Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Gɔmesese ka nue Xezekiel ‘zi kpi,’ alo ‘mia nu,’ le esime woɖe to ɖe Yerusalem kple le etsɔtsrɔ̃ me?

Ne míagblɔe koŋ la, nya aɖeke meganɔ esi wòagblɔ kpe ɖe Yehowa ƒe nyagblɔɖi gbedasi si wògblɔ do ŋgɔ ŋu o.

Nyagblɔɖila Xezekiel dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme abe gbetakpɔla wɔnuteƒe ene na Israel-vi siwo nɔ aboyo me le Babilon le ‘Fia Yoyaxin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe atɔ̃lia,’ si nye, ƒe 613 D.M.Ŋ. me. (Xezekiel 1:2, 3) Le ƒe 609 D.M.Ŋ. ƒe ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, alesi Babilontɔwo ƒe toɖeɖe ɖe Yerusalem adze egɔmee ƒe ɖeɖefia tso Mawu gbɔ va nɛ. (Xezekiel 24:1, 2) Nukae anye toɖeɖea me tsonu? Ðe Yerusalem kple emenɔla xɔsemanɔsitɔawo atsi agbea? Abe gbetakpɔla ene la, Xezekiel gblɔ Yehowa ƒe tsɔtsrɔ̃ gbedasi si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke menɔ o la xoxo, eye mehiã be Xezekiel nagagblɔ nya bubu aɖeke kpee, abe ɖe wòdi be yeagbugbɔ gbe ate ɖe edzi ene be woaxɔ edzi ase wu o. Xezekiel megagblɔ nya bubu aɖeke le toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu o.—Xezekiel 24:25-27.

Esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me ɣleti ade megbe la, sisila aɖe va gblɔ dugã kɔkɔe la tsɔtsrɔ̃ ŋu nya na Xezekiel le Babilon. Le fiẽ si do ŋgɔ na sisila la ƒe vava la, Yehowa ‘ʋu nu na Xezekiel, eye megazi kpi azɔ o.’ (Xezekiel 33:22) Afimae Xezekiel ƒe numiamia wu enu ɖo.

Ðe Xezekiel mia nu ŋutɔŋutɔ le ɣeyiɣi ma mea? Manye nenema o, elabena le “numiamia” sia me gɔ̃ hã la, egblɔ nyawo ɖi ɖe dukɔ siwo ƒo xlã Yerusalem henɔ dzidzɔ kpɔm ɖe eƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu la ŋuti koŋ. (Xezekiel ta 25-32) Le Xezekiel ƒe nyagblɔɖila kple gbetakpɔla dɔa gɔmedzeɣi la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Mana wò aɖe nalé ɖe aŋɔ me na wò kaɖii, ne wò aɖe natu, be màgagblɔ tohenya na wo o; elabena ƒome sẽto wonye. Ke ne maƒo nu kpli wò la, maʋu nu na wò.” (Xezekiel 3:26, 27) Ne gbedasi aɖeke mele Yehowa si na Israel o la, ke mele be Xezekiel nagblɔ nya aɖeke tso dukɔ ma ŋu o. Ðeko Xezekiel agblɔ nusi Yehowa di tso esi be wòagblɔ la le ɣeyiɣi si me Yehowa di tso esi be wòagblɔe me. Xezekiel ƒe numiamia fia be megagblɔa nyagblɔɖi me nya siwo ku ɖe Israel-viwo ŋu na wo o.

Egbeŋkekea me gbetakpɔlawo ƒe ha, Kristotɔ amesiaminawo, le nu xlɔ̃m ku ɖe Kristodukɔa, si nye blema Yerusalem ƒe kpɔɖeŋu, ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu. Ne “xaxa gã” la va hetsrɔ̃ “Babilon gã la,” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea la, mahiã be Xezekiel ƒe ha, amesiaminawo, nagagblɔ nya bubu aɖeke tso Kristodukɔa, si nye fiaɖuƒe ma ƒe akpa gã aɖe, ƒe nuwuwu ŋu o.—Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 17:1, 2, 5.

Ẽ, ɣeyiɣia ava esime amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛwo azi kpi, nya bubu aɖeke maganɔ wo si woagblɔ na Kristodukɔa o. Ɣemaɣie ‘dzo ewoawo’ kple ‘lã wɔadã’ la awɔ Babilon Gã la aƒedoe ahaɖe amae. (Nyaɖeɖefia 17:16) Ele eme baa be esia mefia be Kristotɔwo magate ŋu aƒo nu ŋutɔŋutɔ ya o. Abe alesi wole ewɔm fifia kura gɔ̃ hã ene la, woakafu Yehowa eye woayɔ eŋkɔ gbesiagbe le ‘dzidzime siwo katã ava va me.’—Psalmo 45:18; 145:2.