) Ɣeaɖewoɣi la, ame vɔ̃ɖi gɔ̃ hã ate ŋu atsɔ dɔmenyowɔwɔ alo subɔsubɔdɔwɔnawo atsyɔ amesi tututu wònye dzi. Ame vɔ̃ɖiwo wɔa alakpanuwo ɖe susu vɔ̃wo ta. Dadalawo bɔbɔa wo ɖokui alakpatɔe esime wodi be amewo nakafu yewo. Gake to nukoklo le nusi tututu le dzia me dzi me la, Mawu ƒe Nya ate ŋu aʋã ɖokuibɔbɔlawo kple ŋusẽ be woaɖe amenyenye xoxo la ɖi ‘ahado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavã me.’ (Efesotɔwo 4:22-24) Mawu ƒe Nya me nufiafiawo ate ŋu atrɔ amesiwo kpea ŋu la hã be woazu Yehowa Ðasefo dzinɔameƒotɔwo kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedonulawo.—Yeremya 1:6-9.

18, 19. Nɔ te ɖe memama siawo alo wò ŋutɔ wò gbeadzisubɔsubɔ me nuteƒekpɔkpɔ aɖe dzi nàɖe alesi Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ate ŋu atrɔ ame ƒe nɔnɔmee me.

18 Mawu ƒe Nya ƒe ametrɔŋusẽ kpɔ ŋusẽ nyui ɖe amewo dzi le afisiafi. Le kpɔɖeŋu me, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo tso Phnom Penh, Cambodia, ɖea gbeƒã le Kompong Cham nutoa me zi eve le ɣletia me. Esi subɔsubɔhakplɔla aɖe si le afima se sɔlemehakplɔla bubuawo ƒe nuƒoƒo tsi tre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu megbe la, ewɔ ɖoɖo be yeakpe kple Ðasefoawo ɣebubuɣi si woagava nutoa me. Ebia nya gbogbo aɖewo wo ku ɖe ŋkekenyuiwo ɖuɖu ŋu heɖo to nyuie esime wonɔ nyaa me dzrom kplii tso Ŋɔŋlɔawo me. Emegbe edo ɣli gblɔ be: “Fifiae menya be nusi hatinye kplɔlawo gblɔ tso mía ŋu la menye nyateƒe o! Wobe míezãa Biblia o, gake ŋdi sia la, eya koe míezã!”

19 Nyɔnu sia yi Biblia me dzodzroa dzi kple Ðasefoawo eye mena ŋɔdzi si wodo nɛ be yewoaɖee le kplɔlanyenyea me xe mɔ nɛ o. Egblɔ Ŋɔŋlɔawo me numedzodzro siwo wɔm wòle la ŋu nya na exɔlɔ̃ aɖe, si hã te Biblia sɔsrɔ̃ kple Ðasefoawo. Dzo va ɖo xɔlɔ̃ sia me ɖe nusi srɔ̃m wònɔ ŋu ale gbegbe be le eƒe sɔlemedɔdasi aɖe wɔwɔ me la, eʋãe wògblɔe be, “Miva, ne miasrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo!” Le esia megbe kpuie la, amesi nye kplɔla tsã kple ame bubuwo hã te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo.

20. Aleke nyɔnu aɖe si tso Ghana ƒe nuteƒekpɔkpɔ ɖe ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu fiae?

20 Ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu hã dze le Paulina, si nye nyɔnu aɖe le Ghana, gome. Ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖe srɔ̃a Biblia kplii le Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me ƒe agbalẽa me. * Paulina nye atsusi eye wòkpɔe be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo, gake srɔ̃a kple eƒe ƒometɔwo katã tsi tre ɖe eŋu adãtɔe. Tɔgbuia, si nye ʋɔnudrɔ̃la le ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ kple sɔlemeha aɖe ƒe hamemegã la, te kpɔ be yeazã Mateo 19:4-6 ɖe mɔ gbegblẽ nu atsɔ atrɔ susu nɛ. Ʋɔnudrɔ̃la la te tɔ ɖe eƒe nyawo dzi, gake Paulina kpɔe enumake be esia sɔ kple alesi Satana tro Ŋɔŋlɔawoe esime wòte Yesu Kristo kpɔ la. (Mateo 4:5-7) Eɖo ŋku nya si Yesu gblɔ eme kɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe ŋu la dzi, hegblɔ be amegbetɔ atsu kple asie Mawu wɔ, menye atsu kple asiwo o, eye be wo kpakple eve la woanye ŋutilã ɖeka, ke menye wo kpakple etɔ̃awo o. Elé eƒe nyametsotsoa me ɖe asi eye mlɔeba woɖe mɔ nɛ wògbe atsu le dekɔnua nu hedo le atsusinyenyea me. Eteƒe medidi o, ezu Fiaɖuƒegbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ si le dzidzɔ kpɔm.

Yi Edzi Nànɔ Mawu ƒe Nya la Ŋudɔ Wɔm Pɛpɛpɛ

21, 22. (a) Tame kae míedi be míaɖo kplikpaa abe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ene? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la nye dɔwɔnu sẽŋu aɖe si míazã le kpekpe ɖe amewo ŋu me be woawɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me ale be woate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu. (Yakobo 4:8) Abe alesi ko dɔwɔla bibiwo zãa dɔwɔnuwo woɖea vii ene la, mina míaɖoe kplikpaa be míadze agbagba azã Mawu ƒe Nya, Biblia, aɖaŋutɔe le dɔ si Mawu de mía si abe Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ene la wɔwɔ me.

22 Aleke míate ŋu awɔ Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ nyuie wu le míaƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa mee? Mɔ ɖekae nye míaƒe ŋutetewo tutuɖo abe nufiala siwo nana kakaɖedzi sua amewo si ene. Taflatse trɔ susu ɖe nyati si kplɔe ɖo ŋu, elabena eɖo aɖaŋu le mɔ aɖewo siwo dzi míato afia nu amewo ahakpe ɖe wo ŋu be woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe tae.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Dɔwɔnu kawoe li Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo azã?

• Mɔ kawo nue Paulo nye kpɔɖeŋuɖola abe Fiaɖuƒedɔwɔla ene le?

• Nukae Mawu ƒe Nya ŋudɔwɔwɔ nyuie lɔ ɖe eme?

• Dɔwɔnu sẽŋu kae Yehowa ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la nye?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Dɔwɔnu aɖewo siwo Kristotɔwo zãna le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me