Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Aleke Maɖo Eteƒe Na Yehowae?’

‘Aleke Maɖo Eteƒe Na Yehowae?’

Agbemeŋutinya

‘Aleke Maɖo Eteƒe Na Yehowae?’

ABE ALESI MARIA KERASINIS GBLƆE ENE

Esi mexɔ ƒe 18 la, dzinyelawo bum be medo ŋukpe gãa aɖe yewo, wogbe nu le gbɔnye le ƒomea me, eye mezu alɔmeɖenu na míaƒe kɔƒea me tɔwo. Wozã kukuɖeɖewo, nyaƒoɖeamenu, kple vɔvɔ̃donamenyawo be woatsɔ agblẽ nye nuteƒewɔwɔ na Mawu me—gake ɖeko wowɔe ʋuu do kpo. Meka ɖe edzi be kuku ɖe Biblia ƒe nyateƒea ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ana be makpɔ gbɔgbɔ me viɖewo. Ne mebu ƒe 50 kple edzivɔ siwo mezã tsɔ le Yehowa subɔmee ŋu la, hakpalaa ƒe nyawo koe mate ŋu agblɔ be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?”—Psalmo 116:12.

WODZIM le ƒe 1930 me, le Aggelokastro, si nye kɔƒedu aɖe si gbɔ didi abe kilometa 20 ene tso Kenxrea melidzeƒe gbɔ, le Isthmus si le Korinto, afisi woɖo Kristotɔ vavãwo ƒe hame ɖo le ƒe alafa gbãtɔ me la, ƒe ɣedzeƒe gome.—Dɔwɔwɔwo 18:18; Romatɔwo 16:1.

Ŋutifafa nɔ míaƒe ƒomea me. Papae nye nutoa me dzikpɔla eye wodea bubu deto eŋu. Nyee nye vi atɔ̃ siwo wòdzi ƒe etɔ̃lia. Dzinyelawo he mí be míazu Greece Orthodɔks Sɔlemeha me tɔ siwo doa vevie nu. Medea Misa le Kwasiɖagbe ɖesiaɖe. Medzea klo ɖe nɔnɔmetatawo ŋkume hesia bosomikaɖiwo le gbedoxɔ siwo le kɔƒea me la me, eye metsia nu dɔna. Mebua nyɔnu saɖagaxɔmenɔla zuzu ŋu zi geɖe. Eteƒe medidi o, meva zu ƒomea me tɔ gbãtɔ si do ŋukpe dzinyelawo o.

Biblia me Nyateƒea Do Dzidzɔ Nam

Esi mexɔ ƒe 18 lɔƒo la, mese be Katina, si nye nyonyewo dometɔ ɖeka ƒe nɔvinyɔnu, si le kɔƒe aɖe si te ɖe mía tɔ ŋu me, nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo xlẽm eye megadea sɔleme o. Esia ɖe fu nam vevie, eyata meɖoe be makpe ɖe eŋu ne wòatrɔ va mɔ si mebu be eyae nye nyuitɔ la dzi. Eyata esi wòva srã mí kpɔ la, meɖoe be míaɖa ɖi tsa, kple susua be míaɖa to nunɔla la ƒe aƒe me. Nunɔla la dze dzeɖoɖoa gɔme kple Yehowa Ðasefowo dzudzu heyɔ wo be wonye aglãdzelawo siwo kplɔ Katina trae. Numedzodzroa yi edzi enuenu le zã etɔ̃ me. Katina zã Biblia me numeɖeɖe siwo ŋu wòtrɔ asi le nyuie tsɔ ɖo eƒe nutsotsoawo katã ŋu nɛ. Mlɔeba la, nunɔla la gblɔ nɛ be esi wòdze tugbe, eye eƒe tagbɔ kɔ ta la, nèɖu agbe le eƒe sɔhɛmenɔɣia me alesi wòate ŋui eye wòaɖo ŋku Mawu dzi le eƒe tsitsi me.

Nyemegblɔ nya aɖeke na dzinyelawo tso numedzodzro sia ŋu o, gake le Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la, nyemede sɔleme o. Le ŋdɔ me la, nunɔla la va míaƒe fiase me enumake. Medo taflatse nɛ be eva hiã be makpe ɖe Papa ŋu le fiasea me.

Nunɔla la bia be: “Susu ma tututu taea, alo ɖe nyɔnuvi ma ble wòa?”

Megblɔ kaŋ be: “Amesiawo ƒe dzixɔsewo nyo wu mía tɔ.”

Nunɔla la trɔ ɖe fofonye ŋu hegblɔ be: “Aƒetɔ Economos, nya wò ƒometɔ ma le aƒea me enumake; enye afɔku gã aɖe na aƒewòme tɔwo.”

Nye Ƒomea Tsi Tre Ðe Ŋunye

Esia dzɔ le ƒe 1940 ƒe nuwuwu lɔƒo esime dukɔmeviʋa si nu sẽ ŋutɔ nɔ edzi yim le Greece. Esi Papa nɔ vɔvɔ̃m be vivimeʋawɔlawo ava lém sesẽe ta la, ewɔ ɖoɖo be madzo le kɔƒea me aɖanɔ nɔvinyenyɔnu tsitsitɔ ƒe aƒeme le kɔƒe si me Katina le me. Le ɣleti eve siwo metsɔ nɔ afima me la, wokpe ɖe ŋunye mese nusi Biblia gblɔ le nya aɖewo ŋu gɔme. Esi mede dzesii be Orthodɔks Sɔlemehaa ƒe nufiafia geɖewo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la, ewɔ nuku nam. Mede dzesii be Mawu mexɔa tadedeagu si wotsɔna toa nɔnɔmetatawo dzi o, be subɔsubɔkɔnu vovovowo—abe bubudede atitsoga ŋu—medzɔ tso Kristotɔnyenye me o, eye be ele be ame nàsubɔ Mawu le “gbɔgbɔ kple nyateƒe me” be wòadze eŋu. (Yohanes 4:23; Mose II, 20:4, 5) Ƒo wo katã ta la, mesrɔ̃e be Biblia do agbe tegbee nɔnɔ le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔnamea ƒe ŋugbe! Biblia me nyateƒe mawoe nye viɖe gbãtɔ siwo mexɔ tso Yehowa gbɔ la dometɔ aɖewo.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, nɔvinyenyɔnua kple srɔ̃a de dzesii be nyemegawɔa atitsoga ƒe dzesia le nuɖuɣi, alo doa gbe ɖa le nɔnɔmetatawo ŋkume o. Zã aɖe me la, woa kple evea siaa woƒom. Le ŋufɔke la, metso nya me be madzo le woƒe aƒea me, eye medzo yi danyeɖia gbɔ. Nyonyea gblɔe na fofonye. Eteƒe medidi o Papa va fa avi nam eye wòdze agbagba be yeatrɔ nye susu. Nyonyea dze klo ɖe ŋkunyeme hebia tsɔtsɔke eye metsɔe kee hã. Be nyaa navɔ la, wobia be magadze sɔlemea dede gɔme, gake megbe gbidii.

Esi metrɔ yi Papa ƒe kɔƒea me la, nyaƒoɖeamenuwo yi edzi. Dzeɖoɖo ƒe kadodo aɖeke menɔ mía kple Katina dome o, eye agbalẽ aɖeke menɔ asinye maxlẽ o, Biblia kura gɔ̃ hã menɔ asinye o. Dzi dzɔm ŋutɔ esi tɔgãnye ƒe vinyɔnu dze agbagba be yeakpe ɖe ŋunye. Esi wòyi Korinto la, edo go Ðasefo aɖe eye wòxɔ “Let God Be True” ƒe agbalẽa kple Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo gbɔe, eye mete wo xexlẽ le adzame.

Agbenɔnɔ Trɔ Kpata

Tsitretsiɖeŋu si nu sẽ ŋutɔ yi edzi ƒe etɔ̃ sɔŋ. Kadodo aɖeke menɔ mía kple Ðasefo aɖeke dome o, eye nyemete ŋu xɔa agbalẽ aɖeke hã o. Gake nyemenya be esusɔ vie tɔtrɔ gãwo nava nye agbe me o.

Papa gblɔ nam be ahiã be mayi ɖe nyruinye gbɔ le Tesalonika. Hafi madze mɔ ayi Tesalonika la, meyi ɖe nutɔla aɖe gbɔ le Korinto be wòatɔ awu nam. Nukunya kae wònye be makpɔ be afimae Katina wɔa dɔ le! Dzi dzɔ mí ŋutɔ be míegakpɔ mía nɔewo ake le ɣeyiɣi didi aɖe megbe. Esi mía kple evea míenɔ dodom le fiasea me la, míekpɔ ɖekakpui dzeɖekɛ aɖe si kpã tso dɔme nɔ gasɔ dom yina ɖe aƒeme. Ŋkɔe nye Charalambos. Le mía nɔewo nyanya vɔ megbe la, míeɖoe be míaɖe mía nɔewo. Ɣeyiɣi sia me lɔƒo hãe mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa le January 9, 1952, dzi.

Charalambos ya xɔ nyɔnyrɔ do ŋgɔ. Eya hã ƒe ƒomea tsi tre ɖe eŋu. Charalambos doa vevie nu ŋutɔ. Enye hamesubɔla ƒe kpeɖeŋutɔ eye Biblia-nusrɔ̃vi geɖe nɔ esi. Eteƒe medidi o, foawo xɔ nyateƒea, eye woƒe ƒomea me tɔ geɖewo hã le Yehowa subɔm egbea.

Papa lɔ̃ Charalambos ƒe nya ale gbegbe, eye wòlɔ̃ ɖe srɔ̃ɖeɖea dzi, gake menɔ bɔbɔe be woaƒo nya ɖe Dada nu le aɖaŋu me be wòalɔ̃ ɖe edzi o. Togbɔ be nɔnɔme siawo katã yi edzi hã la, mía kple Charalambos míeɖe srɔ̃ le March 29, 1952, dzi. Fonye tsitsitɔ kple tɔgãnye ƒe viwo dometɔ ɖeka koe va srɔ̃kpeƒea. Nyemenya le ɣemaɣi be yayra si ɖeke mesɔ kplii o—nunana akuakua tso Yehowa gbɔ—ye Charalambos anye nam o! Esi menye eƒe kpeɖeŋutɔ ta la, mete ŋu wɔ Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa nye agbemedɔe.

Ŋusẽdodo Mía Nɔviwo

Le ƒe 1953 me la, mía kple Charalambos míetso nya me be míaʋu ayi Atene. Esi Charalambos di be míawɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me ta la, eɖe asi le eƒe ƒomea ƒe asitsadɔ si wowɔna ŋu hedi ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ. Míekpɔa gome le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me le ŋdɔwo me ɖekae eye míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖewo.

Le dziɖuɖua ƒe asiɖoɖo míaƒe subɔsubɔdɔa dzi ta la, eva hiã be míawɔ dɔa le ŋuɖɔɖɔɖo me. Le kpɔɖeŋu me, míeɖonɛ dana Gbetakpɔxɔ magazinea ɖe xɔvi, alo fiase, aɖe si me wodzra nu le, le Atene dua me, afisi srɔ̃nye wɔa ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔa le, ƒe fesre nu. Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe gblɔ na mí be se meɖe mɔ be woama magazine ma o. Gake ebia mí be míana ye ɖeka ne yeaɖa bia eŋu nya le dedienɔnɔ dɔwɔƒea. Gake esi dɔwɔƒea ka ɖe edzi nɛ be se ɖe mɔ ɖe magazinea mama ŋu la, etrɔ va gblɔe na mí. Esi nɔvi bubu siwo si fiasewo nɔ se nya sia la, woawo hã te Gbetakpɔxɔ ƒe kɔpiwo dada ɖe woƒe fiaseawo ƒe fesrewo nu. Ŋutsu aɖe xɔ Gbetakpɔxɔ le míaƒe fiasea me, eva zu Ðasefo, eye wònye hamemegã fifia.

Dzi dzɔ mí hã esi míese be nɔvinyeŋutsu suetɔ kekeake nɔ nyateƒea srɔ̃m. Eva hiã be wòava de meli me sitsalawo ƒe kɔledzi le Atene, míekplɔe de takpekpe aɖee. Míewɔa míaƒe takpekpewo le adzame le avewo me. Nya siwo wòse do dzidzɔ nɛ, gake eteƒe medidi hafi wòdze mɔzɔzɔ gɔme o. Mɔzɔzɔawo dometɔ ɖeka kplɔe yi Argentina melidzeƒe aɖe. Esi wole afima la, dutanyanyuigblɔla aɖe va ɖo melia be yeaɖe gbeƒã, eye nɔvinyeŋutsua biae be wòana míaƒe magazinewo ye. Dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ esi míexɔ eƒe lɛta si me wòŋlɔ ɖo be: “Meke ɖe nyateƒea ŋu. Minɔ nudɔdɔwo ɖom ɖem.” Egbea la, eya kple eƒe ƒomea le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Le ƒe 1958 me la, wokpe srɔ̃nye be woava nye dzikpɔla mɔzɔla. Esi wònye woɖo asi míaƒe dɔa dzi eye nɔnɔmeawo sẽ ta la, zi geɖe la, dzikpɔla mɔzɔlawo subɔna hameawo wo srɔ̃wo manɔmee. Le October 1959 me la, míebia nɔviŋutsu siwo le dɔ sia dzi kpɔm le alɔdzedɔwɔƒea ne mate ŋu anɔ ekplɔm ɖo. Wolɔ̃ ɖe edzi. Hame siwo nɔ titina kple dziehe Greece nutowo mee woɖo na mí be míasrã akpɔ.

Mɔ mawo zɔzɔ menɔ bɔbɔe o. Mɔ ʋɛ aɖewo koe wodo. Esi ʋu menɔ mía si o ta la, míeɖoa ame hahoo ʋu loo alo ɖoa agbatsɔʋu siwo me wolɔ koklowo kple nu bubuwo ɖo yina dzadzra ge la zi geɖe. Míedoa tsimezɔfɔkpawo ale be míate ŋu azɔ mɔ siwo dzi ba le. Esi wònye be asrafowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe le kɔƒe ɖesiaɖe me ta la, eva hiã be míage ɖe kɔƒewo me le anyigbatsyɔtsyɔ me be míatsɔ aƒo asa na gbebiabia mí.

Nɔviawo kpɔ ŋudzedze deto ɖe sasrãkpɔ siawo ŋu. Togbɔ be wo dometɔ geɖe wɔa dɔ kutrikukutɔe le woƒe agblewo me hã, wodzea agbagba ɖesiaɖe be woade kpekpe siwo wowɔna le zã me le aƒe vovovowo me. Nɔviawo wɔa amedzro hã eye wonaa nu nyuitɔ si nɔ wo si la mí, togbɔ be nu mede wo dzi kura o hã. Ɣeaɖewoɣi la, míemlɔ xɔ ɖeka ma ke me kple ƒome bliboa. Nɔviawo ƒe xɔse, dzidodo, kple dzonɔameme nye viɖe tɔxɛ bubu na mí.

Míaƒe Subɔsubɔdɔa Kekeɖenu

Le February 1961 me, esime míeyi ɖasrã Atene alɔdzedɔwɔƒea kpɔ la, wobia mí be míadi be míasubɔ le Betel hã. Míeɖo eŋu kple Yesaya ƒe nyawo be: “Nyee nye esi, dɔm!” (Yesaya 6:8) Ɣleti eve megbe la, míexɔ lɛta si me woŋlɔ ɖo na mí be míava Betel kaba alesi míate ŋui. Eyata le May 27, 1961, dzi la, míedze subɔsubɔdɔa gɔme le Betel.

Míaƒe dɔdasi yeyea dze mía ŋu, si wɔe be míaƒe dzi dze eme enumake. Srɔ̃nye wɔ dɔ le Subɔsubɔdɔ kple Nudɔdɔwo dzikpɔƒewo, eye emegbe wònɔ Alɔdzekɔmitia me hena ɣeyiɣi aɖe. Mewɔa dɔ vovovowo le aƒea me. Ame 18 ye nɔ Betel-ƒomea me ɣemaɣi, gake le ƒe atɔ̃ kloe me la, ame abe 40 ye nɔ ƒomea me elabena wonɔ hamemegãwo ƒe suku wɔm le Betel. Le ŋdi me la, meklɔa agbawo, kpea asi ɖe nuɖala la ŋu, dzraa aba 12 dzi ɖo, heɖoa kplɔ̃wo na ŋdɔnuɖuɖu. Le ŋdɔ me la, meɖoa awuwo dzi eye medzraa afɔdzideƒewo kple xɔwo me ɖo. Zi ɖeka le kwasiɖa me la, mewɔa dɔ le nunyaƒea. Dɔ geɖe nɔ anyi, gake dzi nɔ dzɔyem be mete ŋu le asi kpem ɖe wo wɔwɔ ŋu.

Míewɔ dɔ kple ŋkubiã le míaƒe Betel kpakple le gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Zi geɖe la, míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ adre. Le kwasiɖanuwuwuwo la, mekplɔa Charalambos ɖo wòyina ɖaƒoa nuƒowo le hame vovovowo me. Tsi metoa mía dome o.

Míesrɔ̃ Biblia kple atsu kple asi aɖe siwo nye Greece Orthodɔks Sɔlemeha me tɔ veviwo eye wo xɔlɔ̃ vevi enye nunɔla si nye habɔbɔ si dea dzesi aglãdzelawo le sɔlemea me ƒe tatɔ. Xɔ si me yɔ fũ kple nɔnɔmewɔwɔwo eye wodoa lifidzudzɔ ɖe eme enuenu heƒoa Byzantium hawo le eme ŋkeke bliboa nɔ woƒe aƒea me. Míenɔ wo srãm kpɔ le Yawoɖagbewo ɖasrɔ̃a Biblia kpli wo, eye wo xɔlɔ̃ nunɔla la srãa wo kpɔ le Fiɖagbewo. Gbeɖeka la, wobia tso mía si be míadze agbagba vevie ava srã yewo akpɔ elabena nu vevi aɖe le yewo si na mí. Nu gbãtɔ si wofia mí enye xɔ ma me. Woɖe nɔnɔmetatawo katã ƒu gbe hegbugbɔ asi trɔ le xɔa ŋu. Srɔ̃tɔ siawo wɔ ŋgɔyiyi bubuwo eye woxɔ nyɔnyrɔ. Le wo katã me la, dzi dzɔ mí be amesiwo míesrɔ̃ Biblia kplii la dometɔ abe 50 ene tsɔ woƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ.

Hadede kple nɔvi amesiaminawo nye viɖe tɔxɛ aɖe si me mese vivi le. Dziɖuha me tɔwo abe Nɔviŋutsu siwo nye Knorr, Franz, kple Henschel ene ƒe sasrãkpɔwo de dzi ƒo ale gbegbe. Le ƒe 40 kple edzivɔ siwo metsɔ le subɔsubɔm le Betel la, megale esem le ɖokuinye me kokoko be, bubu kple mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be woasubɔ le Betel.

Tenɔnɔ Ðe Dɔléle Kple Nubuɖeame Nu

Le ƒe 1982 me la, tsitsimedɔléle si gblẽa nu le ame ƒe susu ŋu ƒe dzesi te dzedze le srɔ̃nye ŋu. Kaka ƒe 1990 naɖo la, eƒe lãmegbegblẽa nyrã ɖe edzi, eye wòva hiã na beléle tɔxɛ mlɔeba. Le eƒe agbenɔƒe enyi mamlɛawo me la, míete ŋu do le Betel kura o. Nɔvi lɔ̃ame siwo le Betel-ƒomea me kpakple nɔvi dzikpɔla siwo tsɔa ɖe le eme la, wɔ ɖoɖo be yewoakpe ɖe mía ŋu. Gake togbɔ be wokpe ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe hã la, eva hiã be mazã gaƒoƒo geɖe zã kple keli le egbɔkpɔkpɔ me. Nɔnɔmeawo sesẽna ɣeaɖewoɣi ale gbegbe, eye metsi ŋu dɔ zã geɖe.

Le July 1998 me la, srɔ̃nye lɔlɔ̃a trɔ megbe. Togbɔ be mexaa eƒe nu vevie hã la, efaa akɔ nam ne meɖo ŋku edzi be ele dedie, eye menyae be Yehowa aɖo ŋku edzi tsɔ kpe ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu le tsitretsitsia me.—Yohanes 5:28, 29.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe Yayrawo Ŋu

Togbɔ be srɔ̃nye megali o hã la, nyemetsi akogo o. Megale subɔsubɔm le Betel kokoko eye mele vivi sem le lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme si ɖem Betel-ƒomea katã le fiam me. Gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Greece katã hã nye ƒome gã si le asinye la ƒe akpa aɖe. Togbɔ be mexɔ ƒe 70 kple edzivɔwo hã la, megate ŋu wɔa dɔ ŋkeke blibowo le dzodoƒe kple le nuɖuƒea.

Le ƒe 1999 me la, nye agbeme drɔ̃e aɖe va eme esi meyi ɖasrã Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã kpɔ le New York. Nyemate ŋu aɖɔ alesi mese le ɖokuinye me o. Enye nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo si nyemaŋlɔ be akpɔ o.

Ne meɖo ŋku dɔ siwo mewɔ dzi la, meka ɖe edzi le nyateƒe me be, mezã nye agbe le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Dɔ nyuitɔ kekeake si ame aɖe ate ŋu awɔ ye nye be wòatsɔ ɣeyiɣiawo katã asubɔ Yehowae. Mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be naneke meto ŋunye o. Yehowa tsɔ ɖe le eme na mía kple srɔ̃nye lɔlɔ̃tɔe le gbɔgbɔ kple ŋutilã me siaa. Le nuteƒekpɔkpɔ si su nye ŋutɔ asinye ta la, mese nusitae hakpala la bia be, “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?” la gɔme.—Psalmo 116:12.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Tsi metoa mía kple Charalambos dome o

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Srɔ̃nye le eƒe ɔfis le alɔdzedɔwɔƒea

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mebu Betel subɔsubɔdɔ be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe