Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Television Dzi Wɔna aɖe Na Wòkafu Mawu

Television Dzi Wɔna aɖe Na Wòkafu Mawu

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya ta

Television Dzi Wɔna aɖe Na Wòkafu Mawu

APOSTOLO Paulo gblɔ be “ame aɖewo ɖea gbeƒã Kristo le ŋuʋaʋã kple dzrewɔwɔ ŋuti; ke ame aɖewo hã ɖea gbeƒãe le tameɖoɖo nyui ŋuti.” (Filipitɔwo 1:15) Ɣeaɖewoɣi la, amesiwo dzea agbagba be yewoaƒo ɖi ŋkɔ si le Yehowa ƒe amewo ŋu hea dzidzɔdzɔetɔwo boŋ ɖe nyateƒea ŋu le woa ŋutɔwo ƒe manyamanya me.

Le November 1998 me la, numekuku aɖe si me woɖe Betel, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Louviers, France, ƒe nɔnɔmetatawo fia le la dze le Fransetɔwo ƒe dukɔ me television dzi. Togbɔ be amewo wɔ nu ɖe wɔnaa ŋu le mɔ vovovo nu hã la, kutsetse nyuiwo do tso eme le mɔ si womenɔ mɔ kpɔm na o nu.

Amesiwo kpɔ wɔna sia dometɔ ɖekae nye Anna-Paula si le afisi adidi abe kilometa 60 ene ko tso Betel gbɔ. Anna-Paula, si nye vidada si si vi eve nɔ, eye woa kple srɔ̃a wogbe wo nɔewo nɔ dɔ dim. Eyata le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe ŋdi me la, eƒo ka na Betel hebia be yeate ŋu akpɔ dɔ awɔ le afima hã. Egblɔ be: “Mesusui be teƒe nyui aɖee nye ema eye be viɖe nɔ dɔ si wɔm wonɔ le afima ŋu.” Aleke gbegbe eƒe nu ku enye si esime wogblɔ nɛ be amesiwo katã le dɔ wɔm le Betel nye subɔla siwo tsɔ woƒe ɣeyiɣiwo na faa! Le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔnawo me dzodzro kplii kpuie megbe la, elɔ̃ ɖe edzi be Ðasefo aɖe nava srã ye kpɔ.

Esime Léna, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla si le hame si le nuto ma me, srãe kpɔ la, woɖo dze ɣeyiɣi didi aɖe eye Anna-Paula xɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me * ƒe agbalẽa. Hafi woagasrã Anna-Paula akpɔ la, exlẽ agbalẽ bliboa katã eye nyabiase geɖe nɔ esi. Elɔ̃ faa be woawɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli ye. Anna-Paula gblɔ be: “Enye mɔnukpɔkpɔ nam be mase Mawu ƒe Nya la gɔme. Biblia menɔ nye ŋutɔ asinye kpɔ gbeɖe o.”

Le January me la, Anna-Paula ɖi tsa yi Betel eye wòde Kristotɔwo ƒe kpekpe zi gbãtɔ le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Ema megbe kpuie la, edze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple viawo eye wòɖia ɖase na exɔlɔ̃wo. Egblɔ be: “Nyemete ŋu mia nu ɖe nusiwo srɔ̃m menɔ dzi o. Medi be magblɔ Biblia me nyateƒea na amewo ahafa akɔ na wo.” Esi Anna-Paula dze agbagba ɖu eya ŋutɔ ƒe kuxi geɖe dzi megbe la, edze kpekpeawo dede gɔme edziedzi. Ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba hexɔ nyɔnyrɔ le May 5, 2002 dzi.

Gawu la, nusi do tso Anna-Paula ƒe kpɔɖeŋu nyui kple gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe me enye be dadaa dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme eye eteƒe medidi o exɔ nyɔnyrɔ. Anna-Paula gblɔ be: “Dzidzɔ si kpɔm mele la wu gbɔgblɔ. Medaa akpe na Yehowa gbesiagbe ɖe alesi wòna medze sii hele esubɔm kple yayra siwo katã wònam la ta.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Etame: Anna-Paula

Ete: Alɔdzedɔwɔƒe si le France ƒe agbo