Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mizu Ame Dakpewo”

“Mizu Ame Dakpewo”

“Mizu Ame Dakpewo”

“Kristo ƒe ŋutifafa naɖu dzi le miaƒe dziwo me, . . . eye mizu ame dakpewo.”​—KOLOSETƆWO 3:15.

1. Vovototo kae míekpɔ le Kristo-hamea kple xexe si le Satana te la dome?

LE Yehowa Ðasefowo ƒe hame 94,600 siwo katã le xexeame me la, woɖea akpedada ƒe gbɔgbɔ fiana. Kpekpe ɖesiaɖe dzea egɔme hewua enu kple akpedada na Yehowa. Míesenɛ wogblɔna zi geɖe be “akpe,” “mesu akpe o,” alo nyagbɔgblɔ siawo tɔgbe le ɖeviwo kple tsitsiawo, kpakple Ðasefo yeyewo kple xoxoawo siaa nu esime wowɔ ɖeka le tadedeagu kple hadede me. (Psalmo 133:1) Aleke gbegbee wòto vovo tso ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme si xɔ aƒe ɖe ame geɖe siwo ‘menya Yehowa o eye womeɖoa to nyanyui la o’ gbɔ enye si! (Tesalonikatɔwo II, 1:8) Míele xexe madakpe aɖe me. Eye esia mewɔ nuku o ne míehe susu yi amesi xexe sia me mawu—Satana Abosam, ɖokuitɔdidi kakala gãtɔ, amesi ƒe dada kple aglãdzegbɔgbɔ xɔ aƒe ɖe amegbetɔƒomea me—nye la dzi!—Yohanes 8:44; Korintotɔwo II, 4:4; Yohanes I, 5:19.

2. Nuxlɔ̃amenya kawo dzie wòle be míawɔ ɖo, eye biabia kawo mee míadzro?

2 Esi Satana ƒe xexea ƒo xlã mí ta la, ele be míakpɔ nyuie be eƒe nufitifitiwɔwɔ nagagblẽ míaƒe nɔnɔme dome o. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ Efeso be: ‘Miezɔna tsã le xexe sia ƒe nɔnɔme nu, le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu, amesiwo dome mí katã hã míezɔna le tsã le míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime míewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene.’ (Efesotɔwo 2:2, 3) Alea kee wòle le ame geɖe gome egbea hã. Ekema aleke míawɔ alé akpedada gbɔgbɔ me ɖe asi? Kpekpeɖeŋu kae Yehowa na? Mɔ nyui kawo nue míate ŋu aɖee fia le be míenye akpedalawo?

Susu Siwo Ta Míanye Akpedalawo

3. Nukawo tae míedaa akpe na Yehowa ɖo?

3 Mía Wɔla kple Agbenala, Yehowa Mawu, ŋue míenyi akpedada ƒe fe le, vevietɔ ne míede ŋugble le nunana gbogbo siwo wòna mí faa dometɔ aɖewo ŋu. (Yakobo 1:17) Míedaa akpe na Yehowa gbesiagbe be míele agbe. (Psalmo 36:10) Ne míelé ŋku ɖe mía ɖokuiwo ŋu godoo la, míekpɔa Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔ gbogbo aɖewo, abe ɣe, dzinu, kple ɣletiviwo ene. Míaƒe ɣletinyigba si me tomenu vevi siwo léa agbe ɖe te le, yamenuto si me ya vevi geɖe siwo da sɔ le le agbɔsɔsɔ me, kple alesi dzɔdzɔmenuwo nɔa wo ɖokui trɔm nukutɔe la katã ɖo kpe akpedada ƒe fe si míenyi le mía Fofo lɔlɔ̃a ŋu dzi na mí. Fia Dawid dzi ha be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ. Naneke mede nuwò o! Mebe, matsɔ wo aɖe gbeƒãe, eye maƒo nu le wo ŋu, ke womele xexlẽ me o.”—Psalmo 40:6.

4. Nukatae wòle be míada akpe na Yehowa ɖe hadede dodzidzɔname si míekpɔna le hamea me ta?

4 Togbɔ be Yehowa subɔlawo mele paradiso ŋutɔŋutɔ me o hã la, wosea vivi le gbɔgbɔ me paradiso me. Míekpɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse ƒe dɔwɔwɔ le haxɔsetɔwo me le Fiaɖuƒe Akpatawo me, kple le takpekpe gã kple suewo me. Le nyateƒe me la, ne Ðasefo aɖewo le gbeƒã ɖem na amesiwo si mawusubɔsubɔ ƒe nukpɔsusu mele boo o alo amesiwo si mele kura o la, wohea woƒe susu yia nusi ŋu Paulo ƒo nu le le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Galatiatɔwo me dzi. Wohea nyaselawo ƒe susu yia “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” dzi gbã eye wobiaa woƒe nyaselawo nusi wosusu tso nɔnɔmeawo ŋu. (Galatiatɔwo 5:19-23) Wo dometɔ akpa gãtɔ lɔ̃na ɖe edzi enumake be alea tututue amegbetɔƒomea ƒe nɔnɔme le. Ne wofia nusi Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo nye la wo eye emegbe wokpe wo va Fiaɖuƒe Akpata si le wo gbɔ me be woava kpɔ kpeɖodzia na wo ɖokui la, wo dometɔ geɖe lɔ̃na ɖe edzi enumake be: “Mawu le mia dome vavã.” (Korintotɔwo I, 14:25) Eye menye Fiaɖuƒe Akpata si le wo gbɔ me koe esia dzena le o. Afisiafi si nàzɔ mɔ ayi si nàdo go Yehowa Ðasefo siwo wu miliɔn ade la dometɔ aɖewo le la, akpɔ dzidzɔ ƒe gbɔgbɔ ma ke le afima. Nyateƒee, hadede tuameɖo sia nye nusita míada akpe na Yehowa, amesi tsɔ eƒe gbɔgbɔ na be wòte ŋu dze edzi.—Zefanya 3:9; Efesotɔwo 3:20, 21.

5, 6. Aleke míate ŋu anye akpedalawo ɖe Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake si nye tafea tae?

5 Nunana gãtɔ kekeake, si nye nunana si de blibo wu ɖesiaɖe si Yehowa tsɔ yra míi enye Via, Yesu, si dzi wòto na tafevɔsa la. Apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, míalɔ̃ mía nɔewo.” (Yohanes I, 4:11) Ẽ, míeɖea akpedada fiana ɖe tafea ta, menye to lɔlɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia Yehowa ko dzi o ke boŋ, to agbe nɔnɔ ɖe mɔ si ɖea lɔlɔ̃ fia ame bubuwo hã nu.—Mateo 22:37-39.

6 Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe ku ɖe alesi míaɖe akpedada afia to alesi Yehowa wɔ nu ɖe blema Israel ŋu me dzodzro me. Yehowa to Se si wòna dukɔa to Mose dzi la dzi fia nu geɖe wo. To “sidzedze kple nyateƒe ƒe nɔnɔme, si le sea me” dzi la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amenyaa dzi be: ‘míazu ame dakpewo.’—Romatɔwo 2:20; Kolosetɔwo 3:15.

Nusɔsrɔ̃ Etɔ̃ Siwo tso Mose ƒe Sea Me

7. Aleke nu ewolia nana ƒe ɖoɖoa na mɔnukpɔkpɔ Israel-viwo be woaɖe akpedada afia Yehowae?

7 Le Mose ƒe Sea me la, Yehowa na mɔnu etɔ̃ siwo nu Israel-viwo ate ŋu ato aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ vavãtɔ afia ɖe eƒe dɔmenyonyo ŋu le. Gbã la, nu ewolia nana li. Ele be agblemenuwo ƒe ewolia kple ‘nyi kple alẽhawo ƒe ewolia’ nanye nusi “ŋu kɔ na Yehowa.” (Mose III, 27:30-32) Ne Israel-viwo wɔ ɖe edzi la, Yehowa yraa wo geɖe. “Mihe nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la, ne woanye nuɖuɖu le aƒenye me; mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi wòagbɔ eme o hã?”—Maleaxi 3:10.

8. Nukae nye vovototoa le lɔlɔ̃nu faa ƒe nunana kple nu ewolia nana me?

8 Evelia, tsɔ kpe ɖe nu ewolia nana ŋu la, Yehowa wɔ ɖoɖo na Israel-viwo be woana lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔwo. Egblɔ na Mose be wòagblɔ na Israel-viwo be: “Ne míeva anyigba, si dzi mele mia kplɔ ge ayii la dzi, eye miekpɔ abolo ɖu le anyigba dzi la, ekema miana adzɔ Yehowa.” Ele be woatsɔ woƒe wɔ gbãtɔ ‘si wotsɔ tɔ tatali’ ana ‘adzɔ Yehowae’ le woƒe dzidzimewo katã me. De dzesii be womebia agblemenu gbãtɔ siawo ƒe agbɔsɔsɔ tɔxɛ aɖeke tso wo si o. (Mose IV, 15:18-21) Gake ne Israel-viwo tsɔ adzɔa na le akpedada me la, woka ɖe edzi na wo be yayra atso Yehowa gbɔ na wo. Ðoɖo sia tɔgbe ke dze le Xezekiel ƒe gbedoxɔ ƒe ŋutega la me. Míexlẽ be: “Miaƒe agblemenu gbãtɔwo katã ƒe nyuitɔwo kple miaƒe adzɔwo katã ƒe adzɔ enye nunɔlawo tɔ, mitsɔ miaƒe amɔwɔ ŋgɔgbeawo na nunɔlawo, ne yayra nanɔ aƒewò me.”—Xezekiel 44:30.

9. Nukae Yehowa fia to agblemenuwo fɔfɔ ƒe ɖoɖoa dzi?

9 Etɔ̃lia, Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe agblemenuwo fɔfɔ ŋu. Mawu gblɔ be, “Ne mieŋe nukuwo le miaƒe agble me la, ekema migaŋe wo vaseɖe boto ke o, eye mègafɔ nusiwo dudu la o. Mègaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye mègafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o; ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!” (Mose III, 19:9, 10) Le afisia hã la, womebia nuawo ƒe agbɔsɔsɔ tɔxɛ aɖeke o. Wogblẽ nyametsotsoa ɖe Israel-viwo dometɔ ɖesiaɖe si me be wòatso nya me le nu alesi nu woagblẽ ɖi na ame dahewo ŋu. Fia Salomo nunyala la ɖe eme wòsɔ be: “Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.” (Lododowo 19:17) Eyata Yehowa fia alesi woaɖe nublanuikpɔkpɔ kple ameŋububu afia amesiwo dzi nu mede o.

10. Nukawoe doa go tso eme na Israel-viwo ne womete ŋu ɖe akpedada fia o?

10 Yehowa yrana Israel-viwo ne wotsɔ nuwo ƒe ewolia vɛ, hena lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔ, eye wowɔ ɖoɖo na ame dahewo toɖoɖotɔe. Gake ne Israel-viwo mete ŋu ɖe akpedada fia o la, womekpɔa Yehowa ƒe amenuveve o. Esia hea afɔku vɛ na wo eye wova zua aboyomenɔlawo mlɔeba. (Kronika II, 36:17-21) Ekema nukawoe nye nusiwo míesrɔ̃ tso wo me?

Míaƒe Akpedada Ðeɖe Fia

11. Mɔ kawoe nye vevitɔ siwo dzi míato aɖe akpedada afia Yehowa?

11 Mɔ vevi siwo nu míate ŋu akafu Yehowa ahaɖe akpedada afia le hã lɔ “vɔsawo” ɖe eme. Nyateƒee, mí Kristotɔwo míele Mose ƒe Sea te o, eye womebia tso mía si be míatsɔ lãwo alo agblemenuwo asa vɔe o. (Kolosetɔwo 2:14) Ke hã, apostolo Paulo xlɔ̃ nu Hebri Kristotɔwo be: “Mina míato eyama dzi atsɔ kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam; esia nye nuyi, siwo ʋua eŋkɔ me la, ƒe kutsetse.” (Hebritɔwo 13:15) To míaƒe ŋutetewo kple nunɔamesiwo zazã be míatsɔ kafukafuvɔsa ana Yehowa me, eɖanye le dutoƒosubɔsubɔdɔa me alo le haxɔsetɔ Kristotɔwo ƒe ‘kpekpewo’ me o, míate ŋu aɖe akpedada si tso dzi me afia mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo, Yehowa Mawu. (Psalmo 26:12) Le ewɔwɔ alea me la, nukawoe míate ŋu asrɔ̃ le mɔ siwo nu wòle be Israel-viwo naɖe akpedada afia Yehowa le me?

12. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nuwo ƒe ewolia nana ƒe ɖoɖoa me le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi ƒe nyawo me?

12 Gbãgbiagbã la, abe alesi míekpɔe ene la, nuwo ƒe ewolia nana menye nusi me woawɔ tiatia le o; esia nye agba le Israel-vi ɖesiaɖe dzi. Abe Kristotɔwo ene la, enye míaƒe agbanɔamedzi be míakpɔ gome le subɔsubɔdɔa kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me. Nuwɔna siawo menye esiwo ne edze mía ŋu hafi míawɔ o. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi gã si ku ɖe nuwuwua ŋu me la, egblɔe tẽ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14; 28:19, 20) Ku ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu la, gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Míeɖea míaƒe akpedada fiaa Yehowa ne míetsɔ dzidzɔ xɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ƒe agbanɔamedzia kpe ɖe hadede kple mía nɔviwo edziedzi le hame ƒe kpekpewo me ŋu, ahabu wo be wonye mɔnukpɔkpɔ kple bubu.

13. Nusɔsrɔ̃ kae dze le lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔnana kple agblemenuwo fɔfɔ me?

13 Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu aɖe vi tso ŋugbledede tso ɖoɖo eve bubu siwo me Israel-viwo te ŋu tona ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana le me—siwo nye lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔnana kple agblemenuwo fɔfɔ. To vovo na nuwo ƒe ewolia nana, si nye nudidi si me kɔ ƒe ɖoɖo kplikpaa la, lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔnana kple agblemenuwo fɔfɔ ƒe ɖoɖoa ya mebia nunana agbɔsɔsɔ tɔxɛ aɖeke o. Ke boŋ wona mɔnukpɔkpɔa be ŋudzedzekpɔkpɔ deto naʋã Yehowa subɔla la be wòanae tso dzi me. Le etsɔtsɔ sɔ kple subɔsubɔdɔa wɔwɔ kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me la, togbɔ be míenya be wonye agbanɔamedzi veviwo na Yehowa subɔla ɖesiaɖe hã la, ɖe míekpɔa gome le wo me faa tso dzi blibo mea? Ðe míebua wo be wonye mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nusiwo katã Yehowa wɔ na mí ŋua? Ðe míekpɔa gome le nuwɔna siawo me faa, vaseɖe afisi míaƒe nɔnɔme aɖe mɔ ase ɖoa? Alo ɖe míebua esiawo katã be wonye agbanɔamedzi aɖe ko si dzi wòle be míawɔ ɖoa? Nyateƒee, nya siawo nye biabia siwo ŋu wòle be míaɖo na mía ɖokui. Apostolo Paulo gblɔe alea: “Amesiame nado ye ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔ akpɔ, ekema akpɔ nu aƒo adegbe le ye ŋutɔ ɖokui ɖeɖeko me, eye menye le ame bubu me o.”—Galatiatɔwo 6:4.

14. Nukae Yehowa di tso mía si le eƒe subɔsubɔdɔa me?

14 Yehowa Mawu nya míaƒe nɔnɔmewo nyuie. Enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ekpɔa ŋudzedze ɖe vɔsa gã kple sue siwo eƒe subɔlawo wɔna tso dzi me faa ŋu. Mekpɔa mɔ na mí be mí katã míana nu sɔsɔe o, eye míate ŋu awɔe nenema hã o. Esi Paulo nɔ ŋutilãmenunana me dzrom la, egblɔ na Kristotɔ siwo le Korinto be: “Ne edzilɔlɔ̃ li la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.” (Korintotɔwo II, 8:12) Gɔmeɖose sia ku ɖe míaƒe subɔsubɔ si míetsɔna naa Mawu hã ŋu nenema ke. Menye subɔsubɔ agbɔsɔsɔ si míewɔnae naa wòdzea Yehowa ŋu o, ke boŋ alesi míewɔnɛ ye—le dzidzɔ kple dzi blibo me.—Psalmo 100:1-5; Kolosetɔwo 3:23.

Tu Mɔɖeɖedɔa ƒe Gbɔgbɔ Ðo Nàlé Eme Ðe Asi

15, 16. (a) Ƒomedodo kae le mɔɖeɖedɔa ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ kple akpedada dome? (b) Aleke amesiwo mate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa o ate ŋu aɖe mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ afiae?

15 Mɔnu si me teƒeɖoɖo le si dzi míato ada akpe na Yehowa enye be míaƒo mía ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe amenuveve ŋu ʋã subɔla adzɔgbeɖela geɖewo wowɔa tɔtrɔ gãwo le woƒe agbe me be woakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu atsɔ asubɔ Yehowae. Wo dometɔ aɖewo te ŋu subɔna abe gbesiagbe mɔɖelawo ene hezãa gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti tsɔ nɔa gbeƒã ɖem nyanyuia hefiaa nyateƒea amewo. Bubu siwo nɔnɔme aɖewo maɖe mɔ na wo o la wɔa ɖoɖo enuenu zãa gaƒoƒo 50 le ɣletia me tsɔ ɖea gbeƒãe abe ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖelawo ene.

16 Ekema Yehowa subɔla geɖe siwo mate ŋu asubɔ abe gbesiagbe mɔɖelawo alo ɣeyiɣi aɖewo ƒe mɔɖelawo ene o ya ɖe? Woate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia to mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ tutu ɖo kple eme léle ɖe asi me. Le mɔ ka nu? To dzi dede ƒo na amesiwo ate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa me, to ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe didi ƒaƒã ɖe wo viwo me me, kple to gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe me veviedodotɔe le alesi woƒe nɔnɔme aɖe mɔe nu. Nusi míenana le míaƒe subɔsubɔdɔa me nɔa te ɖe alesi míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ de toe le míaƒe dzi me ɖe nusi Yehowa wɔ na mí, nusi wɔm wòle na mí, kple nusi wòava wɔ na mí dzi.

‘Míaƒe Kesinɔnuwo’ Tsɔtsɔ Ðe Ŋudzedzekpɔkpɔ Fiae

17, 18. (a) Aleke míate ŋu atsɔ míaƒe “kesinɔnuwo” aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae? (b) Aleke Yesu bu ahosi dahe aɖe ƒe nudzɔdzɔe, eye nukatae?

17 Lododowo 3:9 gblɔ be: “Tsɔ wò kesinɔnuwo kple wò agblemenuwo katã ƒe gbãtɔwo de bubu Yehowa ŋu.” Megahiã be Yehowa subɔlawo nana nuwo ƒe ewolia o. Ke boŋ Paulo ŋlɔ ɖo ɖe hame si le Korinto be: “Amesiame [nawɔ] abe alesi wòɖo ɖi le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o; elabena amesi na nu kple dzidzɔ la, eyae Mawu lɔ̃na.” (Korintotɔwo II, 9:7) Lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔ atsɔ akpe asi ɖe xexeame katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu hã ɖea míaƒe akpedada fiana. Ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me ʋãa mí be míawɔ esia enuenu, ɖewohĩ anɔ nane dzram ɖo kwasiɖa sia kwasiɖa, abe alesi Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene.—Korintotɔwo I, 16:1, 2.

18 Menye ho si míedzɔnae ɖea míaƒe akpedada na Yehowa fiana o. Ke boŋ gbɔgbɔ si ʋãa mí míedzɔnɛe. Esiae nye nusi teƒe Yesu kpɔ esime wònɔ ŋku lém ɖe amesiwo nɔ woƒe nunana dam ɖe nudzɔɖaka me le gbedoxɔa me ŋu. Esi Yesu kpɔ ahosi dahe aɖe da “lepta eve” ɖe eme la, egblɔ be: “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã; elabena nenem me siawo katã ƒe nunana la nye woƒe nukpɔkpɔ vivivo la ƒe ɖe; ke eya la, tso eƒe ahedada la me wòtsɔ nusiwo katã le esi la, heda ɖe eme.”—Luka 21:1-4.

19. Nukatae wònyo be míagbugbɔ alé ŋku ɖe mɔ siwo nu míeɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana le la ŋu?

19 Mina mía ɖokui ɖeɖe fia akpedalawoe ƒe nusɔsrɔ̃ sia nana míagbugbɔ alé ŋku ɖe mɔ siwo nu míeɖea akpedada fiana le ŋu. Ðe wòanya wɔ be míadzi míaƒe kafukafuvɔsa na Yehowa ɖe edzi tsɔ kpe ɖe alɔdodo xexeame katã ƒe dɔa kple míaƒe nunɔamesiwo ŋua? Le afisi míawɔe ɖoe nu la, míate ŋu aka ɖe edzi be mía Fofo dɔmenyotɔ lɔlɔ̃a, Yehowa, akpɔ dzidzɔ ŋutɔ be míeɖe mía ɖokui fia akpedalawoe.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Susu kawo tae míada akpe na Yehowa ɖo?

• Nukawoe míesrɔ̃ tso nuwo ƒe ewolia nana, lɔlɔ̃nu faa ƒe adzɔnana, kple agblemenuwo fɔfɔ me?

• Aleke míatu mɔɖeɖedɔa ƒe gbɔgbɔ ɖoe?

• Aleke míate ŋu azã míaƒe “kesinɔnuwo” atsɔ ada akpe na Yehowae?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

“Nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã la dziƒo wotso”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Nusɔsrɔ̃ etɔ̃ kae woɖe fia tso Se la me le afisia?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Vɔsa kawoe míate ŋu awɔ?