Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Trɔe
“Mite Ðe Mawu Ŋu, Eye Wòate Ðe Mia ŋu”
Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Trɔe
SƆHƐ Adrian nye amesi doa dɔmedzoe heléa dziku ɖe dɔme vevie. Dzi si kunɛ kabakaba la nana wòwɔa nu gbodogbodo ŋutɔ le dziku me. Enoa aha muna, noa atama, henɔa agbegbegblẽ. Wodze si Adrian be enye aglãdzenuwɔla eye wòta nu siwo ɖee fia be yenye ɖokuisinuwɔla ɖe ŋuti. Esi wònɔ nu ƒom tso ƒe mawo ŋu la, egblɔ be: “Mekoa ta abe alesi wonya be aglãdzenuwɔlawo konɛ ene, dea gomae, hedea ama dzẽ alo amadede bubuwoe ɣeaɖewoɣi.” Adrian ŋɔ ŋɔti hã.
Adrian ʋu kpe ɖe sɔhɛ dzeaglã ʋɛ aɖewo ŋu yi ɖatsi aƒe gbagbã aɖe me. Womua aha henoa atikevɔ̃ɖiwo le afima. Adrian ɖo ŋku edzi be: “Menoa atikevɔ̃ɖiwo hetsakanɛ kple alɔ̃dɔtike alo atike ɖesiaɖe si ko makpɔ ado ɖe lãme. Ne nyemekpɔ atikemuameawo dometɔ aɖeke o la, meɖea mɔ̃memi le amewo ƒe ʋuwo me zãna ɖe eteƒe.” Esi Adrian zu ablɔdzi nuvlowɔla ta la, eva zu ŋɔdzidonamela kple ŋutasẽnuwɔla vɔ̃ɖi aɖe. Amewo medina be yewoate ɖe eŋu o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, eƒe nuwɔna he ame gbegblẽwo ɖe eŋu.
Ʋɛʋɛʋɛ la, Adrian va kpɔe be nusi ye “xɔlɔ̃wo” akpɔ tso ye gbɔ ta koe wodea ha kpli ye ɖo. Gawu la, eƒo nya ta be “dzikua kple ŋutasesẽa katã meɖe vi aɖeke nam o.” Esi mekpɔ viɖe aɖeke o eye dzi ɖe le eƒo ta la, edo le haa me. Esi wòfɔ Gbetakpɔxɔ aɖe le xɔtuƒe aɖe la, Biblia me gbedasi si le eme la dzɔ dzi nɛ, eye esia na Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Adrian tsɔ didi vevie wɔ ɖe amekpekpe si nye, “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu” la dzi. (Yakobo 4:8) Esia wɔe be, eteƒe medidi o Adrian kpɔe be ehiã be yeadze gɔmeɖose siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la ŋudɔwɔwɔ.
Biblia me sidzedze si nɔ dzidzim ɖe edzi nɛ la kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe Adrian ƒe dzitsinya dzi hetrɔ eƒe agbenɔnɔ. Wokpe ɖe eŋu wòɖu eƒe dzikudodo kabakaba dzi hetu ɖokuidziɖuɖu ɖo. Ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya ŋu wɔe be Adrian va trɔ kura.—Hebritɔwo 4:12.
Gake alekee Biblia te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi alea gbegbe? Ŋɔŋlɔawo me sidzedze kpena ɖe mía ŋu be ‘míado amenyenye yeyea.’ (Efesotɔwo 4:24) Ẽ, ne míede Biblia me sidzedze vavãtɔ dɔwɔna me la, míaƒe amenyenye trɔna. Gake aleke sidzedze sia wɔna trɔa amewoe?
Gbã la, Biblia yɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo ŋu wòhiã be míaɖe asi le. (Lododowo 6:16-19) Evelia, Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míaɖe nɔnɔme nyoameŋu siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea na wotuna ɖo la afia. Esiawoe nye “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Mawu ƒe nudidiwo gɔmesese deto kpe ɖe Adrian ŋu be wòlé ŋku ɖe eɖokui ŋu hekpɔ nɔnɔme siwo wòle be wòatu ɖo kple esiwo ŋu wòle be woaɖe asi le. (Yakobo 1:22-25) Gake gɔmedzedzea koe nye ma. Tsɔ kpe ɖe sidzedze ŋu la, ameʋãnu hã hiã—nane si aʋã Adrian be wòadi be yeawɔ tɔtrɔ.
Adrian srɔ̃e be wotrɔ asi le amenyenye yeye si nyoa ame ŋu la ŋu ɖe “Amesi wɔe la ƒe nɔnɔme nu.” (Kolosetɔwo 3:10) Eva kpɔe dze sii be ele be Kristotɔ ƒe amenyenye naɖi Mawu ŋutɔ tɔ. (Efesotɔwo 5:1) To Biblia sɔsrɔ̃ me la, Adrian srɔ̃ nu tso alesi Yehowa wɔ nu kple ameƒomea ŋu hekpɔ Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo, abe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, nublanuikpɔkpɔ, kple dzɔdzɔenyenye, ene dze sii. Sidzedze sia ʋã Adrian be wòalɔ̃ Mawu eye wòdze agbagba be yeanye amesi ƒomevi ŋu Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖo.—Mateo 22:37.
Mlɔeba, le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, Adrian te ŋu va lé eƒe dziku helĩhelĩ la nu. Woa kple srɔ̃a tsɔ Biblia me sidzedzea le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu moveviɖoɖotɔe be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ. Adrian gblɔ be: “To vovo na xɔlɔ̃ siwo nɔ asinye tsã siwo dometɔ geɖe ku fifia la, nye ya mele agbe hele ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ƒe vivi sem.” Enye kpeɖodzi gbagbe si ɖee fia be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ wòanyo.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 25]
“Dzikua kple ŋutasesẽa katã meɖe vi aɖeke nam o”
[Aɖaka si le axa 25]
Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Wɔa Dɔ
Biblia me gɔmeɖose siwo kpe ɖe dzikudola kple ŋutasẽla geɖe ŋu be wova zu ame fafawo la dometɔ aɖewo enye si:
“Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me! Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ.” (Romatɔwo 12:18, 19) Na Mawu nawɔ ɣeyiɣi si wòabia hlɔ̃ kple amesiwo wòabiae la ŋuti nyametsotso. Ate ŋu awɔ esia le esi wònya nyateƒeawo katã ta, eye tohehe ɖesiaɖe si tso eyama gbɔ la aɖe eƒe dzɔdzɔenyenye deblibo la afia.
“Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o!” (Efesotɔwo 4:26, 27) Ame ado dziku ɣeaɖewoɣi le esi etɔ adzɔ ta. Ne edzɔ alea la, mele be wòalé eƒe “dzibibi” la me ɖe asi o. Nukatae? Elabena esia ate ŋu aƒoe ɖe enu be wòawɔ nuvɔ̃ aɖe, si anye ‘mɔnana Abosam’ eye wòana Yehowa Mawu magakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o.
“Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!” (Psalmo 37:8) Seselelãme siwo dzi womeɖu o la kplɔa ame dea nuwɔna siwo nu womete ŋu léna o la me. Ne ame aɖe na dzi kui la, ate ŋu agblɔ nya alo awɔ nusiwo agblẽ nu le amesiame si wòlɔ ɖe eme la ŋu.