Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusita Wodea Sɔleme

Nusita Wodea Sɔleme

Nusita Wodea Sɔleme

“FIFIA Presbiteriatɔ siwo le Republic of Korea ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi ene kloe wu woƒe agbɔsɔsɔ si le Amerika.” Nya sia si dze le Newsweek magazine me la awɔ nuku na nuxlẽla geɖe, elabena ame akpa gãtɔ bua Korea be enye dukɔ si me Konfusio alo Buddha subɔsubɔhawo bɔ ɖo wu. Egbea amesiwo ɖi tsa yi afima akpɔ “Kristotɔwo” ƒe sɔlemexɔ gbogbo aɖewo siwo wotsɔ atitsoga siwo ŋu akaɖi dzĩwo le la de dzesii. Le Kwasiɖagbewo la, ebɔ be nàkpɔ amewo woanɔ zɔzɔm eveve alo etɔ̃etɔ̃ helé Bibliawo ɖe asi yina sɔleme. Numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1998 me ɖee fia be Koreatɔ 30 kloe le alafa ɖesiaɖe me nye Katoliko alo Protestanttɔ, eye wosɔ gbɔ wu amesiwo gblɔna be Buddhatɔwoe yewonye.

Egbea, menye nusi bɔ be nàkpɔ ame gbogbo alea gbegbe siwo dea sɔleme edziedzi le afisiafi o. Ke hã, menye Korea koe wòle dzɔdzɔm le o ke le Asia dukɔ bubuwo kpakple Afrika kple Latin Amerika hã. Nukatae ame geɖe alea gbegbe gblɔna be yewogaxɔ Mawu dzi se kokoko esime wòdze abe ɖekematsɔmatsɔ le mawusubɔsubɔ me le kakam ɖe xexeame ene? Nukatae wodea sɔleme?

Gallup numekuku aɖe ɖee fia be nusi dim Koreatɔ sɔlemedela siwo wu 50 le alafa me le enye be yewoƒe susu me navo; ame ɖeka le etɔ̃ ɖesiaɖe me le mɔ kpɔm na agbe mavɔ le ku megbe; eye ame 1 le 10 ɖesiaɖe me le mɔ kpɔm na lãmesẽ, kesinɔnuwo, kple dzidzedzekpɔkpɔ.

Chinatɔ geɖe dea sɔleme kple mɔkpɔkpɔ be yewoakpɔ gbɔgbɔmehiahiã si va nyɔ ɖe wo me esime kapitalist dunyahemɔnu ƒe taɖodzinuwo va xɔ ɖe kɔmiunist nukpɔsusuwo teƒe vivivi la gbɔ. Ƒe sia ƒe la, wotaa Biblia miliɔn geɖe hemanɛ le China eye edze abe amewo gatsɔ dzonɔameme le exlẽm abe alesi woxlẽ Mao ƒe agbalẽvi dzĩ la ene.

Dzidzɔkpɔkpɔ le etsɔmegbenɔnɔ me ƒe mɔkpɔkpɔ mena dzidzeme Brazil Katolikotɔ aɖewo, vevietɔ sɔhɛwo o—wodi be yewoakpɔ dzidzɔ fifi laa. Nyadzɔdzɔ magazine si nye Tudo de dzesii be: “Ne ablɔɖenana ƒe mawunyafiafiae ʋã amewo le ƒe 1970-awo me la, egbea ya dzidzedzekpɔkpɔ ƒe mawunyafiafia ye.” Wobia Britain sɔlemedelawo le numekuku aɖe me be woayɔ nu ɖeka si doa dzidzɔ na wo le sɔleme. Hadedee nye nusi ame akpa gãtɔ yɔ.

Esiawo katã fia be togbɔ be ame gbogbo aɖewo gaxɔ Mawu dzi se kokoko hã la, ame akpa gãtɔ tsɔ ɖe le nusi ate ŋu asu wo si fifia me wu nusi ava su wo si le etsɔme—wotsɔ ɖe le nusiawo me wu Mawu ŋutɔ gɔ̃ hã. Nukae nèsusu be eyae nye susu nyuitɔ si ta wòle be woaxɔ Mawu dzi ase? Nukae Biblia gblɔ tso nya sia ŋu? Àkpɔ ŋuɖoɖoa le nyati si kplɔe ɖo me.